Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Míana Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Wu

Alesi Míana Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Wu

Alesi Míana Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Wu

Ð E AFƆKU le nu ɖuɖu mea? Akɔntabubu aɖewo ate ŋu ana nàsusui nenema. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be dɔ siwo woxɔna tsoa nuɖuɖu me gblẽa nu le amesiwo ade miliɔn 130 ŋu ƒe sia ƒe le Europa ƒe Nuto siwo le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dzikpɔkpɔ te la me. Le United Kingdom ɖeɖe la, woka nya ta be amesiwo wu 100,000 xɔ dɔ tso nuɖuɖu me—eye amesiwo ade 200 to eme ku—le ƒe 1998 me. Wobui be le United States la, amesiwo ade miliɔn 76 xɔa dɔ tso nuɖuɖu me ƒe sia ƒe, eye ehiãna be woaxɔ amesiawo dometɔ 325,000 ɖe kɔdzi eye 5,000 kuna le wo me.

Mele bɔbɔe be woake ɖe xexeame godoo ƒe akɔntabubu siwo de ŋu o. Gake Xexeame Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta le ƒe 1998 me be amesiwo mitsinyenyedɔwo wu ade miliɔn 2.2—wo dometɔ 1.8 nye ɖeviwo. Nyatakakaa gblɔ be: “Dɔ siawo dometɔ akpa gãtɔ tso dɔlékui ƒe gege ɖe nuɖuɖu kple tsinono me gbɔ.”

Akɔntabubu mawo ado vɔvɔ̃ na wò. Gake ɖe wòle be akɔntabubuwo nado ŋɔdzi na wò le wò ŋutɔ wò nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ŋua? Míesusui nenema o. Gabu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Amesiwo ade miliɔn 4.2 ye xɔa dɔ siwo tsoa nuɖuɖu me ƒe sia ƒe le Australia—esi nye amesiwo ade 11,500 gbesiagbe! Xexlẽme ma ate ŋu ana nàvɔ̃ ŋutɔ. Gake gabu eŋu ale kpɔ. Australiatɔwo ɖua nuɖuɖu agba siwo ade biliɔn 20 ƒe sia ƒe; nuɖuɖu siawo dometɔ si me dɔléle nɔna mede alafa memama ɖeka ƒe mamɛ 50 lia o. Ne míagblɔe bubui la, afɔku si ate ŋu anɔ nuɖuɖu ɖesiaɖe me la le sue ŋutɔ.

Togbɔ be ele sue alea hã la, afɔkua li ŋutɔŋutɔ eye wònye nusi míabu ŋkubiãnyae. Nukae wɔnɛ be dɔléle nɔa nuɖuɖu me, eye nukae míawɔ atsɔ aɖe afɔku si le eme dzi akpɔtɔ?

Nusiwo Gbɔ Nuɖuɖu me Dɔléle Tsona

Woate ŋu axɔ dɔléle gbogbo aɖewo tso nuɖuɖu me—magazine si nye Emerging Infectious Diseases (Dɔxɔleameŋu Yeyewo) gblɔ be wowu 200. Gake nusiwo hea dɔ mawo vɛ mesɔ gbɔ nenema gbegbe o. Dukɔwo Dome Nuɖuɖu ŋu Nyatakaka Dɔwɔƒe ƒe dɔdzikpɔlagã Ðk. Iain Swadling gblɔ be nugbagbevi suesue siwo “ɖewohĩ mede 24 o” ye hea dɔléle siwo tsoa nuɖuɖu me abe alafa memama 90 ene vɛ. Aleke nusiawo siwo hea dɔléle vɛ—dɔlékuiwo, nugbagbevi suewo, lãviwo, aɖiwo, kple bubuawo—wɔna gena ɖe nuɖuɖu me?

Ðk. Swadling yɔ eƒe mɔnu bɔbɔtɔwo dometɔ atɔ̃ be woawoe nye: Nu mumu siwo me dɔlékui le ɖuɖu; amesiwo xɔ dɔ alo dɔnɔ siwo ɖaa nu; nuɖuɖua madzramadzraɖo nyuie kple nuɖaɖa ada ɖi eteƒe nadidi ʋuu hafi woava ɖu; dɔlékui siwo tsoa teƒe bubuwo ƒe gege ɖe nua me le eɖaɣi; nuɖaɖa mabimabi alo nuɖuɖu siwo tsi anyi ɖoɖo dzo dzi ɖewoɖewoe ɖuɖu.” Togbɔ be nusiwo woyɔ adze nusi aɖe fu na ame hã la, nyanyui wɔdɔɖeamedzi aɖe dze le eme. Eyae nye be ele bɔbɔe be woaxe mɔ ɖe nuɖuɖu me dɔxɔxɔ akpa gãtɔ nu. Kpɔ nusiwo nàte ŋu awɔ be wò nuɖuɖu nanɔ dedie le aɖaka si le axa 18 kple 19.

Tiatia Siwo Da Sɔ Wɔwɔ

Le afɔku vovovo siwo le nuɖuɖu ŋu kple alesi amewo tsia dzi ɖe eŋui ta la, egbea ame aɖewo tso nya me be yewoaɖɔ ŋu ɖo aƒle nuɖuɖu siwo wotsɔ tso agble dzi yeyee koŋ, aɖa wo nyuie hafi aɖu. Ne edzɔ dzi na wò nenema la, ke yi fiase alo asi siwo me wodzraa nuɖuɖu siwo wotsɔ tso agble dzi yeyee, esiwo womede goe me alo kɔ atike ɖe wo dzi o. Nuƒlegbalẽ aɖe ɖe nu me be: “Nuƒlela geɖe yia edzrala gbãtɔwo gbɔ—le asigbewo [afisiwo wotsɔ yeyea vɛ tẽ] alo ewɔlawo gbɔ—bene yewoaƒle nuawo woanɔ yeyee eye be yewoakpɔ alesi wotrɔa asi le nuɖuɖua ŋui kple afisi wòtsona.” Esia akpe ɖe ame ŋu le ʋulãwo ƒeƒle me.

Nenema ke wòanyo wu be nàƒle nuɖuɖu siwo le mia gbɔ le woƒe doɣi, elabena ɣemaɣie ŋusẽ nɔa nuɖuɖuawo me wu. Ke hã nyae be ne ètsɔ ema wɔ wò taɖodzinui la, atikutsetse kple amagbe vovovowo ato ye ŋu le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me.

Alo ɖe nàdi be yeatrɔ ɖe nuɖuɖu siwo tso agblea dzi tẽ siwo wometrɔ asi le wo ŋu to mɔ̃ɖaŋununya me o ŋua? Nya sia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ame geɖe lɔ̃a nuɖuɖu siwo tso agble dzi tẽ, esi wo dometɔ aɖewo meka ɖe mɔɖaŋu siwo wozã le nuɖuɖu ŋu dɔwo wɔwɔ me dzi o tae. Gake menye amesiamee lɔ̃ ɖe edzi be nuɖuɖu siwo ƒe agble wode atike mazãmazãe le dedie wu o.

Eɖanye nuɖuɖu ƒomevi ka ke nètia o, lé ŋku ɖe nusi nèƒlena ŋu nyuie. Wogblɔ nya siwo nuɖuɖu ŋu nyala aɖe tsɔ fa konyii le kwasiɖa sia kwasiɖa magazine si nye Die Zeit me be: “Ne eɖo nuɖuɖu dzi la, asia dzi koe nua ƒlelawo ƒe susu yina.” Edze kafukafu be woalé be na ga, gake lé ŋku ɖe nusiwo wode nuɖuɖua me hã ŋu. Wogblɔ be nuɖuɖuƒlelawo ƒe afã megbɔa dzi ɖi xlẽa nunyiame ŋuti nyatakaka siwo woklãna ɖe nuɖuɖugoewo ŋu o. Ele eme be menye nusianue woŋlɔa nu ɖe edzi le dukɔ aɖewo me ya o. Gake ne nuɖuɖu si le dedie dim nèle la, ke wɔ nusi nàte ŋui be nàlé ŋku ɖe nusiwo wozã le ewɔwɔ me ŋu.

Eɖanye nyametsotso ka ke nèwɔ le nusiwo nàɖu ŋu o, anɔ eme be ahiã be nàlɔ̃ awɔ tɔtrɔwo ɣeaɖewoɣi, bene wòasɔ ɖe alesi nuwo le le dukɔ si me nèle nu. Le míaƒe ɣeyiɣi sia me la, manya wɔ kura na ame geɖe be woaɖu nuɖuɖu si dzi woate ŋu aka ɖo be ele dedie le go sia go me la ko o—exɔ asi na wo akpa, exɔa ɣeyiɣi akpa, eye hloloetsotso le eme akpa.

Ðe nya siawo ɖe fu na wò be nuɖuɖunyawo ɖi vɔvɔ̃ le xexeame egbea? Alesi nuwo le koe wònye míegblɔ. Gake nyanyui si li enye be nuwo gbɔna nyonyo ge kpuie.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 18, 19]

Afɔ Siwo Nàte Ŋu Aɖe

Klɔ asi. Kpɔ egbɔ be nètsɔ adzalẽtsi dzodzoe klɔ asi hafi aɖa nusianu. Klɔ asi ɣesiaɣi si nètso afɔdzi gbɔ, ne èkpɔ vidzĩ aɖe si gblẽ go gbɔ (ne èɖɔ li godui alo tutu ŋɔtinu nɛ), alo ne èka asi lã aɖe, siwo dome aƒemelãwo hã le, ŋu. Klɔ agbawo, ʋuƒo siwo dzi wotsoa nuɖuɖuwo le, kpakple kplɔ̃wo kple adzalẽtsi dzodzoe le nusianu ɖaɖa vɔ megbe—vevietɔ ne èzã ʋulã, koklo kple xe bubuwo ƒe lã, alo tɔmelã mumuwo. Test magazine ɖo aɖaŋu be, “woaklɔ atikutsetsewo kple detsiƒonuwo le tsi gbɔgblɔe me” be nusiwo nudzodzoewo kple lãwutikewo gblẽ ɖe wo ŋu nado ɖa. Zi geɖe la, nua ŋu ƒɔƒlɔ, ekeklẽ, kple tsi fiefiẽe nye mɔnu nyuitɔ kekeake siwo dzi woato aklɔ nuɖuɖu ŋu. Ðe salad alo cabbage (chou) ƒe aŋgba gbãtɔ ƒu gbe.

Ða nu wòabi nyuie. Ne nuɖuɖu xɔ dzo gbɔ 70°C (dzidzenu celsius 70) ŋu vie gɔ̃ hã la, nugbagbevi suesuewo, dɔlékuiwo, kple ŋɔviwo katã kloe kuna. Ele be woaɖa xelã wòabi wu ema kura, wòaɖo 80°C gɔ̃ hã. Ele be nuɖuɖu si wogbugbɔ ɖo dzoe naxɔ dzo aɖo 75°C, alo ele be wòaxɔ dzo anɔ dzudzɔ tum. Ƒo asa na xelã siwo mebi tututu o, xezi si mebi nyuie o, alo tɔmelã si mebi nyuie be woate ŋu atsɔ gaflo akae bɔbɔe o la ɖuɖu.

Ðe nuɖuɖuwo ɖe vovo. Ðe ʋulã, xelã, alo tɔmelã mumuwo ɖe vovo tso nuɖuɖu bubuwo gbɔ ɣesiaɣi—ne èyi woƒle ge, ne èle wo dzram ɖo, kple ne èle wo ɖam. Mègana wo me tsi natsyɔ alo ahlẽ ɖe wo nɔewo dzi alo ɖe nuɖuɖu bubuwo dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mègaka nusiwo woɖa wòbi ɖe agba si me ʋulã, tɔmelã, alo xelã mumu nɔ me o negbe ɖe nèklɔ agbaa me kple adzalẽtsi dzodzoe nyuie hafi.

Dzra nuɖuɖu ɖo eye nàdee nufamɔ̃ me nyuie. Dɔlékui gblẽnuwo mete ŋu tsina le nufamɔ̃ alo fridge me o gake be wòanɔ alea la, ele be eƒe fafa nade 4°C. Ele be eƒe akpa si wɔa tsikpe la ƒe fafa nade 17°C. Kpɔ nuɖuɖu siwo gblẽna kaba gbɔ hafi gaƒoƒo eve nava yi. Ne èɖo kplɔ̃ hafi nuɖuɣi ɖo la, tsyɔ nu agbawo dzi be nudzodzoewo nagadze ɖe wo dzi o.

Ðɔ ŋu ɖo ne èle nu ɖum le nuɖuɖudzraƒewo. Le akɔntabubu aɖe nu la, dɔ siwo amewo xɔ le nuɖuɖu me le dukɔ deŋgɔ aɖewo me la dometɔ 60 va ɖo 80 le alafa me la tso ɖaƒle si woƒle le gbɔdome la gbɔ. Kpɔ egbɔ be nuɖuɖudzraƒe ɖesiaɖe si nàyi la le dzadzɛ hesɔ ɖe lãmesẽ dzidzenu siwo se bia la nu. Ƒle ʋulã siwo bi nyuie. Le nuɖuɖu siwo nàƒle adzoe gome la, kpɔ egbɔ be nèɖui hafi gaƒoƒo eve nava yi. Ne nuɖuɖua nɔ anyi didi la, gbugbɔ ɖoe dzoe wòaxɔ dzo ade 74°C.

Tsɔ nuɖuɖu siwo ŋu nàke ɖi le la ƒu gbe. Ne mèka ɖe nuɖuɖu aɖe ƒe nyonyo alo eƒe gbegblẽ dzi o la, xa ɖe dedienɔnɔ ta nàtsɔe aƒu gbe. Enye nyateƒe be nuɖuɖu nyui dome gbegblẽ menyo ya o. Ke hã dɔ xɔxɔ to nuɖuɖu manyomanyo ɖuɖu me avɔ̃ɖi gɔ̃ hã wu.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Food Safety Tips, si United States ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Nuɖuɖu ƒe Dedienɔnɔ Gbɔ ta dzie míetui ɖo koŋ.