Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbesigbe Xɔ Kɔkɔ Eveawo Gbã

Gbesigbe Xɔ Kɔkɔ Eveawo Gbã

Gbesigbe Xɔ Kɔkɔ Eveawo Gbã

NUSIWO dzɔ le New York City, Washington, D.C., kple Pennsylvania le September 11, 2001, dzi atsi ame miliɔn alo biliɔn geɖe siwo le xexeame godoo la ƒe susu me ɖikaa. Afikae nènɔ hafi kpɔ alo se Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã (World Trade Center) si le New York kple Amerika-srafowo ƒe Dɔwɔƒegã (Pentagon) si le Washington la ŋuti nyadzɔdzɔa?

Nunɔamesi gbogbowo, kpakple vevietɔ, ame gbogbo siwo tsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me la na wòva hiã be ameƒomea natɔ vie ahabu tame.

Nukae míesrɔ̃ tso nusiwo wòle be wòanɔ vevie na mí kple nusiwo axɔ nɔƒe gbãtɔ le agbe me ŋu? Aleke nudzɔdzɔ wɔnublanui mawo ɖe nɔnɔme nyui siwo le ameƒomea me la dometɔ aɖewo—ɖokuitsɔtsɔsavɔ, veveseɖeamenu, dzidodo, kple ɖokuitɔmadimadi—fiae? Míadze agbagba aɖo biabia evelia ŋu le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me.

Agbetsilawo Gblɔ Woƒe Nuteƒekpɔkpɔwo

Esi afɔkua dzɔ le New York teti la, wotu tomemɔwo, si na wòva hiã be ame gbogbo aɖewo nazɔ afɔ adzo le anyiehe Manhattan—wo dometɔ geɖe to Brooklyn kple Manhattan dome tɔdzisasrãawo dzi. Wokpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la ƒe ɔfiswo kple agbalẽtaƒewo. Sitsoƒedila siwo nɔ sisim le afɔkuteƒea dometɔ aɖewo wɔ kaba ɖo ta xɔ siawo gbɔ.

Alisha (si le ɖusime), si nye Ðasefo aɖe ƒe vinyɔnu, nɔ ame gbãtɔ siwo ɖo afima dome. Ʋuʋu kple dzofiwo ƒo ɖe eŋu. * Eɖe nu me be: “Esi menɔ keteke me yina ɖe dɔme la, mekpɔ be dzudzɔ nɔ tutum tso Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã la. Esi meɖo afisi afɔkua dzɔ le la, ahuhɔ̃e gbãgbɛwo kɔ ɖe anyigba katã, eye teƒea xɔ dzo. Amewo nɔ du sim to afisiafi, eye kpovitɔwo nɔ agbagba dzem be yewoaɖe amewo le teƒea. Ðeko wònɔ abe aʋagbedzi ene.

“Meƒu du yi ɖe xɔ aɖe si te ɖe afima ŋu me. Ɣemaɣie yameʋu evelia va lɔ xɔ kɔkɔ si nɔ anyiehe eye mese eƒe wowó sesĩe. Dzudzɔ bla kɔtɔɔ ɖe afisiafi, eye ne èkpɔ eteƒe la, ewu gbɔgblɔ. Wogblɔ na mí be míadzo le afɔkuteƒea. Wona mege ɖe tɔdziʋu sue aɖe me míetso East-tɔsisia yi Brooklyn. Esi meɖo go kemɛ dzi la, mefɔ mo dzi hekpɔ nuŋɔŋlɔ gã si nye, ‘WATCHTOWER.’ Subɔsubɔha si me danye le ƒe dɔwɔƒegã ye! Meɖo ta ɔfis xɔawo gbɔ enumake. Menyae be manɔ dedie le afima. Wote ŋu kpɔ gbɔnye eye emegbe meƒo ka na dzinyelawo.”

Wendell (si le ɖusime) nye amedzrowo xɔla si le dɔ wɔm le Marriott Amedzrodzeƒe si le xɔ kɔkɔ eveawo dome. Eɖe nu me be: “Menɔ dɔ wɔm le xɔ si me amedzrowo nɔna la me esime nuwo ƒe wowó gbãtɔ ɖi. Mekpɔ nuwo gbã kaka ɖe afisiafi. Medo mo ɖa kpɔ mɔdodoa ƒe akpa kemɛ, makpɔa, ŋutsu aɖe nye ma si ƒe awuwo lé dzo ɖe eŋu wòle anyigba. Meɖe kot kple dziwui siwo medo la da ɖi kaba heƒu du yi be matsi dzoa. Ame bubu aɖe si va yina hã va kpe ɖe ŋunye. Awuawo katã fia le ŋutsua ŋu negbe eƒe afɔwuiwo kple afɔkpawo koe susɔ. Emegbe dzotsilawo va kɔe yi kɔdzii.

“Le ema megbe kpuie la, Bryant Gumbel, si wɔa dɔ le CBS television-dɔwɔƒea ƒo ka nam be magblɔ nusi teƒe mekpɔ. Esia wɔe be nye ƒomea si le Virgin Islands se ŋkɔnye le television dzi eye wonya be mele agbe.”

Donald, ŋutsu dzɔtsu si kɔ sentimeta 195 eye wònye dɔwɔla le Xexeame ƒe Ganyawo Dɔwɔƒea, nɔ woƒe xɔa ƒe dzisasrã 31 lia dzi, henɔ Xɔ Kɔkɔ Eveawo kple Marriot Amedzrodzeƒea kpɔm ɖaa. Egblɔ be: “Nusi mekpɔ la na nye nu ku eye ŋɔdzi lém ale gbegbe. Amewo nɔ gegem henɔ dzodzom to xɔ kɔkɔ si le dziehe la ƒe fesrewo nu. Dzidzi ƒom ale gbegbe eye meƒu du afɔtsɔtsɔe do go le xɔa me.”

Nuteƒekpɔkpɔ bubu enye esi ku ɖe nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 60-awo me kple vianyɔnu eve siwo le woƒe ƒe 40-awo me ŋu. Ruth kple nɔvianyɔnu Joni nɔ wo dada, Janice, gbɔ le amedzrodzeƒe aɖe si te ɖe Xɔ Kɔkɔ Eveawo ŋu me. Ruth, si nye dɔnɔdzikpɔla, gblɔ be: “Menɔ tsileƒe. Danye kple nɔvinyea do ɣli enumake yɔm ɖa be mado le tsia leƒe kaba. Míenɔ dzisasrã 16 lia dzi, eye wokpɔ nu gbagbãwo nɔ gegem to fesre nu. Danye kpɔe ŋutɔŋutɔ esime ŋutsu aɖe ge tso xɔ aɖe si te ɖe teƒea ŋu tame va yi abe akafoe wotsɔ dae tso afi aɖe ene.

“Medo awu enumake, eye míeƒu du ɖi to atrakpuiawo dzi. Amewo nɔ ɣli dom. Míedo ɖe ablɔ dzi. Míenɔ nuwo ƒe wowó sem henɔ dzoxiwo kpɔm. Wogblɔ na mí be míasi ayi Battery Park, afisi míakpɔ Staten Island ƒe tɔdziʋu le. Esi míenɔ mɔ dzi la, mía Dada, si gbɔxi ɖea fu na edziedzi la, bu ɖe mí. Aleke wòawɔ atsi agbe le dzudzɔ, afi, kple ʋuʋu siawo me? Míetsɔ gaƒoƒo afã dii do kpoe. Gake gbã la, míetsi dzi fũ akpa o elabena ŋusẽ nɔ eŋu eye ete ŋu léa dzi ɖe ƒo.

“Mlɔeba, wogblɔ na mí be míazɔ ayi ɖe Brooklyn-tɔdzisasrã gbɔ ahato edzi ayi ɖe go kemɛ dzi. Kpɔ alesi míaƒe dzi dze emee ɖa esi míeɖo tɔdzisasrãa ƒe akpa si le Brooklyn hekpɔ nuŋɔŋlɔ gã si nye ‘WATCHTOWER’! Míenyae be míanɔ dedie.

“Woxɔ mí kple dzidzɔ hena dzeƒe mí. Wona awuwo hã mí, elabena esiwo le mía ŋu koe susɔ ɖe mía si. Gake afikae Dada le? Míetsa zã bliboa le kɔdziwo dii do kpoe. Le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi ga wuiɖekɛ kple afã me lɔƒo la, míexɔ nyatakaka aɖe. Dada va ɖo wòle amedzroxɔƒea! Nukae dzɔ ɖe edzi?”

Wo dada, Janice, yi nyaa dzi be: “Esi míewɔ kabakaba do go le amedzrodzeƒea la, metsi dzi ɖe xɔ̃nye tsitsi aɖe, si mete ŋu do kpli mí o la ŋu. Medi be nye ŋutɔ matrɔ ayi aɖakplɔe. Gake afɔku nɔ esia me ale gbegbe. Le zitɔtɔa me la, mebu ɖe vinyenyɔnuawo. Gake meɖe fu nam fũ akpa o, esi wònye be wonya nusi wòle be woawɔ eye Ruth nye dɔnɔdzikpɔla bibi ta.

“Afisiafi si metrɔ mo ɖo la, mekpɔ be amewo hiã kpekpeɖeŋu—vevietɔ ɖeviwo kple vidzĩwo. Mekpe ɖe ame geɖe alesinu mate ŋui la ŋu. Meyi ɖe afisi wole abixɔlawo gbɔ kpɔm le woƒe abiawo ƒe lolome nu le. Mena kpekpeɖeŋu le asi kple ŋkume kɔklɔ na kpovitɔwo kple dzotsila siwo dzɔble kple ʋuʋu ƒo me. Menɔ afima va ɖo ŋufɔke ƒe fɔŋli ga etɔ̃ me lɔƒo. Emegbe meɖo tɔdziʋu gbãtɔ yi Staten Island. Mebui be ɖewohĩ vinyenyɔnuawo aɖadi sitsoƒe le afima. Gake nyemekpɔ wo o.

“Le ŋdi me la, medze agbagba be maɖo tɔdziʋu gbãtɔ atrɔ va Manhattan, gake nyemete ŋu ɖoe o elabena nyemenye afɔkudzɔɣidɔwɔla o. Ɣemaɣie mekpɔ kpovitɔ siwo ŋu mekpe ɖo la dometɔ ɖeka. Medo ɣli gblɔ be: ‘John! Ehiã be magatrɔ ayi Manhattan.’ Eɖo eŋu be: ‘Kplɔm ɖo.’

“Esi meɖo Manhattan la, metrɔ ɖo ta Marriott Amedzrodzeƒea. Ðewohĩ mɔ aɖe li si magate ŋu ato akpe ɖe xɔ̃nye tsitsia ŋu. Ao, wɔna aɖeke megali o! Amedzrodzeƒea gbã gudugudu. Dua ƒe akpa sia zu dudo—agbe megale eƒe akpa aɖeke o. Kpovitɔwo kple dzotsila siwo lé blanui, eye ŋɔdzi lé wo la koe kpɔtɔ.

“Medze agbagba yi ɖato Brooklyn-tɔdzisasrãa dzi. Esi menɔ go kemɛ dzi ɖom la, mekpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe si menya nyuie, si nye ‘WATCHTOWER.’ Ðewohĩ makpɔ vinyenyɔnuawo le afima. Eye nyateƒee, woawoe nye ma ɖi va kpem le amedzroxɔƒea. Aleke míekpla asi kɔ na mía nɔewo kple aɖatsii nye si!

“Nukutɔe la, dzudzɔ, ʋuʋu, kple afi siawo katã meho gbɔxia nam zi ɖeka pɛ hã o. Menɔ gbedodoɖa dzi, elabena medi be mana kpekpeɖeŋu amewo, menye be mazu agba na amewo o.”

“Dzeƒe Aɖeke Mele Afisia O Ðe!”

Rachel, si nye ɖetugbi si le eƒe ƒe 20-awo me, gblɔ na Nyɔ! ŋlɔla aɖe be: “Mezɔ yina aƒeme le anyiehe Manhattan esime mese yameʋu aɖe ƒe gbeɖeɖe le yame. Gbea nu sẽ ale gbegbe be ena mefɔ ta dzi kpɔ yame. Nusi mekpɔ la wɔ nuku nam—yameʋu gã aɖee nye sia si ɖiɖi gbɔna anyi. Mebia ɖokuinye be nukatae wòɖiɖi va anyi alea hele du dzi alea gbegbe ɖo. Evɔ dzeƒe aɖeke mele afisia o ɖe! Ðewohĩ yameʋua kula anya do go kuxi aɖe. Emegbe mese nyɔnu aɖe ƒe ɣli be, ‘Yameʋua nye ma va lɔ xɔa!’ Dzoƒaɖe de dzi le xɔ kɔkɔ si le dziehe la me. Do gã yibɔɔ aɖe ko kpɔm menɔ le xɔ kɔkɔa me.

“Edzi ŋɔ wu nusianu si mekpɔ kpɔ le agbe me. Ewɔ abe menye nu ŋutɔŋutɔe o ene. Metɔ ɖe afima heke nu ɖe te. Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, yameʋu bubu va lɔ xɔ kɔkɔ evelia, eye mlɔeba xɔ kɔkɔ eveawo gbã keŋkeŋ. Dzidzi ƒom ŋutɔ. Ewu tsɔtsɔ nam!”

“Ne Tsie Maƒu la, Maƒui”

Ðeko Denise, si xɔ ƒe 16, ɖo woƒe suku si tsiã ɖe Amerikatɔwo ƒe Gadededɔme Dɔwɔƒe ŋu, si nye xɔ etɔ̃lia tso Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã la gbɔ le anyiehe, teti enye ma. “Ŋdi ga 9:00 ƒo to eŋu vie ko. Mekpɔe be nane dzɔ, gake nyemanya nusi tututu wònye o. Míenɔ blemaŋutinya srɔ̃m le sukuxɔa ƒe dzisasrã 11 lia dzi. Ŋɔdzi lé sukuviawo katã. Nufiala la di kokoko be míawɔ dodokpɔ aɖe. Gake míenɔ didim be míado go ayi aƒeme.

“Emegbe esi yameʋu evelia lɔ̃ xɔ kɔkɔ si le anyiehe la, míaƒe xɔa hã ʋuʋu. Ke hã míenya nusi dzɔ o. Enumake mese le nufiala la ƒe nyatakakaxɔmɔ̃ dzi be: ‘Yameʋu eve lɔ Xɔ Kɔkɔ Eveawo!’ Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Susu manɔ eme be míakpɔtɔ anɔ afisia o. Nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidonamee esia anye, eye woadze Gadededɔme Dɔwɔƒea hã dzi.’ Eyata míeɖi.

“Míeƒu du yi Battery Park. Metrɔ be makpɔ nusi le dzɔdzɔm ɖa. Mekpɔe be xɔ kɔkɔ si le anyiehe la nɔ kakam. Eye mebui be ana xɔ kɔkɔ bubu siwo katã ƒo xlãe hã nagbã. Gbɔgbɔtsixe tsi ƒonye elabena nye ŋɔtime kple veme yɔ fũ kple afi kple ʋuʋudedi. Meƒu du yi East-tɔsisia to, henɔ bubum be ‘Ne tsie maƒu la, maƒui.’ Esi menɔ dua dzi la, menɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòaxɔ nam.

“Mlɔeba, wodem tɔdziʋu yi New Jersey. Exɔ gaƒoƒo atɔ̃ kple edzivɔ hafi danye ke ɖe ŋunye, gake menɔ dedie ya!”

“Nye Agbemeŋkeke Mamlɛa Enye Sia?”

Joshua, si xɔ ƒe 28, si tso Princeton, New Jersey, nɔ nu fiam le xɔ kɔkɔ si le dziehe la ƒe dzisasrã 40 lia dzi. Egblɔ be: “Le vome la, nane koe ɖi abe bɔmb ye wó ene. Teƒea ʋuʋu, eye megblɔ le susu me be, ‘Anyigbaʋuʋue esia anye.’ Medo mo ɖa be makpɔ gota, eye eteƒe menya kpɔ o—dzudzɔ nɔ tutum eye nu gbagbãwo nɔ gegem tso dzia nɔ kɔkɔm ɖe anyi. Megblɔ na sukuviawo be, ‘Amesiame negblẽ eƒe nuwo ɖi. Mina míasi ado!’

“Míeto atrakpuimɔa dzi, afisi yɔ kple dzudzɔ eye tsi nɔ dodom tso dzotsinuawo me. Gake dzidzi meƒo ame aɖeke o. Meyi edzi nɔ gbe dom ɖa be míate ŋu ato atrakpuimɔ nyuitɔa ale be míagado ɖe afisi dzo le o.

“Esi menɔ dua dzi nɔ ɖiɖim le atrakpuia dzi la, mebia ɖokuinye be, ‘Nye agbemeŋkeke mamlɛa enye sia?’ Menɔ gbedodoɖa dzi na Yehowa, eye mese le ɖokuinye me be nye dzi dze eme miãa. Nyemese ememe ŋutifafa sia tɔgbe le ɖokuinye me kpɔ o. Nyemaŋlɔ ɣeyiɣi ma be gbeɖegbeɖe o.

“Esi míedo le xɔa me mlɔeba la, kpovitɔwo nɔ amesiame kplɔm dzoe le teƒea. Mefɔ mo dzi kpɔ xɔ kɔkɔawo ɖaa eye mekpɔ be xɔ eveawo siaa dome ka voo. Ewɔ abe drɔ̃e aɖee ene.

“Emegbe ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ—abe alesi ŋɔdzi nalé amehawo eye ame aɖeke mete ŋu ke nu o ene. Ðeko wòwɔ abe ameɖibɔ mee New York nye ene. Emegbe asiƒunu ɖi. Xɔ kɔkɔ si le anyiehe lae nye ma le gbagbãm! Ya ƒo dzudzɔ, afi, kple ʋuʋu gbogbo aɖewo ɖo ɖe mía gbɔ. Ðeko wònɔ abe sinima me nudzɔdzɔ si menye nu ŋutɔŋutɔ o teƒe kpɔm míele ene. Gake nusi le dzɔdzɔm la nye nu ŋutɔŋutɔ. Esi dzudzɔa ɖo mía gbɔ la, ena gbɔgbɔtsixe tsi mía ƒo.

“Meʋli vevie te ŋu ɖo Manhattan-tɔdzisasrãa gbɔ, afisi menɔ trɔ kpɔ xɔ kɔkɔ si le dziehe la kple television-ti kɔkɔ si wotu ɖe etame ɖaa la siaa ŋe dze eme gbloo. Esi menɔ tɔdzisasrãa dzi tom la, menɔ gbe dom ɖa be mate ŋu aɖo Betel, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã. Dzi medzɔm kpɔ le agbe me alea esi mekpɔ teƒe sia o. Le agbalẽtaƒea ƒe gli ŋu la, woŋlɔ nusi ame akpe gbogbowo ate ŋu akpɔ gbesiagbe la ɖi be, ‘Xlẽ Mawu ƒe Nya Biblia Kɔkɔe la Gbesiagbe’! Megblɔ na ɖokuinye be ‘Meɖo vɔ. Manɔ yiyim ko.’

“Esi mede ŋugble le nudzɔdzɔ mawo ŋu la, mekpɔe be ele be manya nusiwo le vevie nam wu la nyuie—be matsɔ nusiwo axɔ nɔƒe gbãtɔ le agbe me la aɖo nɔƒe gbãtɔ.”

“Mekpɔ Amewo le Dzodzom tso Xɔ Kɔkɔa Dzi”

Jessica, si xɔ ƒe 22, kpɔ nudzɔdzɔawo esime wòdo tso tomeketeke dzeƒe si le dua me la me. “Mefɔ mo dzi hekpɔ be dzofiwo, nusiwo kaka, kple gakpoviwo le gegem tso yame. Amewo nɔ lalam be yewoazã telefon siwo le mɔwo to eye wotsi dzodzodzoe le esi kaƒoƒoa mele tsɔtsɔm o ta. Medo gbe ɖa bia dziɖeɖi. Emegbe nu bubu gawó sesĩe. Gakpowo kple ahuhɔ̃e gbagbɛwo nɔ gegem tso yame. Ɣliwo nɔ ɖiɖim be, ‘Yameʋu bubue!’

“Mefɔ mo dzi, eye edzi ŋɔ ŋutɔ—mekpɔ amewo le dzodzom tso dziƒoxɔa ƒe dzisasrã siwo me dzudzɔ kple dzo bla kɔtɔɔ le la dzi. Nane si mekpɔ la tsi ŋku dzi nam abe ɖe megale eteƒe kpɔm ene—ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖee mekpɔ. Woku ɖe fesre aɖe ŋu sẽe le yame ɖaa. Emegbe nu glo wo wòva hiã be woaɖe asi le eŋu, eye woge tso yame ʋĩ, woge ʋuu va ƒu anyigba. Eteƒe menya kpɔ kura o.

“Mlɔeba, meva ɖo Brooklyn-tɔdzisasrãa gbɔ, afisi meɖe afɔkpa si nɔ kplamatse domem la le heƒu du yi tɔa ƒe go si nye Brooklyn. Mege ɖe Gbetakpɔxɔ dɔwɔƒea, eye wokpe ɖe ŋunye enumake be nye dzi dze eme.

“Le zã ma me le aƒeme la, mexlẽ ‘Tenɔnɔ Ðe Ŋɔdzinudzɔɖeamedzi Nu’ ƒe nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la le September 8, 2001, ƒe Nyɔ! me. Aleke gbegbe nyatakaka mawo nɔ vevie nam enye si!”

Afɔkua ƒe lolome ʋã amewo be woana kpekpeɖeŋu le mɔ sia mɔ si woate ŋui la nu. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nuteƒekpɔkpɔa ƒe akpa ma me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Nyɔ! ŋlɔlawo bia gbe agbetsila geɖe gake míete ŋu ŋlɔ wo katã ƒe nyawo ɖe nyatakaka kpui sia me o. Woƒe kpekpeɖeŋue wɔe be míete ŋu wu nya siawo siwo ŋu kpeɖodzi le la ŋɔŋlɔ nu.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ESIWO GBÃ GUDUGUDU

1 NORTH TOWER 1 World Trade Center

2 SOUTH TOWER 2 World Trade Center

3 MARRIOTT HOTEL 3 World Trade Center

7 7 WORLD TRADE CENTER

ESIWO ŊU NU GBLẼ LE VEVIE

4 4 WORLD TRADE CENTER

5 5 WORLD TRADE CENTER

L ONE LIBERTY PLAZA

D DEUTSCHE BANK 130 Liberty St.

6 U.S. CUSTOMS HOUSE 6 World Trade Center

N S NORTH AND SOUTH PEDESTRIAN BRIDGES

ESIWO ŊU NU GBLẼ LE

2F 2 WORLD FINANCIAL CENTER

3F 3 WORLD FINANCIAL CENTER

W WINTER GARDEN

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

As of October 4, 2001 3D Map of Lower Manhattan by Urban Data Solutions, Inc.

[Nɔnɔmetatawo]

Etame ɖaa: Xɔ kɔkɔ si le anyiehe lae kaka gbã

Etame: Ame aɖewo si yi ɖadi sitsoƒe le Watchtower ƒe dɔwɔƒewo

Ðusime: Dzotsila kple ameɖela alafa geɖe wɔ dɔ vevie le Afɔkuteƒea

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Jerry Torrens

Andrea Booher/FEMA News Photo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

AP Photo/Marty Lederhandler

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

AP Photo/Suzanne Plunkett