Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kaka Ðe Mawu Dzi Lém Ðe Te

Kaka Ðe Mawu Dzi Lém Ðe Te

Kaka Ðe Mawu Dzi Lém Ðe Te

ABE ALESI RACHEL SACKSIONI-LEVEE GBLƆE ENE

ESI DZƆLA AÐE ƑO TOME NAM ZI GBƆ ZI GEÐE LE ESI MEGBE BE NYEMAWƆ DƆ LE NAZITƆWO ƑE BƆMBDAYAMEƲUWO ƑE ŊUTINUWO WƆƑE O LA, DZƆLA BUBU AÐE GBLƆ NƐ BE: “ANYO NA WÒ WU BE NÀDZUDZƆ. ‘BIBELFORSCHER’ MAWO ƑE MAWU TA WOAÐE MƆ WOAƑO WO VASEÐE KU ME GƆ̃ HÃ.”

ESIA dzɔ le December 1944 me le Beendorff, si nye nyɔnuwo ƒe dɔsesẽwɔsaɖa si te ɖe dzekuƒe si le Germany ƒe dziehe lɔƒo ŋu. Mina maɖe nusi na meyi afima kple alesi mewɔ tsi agbe le ɣleti ʋɛ siwo kplɔ Xexemeʋa II ɖo me la me.

Wodzim le Yudatɔwo ƒe ƒome aɖe me le Amsterdam, si le Netherlands, le ƒe 1908 me, eye menye vi nyɔnuvi etɔ̃awo ƒe evelia. Lotamekpeŋuzrɔ̃lae fofonye nye, eye Yudatɔ geɖe siwo nɔ Amsterdam do ŋgɔ na Xexemeʋa II wɔa dɔ sia. Eku esime mexɔ ƒe 12, eye emegbe Tɔgbui va nɔ mía gbɔ. Tɔgbui nye Yudatɔ veviedonula, eye ekpɔ egbɔ be wonyi mí ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo nu.

Mewɔ dɔ si Papa wɔ hesrɔ̃ lotamekpeŋuzɔzrɔ̃dɔa, eye meɖe hatidɔwɔla aɖe le ƒe 1930 me. Míedzi vi eve—Silvain, ŋutsuvi sesẽ aɖe si ƒe mo medze akɔ anyi o kple Carry, si nye nyɔnuvi fafa aɖe si ƒe nu nyoa ŋunye. Nublanuitɔe la, míaƒe srɔ̃ɖeɖea menɔ anyi didi o. Le ƒe 1938 me, esi srɔ̃ɖeɖea me gblẽ megbe teti la, meɖe Louis Sacksioni, si hã nye lotamekpeŋuzrɔ̃la. Míedzi vi nyɔnuvi, Johanna, le February 1940 me.

Togbɔ be Louis nye Yudatɔ hã la, egbe eƒe subɔsubɔa. Eyata míegaɖua Yudatɔwo ƒe azã siwo doa dzidzɔ nam vevie esime menɔ ɖevime o. Meɖoa ŋku azã mawo dzi kokoko, gake megakpɔtɔ xɔa Mawu dzi sena le nye dzime.

Gege Ðe Subɔsubɔha Bubu Me

Le ƒe 1940 ƒe gɔmedzedze, si nye ƒe si Germanytɔwo dze Netherlands dzi la, nyɔnu aɖe ɖi tsa va nye ʋɔtru nu eye wòƒo nu tso Biblia ŋu nam. Nyemese nya geɖe siwo wògblɔ nam gɔme o, gake mexɔa agbalẽ le egbɔ ɣesiaɣi si wòava gbɔnye. Gake nyemexlẽa agbalẽ siwo wònam la o elabena nyemedi be masrɔ̃ naneke tso Yesu ŋu o. Wofiam be enye Yudatɔ xɔsegbela.

Gbeɖeka ŋutsu aɖe va nye ʋɔtru nu. Mebia biabia siawoe be, “Nukatae Mawu mewɔ ame bubuwo le Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃wɔwɔ vɔ megbe o? Nukatae fukpekpe bɔ alea gbegbe? Nukatae amewo léa fu wo nɔewo eye wowɔa aʋa?” Eka ɖe edzi nam be ne mexɔ dzigbɔɖi la, yeatsɔ Biblia aɖo nye biabiawo ŋu nam. Eyata míewɔ ɖoɖo ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu.

Ke hã la, metsi tre ɖe nukpɔsusu si nye be Yesue nye Mesia la ŋu. Gake esi metsɔ nyaa de gbedodoɖa me vɔ megbe la, mete Mesia ŋuti nyagblɔɖi siwo le Biblia me xexlẽ, eye gɔmesese yeye kura va nɔ asinye sum. (Psalmo 22:8, 9, 19; Yesaya 53:1-12) Yehowa kpe ɖe ŋunye mekpɔe be nyagblɔɖi mawo va eme le Yesu me. Srɔ̃nye mekpɔ dzidzɔ ɖe nusi srɔ̃m menɔ ŋu o, gake metsi tre ɖe nye Yehowa Ðasefo zuzu ŋu o.

Meɣla ÐokuinyeKe Hã Meganɔ Gbeƒã Ðem

Germanytɔwo ƒe Netherlands dzi ɖuɖu nye ɣeyiɣi sesẽwo nam. Menye Yudatɔ siwo Germanytɔwo nɔ lélem de fuwɔamegaxɔwo me ɖeɖe koe menye o, ke meganye Yehowa Ðasefo hã, subɔsubɔha si Nazitɔwo nɔ agbagba dzem be yewoaɖe ɖa la dometɔ ɖeka. Gake menɔ dɔ dzi vevie henɔ gaƒoƒo 60 zãm le mama dedie nu ɣleti sia ɣleti tsɔ nɔa nye Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ yeye si ŋu meke ɖo la ŋu nya gblɔm na amewo.—Mateo 24:14.

Le fiẽ aɖe me le December 1942 me la, srɔ̃nye megbɔ tso dɔ me o. Eva va eme be wolée le dɔ me tsɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔhatiwo ŋu. Nyemegakpɔe gbeɖe o. Hatinye Ðasefowo ɖo aɖaŋu nam be mabe kple ɖeviawo. Mete ŋu va nɔ Kristotɔ nyɔnu aɖe gbɔ le Amsterdam ƒe akpa bubu. Esi afɔku anɔ eme be mí ame eneawo katã nanɔ teƒe ɖeka ta la, ele be magblẽ vinyeawo ɖe ame bubuwo gbɔ.

Zi geɖe la, bebli hafi mesina le ameléleawo nu. Gbeɖeka le fiẽ aɖe me Ðasefo aɖe tsɔm ɖe eƒe gasɔ dzi yina bebeƒe yeye aɖee. Gake kaɖi si le eƒe gasɔa me menɔ sisim o, eyata Netherlands kpovitɔ eve tɔ mí. Wosi akaɖi ɖe nye mo eye wode dzesii be menye Yudatɔ. Dzidzɔtɔe la, ɖeko wogblɔ be: “Miheyi kabakaba—gake mito afɔ.”

Wolém eye Wodem Gaxɔ Me

Gbeɖeka ŋdi aɖe le May 1944 me esime medi be madze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme teti ko la, wolém—menye esi menye Ðasefo ta o ke esi menye Yudatɔ tae. Wokplɔm yi Amsterdam, eye meva nɔ gaxɔ me ŋkeke ewo. Emegbe wodem keteke tsɔ kpe ɖe Yudatɔ bubuwo ŋu yi ɖe asaɖa si me gamenɔlawo lalana le, si le Westerbork le Netherlands ƒe dzieheɣedzeƒe kpa dzi lɔƒo. Wokplɔ Yudatɔwo tso afima yi Germany.

Medo go nyonye kple viaŋutsu le Westerbork, amesiwo hã wolé. Nye ɖeka koe nye Ðasefo le Yudatɔwo dome, eye medoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi be wòalém ɖe te. Ŋkeke eve megbe la mía kple nyonye kpakple viaŋutsua míenɔ keteke si me wode nyiwoe me ne míadze Auschwitz loo alo Sobibor, si nye ku ƒe asaɖawo le Poland ƒe mɔzɔzɔ gɔme. Eteƒe medidi o, woyɔ ŋkɔnye, eye woɖem de keteke bubu me—si nye keteke si mɔzɔlawo zãna me.

Hati lotamekpeŋuzrɔ̃la geɖewo hã nɔ keteke sia me. Wokplɔ lotamekpeŋuzrɔ̃la siwo ade alafa ɖeka yi Bergen-Belsen si le dziehe Germany. Emegbe meva kpɔe be nye asinudɔa kpɔ nye agbe ta, elabena wokplɔa Yudatɔ siwo yi Auschwitz kple Sobibor enuenu yia aɖiyaxɔwo me tẽ. Nusia tututue dzɔ ɖe srɔ̃nye, vinye eveawo, kple ƒometɔ bubuwo dzi. Gake le ɣemaɣi me la, nyemenya nusi dzɔ ɖe wo dzi o.

Wokplɔ mí amesiwo nye lotamekpeŋuzrɔ̃lawo yi asrafonɔƒe tɔxɛ aɖe le Bergen-Belsen. Esi womedi be naneke nawɔ míaƒe asiwo o ta la, womebia tso mía si be míawɔ dɔ bubu aɖeke o. Nye ɖeka koe nye Ðasefo le ƒuƒoƒoa me, eye megblɔa xɔse yeye si le asinye ŋu nya na hati Yudatɔwo dzinɔameƒotɔe. Gake wobuam xɔsegbela, abe alesi wobu apostolo Paulo le ƒe alafa gbãtɔ me ene.

Biblia aɖeke menɔ asinye o, eyata gbɔgbɔmenuɖuɖu dzroam vevie. Biblia nɔ Yudatɔ aɖe si nye ɖɔkta le asaɖaa me si, eye wòtsɔe ɖɔli abolo kple bɔta nam. Menɔ afima ɣleti adre kple ‘lotamekpe ƒe ƒuƒoƒoa’ le Bergen-Belsen. Wowɔ nu ɖe mía ŋu nyuie, si na míaƒe nu menyoa Yudatɔ gaxɔmenɔla bubuwo ŋu tututu o. Gake mlɔeba la, womegakpɔ lotamekpe aɖeke si ŋu míawɔ dɔ le o. Eyata le December 5, 1944 dzi la, wokplɔ mí Yuda-nyɔnu siwo ade 70 yi nyɔnuwo ƒe asaɖa me le Beendorff.

Gbegbe be Nyemawɔ Aʋawɔnuwo O

Wokplɔ gamenɔlawo de tomenukuƒe si te ɖe asaɖaa ŋu, si ƒe goglome anɔ meta 400 be woawɔ bɔmbdayameʋuwo ƒe ŋutinuwo. Esi megbe be nyemawɔ dɔ sia o ta la, woƒom vevie. (Yesaya 2:4) Dzɔla la do dziku vevie eye wògblɔ nam be madzra ɖo ɖe dɔ ŋu le ŋufɔke.

Le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi me la, megbe nyemeyi ŋkɔwoyɔƒe o, eye metsi asrafonɔƒea. Menyae nyuie be wogbɔna tu da gem, eyata medo gbe ɖa be Yehowa naɖo eteƒe nam le nye xɔse ta. Menɔ Biblia me psalmo sia gblɔm na ɖokuinye enuenu be: “Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?”—Psalmo 56:12.

Wodim le asrafonɔƒea, eye woke ɖe ŋunye. Ɣemaɣie dzɔlawo dometɔ ɖeka ƒom zi gbɔ zi geɖe, hebia be: “Amekae le mɔ xem na wò be mègawɔ dɔ o?” Meɖo eŋu ɣesiaɣi be Mawue. Ɣemaɣie dzɔla bubu aɖe gblɔ nɛ be: “Anyo na wò wu be nàdzudzɔ. Bibelforscher * mawo ƒe Mawu ta woaɖe mɔ woaƒo wo vaseɖe ku me gɔ̃ hã.” Eƒe nyawo do ŋusẽm vevie.

Esi afɔdzixɔ me kɔklɔ nye dɔ si wonana wònyea tohehe eye wònye dɔ nyɔŋu kekeake ta la, mebia be woatsɔe nam mawɔ. Mekpɔ dzidzɔ be mawɔ dɔ ma elabena enye dɔ si mate ŋu awɔ si maɖe fu na nye dzitsinya o. Asaɖadzikpɔlawo ƒe amegã, si amesiame vɔ̃na la va gbɔnye gbeɖeka ŋdi. Etsi tre ɖe ŋkunye me eye wògblɔ be: “Ke wòe nye Yudatɔ si medi be yeawɔ dɔ oa?

Meɖo eŋu nɛ be: “Èle ekpɔm be mele dɔ wɔm.”

“Gake mèdi be yeawɔ dɔ atsɔ ado aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ o ɖe, alo?”

Meɖo eŋu be: “Ao, Mawu medi ema o.”

Ke màkpɔ gome le amewuwu me o ɖe, alo?”

Meɖe eme nɛ be ne mekpɔ gome le aʋawɔnuwo wɔwɔ me la, ke meda le nye Kristotɔ ƒe dzitsinya dzi.

Exɔ tsitrenuxa si nɔ asinye eye wògblɔ be: “Mate ŋu atsɔ nusia awu wò, alo nyemate ŋui oa?”

Megblɔ be: “Ele eme nenema, gake menye susu ma tae wowɔ xa ɖo. Amewuwu tae wowɔ tu ya ɖo.”

Míeƒo nu tso Yesu ƒe Yudatɔnyenye ŋu kple nyateƒe si wònye be togbɔ be Yudatɔe menye hã la, meva zu Yehowa Ðasefo. Esi wòdzo vɔ la, hati gaxɔmenɔlawo va gbɔnye, eye wòwɔ nuku na wo be mete ŋu do dzi ƒo nu kple asaɖadzikpɔlawo ƒe amegã. Megblɔ na wo be menye dzideƒonyae wònye o ke boŋ Mawue do ŋusẽm be mawɔ esia.

Agbetsitsi le Aʋaa Megbe

Le April 10, 1945 dzi, esi Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafowo nɔ tetem ɖe Beendorff ŋu la, ele be míanɔ tsitrenu ŋkeke bliboa katã kloe ne woayɔ mía ŋkɔ le xɔxɔnu. Emegbe wotege mí nyɔnu siwo anɔ 150 ɖe keteke si tsɔa nyiwoe me nuɖuɖu kple tsi manɔmee. Ketekeawo ɖo ta afisi míenya o, eye míenɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le aʋa la ŋgɔ hena ŋkeke geɖe. Ame aɖewo tro ve na wo hati gamenɔla bubuwo woku ale be nɔƒe nate ŋu anɔ ketekea me, esia na be nyɔnuawo dometɔ geɖe tɔtɔ le susu me vevie. Nusi na mete ŋu do dzi enye nye kaka ɖe Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ dzi.

Gbeɖeka míaƒe ketekea tɔ ɖe afisi te ɖe ŋutsuwo ƒe asaɖa ŋu, eye wona míedo go. Wona tɔkpo mía dometɔ ʋɛ aɖewo be míaku tsi le asaɖaa me vɛ. Esi meyi pɔmpia to la, meno tsi wòɖi kɔ nam nyuie hafi kui ɖe nye tɔkpoa me. Esi meva ɖo la, nyɔnuawo ʋli tsia le asinye abe lãwɔadãwo ene. Woʋli tsia katã no wòvɔ le tɔkpoa me enumake. Ðeko SS-srafo (siwo nye Hitler ƒe dzɔlawo) tɔ ɖi nɔ nu kom. Míewu mɔzɔzɔa nu le ŋkeke wuiɖekɛ megbe, le Eidelstedt, si nye asaɖa si le Hamburg gbɔto. Anɔ míaƒe ƒuƒoƒoa ƒe afã ye ku le nɔnɔme sesẽ siwo me míeto le mɔzɔzɔa me ta.

Gbeɖeka menɔ Biblia xlẽm na nyɔnu ʋɛ aɖewo esime míenɔ Eidelstedt. Asaɖadzikpɔlawo ƒe amegã va tsi tre ɖe fesrea to le vo me. Míevɔ̃ ŋutɔŋutɔ elabena Biblia nye agbalẽ si ŋu wode se ɖo le asaɖaa me. Asaɖadzikpɔlawo ƒe amegã la ge ɖe eme hexɔ Biblia la, eye wògblɔ be: “Eyata Biblia enye esia, alo?” Mekpɔ gbɔdzɔe gã aɖe esi wògbugbɔe nam eye wògblɔ be: “Ne nyɔnuawo dometɔ ɖeka ku la, ekema nàxlẽ nane le eme sesĩe.”

Ðekawɔwɔ Ake Kple Hati Ðasefowo

Esi woɖe asi le mía ŋu ŋkeke 14 megbe la, Atitsoga Dzĩ habɔbɔa kplɔ mí yi suku aɖe si te ɖe Malmö, Sweden ŋu. Wosika mí ɖe xɔ me hena ɣeyiɣi aɖe. Mebia amesiwo nɔ mía dzi kpɔ dometɔ ɖeka nenye be ate ŋu ana Yehowa Ðasefowo nanya be mele sitsoƒedilawo ƒe nɔƒe. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, woyɔ nye ŋkɔ. Esi megblɔ na nyɔnua be Ðasefoe menye la, ewó avi gboo. Ðasefoe eya hã nye! Esi wòdzudzɔ avifafa la, egblɔ nam be Ðasefo siwo le Sweden nɔa gbe dom ɖa ɖe wo nɔvi Kristotɔ siwo nɔ Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo me ta.

Tso ɣemaɣi dzi la, nɔvinyɔnu aɖe vaa gbɔnye gbesiagbe hetsɔa kɔfi kple numeɖenu aɖewo ɖe asi vɛ nam. Esi medzo le sitsoƒedilawo ƒe nɔƒe megbe la, woɖom ɖe teƒe aɖe si te ɖe Göteborg ŋu. Ðasefoawo wɔ ŋdɔ kplɔ̃ɖoɖo kpeɖii aɖe nam le afima. Togbɔ be nyemete ŋu nɔ woƒe nyawo gɔme sem o hã la, edo dzidzɔ nam ŋutɔ be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo gaƒo ɣlam ake.

Esi megakpɔtɔ le Göteborg la, mexɔ agbalẽ tso Ðasefo siwo nɔ Amsterdam gbɔ si na menya be wolé vinye Silvain kple Carry kple nye ƒometɔwo katã eye womegatrɔ gbɔ o. Vinyenyɔnu Johanna kple nɔvinyenyɔnu suetɔ koe tsi agbe. Nyitsɔ laa la, mekpɔ vinyeŋutsuvi kple vinyenyɔnuvi ƒe ŋkɔwo le Yudatɔ siwo wowu kple aɖiya le Auschwitz kple Sobibor le ŋkɔgbalẽ aɖe me.

Dɔwɔwɔ le Aʋaa Megbe

Megagbugbɔ wɔ ɖeka kple Johanna, si xɔ ƒe atɔ̃ ɣemaɣi, eye enumake medze subɔsubɔdɔa gɔme ake. Ɣeaɖewoɣi la, medoa go amesiwo nɔ NSB tsã, si nye Netherlands Sosialist Dukɔa ƒe Ƒuƒoƒo, si nye dunyahehabɔbɔ si wɔ ɖeka kple Germany. Amesiawo hã kpe asi ɖe nye ƒomea katã tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ kloe ŋu. Ele be maɖu seselelãme gbegblẽwo dzi hafi ate ŋu aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋutinya nyuia na wo. Menɔ eŋu bum be Yehowae léa ŋku ɖe dzia ŋu eye mlɔeba la, eyae drɔ̃a ʋɔ̃nu ke menye nyee o. Eye aleke woyram ɖe esia ta enye esi!

Medze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple nyɔnu aɖe si srɔ̃ŋutsu wode gaxɔ me le ɖekawɔwɔ kple Nazitɔwo ta. Ne mele atrakpuiawo liam yina woƒe aƒeme la, mesena aƒelikawo nɔa gbɔgblɔm be: “Kpɔ ɖa! Yudatɔ ma gale NSB tɔwo gbɔ yim ake.” Gake togbɔ be srɔ̃ŋutsu gaxɔmenɔlaa, si lé fu Yudatɔwo tsi tre ɖe wo ŋu vevie hã la, nyɔnu sia kple vianyɔnuvi etɔ̃awo katã va zu Yehowa Ðasefowo.

Dzidzɔtɔe la, vinyenyɔnuvi Johanna va tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa emegbe. Mía kpli míeʋu ɖasubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo wu le. Míexɔ gbɔgbɔ me yayra geɖe. Fifia mele du sue aɖe me le Netherlands ƒe anyiehe, afisi mekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me le hame si me mele zi alesi mate ŋui. Ne metrɔ kpɔ megbe la, mate ŋu agblɔ be nyemekpɔe be Yehowa gblẽm ɖi gbeɖe o. Mesenɛ le ɖokuinye me ɣesiaɣi be Yehowa kple Via, Yesu, le gbɔnye ɣesiaɣi, le ɣeyiɣi sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me.

Le aʋaa wɔɣi la, srɔ̃nye, vinyeŋutsuvi eve, kple nye ƒomea me tɔ geɖewo ku. Gake nye mɔkpɔkpɔe nye be magakpɔ wo katã kpuie le Mawu ƒe xexe yeyea me. Ne nye ɖeka meli la, mebua tame yia megbe ʋĩ, metsɔa dzidzɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖoa ŋku hakpala ƒe nya siawo dzi be: ‘Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòxɔna na wo.’—Psalmo 34:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 25 Enye ŋkɔ si woyɔna ɣemaɣi na Yehowa Ðasefowo le Germany.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yudatɔ siwo wokplɔ tso asaɖa si le Westerbork yina Germany

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Herinneringscentrum kamp Westerbork

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple vinye Carry kple Silvain, siwo ku le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Esi wosika mí le Sweden

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dzesidegbalẽvi na mɔzɔzɔ atrɔ gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nye kple vinyenyɔnu Johanna egbea