Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu Kple Fafaname Tso Teƒe Vovovowo

Kpekpeɖeŋu Kple Fafaname Tso Teƒe Vovovowo

Kpekpeɖeŋu Kple Fafaname Tso Teƒe Vovovowo

LƆLƆ̃NU faa dɔwɔlawo tso United States ƒe nuto bubuwo kpakple dukɔ bubuwo me va. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo dometɔ ɖeka enye Tom (amesi le etame), si xɔ ƒe 29, si nye dzotsila tso Ottawa, Canada. Egblɔ na Nyɔ! ŋlɔla be: “Television dzie mekpɔ nudzɔdzɔawo le eye medi be mava kpe ɖe nɔvinye dzotsilawo ŋu le New York. Meku ʋu va ɖo le Fiɖagbe eye meyi ɖe Afɔkuteƒea le Memleɖagbe be mana kpekpeɖeŋu. Wokpem ɖe amesiwo woyɔ be tɔkpozãlawo, amesiwo tsɔ tɔkpowo le nu gbagbãwo lɔmee, ŋu.

“Míetsɔ sofi nɔ nu gbagbãawo me kamee blewuu, henɔ nusiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya dzotsila siwo tsi eme la dim. Meke ɖe ʋɔfonu aɖe, kpakple nusi wotsɔ tsiãna aŋe si me tsi tona la ɖe bubu nui ŋu. Dɔa sẽ ale gbegbe. Exɔ gaƒoƒo eve hafi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade 50 te ŋu lɔ gbeɖuɖɔ keʋu ɖeka wòyɔ.

“Le Dzoɖa, September 17, dzi la, míeke ɖe dzotsila siwo ƒu du yi ɖe xɔa me le Braɖa si do ŋgɔ la dometɔ aɖewo ƒe kukuwo ŋu. Nyemaŋlɔ nusi teƒe mekpɔ la be gbeɖegbeɖe o—ameɖelaawo katã dzudzɔ dɔwɔwɔ, ɖe woƒe gakukuwo, hetɔ ɖi kpoo—tsɔ de bubu mía hati siwo tsi eme la ŋui.

“Esi metsi tre ɖi nɔ nuwo kpɔm le Afɔkuteƒea la, alesi míate ŋu abu míaƒe agbe bɔbɔe egbea la na nye nu ku. Ena mebu tame le nye agbe, nye dɔ, kple nye ƒomea ŋu. Togbɔ be afɔkuwo le nye dɔ ŋu hã la, viɖe le eŋu ŋutɔ—be mate ŋu akpe ɖe amewo ŋu ahaɖe amewo ƒe agbe.”

Ðasefowo na Kpekpeɖeŋu si Sɔ

Le afɔkua ƒe ŋkeke eve gbãtɔwo me la, ame 70 lɔƒo va di sitsoƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la. Wona teƒe kple nudodowo amesiwo ƒe amedzrodzeƒewo gbã eye woƒe nuwo dome gblẽ. Wona nuɖuɖu wo. Eye vevietɔ wu la, Kristotɔ hamemegã kpɔnuteƒewo na seselelãme ƒe kpekpeɖeŋu wo.

Yehowa Ðasefowo ɖo dɔwɔnu kple nuhiahiãwo hã ɖe ameɖela siwo nɔ dɔ wɔm le Afɔkuteƒea. Woɖo ʋuwo hã ɖa be dzotsidɔwɔƒea natsɔ aku dzotsilawo ayi ɖe afɔkuteƒeae. Ricardo, (si le ɖusime fotoawo tame) si nye Ðasefo si xɔ ƒe 39 eye wònye dumedzraɖola, kpakple ame alafa geɖe kpɔ gome le nu gbagbã tɔn gbogbo aɖewo lɔlɔ me gbesiagbe. Egblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo bena: “Nuawo teƒe kpɔkpɔ gba dzi na ame ale gbegbe, vevietɔ ne èkpɔ dzotsila siwo nɔ wo hati siwo tsi eme la dim. Woɖe dzotsila ɖeka ɖe go agbagbee mekpɔ. Ame aɖe ƒe kukua ge tso dziƒoxɔa dzi va dze dzotsila bubu dzi wòku. Dzotsila geɖe nɔ avi fam. Nye hã mefa avi. Gbemagbe la, dzotsila siawo wɔ nu dzinɔameƒotɔe wu ame bubu ɖesiaɖe.”

“Azãgbe Kple Nuɖiɖeame”

Ame akpe gbogbo aɖewo ku le afɔkua me. Amesiawo dometɔ 14 ya teti nye Ðasefo siwo nɔ teƒea alo gogo teƒea esime afɔkua dzɔ. Joyce Cummings, si xɔ ƒe 65 eye wòtso Trinidad, nɔ aɖutikewɔƒe aɖe si te ɖe Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã (World Trade Center) ŋu. Nublanuitɔe la, ɣemaɣi lɔƒoe afɔkua dzɔ. Edze ƒã be dzudzɔ babla kɔtɔɔ la lée eye wotsɔe ƒu du yi ɖe kɔdzi si te ɖe afima ŋu. Womete ŋu xɔ nɛ o. Eya tɔ nye ame geɖe siwo ŋu “azãgbe kple nuɖiɖeame” gblẽ nu le la dometɔ ɖeka. (Nyagblɔla 9:11) Wodze sii be enye nyanyuigblɔla si me dzo nɔ.

Calvin Dawson (kpɔ aɖakaa me) wɔa dɔ le asitsaɖoɖowo domenɔnɔ dɔwɔƒe aɖe le xɔ kɔkɔ si le anyiehe la ƒe dzisasrã 84 lia dzi. Enɔ eƒe ɔfis henɔ xɔ kɔkɔ si le dziehe la kpɔm esi yameʋua yi ɖalɔe teti. Eƒe dɔtɔ, si menɔ dɔa me ɣemaɣi o, yɔe le telefon dzi hebiae nusi dzɔ. Egblɔ be: “Calvin nɔ agbagba dzem be yeagblɔ nusi teƒe wòkpɔ la nam. Egblɔ be, ‘Amewo le dzodzom tso dziƒoxɔawo dzi!’ Megblɔ nɛ be wòadzo le afima ahana ame bubuawo nado le ɔfis la.” Calvin mete ŋu do le eme o. Dɔa tɔ yi edzi be: “Calvin nye ame tɔxɛ aɖe eye mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu, mí amesiwo metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenyawo me o gɔ̃ hã. Míekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe mawuvɔvɔ̃ kple eƒe amewɔwɔ ŋu.”

Ðasefo bubu si tsi eme enye James Amato, (si le axa si do ŋgɔ ƒe ɖusime fotoawo te) vifofo si si vi ene le eye wònye New York dzotsidɔwɔƒea ƒe amegã. Amesiwo dze sii gblɔ be enye amesi ƒo dzi le ale gbegbe be “egena ɖe xɔ si le bibim me togbɔ be amewo anɔ sisim do go hã.” Wodo James ɖe ŋgɔ wòzu dzotsilawo ƒe amegãwo dzikpɔla le eƒe ku megbe.

Ðasefo bubu si nye dzotsila, si wɔ dɔ sia ƒe adre sɔŋ, enye George DiPasquale. Eɖe Melissa eye vi nyɔnuvi si xɔ ƒe eve, si ŋkɔe nye Georgia Rose, nɔ wo si. Enye hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le Staten Island me eye wònɔ xɔ kɔkɔ si le anyiehe la ƒe dzisasrã ewolia dzi esime wògbã. Eya hã tsɔ eƒe agbe sa vɔe esime wònɔ agbagba dzem be yeaɖe ame bubuwo.

Esiawo nye dzotsilawo, kpovitɔwo, kple afɔkudzɔɣi dɔwɔla alafa gbogbo siwo bu woƒe agbe esime wonɔ agbagba dzem vevie be yewoaɖe amewo la dometɔ eve ko. Ameɖela siawo ƒe dzinɔameƒo si woɖe fia la mele gbɔgblɔ me o. New York City dudzikpɔla, Rudolph Giuliani, gblɔ na dzotsilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo wodo ɖe ŋgɔ emegbe be: “Miaƒe lɔlɔ̃ faa be yewoayi ŋgɔ dzinɔameƒotɔe le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake me nye nusi wɔ dɔ ɖe mí katã dzi. . . . Eye . . . dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖeke megali wu Dzotsidɔwɔƒe si le New York City me tɔwo tɔ o.”

Akɔfafa ƒe Subɔsubɔdɔ

Le ŋkeke siwo kplɔ afɔkua ɖo me la, Yehowa Ðasefo 900,000 lɔƒo siwo le United States dze agbagba vevie be yewoafa akɔ na amesiwo le nu xam le dukɔa me. Lɔlɔ̃ na amehavi ʋã wo be woafa akɔ na amesiwo le konyi fam. (Mateo 22:39) Le woƒe subɔsubɔdɔa me la, wodze agbagba hã be yewoafia mɔkpɔkpɔ vavã si li na amegbetɔƒome si le nu xam la amewo.—Petro II, 3:13.

Ðasefoawo ɖe veveseseɖeamenu fia le nuƒoƒo na amewo me. Woƒe taɖodzinue nye be yewoatsɔ Ŋɔŋlɔawo afa akɔe na amewo ahasrɔ̃ kpɔɖeŋu ʋãme si Kristo ɖo la, amesi gblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.

Woɖe mɔ na hamemegãwo ƒe ƒuƒoƒo siwo le Manhattan Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me be woayi ɖe Afɔkuteƒea aƒo nu na ameɖelawo siwo le afima ahafa akɔ na wo. Ameawo xɔ wo ŋutɔ. Subɔla siawo gblɔ be: “Esi míenɔ ŋɔŋlɔawo me nyawo gblɔm na wo la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na ŋutsu siawo.” Ameɖelawo nɔ ɖiɖim ɖe eme le tɔdziʋu aɖe me le tɔdziʋudzeƒe aɖe. “Gbɔgblɔ bu ɖe wo ale gbegbe, wode ta to, womete ŋu le te nɔm ɖe nusi teƒe wokpɔ la nu o. Míenɔ wo gbɔ hegblɔ Biblia me mawunyakpukpui aɖewo me nyawo na wo. Woda akpe na mí vevie be míeva, hegblɔ be yewohiã na akɔfanya siawo vevie.”

Amesiwo ŋu wote ɖo le afɔkua megbe la nɔ nane dim ne woaxlẽ, eye wona agbalẽ gbadza akpe geɖe wo femaxee. Esiawo dometɔ aɖewo enye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, Will There Ever Be a World Without War? kple Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? Wowɔ Nyɔ! ƒe tata eve ŋudɔ vevie, siwo nye: “Ŋɔdzinuwɔwɔ Va Trɔ Bubui Kura” (June 8, 2001) kple “Ŋɔdzinu ƒe Fuɖename Emegbe” (September 8, 2001). Ðasefoawo ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la me le teƒe geɖe. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Ðewohĩ wotsɔ gbedasi fakɔname sia ɖo ame miliɔn geɖe gbɔ.

Ele Be Wòana Míade Ŋugble

Ele be afɔkuwo abe New York City tɔ ene nana mí katã míade ŋugble le nusi míetsɔ míaƒe agbe le wɔwɔmee ŋu. Ðokuitɔdidi ƒe agbe koe míenɔna, alo ɖe míedzea agbagba be míawɔ nusi ana ame bubuwo hã nakpɔ dzidzɔa? Nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: “Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” (Mixa 6:8) Ele be ɖokuibɔbɔ naʋã mí be míate ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu adi mɔkpɔkpɔ vavã si li na ame kukuwo ahake ɖe nusi Mawu awɔ kpuie atsɔ agbugbɔ ahe Paradiso va anyigba dzii la ŋu. Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Biblia ƒe ŋugbedodowo ŋu la, míede dzi ƒo na wò be nàte ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le wò nutoa me.—Yesaya 65:17, 21-25; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

TATIANA ƑE GBEDODOÐA

Lena, si nye ahosi si Calvin Dawson gblẽ ɖe megbe, gblɔ gbe si via nyɔnuvi si xɔ ƒe adre do ɖa le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe esi wòse be ye fofo magagbɔ o la ŋu nya na Nyɔ! ŋlɔlawo. Lena do gbe ɖa, eye Tatiana bia be, “Dada, nye hã mate ŋu ado gbe ɖaa?” Dadaa lɔ̃ ɖe edzi nɛ. Tatiana do gbe ɖa be: “Mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, míele akpe dam na wò ɖe nuɖuɖu sia kple agbe si míele egbea ta. Eye míele biabiam be wò gbɔgbɔ nanɔ anyi kpli mia kple Dada, ale be ŋusẽ nanɔ mía ŋu. Eye míele biabiam be wò gbɔgbɔ nanɔ anyi kple Papa, ale be ŋusẽ nanɔ eŋu ne etrɔ gbɔ. Eye ne etrɔ gbɔ la, wòanya kpɔ, ŋusẽ nanɔ eŋu, eye dzi nanɔ edzɔm eye lãmesẽ nanɔ esi, eye míagakpɔe ake. To Yesu ƒe ŋkɔ me . . . oo, eye megaŋlɔ be o be nàdo ŋusẽ Dada. Amen.”

Esi Lena meka ɖe edzi tututu be Tatiana se nuwo gɔme o la, egblɔ be: “Tiana, wò gbedodoɖaa nya se ŋutɔ. Gake, nye lɔlɔ̃tɔ, ènya be Papa magatrɔ agbɔ oa?” Enumake dzidziƒoame dze le Tatiana ƒe mo. Egblɔ be “Magagbɔ oa?” Dada ɖo eŋu be “Ao. Ewɔ nam be megblɔe na wò. Mebui be èse egɔme be Papa magatrɔ agbɔ o.” Tatiana gblɔ be: “Gake èna menya edziedzi be atrɔ agbɔ le xexe yeyea me ɖe!” Esi Lena se nusi gblɔm vianyɔnua le gɔme mlɔeba la, egblɔ be: “Tatiana, meɖe kuku. Nyemese egɔme na wò gbã o. Mebui be ɖe nènɔ gbɔgblɔm be Papa agbɔ etsɔ.” Lena gblɔ be: “Esi mekpɔe be enya be xexeme yeyea nye nusi gbɔna ŋutɔŋutɔ la, dzi dzɔm ŋutɔ.”