Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuɖuɖu si le Dedie Anɔ Anyi na Amesiame

Nuɖuɖu si le Dedie Anɔ Anyi na Amesiame

Nuɖuɖu si le Dedie Anɔ Anyi na Amesiame

N UÐUÐU nyui ɖuɖu naa dzi dzɔa ame. Gake abe alesi míede dzesii va yi ene la, nuɖuɖu mawo kpɔkpɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nusi gavɔ̃ɖi wu enye be ame miliɔn geɖe li siwo metsia dzi ɖe woƒe nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ alo eƒe nɔnɔme nyui me nɔnɔ ŋu o. Wotsia dzi ɖe nuɖuɖu agbɔsɔsɔ si aɖi ƒo na wo alé wo ɖe te ko ŋu. Nenemae Mawu ɖoe be nuwo nanɔa?

Bu eŋu kpɔ. Esi Mawu da ŋutsu kple nyɔnu ɖe anyigba dzi la, ɖe susu aɖe li si ta woatsi dzi ɖe nuɖuɖu ŋua? Kura o! Nuŋlɔɖi si le Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me gblɔ be: “Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me.” (Mose I, 2:9) Eyata nuɖuɖu nyui ƒomevi vovovo siwo mavɔ akpɔ o lae nɔ anyi na Adam kple Xawa. Mawu si wɔ wo la nya nunyiame si tututu nyo na woƒe lãmesẽ; enya nusi ado dzidzɔ na wo hã. Nyateƒee, menye Eden-bɔa mee míele egbea o. Gake ɖe Mawu trɔ eƒe gɔmedzetameɖoɖo si nɔ esi na amegbetɔwo kple anyigba la?

Nu geɖewo li si ta míaxɔ ase be eteƒe madidi o, amesiame akpɔ nuɖuɖu nyui, si tua ame ɖo le agbɔsɔsɔ me! Dzixɔse sia ate ŋu ado ŋusẽ mí be míada asɔ le nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ƒe nya la ŋu egbea. Ne mɔkpɔkpɔ sia nye nu ŋutɔŋutɔ eye kakaɖedzi le eŋu la, ke ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na dzitsitsi fũ wu alesi dze.

Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be eteƒe madidi o nɔnɔmeawo atrɔ? Mawu ƒe Nya srɔ̃la dovevienuwo nya be míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamleawo” me fifia. Amegbetɔwo ƒe nunya xɔ aƒe ɖe egbegbe nuɖoanyi si me kakaɖedzi mele o la me, si na be le agbe ƒe akpa vovovowo me la, woɖoa ŋu ɖe nuwo wɔwɔ kpɔ ko ŋu. Kakaɖedzi gobii aɖeke mele nuɖuɖu takpɔkpɔ ƒe mɔnuwo ŋu nenye be wole dedie loo alo afɔku le wo me o. Kakaɖedzi manɔanyi ma hea vɔvɔ̃, mama, kple ɖekamawɔmawɔ vɛ.—Timoteo II, 3:1-5.

Amegbetɔ Wɔla do ŋugbe be yeatsɔ nuɖoanyi yeye aɖo esia teƒe. Eƒe gɔmedzetameɖoɖo—be anyigba bliboa katã nanye paradiso abe Eden-bɔ ene, si me amegbetɔƒome kpɔdzidzɔ siwo le lãmesẽ me anɔ la—ava eme. Mawu ƒe nunya deblibo si tea amewo ƒoa ƒu ɖekae la axɔ anyigba katã dzi. (Yesaya 11:9) Amegbetɔwo ƒe nunya si ŋu kakaɖedzi mele o la maganɔ anyi azɔ o. Nuɖoanyi yeye si Mawu awɔ la aɖe ɖikeke ɖesiaɖe si ku ɖe nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ŋu ɖa. Ðe nunya mele eme be míaƒo nya ta be Mawu si wɔ amegbetɔwo akpɔ míaƒe nunyiame ƒe hiahiãwo hã gbɔ oa?

Nuɖuɖu Deblibo si Tso Wɔla la Gbɔ

Nyagblɔɖi vovovo siwo me kɔ nyuie siwo ku ɖe nɔnɔme nyui siwo anɔ anyi le nuɖoanyi si gbɔna me ŋu la le Biblia me. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ be: “[Mawu] ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, si tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo; eye nyitsuwo kple tedzi, siwo ŋlɔa agble la, aɖu bli tsakatsaka, si me dze le, eye wotsɔ sofi kple gaflo gã dzoboe.”

Yesaya ƒe nyagblɔɖia gayi edzi be: “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.”—Yesaya 25:6; 30:23, 24.

Ðe nya mawo medzɔ dzi na wò oa? Yesaya ƒe nyagblɔɖia ka ɖe edzi na mí be menye nuɖuɖu si asu mía nu ɖeɖekoe anɔ anyi na amesiame o. Ðe woanɔ dedie hena ɖuɖua? Ðikeke aɖeke mele eme o. Nyagblɔɖi bubu na kakaɖedzi mí be Mawu ƒe amewo dometɔ ɖesiaɖe “abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.” (Mixa 4:4) Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe si gbɔna anyigba katã dzi ɖu ge le etsɔme kpuie lae ahe dedienɔnɔ deŋgɔ ma vɛ.—Yesaya 9:6, 7.

Dzitsitsi ɖe nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ alo eƒe dediemanɔmanɔ ŋu maganɔ anyi gbeɖe o. Ke nusi anɔ anyi ɖaa enye alesi wòanye dzidzɔ ne míegblɔ na mía nɔewo be: “Nuɖuɖua sɔ gbe” alo be, “bon appétit.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Eteƒe madidi o nuɖuɖu nyui si me nunyiame le asu amesiame si le anyigba dzi le agbɔsɔsɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mawu do nuɖuɖu si le dedie henyo ƒe ŋugbe na amesiame