Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuka Wɔmee Míele tso Míaƒe Nuɖuɖu Ŋu?

Nuka Wɔmee Míele tso Míaƒe Nuɖuɖu Ŋu?

Nuka Wɔmee Míele tso Míaƒe Nuɖuɖu Ŋu?

TƆTRƆWƆWƆ le míaƒe nuɖuɖuwo ŋu menye nu yeye o. Le nyateƒe me la, ƒe gbogbo aɖewoe nye sia si amegbetɔwo bi ɖe nuɖuɖuwo tɔtrɔ vovovoe me. Agbledemɔnu siwo woto vɛ ŋuɖɔɖotɔe wɔe be agblemenuku, nyiwo, kple alẽ yeye ƒomevi vovovowo va li. Le nyateƒe me la, United States ƒe Nuɖuɖu kple Atikewo Ŋuti Dɔwɔƒe teƒenɔla aɖe gblɔ be, “wotrɔ asi le nuɖuɖu ɖesiaɖe kloe si nàƒle ŋu le agbledemɔnu si le nutoa me nu.”

Menye nuku alo lãwo ƒe domenyiŋusẽ tɔtrɔ koe nye mɔ si dzi tom wole le nuɖuɖu trɔm o. Nuɖuɖu dɔwɔƒewo to mɔnu geɖe siwo dzi woato alé be na nuɖuɖu ahawɔ eŋudɔ vɛ, be woana wòagalé aɖe nyuie alo anya kpɔ ɖe edzi alo be wòaɖo dzidzenu aɖe gbɔ ahanɔ anyi wòadidi. Nuɖuɖu si ŋu wotrɔ asi le le mɔ aɖe nu la ɖuɖu va ma amewo.

Gake nusi wɔm wole tso míaƒe nuɖuɖu ŋu fifia na vɔvɔ̃ ɖo eɖula siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Nukatae? Wo dometɔ aɖewo le vɔvɔ̃m be mɔ̃ɖaŋu siwo ŋudɔ wɔm wole egbea le nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ dem afɔku me. Ðe wòsɔ be woavɔ̃ alea? Mina míalé ŋku ɖe susu vevi etɔ̃ siwo tae wotsi dzi ɖo la ŋu. *

Lãmetsiŋusẽwo Kple Dɔlékuiwutikewo

Tso ƒe 1950-awo me ke la, wodea dɔlékuiwutike vi aɖe xewo, hawo, kple nyiwo ƒe nuɖuɖuwo me le teƒe aɖewo. Taɖodzinuae nye be woaɖe woƒe dɔdzedze dzi akpɔtɔ, vevietɔ le teƒe siwo lãawo sɔ gbɔ ɖo. Le dukɔ aɖewo me la, wodea lãmetsiŋusẽwo lãwo ƒe nuɖuɖu me bene woatsi kabakaba. Wogblɔ be lãmetsiŋusẽwo kple dɔlékuiwutikewo kpɔa lãwo ta tso dɔlékuiwo si me eye wònaa wo nyinyi le agbɔsɔsɔ me ɖea vi, hedea eƒlelawo dzi le susua nu be womexɔa asi o.

Naneke megblẽ le esiawo ŋu ya o. Gake ɖe lã siwo wotsɔ atike siawo nyii la ate ŋu ahe afɔku aɖe vɛ na eɖulawoa? Europa Nutowo ƒe Ganyawo Kple Hadome Kɔmiti ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be anɔ bɔbɔe be dɔlékui aɖewo ate ŋu anɔ te ɖe dɔlékuiwutikeawo nu eye mlɔeba wòava ge ɖe lãawo ɖulawo me. Nyatakakaa gblɔ be: “Dɔlékui siawo dometɔ aɖewo, abe Salmonella kple Campylobacter ene, ate ŋu anye esiwo hea dɔ sesẽ siwo amegbetɔwo xɔna tsoa nuɖuɖu me la dometɔ geɖe vɛ.” Gakpe ɖe eŋu la, ne menye dɔlékuiwo koe tsi nuɖuɖua me o ke dɔlékuiwutikewo ƒe kpɔtɔewo hã tsi eme ɖe? Vɔvɔ̃ li be esia awɔe be ʋɛʋɛʋɛ la, dɔlékuiwutikewo magate ŋu ava kpɔ ŋusẽ ɖe dɔlékui siwo dea dɔ lãme na amegbetɔwo dzi o.

Ke lã siwo me wode lãmetsiŋusẽ ya ɖe? Ðk. Heinrich Karg, si nye nufialagã le Munich, Germany, gblɔ be: “Agbalẽnyalawo katã lɔ̃ ɖe edzi be lã siwo wotsɔ lãmetsiŋusẽ nyii ƒe lã megblẽa nu le ame ŋu o, nenye be wowɔ wo ŋudɔ ɖe mɔfiame siwo wona la nu ko.” Gake nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Woche ƒo nu tso lã siwo wotsɔ lãmetsiŋusẽ nyii ƒe dedienɔnɔ ƒe nyaa ŋu be, “le ƒe 15 siwo va yi me la, numekulawo mete ŋu lɔ̃ ɖe nukpɔsusu ɖeka dzi o.” Eye le France la, biabia si ku ɖe lã siwo woatsɔ lãmetsiŋusẽ anyii ŋu la ƒe ŋuɖoɖo si woxɔ enye ‘Ao! Womegazã lãmetsiŋusẽ o!’ Edze ƒã be womekpɔ ta na nyaʋiʋlia haɖe o.

Keklẽŋusẽ Tsɔtsɔ Kpɔ Nuɖuɖuwo Tae

Tso esime wote nuwo dodokpɔ le Sweden le ƒe 1916 me la, dukɔ 39 ya teti da asi ɖe nuɖuɖu, abe yevutee, bli, atikutsetse, kple lã ene, dzi be woatsɔ keklẽŋusẽ sue aɖe akpɔ wo tae. Nukatae? Wogblɔ be keklẽŋusẽ wua dɔlékui, nudzodzoevi, kple lãvi akpa gãtɔ, si wɔnɛ be dɔléle siwo nusiawo ɖulawo axɔ bɔbɔe la dzi ɖena kpɔtɔna ŋutɔ. Edzia nuɖuɖua ƒe anyinɔnɔ wòadidi hã ɖe edzi.

Le nyateƒe me la, agbalẽnyalawo gblɔ be nusi nyo wu enye be, ele be nusiwo míeɖuna la nanɔ dzadzɛ eye wòatso agblea dzi yeyee. Gake amekae gbɔa dzi ɖi dia nuɖuɖu siwo le yeye ɖana edziedzi? Test magazine gblɔ be, “Aɖabaƒoƒo ewo ɖe ŋdinu ŋu, kple aɖabaƒoƒo wuiatɔ̃ ɖe ŋdɔnu kple fiẽnu ɖaɖa ŋu” koe nye ɣeyiɣi didime si ame geɖe zãna. Eyata mewɔ nuku o be ame geɖe dia nusi woɖa xoxo hena ɖuɖu si ate ŋu anɔ anyi hã eteƒe nadidi. Gake ɖe nuɖuɖu siwo wotsɔ keklẽŋusẽ kpɔ wo tae la le dediea?

Le ƒe 1999 me la, Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ta numekuku aɖe si dukɔwo dome agbalẽnyalawo wɔ. Woƒo nya ta be keklẽŋusẽ nuɖuɖuwo “nyo na ɖuɖu eye nunyiamewo hã le eme fũ.” Nya sia dzidelawo tsɔ keklẽŋusẽ tsɔtsɔ kpɔ nuɖuɖu tae sɔ kple atike dede abiblavɔwo me—si hã wɔwɔ me wozãa keklẽŋusẽ le—alo mɔzɔkplowo tsɔtsɔ to keklẽŋusẽmɔ̃ me le yameʋudzeƒewo. Gake ɖeklemiɖelawo te tɔ ɖe edzi be keklẽŋusẽ ɖea amenyinu si le nuɖuɖu me la dzi kpɔtɔna eye wòate ŋu ahe afɔku siwo ŋu míekpɔ nya nu le haɖe o la vɛ.

Nuɖuɖu Siwo Wotrɔ Woƒe Agbedomenyiŋusẽfianu

Ɣeyiɣi aɖewoe nye sia si numiemieŋutinunyalawo te ŋu ɖea nu gbagbe aɖe ƒe domenyiŋusẽ tso eƒe agbedomenyiŋusẽfianu me tsɔ dea eƒe hatsotso ma ƒomevi bubu ƒe agbedomenyiŋusẽfianu me. Gake egbea la, numiemieŋutinunyalawo ate ŋu awɔ nusi gayi ŋgɔ wu ema. Le kpɔɖeŋu me, strawberry kple tomatos aɖewo li fifia siwo wotsɔ tɔmelã aɖe ƒe domenyiŋusẽfianu de wo me ale be woate ŋu amie le teƒe siwo fa miamiamia.

Wogblɔ nya geɖe tsɔ de nuɖuɖu siwo wotrɔ woƒe domenyiŋusẽfianu (genetically modified, alo GM) dzi alo tsɔ tsi tre ɖe eŋu. * Edzidelawo gblɔ be nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu ƒe mɔnu sia nana wote ŋu nyaa alesi nukuawo ava nɔ ahakpɔ edzi wu alesi wonya be wodea nukuwo ƒe agblee le dzɔdzɔme nu eye be ana woaxa nuku geɖe ahaɖe dɔwuame dzi akpɔtɔ. Gake ɖe GM nuɖuɖuwo le dedie na ɖuɖua?

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nɔ agbalẽnyala siwo tso England, United States, Brazil, China, India, Mexico, kple xexeme dukɔ madeŋgɔ bubuwo me teƒe ka nya ta le nya sia ŋu. Nyatakakaa si wota le July 2000 me gblɔ be: “Vaseɖe egbea la, wode [GM] nukuwo ƒe agble si wu agbleka miliɔn 70 eye womekpɔ be [GM] nukuwo alo nusiwo wotsɔa wo wɔnɛ la he lãmesẽkuxi aɖeke vɛ na amegbetɔwo o.” Le nuto aɖewo me la, wobua GM nuɖuɖuwo be wole dedie abe nuɖuɖu bubu ɖesiaɖe ko ene.

Gake le teƒe bubuwo la, kakaɖedzi mele nusiawo ŋu o. Le Austria, Britain, kple France la, ame aɖewo meka ɖe GM nuɖuɖuwo dzi o. Nethertands dunyahela aɖe gblɔ le GM nuɖuɖuwo ŋu be: “Nuɖuɖu aɖewo ƒomevi li siwo míedi kura o.” Nuɖuɖu sia ŋuti ɖeklemiɖelawo hã bia nya tso eƒe sɔsɔ le se nu kple afɔku si wòate ŋu anye na nutoa ŋu.

Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo se le wo ɖokui me be ɖeko GM nuɖuɖuwo te mo dodo ɖa enye sia eye be ele be woawɔ dodokpɔ geɖe le afɔku siwo wòate ŋu ahe vɛ na eɖulawo ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, Britain ƒe Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ bui be viɖe geɖe ado tso nugbagbe ƒe agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ me na dukɔmeviwo. Ke hã egblɔ be nusiwo ŋu wòle be woalé ŋku ɖo dometɔ aɖewo—abe fu si GM nuɖuɖuwo ate ŋu aɖe na ame ene—fia be “numekuku geɖe hiã.”

Ame Ŋutɔ ƒe Tiatia si Da Sɔ la Wɔwɔ

Le dukɔ aɖewo me la, nuɖuɖu siwo woɖuna la ƒe memama 80 le alafa me nye esi ŋu wotrɔ asi le alo ɖa wòbi xoxo. Zi geɖe la, wozãa atikewo be woatsɔ adzi woƒe vivi kple amadede ɖe edzi alo be wòanyo ɖe edzi eye be wòanɔ anyi eteƒe nadidi. Le nyateƒe me la, numekugbalẽ aɖe gblɔ be “womate ŋu awɔ nusiwo wɔm wole egbea, abe nusiwo me woɖe nuɖuɖu me sukli dzi kpɔtɔ le, numeɖenuwo, kple nusiwo ŋu wotrɔ asi le na ɖuɖu enumake ene, dometɔ geɖe atike mazamazãe o.” Anɔ eme be nusiwo wotrɔ woƒe domenyiŋusẽfianu anɔ nuɖuɖu siawo me.

Ƒe geɖe enye sia la, nuwɔna siwo ame geɖe buna afɔkunuwoe dzie wotu agbledede ɖo le xexeame katã. Lãviwutike gblẽnuwo ŋudɔwɔwɔ nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Gawu la, ɣeyiɣi aɖewoe nye sia si nuɖuɖu dɔwɔƒewo le atike siwo ate ŋu aɖe fu na nuawo ɖula aɖewo zãm. Ðe mɔ̃ɖaŋununya yeye siwo ŋudɔ wɔm wole le nuɖuɖu gome la dziŋɔ wu nuwɔna siawoa? Eŋutinunyalawo gɔ̃ hã mele lɔlɔ̃m ɖe nya ɖeka dzi o. Le nyateƒe me la, dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyatakaka veviwo dea nyaa ƒe akpa evea siaa dzi eye wòmaa nukpɔsusuwo me.

Le esi ame geɖe siwo li egbea bunɛ be womate ŋu aƒo asa na nuɖuɖu siwo wowɔ ɖe egbeŋkekea me mɔ̃ɖaŋununya nu o alo le esi wobua nu bubuwo ŋu be wohiã wu ta la, woɖoe be yewomagatsi dzi ɖe nyaa ŋu azɔ o. Gake ame bubuwo ya tsi dzi. Nukae nàte ŋu awɔ ne mia kple wò ƒomea mieka ɖe nuɖuɖu siwo egbeŋkekea me mɔ̃ɖaŋununya na wòdze abe nu manyatalenu ene dzi o? Afɔ nyui aɖewo li si nàte ŋu aɖe, siwo dometɔ aɖewo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si kplɔe ɖo me. Gake gbã la, nunya anɔ eme be míakpɔ egbɔ be nukpɔsusu si da sɔ le mía si le nyaa ŋu.

Nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ sɔ kple lãmesẽ. Mɔ aɖeke meli fifia si dzi míato aɖo blibodede gbɔ o. Natur & kosmos magazine gblɔ be, le amesiwo wonya nyuie be wogbɔa dzi ɖi ŋutɔ le nuɖuɖu tiatia kple nuɖaɖa me gɔ̃ hã dome la, nunyiame kpɔkpɔ metoa mɔ ɖeka o. Nusi aɖe vi na ame aɖe ate ŋu awɔ nuvevi ame bubu. Ekema ɖe nunya mele eme be nɔnɔme si da sɔ nanɔ ame si eye wòaƒo asa na nuwɔwɔ wòagbɔ eme oa?

Le nyateƒe me la, Biblia megblɔ nyametsotso si wòle be míawɔ le nuɖuɖu siwo wotsɔ egbeŋkekea me mɔ̃ɖaŋununya wɔe ŋu nya na mí o. Gake efia nɔnɔme aɖe si wòle be míatu ɖo si akpe ɖe mía ŋu le nya sia me. Filipitɔwo 4:5 gblɔ be: “Amewo katã nanya miaƒe [nugɔmesesename].” Nugɔmesesename ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míada asɔ le nyametsotsowo wɔwɔ me ahaƒo asa na nusi gbɔ eme wɔwɔ. Ate ŋu ana be míagatia nusi wòle be ame bubuwo nawɔ alo nagawɔ o la na wo o. Eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na nyaʋiʋli siwo ŋu viɖe mele o eye wohea mama vɛ la kple amesiwo ƒe susu to vovo na mía tɔ le nyaa ŋu.

Gake ele be míalɔ̃ ɖe edzi be afɔku geɖe siwo ku ɖe nuɖuɖu ŋu la menye esiwo ŋu wohea nya le nenema gbegbe o. Esiawo dometɔ aɖewo ɖe, eye dedienɔnɔ ƒe afɔ kawoe nàte ŋu aɖe atsɔ akpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea tae?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Nusi míeɖuna nye ame ŋutɔ ƒe nya koŋ. Nyɔ! mele nuɖuɖu vovovo siwo ŋu nya wogblɔ le nyati siawo me, mɔ̃ɖaŋununya kae woɖazã le wo ŋudɔ wɔwɔ me o, la kafum alo tsrim na ame aɖeke o. Taɖodzinu si le nyati siawo ŋu enye be woana nuxlẽlawo nanya nyateƒea abe alesi wose egɔmee fifia ene.

^ mm. 15 Taflatse kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, April 22, 2000, ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðe lãmetsiŋusẽ kple dɔlékuiwutike siwo wotsɔ nyia lãwo gblẽa nu le eɖulawo ŋua?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nunya le eme be woaxlẽ nusiwo woŋlɔ ɖe nuɖuɖugoewo dzi nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Viɖewo le nuɖuɖu si tso agble me yeyee ƒeƒle edziedzi ŋu