Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Nye Mixael Mawudɔla Gã La?

Amekae Nye Mixael Mawudɔla Gã La?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Amekae Nye Mixael Mawudɔla Gã La?

BIBLIA gblɔ be mawudɔla miliɔn gbogbo aɖewo siwo le gbɔgbɔmenutowo me. (Daniel 7:9, 10; Nyaɖeɖefia 5:11) Tso Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu la, woƒo nu tso mawudɔla siwo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu la ŋu zi alafa geɖe. Ke hã gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo dometɔ eve ko ŋkɔe woyɔ. Ðekae nye mawudɔla Gabriel, amesi tsɔ Mawu ƒe gbedasiwo vɛ na ame vovovo etɔ̃ le ɣeyiɣi ƒe didime si ade ƒe alafa 600 me. (Daniel 9:20-22; Luka 1:8-19, 26-28) Mawudɔla bubu si ŋkɔ woyɔ le Biblia me enye Mixael.

Edze ƒã be Mixael nye mawudɔla ɖedzesi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, le Daniel ƒe agbalẽa me la, woɖɔ Mixael wòle aʋa wɔm kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖe Yehowa ƒe amewo nu. (Daniel 10:13; 12:1) Le Yuda ƒe lɛta si tso gbɔgbɔ me me la, Mixael ʋli nya kple Satana le Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti. (Yuda 9) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be Mixael wɔ aʋa kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo hetsɔ wo ƒu gbe tso dziƒo. (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Womeɖɔ mawudɔla bubu aɖeke be ŋusẽ kple ɖoƒe le esi ɖe Mawu ƒe futɔwo dzi alea gbegbe o. Ekema mewɔ nuku o be Biblia yɔ Mixael wòsɔ be “mawudɔla gã,” eye nya “gã” si kpe ɖe eŋu la fiaa “amegã,” alo “ame vevi.”

Amesi Mixael Nye Ŋuti Nyaʋiʋli La

Nukpɔsusu siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ye le Kristodukɔa me subɔsubɔha gãwo, kpakple Yuda-subɔsubɔ kple Islam, si le mawudɔlawo ƒe nyaa ŋu. Wo ŋuti numeɖeɖe aɖewo me mekɔ o. Le kpɔɖeŋu me, The Anchor Bible Dictionary gblɔ be: “Mawudɔla gã ɖeka kple/alo mawudɔla gãwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe (si me mawudɔla ene alo adre le) ate ŋu anɔ anyi.” Le The Imperial Bible-Dictionary ƒe nya nu la, Mixael nye “ame aɖe si tri akɔ wu amegbetɔwo, amesi ŋu nukpɔsusu eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le zi geɖe, ate ŋu anye be eyae nye Aƒetɔ Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la, alo be enye mawudɔla siwo wobe wonye mawudɔla gã adreawo la dometɔ ɖeka.”

Le Yudatɔwo ƒe xotutu nu la, mawudɔla gã adre siawoe nye Gabriel, Jeremiel, Mixael, Raguel, Raphael, Sariel, kple Uriel. Gake Islam ya xɔ mawudɔla gã ene siwo ŋkɔwo nye Jibril, Mikal, Izrail, kple Israfil dzi se. Katoliko subɔsubɔ hã xɔ edzi se be mawudɔla gã ene ye li, siwo nye: Mixael, Gabriel, Raphael, kple Uriel. Nukae Biblia gblɔ? Ðe mawudɔla gã geɖe lia?

Biblia ƒe Ŋuɖoɖo

Le Mixael yome la, womegaƒo nu tso mawudɔla gã bubu aɖeke ŋu le Biblia me o, eye Ŋɔŋlɔawo mezã nya “mawudɔla gã” wòfia agbɔsɔsɔ o. Biblia yɔ Mixael be mawudɔla gã la, si fia be eya ɖeka ko sie ŋkɔ sia le. Le esia ta, susu le eme be míaƒo nya ta be Yehowa ƒe dziƒo nuwɔwɔwo dometɔ ɖeka pɛ koe wòna ŋusẽe ɖe mawudɔla bubuawo katã dzi.

Le Wɔla la ŋutɔ megbe la, nuteƒewɔla ɖeka pɛ ko ŋue woƒo nu le be mawudɔlawo le eƒe ŋusẽ te—eŋkɔe nye Yesu Kristo. (Mateo 13:41; 16:27; 24:31) Apostolo Paulo ƒo nu tso “Aƒetɔ Yesu Kristo” kple ‘eƒe dɔla sẽŋuwo’ ŋu tẽ. (Tesalonikatɔwo II, 1:7) Eye Petro ɖɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la be: “Amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwo kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.”—Petro I, 3:22.

Togbɔ be nya aɖeke mele Biblia me si gblɔ tẽ be Mixael, mawudɔla gã lae nye Yesu o hã la, ŋɔŋlɔ ɖeka aɖe ya li si tsɔ Yesu ƒe ɖoƒe sɔ kple mawudɔla gã tɔ. Apostolo Paulo gblɔ nya ɖi le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo me be: “Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã.” (Tesalonikatɔwo I, 4:16) Le ŋɔŋlɔ sia me la, woɖɔ Yesu be exɔ ŋusẽ be wòanye Mawu ƒe Mesia Fia la. Eyata etsɔ ‘mawudɔla gã ƒe gbe’ ƒo nui. De dzesii hã be ŋusẽ le esi be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre.

Esi Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, efɔ ame kuku geɖe ɖe tsitre. Esi wònɔ esia wɔm la, eɖe gbe geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ ahosi aɖe ƒe vi si ku fɔm ɖe tsitre le Nain-du me la, egblɔ be: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” (Luka 7:14, 15) Emegbe, hafi wòafɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre la, Yesu “[do] ɣli kple gbe sesẽ bena: Lazaro lee, do go!” (Yohanes 11:43) Gake le ɣeyiɣi siawo me la, Yesu ƒe gbe nye ame deblibo ƒe gbe.

Le Yesu ŋutɔ ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo eyama ɖe dzi “kakaka” le dziƒo wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ. (Filipitɔwo 2:9) Esi meganye amegbetɔ o la, mawudɔla gã ƒe gbe gasu esi. Eyata esi Mawu ƒe kpẽ ɖi be “amesiwo ku le Kristo me” nafɔ ayi dziƒo la, Yesu ‘ɖe gbe’ azɔ kple ‘mawudɔla gã ƒe gbe.’ Susu le eme be míaƒo nya ta be mawudɔla gã koe ate ŋu atsɔ ‘mawudɔla gã ƒe gbe’ aɖe gbee.

Ẽ, mawudɔla bubu siwo nye nuwɔwɔ siwo le ɖoƒe kɔkɔwo, abe serafiwo kple kerubiwo ene, hã li. (Mose I, 3:24; Yesaya 6:2) Ke hã, Ŋɔŋlɔawo fia asi Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la be enye mawudɔlawo katã ƒe amegã—Mixael, mawudɔla gã la.