Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Dzidzɔŋkeke Gãtɔ Kekeake le Míaƒe Agbeme”

“Dzidzɔŋkeke Gãtɔ Kekeake le Míaƒe Agbeme”

“Dzidzɔŋkeke Gãtɔ Kekeake le Míaƒe Agbeme”

DZIDZƆŊKEKEE srɔ̃kpegbe nye. Srɔ̃tɔ geɖe gblɔ be: “Eyae nye dzidzɔŋkeke gãtɔ kekeake le míaƒe agbeme.” Gake agate ŋu anye ŋkeke siwo bia dzadzraɖo geɖe wɔwɔ la dometɔ ɖeka. Nyametsotso kple dzadzraɖo siwo katã wòabia be woawɔ kpakple ame geɖe siwo ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a ado goe gbemagbe ate ŋu awɔe be woa kple woƒe ƒometɔwo natsi dzodzodzoe eye ɖeɖi nate wo ŋu ŋutɔ.

Srɔ̃kpekpe nyea agbenɔnɔ ɖe mɔ yeye aɖe nu ƒe gɔmedzedze na srɔ̃tɔawo. Gake menye woawo ɖeɖeko dzie wòakpɔ ŋusẽ ɖo o. Esi vinyɔnuvi, viŋutsuvi, nɔvinyɔnu, alo nɔviŋutsu ƒe srɔ̃ɖeɖe fiana zi geɖe be ame ƒe lɔlɔ̃tɔ le ƒome bubu kura ɖom ta la, zi geɖe ƒometɔawo tsia dzodzodzoe ŋutɔ.

Dukɔ sia dukɔ kple nusiwo wowɔna le srɔ̃kpekpe me, eye manya wɔ be míaƒo nu tso wo katã ŋu le afisia o. Alesi Ɣetoɖoƒedukɔwo kple dukɔ siwo wɔa nu abe wo ene wɔnɛ koŋ ŋue nyati siawo aƒo nu tsoe. Le teƒe siawo la, menye ga vie wozãna ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu kura o. Ame aɖewo zãa ga gbogbo aɖe ɖe srɔ̃kpekpea, akpata alo nuɖuɖudzraƒe hayahaya hena srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖoa, kpakple ɖe amesi akpɔ nuɖunyawo gbɔ la ŋu. Wobu akɔnta be srɔ̃kpekpe si ŋu womezã ga ɖo fũ o le Italy axɔ United States dɔlar 10,000 kple edzivɔwo. Homea te ŋu yia dzi ŋutɔ le Japan kple teƒe bubuwo. Zi geɖe la, menye ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃ae xea feawo o. Wo dzilawoe xenɛ.

Srɔ̃kpekpe nye dɔ si me adzɔdolawo kpɔa ga le ŋutɔ. Dɔwɔƒe geɖe doa srɔ̃kpekpe “kpeɖi,” si ŋu nusianu kpe ɖo, ƒe nukpɔsusu ɖe ŋgɔ. Wogblɔna be ne èbu eŋu kpɔ la, “dzidzɔŋkeke gãtɔ kekeakee nye esia le wò agbe me!” Eyata woyɔa nuzazã kple dɔ gbogbo aɖewo be “woawoe hiã” be wò ŋkeke gã la “nade blibo.” Ŋugbledede le amesiwo wò ŋutɔ nàdi be yeakpe, srɔ̃kpewu “adodoea” si nàdi be yeado, ŋugbetɔa subɔviwo ƒe awu, kpakple ŋugbetɔsrɔ̃a xɔlɔ̃wo ƒe awu, alo srɔ̃tɔawo ŋu nɔlawo ƒe awu ŋu hã li. Emegbe seƒoƒowo, ʋu kpeɖiwo, ɖewohĩ nuɖuɖudzraƒe si woana nuɖuɖu kpeɖiwo vavalawo le, fotoɖela, haƒohawo, kple nu bubuwo hã ŋu nya li. Nusiwo katã adzro ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a woadi be yewoawɔ, kpakple eŋu fe gbogboawo, ate ŋu atso dzika ƒo na vifofo geɖewo.

Le nuto vovovowo me la, wotea gbe ɖe kɔnyinyi dzi vevie. Mɔ si nu wòle be woawɔ nuwo ɖo ƒe ɖoɖowo li, eye wokpɔa mɔ be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a nawɔ ɖe wo dzi. Ẽ, nu geɖe li siwo dzi wòle be woaɖo ŋkui, gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe li woatsɔ akpɔ nusiawo katã gbɔ.

Srɔ̃kpekpe si ahe dzidzɔ vɛ alo esi ana dzi naɖe le ame ƒoe wòanyea? Aleke ke nèɖo eŋui o, ŋugbledede le nusiwo katã srɔ̃kpekpe ate ŋu abia ŋu fɔa biabia geɖe ɖe te. Nukae srɔ̃ɖeɖe fia le ŋkeke siawo me? Ðe nusiawo katã hiã tututu hafi woate ŋu akpe srɔ̃ “wòasɔa”? Aleke woate ŋu aɖu seselelãme kple nusiwo katã gbɔ wòle be woakpɔ ƒe kuxiwo dzii?

Togbɔ be dzimaɖitsitsi geɖe le eme hã la, ame geɖe te ŋu kpɔ srɔ̃kpekpewɔnawo gbɔ dzidzedzetɔe hese vivi nɛ. Woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ate ŋu akpe ɖe ame bubu siwo le dzadzram ɖo ɖe srɔ̃kpekpe ŋu la ŋu. Eye Biblia ƒe gɔmeɖosewo li siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ne wole ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu, ale be ŋkekea navivi, dzidzɔ nanɔ eme, eye wòatu amesiame ɖo.