Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele Be Srɔ̃ɖeɖe Nanye Nubabla Si Anɔ Anyi Ðaa

Ele Be Srɔ̃ɖeɖe Nanye Nubabla Si Anɔ Anyi Ðaa

Ele Be Srɔ̃ɖeɖe Nanye Nubabla Si Anɔ Anyi Ðaa

EDZENA le sinima geɖe ƒe nuwuwu be taɖodzinu xɔasi aɖee srɔ̃ɖeɖe nye. Zi geɖe la, ŋutsua kple nyɔnua va wɔa ɖeka mlɔeba, ɖea wo nɔewo, henɔa anyi “le dzidzɔ me tso ema dzi.” Nenemae ŋutinyaa wua enui zi geɖe le sinimawo me.

Le nyateƒe me la, srɔ̃kpekpea menye nyaa ƒe nuwuwu o, ke boŋ agbe yeye nɔnɔ ɖekae ƒe gɔmedzedzee wònye. Eye abe alesi Nyagblɔla 7:8 gblɔe ene la, mɔkpɔkpɔa enye be, “nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze.”

Nubabla si Nɔa Anyi Ðaa

Nuŋububu yi ŋgɔe hiã vevie. Ne srɔ̃ɖeɖe anɔ anyi adidi eye dzidzɔ anɔ eme la, ele be woaɖo egɔme anyi sesĩe. Ne menye nenema o la, xaxa si me woava to le srɔ̃kpekpea megbe alolo awu xaxa si do ŋgɔ nɛ. Kristotɔ mate ŋu age ɖe srɔ̃ɖeɖe me anɔ bubum be: ‘Ne medze edzi o la, mate ŋu agbe srɔ̃ ɣesiaɣi o.’ Nubabla si nɔa anyi ɖaae wòle be srɔ̃ɖeɖe nanye na ame.

Le nya aɖe si wobia Yesu ku ɖe mɔɖeɖe si li be woagbe srɔ̃ ŋu ɖoɖo me la, ena eme kɔ ƒã be ɖe woɖo srɔ̃ɖeɖe be wòanɔ anyi ɖaa. Egblɔ be: “Alo miexlẽe kpɔ bena, [Mawu,] amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ woe o mahã? Eye wòbe: Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka; nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.”—Mateo 19:4-6.

Le Srɔ̃kpegbea Megbe

Esɔ be wogblɔ be le Kristotɔ ƒe agbe me la, srɔ̃ɖeɖe nye nu vevi evelia si kplɔ adzɔgbeɖeɖe na Mawu ɖo. Adzɔgbeɖeɖe na Mawu blaa ame ɖe Wɔla la ŋu tegbee, eye nyɔnyrɔxɔxɔ naa wòdzena gaglãa wokpɔna. Srɔ̃ɖeɖe nye ame ɖokui babla aɖe ame bubu ŋu le dutoƒo—tegbee. Susu mele eme be ame natsɔ eɖokui aɖe adzɔgbee na Mawu alo age ɖe srɔ̃ɖenubabla me esime eƒe susu naganɔ wɔwɔm eveve o. Eyata anyo be amesiwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum nalé ŋku ɖe amesi wodi be yewoaɖe ƒe dzixɔsewo, taɖodzinuwo, nɔnɔme, kple seselelãmewo ŋu nyuie.

Le dzadzraɖo ɖe srɔ̃kpegbea ŋu me la, dɔmenyonyo, ameŋububu, kple nuwɔwɔ aduadu hiã vevie. Be srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze la, nɔnɔme siawo gahiã vevie wu le srɔ̃ɖeɖea megbe. Lɔlɔ̃ le srɔ̃kpela yeyeawo mum fifia ya, gake le srɔ̃ɖeɖea megbe la, ele be woaɖo ŋku edzi gbesiagbe be, lɔlɔ̃ “media ye ŋutɔ tɔ o.” Ne woɖea ‘lɔlɔ̃’ fiana edziedzi ƒe sia ƒe la, ‘enu metsina gbeɖe o.’ (Korintotɔwo I, 13:5, 8) Ne lɔlɔ̃ si nu metsina o li la, woate ŋu aɖe nɔnɔmewo abe dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, kple ɖokuidziɖuɖu—siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo—afia bɔbɔe wu. Nɔnɔme siawo le vevie be srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Nusi sesẽe nye alesi woayi edzi aɖe nɔnɔme siawo afia le srɔ̃kpegbea megbe. Ke hã nusi naa wote ŋu ɖea nɔnɔme nyui siawo fiana dzidzedzetɔe nye be: Nàlɔ̃ amesi nèɖe la, eye nàlɔ̃ atsɔ nuwo asa vɔe ɖe eƒe nyonyo ta.

Yesu gblɔ be se siwo wode na amegbetɔwo ƒe vevitɔe nye be woalɔ̃ Yehowa, eye wògblɔ be esi kplɔe ɖoe nye be ‘Nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ (Mateo 22:39) Srɔ̃tɔ ƒe havi si te ɖe eŋu wue nye srɔ̃a, elabena naneke mele anyigba dzi si ate ŋu ana ame eve nawɔ ɖeka wu srɔ̃ɖeɖe o.

Gake ɖekawɔwɔ le ŋutilã gome ɖeɖe dzaa mate ŋu aɖo kpe edzi be ame evea ƒe seselelãme awɔ ɖeka o. Ŋutilã eve ƒe ɖekawɔwɔ menyea susu eve ƒe ɖekawɔwɔ ɣesiaɣi o. Be gbɔdɔdɔ ƒe ɖekawɔwɔ nade edeƒe la, ele be ɖekawɔwɔ bubu nakpe ɖe eŋu—si nye seselelãmewo kple nudidiwo ƒe ɖekawɔwɔ. Le nɔnɔme geɖe me la, lɔlɔ̃ be woatsɔ nuwo asa vɔe ɖe ame evelia ta ye naa srɔ̃ɖeɖe kpɔa dzidzedze. Amekae wòle be wòatsɔ nuwo asa vɔe? Srɔ̃ŋutsua? Srɔ̃nyɔnua?

Lɔlɔ̃ Kple Bubu Ðeɖe Fia

Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu be: ‘Mitre mia nɔewo bubu!’ (Romatɔwo 12:10) Ne àte ŋui la, do ŋgɔ nàtsɔ nuwo asa vɔe ɖe ame evelia ta hafi srɔ̃wòa nabiae tso asiwò gɔ̃ hã. Elabena ne èbu eŋu kpɔ la, nane si wobia ʋuu hafi wòka ame si ŋuti dzidzɔkpɔkpɔ ɖiɖina vie. Eyata ele be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖesiaɖe nadze agbagba ana bubudede ame kemɛa ŋu gbã nazu numame nɛ.

Le kpɔɖeŋu me, woxlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be ‘woade bubu wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, bene woagaxe mɔ na woƒe gbedodoɖawo o.’ (Petro I, 3:7) Ne srɔ̃ŋutsu medea bubu srɔ̃a ŋu o la, agblẽ nu le eƒe gbedodoɖa gɔ̃ hã ŋu vevie. Nukae bubudede srɔ̃nyɔnu ŋu fia? Efia eyama ŋu bubu ɣesiaɣi, woaɖo to ase eƒe susu, eye zi geɖe la, woaɖe mɔ nɛ wòado eƒe nukpɔsusu ɖa gbã le nya vovovowo me. Eye srɔ̃nyɔnua ate ŋu ade bubu srɔ̃a ŋu le mɔ ma ke nu, wòadze agbagba ɣesiaɣi be yeanye srɔ̃nyɔnu senugɔme.—Mose I, 21:12; Lododowo 31:10-31.

Mawu ƒe Nya gblɔ be: “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi, abe alesi [Kristo wɔna] na hame la ene.” Aleke gbegbee Kristo lɔ̃ eyomedzelawoe? Elɔ̃ faa be yeaku ɖe wo ta. Biblia gblɔ hã be: ‘Mi srɔ̃ŋutsuwo hã mia dome amesiame nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃a nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene.’ (Efesotɔwo 5:28-33) Eye Mawu ƒe Nya gblɔ na srɔ̃nyɔnuwo be ‘woalɔ̃ wo srɔ̃wo, woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.’—Tito 2:4, 5.

Ðe Mɔ Ðe Vodadawo Ŋu

Esi wodzi amesiame ame madebliboe ta la, woawɔ vodada godoo. (Romatɔwo 3:23; 5:12; Yohanes I, 1:8-10) Gake le esi teƒe be nànɔ gbe tem ɖe vodadawo dzi la, wɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi: “Vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Petro I, 4:8) Vodada suesuewo gbɔ nya kpɔna wu ne míeɖe asi le wo ŋu, míegaɖo ŋku wo dzi o. Anya wɔ le vodada gãtɔwo hã me nenema ke. Kolosetɔwo 3:12-14 gblɔ be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.”

Zi nenie wòle be míatsɔ mía srɔ̃ ƒe vodada suesuewo akee? Petro bia Yesu be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo? Yesu gblɔ nɛ bena: Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi blaadre-vɔ-adre.” (Mateo 18:21, 22, NW) Esi wònye amesiwo le srɔ̃ɖenubablaa godo ŋue Yesu le nya sia gblɔm le ɖe, ke aleke gbegbe wòhiã be srɔ̃tɔwo natsɔ wo nɔewo ƒe vodadawo ake enye si!

Togbɔ be srɔ̃ɖeɖe nuɖoanyia ɖo afɔku me le ƒe siawo me hã la, godogodo la, srɔ̃ɖeɖe ava kpɔ dzidzedze mlɔeba elabena Mawue ɖoe anyi, eye nusianu si wòɖo la, ‘nyo ŋutɔ.’ (Mose I, 1:31) Enu mayi akpɔ o. Eye ate ŋu akpɔ dzidzedze, vevietɔ le amesiwo dea bubu Mawu ƒe sewo ŋu heléa wo me ɖe asi la dome. Gake gbetɔameae nye be: Ðe ame evea awɔ ŋugbe si wodo le srɔ̃kpegbea be yewoalɔ̃ yewo nɔewo ahade asixɔxɔ yewo nɔewo ŋu la dzia? Le nyateƒe me la, ema wɔwɔ ate ŋu anye gbetɔame eye ɖewohĩ ahiã be nàʋli sesĩe be wòadze edzi na wò. Gake emetsonuwo aɖe vi na wò geɖe!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

SRƆ̃GBEGBE KPLE KAKLÃ

Ðe Mawu, amesi nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila, ɖoe be wòanye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa. Gake ɖe Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu aɖe li be ame nagbe srɔ̃a nyɔnu alo ŋutsu—kple esi aɖe mɔ wòate ŋu aɖe ame bubua? Yesu ɖo nya sia ŋu esime wògblɔ be: ‘Mele egblɔm na mi bena, amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.’ (Mateo 19:9) Srɔ̃tɔ ɖeka ƒe anukwaremaɖimaɖi le gbɔdɔnyawo me ɖeɖeko dzi srɔ̃tɔ maɖifɔa anɔ te ɖo agbe srɔ̃ agaɖe bubu.

Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be Biblia ƒe nya siwo le Korintotɔwo I, 7:10-16 nɔ dzi dem ƒo na srɔ̃tɔwo be woanɔ anyi ɖekae hã la, eɖe mɔ ɖe kaklã ŋu. Le ame aɖewo ƒe agbagbadzedze vevie be yewoakpɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖe ta megbe la, wose le wo ɖokui me be nu bubu aɖeke megali yewoawɔ wu be yewoaklã o. Nukawo dzie woate ŋu anɔ te ɖo le Ŋɔŋlɔawo nu aɖe afɔ sia?

Ðekae nye eɖoɖo koŋ agbe aƒedzikpɔkpɔ. Ne ŋutsu nya ɖe srɔ̃ ko la, ede ta srɔ̃a kple viawo ƒe nuhiahiã gbɔ kpɔkpɔ ƒe agba te. Ŋutsu si ɖoe koŋ gbe eƒemetɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ la, “egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Eyata woate ŋu aklã.

Nu bubu enye ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame ŋu si gbɔ eme. Eyata ne ŋutsu aɖe sẽa ŋuta le srɔ̃a ŋu la, nyɔnua ate ŋu aklã. (Galatiatɔwo 5:19-21; Tito 1:7) ‘Mawu léa fu amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’—Psalmo 11:5.

Nu bubu si dzi woanɔ te ɖo aklã enye ne xɔsetɔ ƒe gbɔgbɔmemenyenye—si nye ame kple Mawu dome ƒomedodo—ɖo afɔku me gbidii. Ne tsitretsitsi ɖe srɔ̃tɔ aɖe ŋu, ɖewohĩ edzi zizi xea mɔ na eƒe nyateƒe tadedeagu eye wòna xɔsetɔa ƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo afɔku me la, ekema xɔsetɔ aɖewo kpɔe be ehiã be yewoaklã. *Mateo 22:37; Dɔwɔwɔwo 5:27-32.

Gake ne nɔnɔme siawo dzie ame aɖe nɔ te ɖe gbe srɔ̃ la, mavo aɖe srɔ̃ bubu o. Le Biblia ƒe nya nu la, nusi ko dzi woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ le se nu ate ŋu aɖe srɔ̃ bubue nye ahasiwɔwɔ alo “matrewɔwɔ.”—Mateo 5:32.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 27 Kpɔ November 1, 1988, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 22-3 hena kaklã ŋuti numedzodzro.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ele be woabu srɔ̃ɖeɖe be enye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Yesu gblɔ be ele be míatsɔ ake ‘zi gbɔ zi blaadre-vɔ-adre’