Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu Nyawo me Kuku—Afɔku Kae Le Eme?

Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu Nyawo me Kuku—Afɔku Kae Le Eme?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu Nyawo me Kuku—Afɔku Kae Le Eme?

ÐE ƑEWUIVIWO kpɔa dzidzɔ ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu nyawo ŋu vavã? Numekulawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te kpɔ be yewoaku esia me tso titina kple sekɛndri suku 115 me viwo ŋu. Numekukua me tsonuwo yi ale: Amesiwo ŋu wowɔ numekukua le ƒe afã kple edzivɔ (54 le alafa me) gblɔ be yewokpɔa dzidzɔ ɖe gbɔgbɔyɔyɔ kple ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ ŋu, eye xexlẽmea ƒe akpa enelia (26 le alafa me) gblɔ be “edzɔa dzi” na yewo “ŋutɔ.”

Alaska Yunivɛsiti si le Anchorage ƒe numekulawo ŋlɔ bena: “Nyadzɔdzɔgbalẽwo kple magazinewo me nya siwo ku ɖe alesi wosusu be Satana subɔsubɔ le agbogbo domee ɖe edzi ŋu . . . va bɔ le ƒe siawo me ŋutɔ.” Numekulawo gblɔ be nu ʋɛ aɖewo koe li yewoatsɔ aɖo kpe alesi wobe Satana subɔsubɔ bɔ ɖe sɔhɛwo domee la dzi. Ne ele alea gɔ̃ hã la, ɖikeke mele eme o be Satana subɔsubɔ ƒomevi aɖewo kple gbɔgbɔyɔyɔ ŋu nyawo dzɔa dzi na sɔhɛ geɖe, ne menye ɣesiaɣie wòdzɔa dzi na wo o hã.

Ke sɔhɛ aɖewo abia be: ‘Afɔku kae le gbɔgbɔyɔyɔ me?’ Be míaɖo nya sia ŋu la, mina míalé ŋku ɖe mɔ siwo dzi sɔhɛwo tona gena ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me dometɔ aɖewo ŋu gbã.

Gbɔgbɔyɔyɔ ƒe Mɔ̃ La

U.S.News & World Report me nyati aɖe gblɔ be “ɖeviwo kple ƒewuiviwo ƒe asi te ŋu sua nɔnɔmetata kple nyatakaka manyatalenu gbogbo aɖewo—siwo tɔtɔa ame zi geɖe—siwo mava susu me na ame le ƒe 20 siwo va yi me o dzi egbea.” Ŋkukeke ɖe nu me kplɔa sɔhɛ geɖe dea agbalẽ kple magazine siwo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu xexlẽ kpakple video alo Internet dzi Nyatakakadiƒe siwo me wòdze le me tsatsa me.

BBC Nyadzɔdzɔ si Wode Internet Dzi fia be television dzi wɔna nyanyɛ siwo ɖea adzenuwɔwɔ kple ame kuku siwo wobe wofɔna le zã va noa amesiwo le alɔ̃ dɔm ƒe ʋu la dea dzi ƒo na ɖeviwo be woaƒo wo ɖokui ɖe adzenuwɔwɔ me. Nenema ke ŋutasẽnuwɔwɔ alo gbɔgbɔyɔyɔ ŋu nyawo dzena le heavy-metal ha aɖewo hã me. Nyadzɔdzɔŋlɔla Tom Harpur ŋlɔ ɖe Toronto nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Sunday Star me be: “Ele be mana nuxlɔ̃ame vevitɔ kekeake si woate ŋu ana ku ɖe nusi le dzɔdzɔm [le hadzidziwo me] ŋu. . . . Nyemekpɔ nu ɖigbɔ aɖeke alea kpɔ o. Tsukuku, trɔ̃ƒoƒo, gbɔgbɔyɔyɔ, ʋukɔkɔɖi, ɖiŋudodo, ŋutasesẽ ƒomevi ɖesiaɖe, tsɔ kpe ɖe amegbɔdɔdɔ sesẽe, ame ɖokui sisi, amewuwu, kple ame ɖokui wuwu ŋu nyawo yɔ hawo me taŋ. Ku kple tsɔtsrɔ̃, dzɔgbevɔ̃e ŋuti nyagblɔɖiwo, nugbegbe le nu nyui wɔwɔ ɖesiaɖe gbɔ kple asidada ɖe nu gbegblẽ nyɔŋu ɖesiaɖe dzi—haawo me nyawoe nye esiawo.”

Ðe ha siawo sese naa nɔnɔme gblẽku va sua ame si nyateƒea? Alea tututue wònɔ le ame ɖeka aɖe ya teti gome—ƒe 14 vi aɖe si tɔ hɛ dadaa wòku eye wòwu eɖokui le United States. Efa heavy-metal kple rock hadzilawo ƒe nɔnɔmetatawo ɖe eƒe xɔmegli ŋu godoo kpe ɖo. Fofoa ƒo koko emegbe be: “Migblɔ na dzilawo be woalé ŋku ɖe ha siwo wo viwo sena ŋu.” Ŋutsua gblɔ be kwasiɖa si do ŋgɔ hafi viaŋutsua nawu dadaa la, rock-ha si me nyawo “ku ɖe ʋu kple ame dada wuwu ŋu” koe wòdzina.

Fefe siwo me wosrɔ̃a amewo ƒe nuwɔwɔwo le hã li, siwo me fefewɔlawo srɔ̃a adzetɔwo kple gbɔgbɔyɔla bubuwo ƒe nuwɔna le. Fefe siawo dometɔ geɖe ɖea gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ fiana. *

Ke hã numekuku habɔbɔa aɖe si nye Mediascope ka nya ta be: “Numekukuwo ɖee fia be heavy-metal hawo lɔlɔ̃ ate ŋu ahe ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga, atike zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, tagbɔdɔléle, ame ɖokui wuwu vɛ bɔbɔe, . . . alo nusiwo me afɔku le wɔwɔ le ƒewuiwo me, gake menye haƒoƒo dzaa ko gbɔe nɔnɔme siawo tso o. Wobui be heavy-metal hawo adzɔ dzi na ƒewuivi siwo ŋu kuxi siawo le xoxo, elabena hagbeawo ku ɖe woƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu.”

Ðewohĩ numekulawo katã malɔ̃ ɖe afɔku siwo le Satana subɔsubɔ ŋuti hawo sese me dzi o. Gake ɖe menye aɖi koe video, hadzidzi, alo fefe siwo tea gbe ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ alo ame ɖokui wuwu dzi anye oa? Ke hã le Kristotɔwo gome la, afɔku si le ame ɖokui ƒoƒo ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me la galolo wu.

Mawu ƒe Nukpɔsusu le Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo le Korintotɔwo I, 10:20 be: “Nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.” Amekawo koŋue gbɔgbɔ vɔ̃wo nye, eye nukatae afɔku le eme ŋutɔ be woade ha kpli wo? Ne míagblɔ kpuie la, gbɔgbɔ vɔ̃wo nye mawudɔlawo tsã, evɔ wotiae be yewoadze Satana Abosam yome. Satana gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula” eye Abosam gɔmee nye “Amegɔmezɔla.” Biblia gblɔ be amesia si nye mawudɔla tsã la wɔ eɖokui tsitretsiɖeŋula kple amegɔmezɔla esime wòtiae be yeadze aglã ɖe Mawu ŋu. Le ɣeɣiɣi aɖe megbe la, eble mawudɔla bubuwo wowɔ ɖeka kplii le eƒe aglãdzedzea me. Edzidela siawoe va zu gbɔgbɔ vɔ̃wo.—Mose I, 3:1-15; 6:1-4; Yuda 6.

Yesu yɔ Satana be “xexe sia me fia.” (Yohanes 12:31) “Dzi le” Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ‘kum ŋutɔ’ le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna wo dzi la ta. (Nyaɖeɖefia 12:9-12) Mewɔ nuku o be amesiwo do ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la kpɔe wonye tagbɔsesẽtɔwo ale gbegbe. Nyɔnu aɖe si le Suriname si wonyi le ƒome aɖe si me woyɔa gbɔgbɔ le me kpɔ alesi “fuwɔwɔ amesiwo megale didim be yewoade ha kpli wo o la dzɔa dzi na” gbɔgbɔ vɔ̃woe la dze sii. * Eyata afɔku le hadede kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ tagbɔsesẽtɔ siawo me ŋutɔ le mɔ sia mɔ nu!

Le susu sia ta Mawu de se na eƒe amewo, Israel-viwo, le blema be woatsri gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo katã. Mose V, 18:10-12 xlɔ̃ nu be: “Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” Nenema ke woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be Mawu atsrɔ̃ ‘gbɔgbɔyɔlawo.’ (Nyaɖeɖefia 21:8) Mawu tsi tre ɖe etetekpɔ be woaƒo ame ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me vie gɔ̃ hã ŋu. Biblia de se be: “Migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o.”—Korintotɔwo II, 6:17.

Asiɖeɖe le Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu Nyawo Ŋu

Ðe nèƒo ɖokuiwò ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo me xoxoa? Ekema de ŋugble le nusi dzɔ le ƒe alafa gbãtɔ me du si nye Efeso me ŋu kpɔ. Emenɔla geɖe “ka afa.” Gake nu klitsu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Paulo ŋu wòwɔ la wɔ dɔ ɖe wo dometɔ aɖewo dzi. Nukae do tso eme? “Ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye wotɔ dzo wo le wo katã ƒe ŋku me; eye wobu woƒe home, eye wokpɔ klosalo akpe blaatɔ̃. Ale Aƒetɔ ƒe nya la tsi kple ŋusẽ, eye wòkpɔ dziɖuɖu enye si.”—Dɔwɔwɔwo 19:11-20.

Nuka fiamee esia le mí? Eyae nye be ne ame aɖe di be yeado le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, ele be wògblẽ nusiwo katã do ƒome kple Satana subɔsubɔ la dome! Esiawo dometɔ aɖewoe nye agbalẽwo, magazinewo, nɔnɔmetatawo, fefewɔgbalẽwo, videowo, atiblɛwo (nusiwo wodena hena “ametakpɔkpɔ”), kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu nya siwo le Internet dzi la. (Mose V, 7:25, 26) Gblẽ nusianu si woate ŋu azã le afakaka me, abe afakahuhɔ̃e alo afakaʋuƒo ene, la dome. Gakpe ɖe eŋu hã, gblẽ hadzidzi alo video siwo me Satana subɔsubɔ ŋu nyawo le la dome.

Ebia dzinɔameƒo kple tameɖoɖo kplikpaa hafi woate ŋu aɖe afɔ siawo. Gake viɖe gãwo ate ŋu do tso eme. Nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Jean * ƒle kɔmpiuta dzi fefe aɖe si dze nusi me afɔku mele o le gɔmedzedzea me. Esi wònɔ fefea ƒe akpa bubuwo ɖom la, eva de dzesii be fefea ƒe akpa aɖewo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. Eteƒe medidi o ete drɔ̃e dziŋɔwo kuku! Jean gblɔ be: “Mefɔ le zã titina hegblẽ kɔmpiuta dzi fefea dome.” Nukae do tso eme? “Naneke megaɖe fu nam tso ɣemaɣi o.”

Ne èɖoe kplikpaa be yeado le eme la, àkpɔ dzidzedze. Ðo ŋku alesi Yesu ɖo tame kplikpae esime Abosam dze agbagba be yeable enu ade esubɔsubɔ me la dzi. “Yesu gblɔ nɛ bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.’ Tete Abosam gblẽe ɖi.”—Mateo 4:8-11.

Wò Ðeka Mègawɔ Aʋaa O

Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be Kristotɔwo katã “kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.” (Efesotɔwo 6:12) Gake mègate kpɔ be ye ɖeka yeawɔ aʋa kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Xɔ kpekpeɖeŋu tso dziwòla Mawu-vɔ̃lawo kpakple hamemegã siwo le Kristo-hame si le mia gbɔ me la gbɔ. Gbɔgblɔ be yekpɔa gome le eme akpe ŋu na wò ya, gake ate ŋu ana woana kpekpeɖeŋu geɖe si hiã la wò.—Yakobo 5:14, 15.

Ðo ŋku edzi hã be Biblia gblɔ be: “Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:7, 8) Ẽ, Yehowa Mawu akpe ɖe ŋuwò! Akpe ɖe ŋuwò be nàdo le gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔ̃tetre la me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Kpɔ August 22, 1999, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Nane Gblẽ le Fefe Siwo me Wosrɔ̃a Ame Aɖe le Ŋua?”

^ mm. 15 Kpɔ míaƒe magazine sia ƒe kpeɖeŋutɔ si nye September 1, 1987, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, si Yehowa Ðasefowo ta la me nyati si nye “Asiɖeɖe le Gbɔgbɔyɔyɔ ƒe Kɔkutia Ŋu.”

^ mm. 20 Míetrɔ ŋkɔa.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gblẽ nusiwo katã do ƒome kple Satana subɔsubɔ la dome

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Kpɔ nyuie le Internet dzi wɔna siwo doa gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ ŋu