Gbetedzi—Afrika Ƒe Sɔ Si Le Ablɔɖe Me
Gbetedzi—Afrika Ƒe Sɔ Si Le Ablɔɖe Me
ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE AFRIKA GBƆ
GBETEDZI akpe ɖeka ƒu du to Afrika-gbedzi dziɖeɖitɔe. Esi wole du dzi sesĩe le yiyim la, woƒe kɔdza si nyẽm wole la naa woƒe axada me fliwo yia dzi gavaa anyi. Woƒe afɔkli siwo le anyigba ƒuƒuia dzi tum la ŋkɔ ɖina le gbeadzi ɖaa. Ʋuʋudedi dzẽ aɖe xɔa yame kɔtɔɔ le wo yome, si woate ŋu akpɔ kilometa nanewo tso adzɔge ɖaa. Woƒua du dziɖeɖitɔe faa, eye naneke mexaxa wo ɖo o.
Wova gbɔdzɔa dua me hetɔna abe dzesi makpɔmakpɔ aɖee wowɔ na wo ene. Wotsɔa woƒe aɖu titri sesẽawo vua gbea nɔa ɖuɖum. Lãha la nɔa ŋudzɔ, nɔa ta fɔm dzi enuenu, eye wonɔa to ɖom, henɔa yame ʋẽm se. Dzata ƒe gbeɖeɖe si ya tsɔna tso didiƒe ʋĩ la gena ɖe woƒe towo me, eye wodzona nyanyanya. Wonya eƒe gbeɖeɖea nyuie. Gbetedziawo fɔa to dzi, eye wodzudzɔa gbe si le nu me na wo ɖuɖu, hefɔa ŋku ɖe afisi gbeɖeɖea le tsotsom. Esi womekpɔ afɔkunu aɖeke o ta la, wogadea mo to ake yia gbea ɖuɖu dzi.
Ne ŋdɔa nu va le sesẽm la, wogatea zɔɖeɖe ake. Fifia ya tsi ƒe ʋeʋẽe hea sɔ siawo ɖoa ta tɔsisi gbɔ. Wotɔna ɖe kɔkɔƒe le adzɔge nɔa tsi hẽ si le sisim ɖɔɖɔɖɔ la kpɔm ɖaa le agame, henɔa gbɔgbɔm fuxefuxe nɔa afɔ ƒom ʋuʋudedia. Wonɔa adzɔge gbã, elabena wonya be afɔkunu aɖe ate ŋu anɔ tɔsisia si le yiyim blewu la gɔme. Gake tsikɔ si nɔa wo wum la nu sẽna ale be ɖewo ʋlina yia ŋgɔ. Wohona mlɔeba azɔ ɖoa ta tɔsisia to ɖekae. Ðesiaɖe noa tsi wòɖia kɔ nɛ nyuie, emegbe wogatrɔna ɖoa ta gbadzaƒea.
Lãha la zɔna dziɖeɖitɔe le fiẽsi me toa flu kɔkɔawo me. Wonya kpɔna ale gbegbe le adzɔge ɖaa le Afrika-gbe dzeania dzi ne ɣea gba amigo le ɣetrɔ me.
Wo Ŋu Fliwo Kple Woƒe Hamenɔnɔ
Mɔ ɖeka ko dzie gbetedzi siawo ƒe gbesiagbenuwɔna tona. Nuɖuɖu kple tsi didi ɣesiaɣi naa wonɔa tsaɖiɖi dzi. Gbetedziwo dzena lã nyui dami aɖe ne wole gbe ɖum le gbadzaƒe, woƒe ŋutigbalẽ si me fli ɣi kple yibɔ to la ɖo atsyɔ̃ na woƒe ŋutilã sesẽa. Gbetedziawo ƒe ŋutigbalẽ me fliawo nɔa wo tɔxɛ wo tɔxɛe, eye abe alesi ame aɖewo gblɔna ene la, fliawo ƒe atsyã dometɔ aɖeke mesɔ kple wo nɔewo o. Fli ɣi kple yibɔ dzeania naa wotoa vovo kura tso lã bubuwo gbɔ le gbea dzi. Ke hã woƒe dzedzeme nya kpɔna eye wonye Afrika ƒe gbemelã si tsana le ablɔɖe me vavã.
Gbetedzi nye lã siwo nɔa hame koŋ. Wote ŋu nɔa ƒuƒoƒo ɖeka me le woƒe agbemeŋkekeawo katã me. Togbɔ be lã akpe geɖe anɔ lãha ɖeka me hã la, woma ɖe ƒome suesue geɖe me siwo me sɔtsu kple sɔnɔwo nɔna. Ƒome sue sia wɔa nu ɖe ɖoɖo nu le emetɔwo ƒe tsitsi nu pɛpɛpɛ. Sɔnɔ gã lae fiaa alesi ƒomea azɔ mɔe. Exɔa ŋgɔ, eye sɔnɔ bubuawo kple wo viwo kplɔnɛ ɖo le fli me ɖe woƒe tsitsi nu. Gake sɔtsuae nye wo katã ƒe tatɔ. Ne edi be ƒomea natrɔ ɖe teƒe bubu la, etena ɖe sɔnɔ si le ŋgɔ ŋu eye wòtutu nɛ dzaa ɖo ɖe teƒe yeye si wòle be woaɖo tae.
Gbetedziwo lɔ̃na be woakplɔ fu me na yewo, eye zi geɖe wonɔa wo nɔewo ƒe axadawo, abɔtawo, kple dzime lilim alo nɔa wo ɖuɖɔm. Edze abe fu me dzadzraɖo na wo nɔewo doa ŋusẽ kadodo si le lãawo dome ene, eye esia dzea egɔme ne vidzĩawo xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko. Ne ƒomea me tɔ aɖeke meli adzra fua me ɖo nɛ o la, gbetedzi si lãme le fiefiem na la mlina le ke me alo titia eɖokui ɖe ati, babakɔ, alo nu bubu ɖesiaɖe si le tsitrenu la ŋuti be woavo.
Ʋiʋli be Woatsi Agbe
Gbetedzi ƒe agbe me yɔ fũ kple afɔku. Lã sia si kpena kilogram 250 la nye lã si dzatawo, amegãxiwo, ganawo, lãklewo, kple lowo siaa tɔa ŋkui. Gbetedzi te ŋu ƒua du sesĩe wòdena kilometa 55 le gaƒoƒo ɖeka me, gake lãlénu siwo toa nukumɔwo kple ayemɔwo dzi la dzea edzi le manyamanya me ɣeaɖewoɣi. Dzatawo nɔa adeklo dzi nɛ le gbe me, lowo dea xa ɖi ɖe tɔbawo me, eye lãklewo nɔa adeklo dzi nɛ le viviti me.
Gbetedziwo ɖokuitakpɔkpɔ nɔa te ɖe lãha me nɔlawo ƒe ŋudzɔnɔnɔ kple nuwɔnawo dzi. Togbɔ be wo dometɔ akpa gãtɔ dɔa alɔ̃ le zãme hã la, ɖewo gakpɔtɔ nɔa ŋu ɣesiaɣi nɔa to ɖom henɔa ŋudzɔ. Ne gbetedzi kpɔ lãlénu aɖe gbɔna la, etea gbe sesĩe be lãha bliboa katã nadze sii be afɔku gbɔna. Zi geɖe ne lãha la dometɔ aɖe dze dɔ alo tsi eye mate ŋu aɖe bla o la, gbetedzi mamlɛawo ɖonɛ koŋ gbɔdzɔa azɔli me alo lalana vaseɖe esime lã si
mete ŋu le zɔzɔm kabakaba o la nava tu wo ake. Ne lãlénu aɖe be yeadze wo dzi la, sɔtsua tsia tre ɖe lãlénua kple sɔnɔawo dome kalẽtɔe, henɔa futɔa ɖum nɔa afɔkpo damee ale be lãha la nate ŋu akpɔ mɔ asi.Ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ma dze le nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi si dzɔdzɔmenuwo me kula, Hugo van Lawick, kpɔ le Serengeti-gbe dzi le Afrika. Esi wònɔ alesi ganawo ƒe ha aɖe wɔ kplɔ gbetedzi ƒe ha aɖe ɖo ŋutinya gblɔm la, egblɔ be ganawo te ŋu ma sɔnɔ aɖe kple via, kpakple sɔvi si xɔ ƒe ɖeka dome. Esime gbetedziha mamlɛa si dzo yina la, sɔnɔa kple sɔvi si xɔ ƒe ɖeka wɔ avu kple avuawo kalẽtɔe. Eteƒe medidi o, avuawo va nɔ ŋu sẽm ɖe dzi, eye ɖeɖi va nɔ sɔnɔa kple sɔvi si xɔ ƒe ɖeka la ŋu tem. Edze abe woku vɔ ene. Van Ladwick gblɔ le nukpɔkpɔ si dze abe wɔna aɖeke megali ene o me be: “Enumake mese afɔkli tutu anyigba, eye esi metsa ŋku godoo la, mekpɔ gbetedzi ewo bubu siwo gbɔna kple du nukutɔe. Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, lãha sia ɖe to ɖe sɔnɔ kple via eveawo, emegbe sɔnɔa kple viawo nɔ ƒuƒoƒoa titina hesi ɖo ta afisi gbetedzi ewoawo tso va. Avuawo kplɔ wo ɖo abe meta 50 ene gake womete ŋu ge ɖe lãha la dome o eye wona ta mlɔeba.”
Vinyinyi
Gbetedzinɔ léa be na via fẽ la eye menaa wònɔa lãha la me tɔ
mamlɛawo dome le gɔmedzedzea me o. Le wo ɖokui ɖeɖeɖeaga ƒe ɣeyiɣi sia me la, vidzĩa ƒe dzi te ŋu kuna ɖe nɔa ŋu kplikplikpli. Sɔvia te ŋu léa amadede ɣi kple yibɔ ɖedzesi si le nɔa ŋu la ɖe susume. Emegbe ete ŋu dzea si nɔa ƒe xɔxlɔ̃, ʋeʋẽ, kple atsyã si le fli si to dadaa ƒe ŋutigbalẽ me eye malɔ̃ ate ɖe sɔnɔ bubu aɖeke ŋu o.Womedzia sɔviwo kple fli ɣi kple yibɔ si le wo dzilawo ŋu o. Wo ŋu fliawo nɔa dzẽ tɔgbe aɖe eye ne wova le tsitsim ko hafi wòtrɔna zua yibɔ. Le lãha gãwo dome la, sɔvi siwo tso ƒome vovovo me va ƒoa ƒu fena ɖekae. Wosia du kplɔa wo nɔewo ɖo, nɔa afɔ dam ɖe yame le tsitsiawo, siwo hã kpena ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi la dome. Sɔviawo nɔa kpo tim kple woƒe afɔ lɛlɛawo nɔa xeviwo kple lã suesue bubuwo nyam ɖe nu le woƒe fefewo me. Gbetedziviwo ƒe afɔ lɛlɛawo, kple woƒe ŋku gã yibɔawo, kpakple woƒe ŋutigbalẽ bɔbɔe keklẽa naa wonyea lã dzeani eye wo kpɔkpɔ doa dzidzɔ na ame.
Wonye Gbemelã Wɔnukuwo
Egbea la, wogate ŋu kpɔa gbetedziwo ƒe ha gã siwo nɔa du ƒum le ablɔɖe me to Afrika-gbe gã ƒuƒuia dzi. Enyea nukpɔkpɔ dzeani aɖe vavã.
Amekae malɔ̃ ɖe edzi be gbetedzi kple eƒe fli ɣi kple yibɔ ƒe atsyɔ̃ ɖedzesia, eƒe ƒome kadodo kplikplikpli la, kple ablɔɖe nuwɔna si le esi la menye nuwɔwɔ si ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi hewɔ nuku o? Nusɔsrɔ̃ tso lã siawo tɔgbe ŋu ɖoa nya aɖe si wobia ƒe akpe nanewoe nye si va yi be, “Ameka na ablɔɖe gbetedzi?” la ŋu. (Hiob 39:5) Ŋuɖoɖoa dze ƒã. Eyae nye nuwo katã Wɔla, Yehowa Mawu.
[Aɖaka si le axa 14]
Nukata Fliwo le Gbetedzi Ŋu?
Susu si ta fliwo le gbetedzi ŋu gɔme menya ɖena na amesiwo xɔ nɔnɔmetɔtrɔ dzi se o. Wo dometɔ aɖewo susui be nuxlɔ̃amedzesie wòanye. Gake edze ƒã be gbetedzi ŋuti fliawo metsoa dzikaƒo na dzata kple lãlénu gã bubuwo kura o.
Ame bubuwo doe ɖa be gbetedzi ŋuti fliawo anye nusi nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe wo me. Ke hã esi wònye gbetedziawo katã ŋuti fliawo le nɔnɔme ɖeka ƒomevi me eye vovototo tɔxɛ aɖeke mele atsua kple nɔea dome o ta la, edze abe menye alea wòle o ene.
Nufiafia bubu aɖe hã enye be fli ɣi kple yibɔawo nɔa wo ŋu be wòakpɔ wo ta tso Afrika ƒe ŋdɔʋuʋu sesẽa gbɔ. Ekema nukatae lã bubuwo ŋuti mewɔ fli alea o?
Nufiafia aɖe si bɔ enye be fli nɔa gbetedzi ŋu kple susu be wòaflu ame. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe be nyateƒee, dzoxɔxɔ si nu nɔa sesẽm ɖe edzi le Afrika-gbe gã dzi nana gbetedziwo ƒe nɔnɔme dzena flukpe ale be menya kpɔna dzea si bɔbɔe le adzɔge ɖaa o. Gake viɖe boo aɖeke mele nɔnɔme sia si flua ame tso adzɔge la ŋu o, elabena ne dzata, si nye gbetedzi ƒe futɔ gãtɔ kekeake, te ɖe eŋu ko hafi wòdzea edzi.
Wogblɔna hã be ne gbetedziwo le sisim le ha me la, wo ŋuti fli gbogbo si va le yiyim la tɔtɔa dzata siwo de xa ɖi ale be woƒe ŋku megate ŋu nɔa lã ɖeka gobii aɖeke ŋu o. Ke hã nusɔsrɔ̃ tso gbemelãwo ŋu ɖee fia be dzatawo bi eye wokpɔa dzidzedze le gbetedziwo léle me abe alesi wònɔna na wo le lã bubuwo gome ene.
Nu bubu aɖe si gatɔtɔa nyaa ɖe edzi kura enye be gbetedziwo ŋuti fliawo medea wo dzi o. Gbetedzi ŋuti fli si nye ɣi kple yibɔ naa wòdzena nyuie wu lã siwo ƒe amadede le ɖeka ŋugbe ne edo le zã si me ɣleti le ɖiɖim. Esi wònye zã mee dzatawo léa nu zi geɖe ta la, edze abe esia ate ŋu ade gbetedzia ƒe agbe afɔku me wu ene.
Ekema aleke wòdzɔe be fliwo le gbetedzi ŋu? Nusi ate ŋu ana míase esia gɔme la dze le nyagbe kpui sia me be: “Yehowa ƒe asie wɔ nusiawo.” (Hiob 12:9) Ẽ, Wɔla la wɔ nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi kple nɔnɔme vovovowo siwo ŋudɔ wowɔna nukutɔe le agbe me si gɔme amegbetɔ mate ŋu ase bliboe o. Tameɖoɖo bubu le alesi wowɔ nu gbagbewo nukutɔea ŋu. Enana dzi dzɔa amegbetɔwo, wosea vivi, eye woƒe dzi dzea eme. Nyateƒee, nuwɔwɔwo ƒe nyonyo ʋã ame geɖe egbea wosena le wo ɖokui me abe alesi Dawid se le eɖokui me le blema ene esi wògblɔ be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.”—Psalmo 104:24.