Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃kpegbea—Dzidzɔŋkekee Gake Ebia Dzadzraɖo Geɖe

Srɔ̃kpegbea—Dzidzɔŋkekee Gake Ebia Dzadzraɖo Geɖe

Srɔ̃kpegbea—Dzidzɔŋkekee Gake Ebia Dzadzraɖo Geɖe

BIBLIA ɖee fia be Yehowa Mawu—amesi nya amegbetɔwo wu ame bubu ɖesiaɖe—ye kpɔ srɔ̃ɖe-ɖe gbãtɔ dzi. Eɖo srɔ̃ɖeɖe anyi wònye amegbetɔƒomea ƒe gɔmeɖoanyi vevitɔ. (Mose I, 2:18-24) Eye míekpɔa gɔmeɖose vovovowo le Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la me, siwo ate ŋu afia mɔ mí ne míele ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be ele be Kristotɔwo ‘natsɔ nusi nye Kaisaro tɔ ana Kaisaro.’ (Mateo 22:21) Eyata ele be woawɔ ɖe dukɔa ƒe se dzi. Srɔ̃ɖeɖe si wowɔ le se nu kpɔa srɔ̃ɖelaawo ta le mɔ geɖe nu, le nuwo abe woƒe wɔƒe le ɖeviwo ŋu (si ƒe ɖewoe nye wo dzi kpɔkpɔ kple nufiafia wo) kpakple domenyinyi ƒe gomenɔamesiwo. Azɔ hã sewo li siwo ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ akpɔ ƒomea me tɔwo ta tso ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu kple wo zazã atsɔ adi viɖee me. *

Dzadzraɖoawo

Ne ɖekakpui kple ɖetugbi nya tso nya me be yewoaɖe yewo nɔewo, eye be srɔ̃ɖeɖea nye esi awɔ ɖeka kple Biblia ƒe se kple gɔmeɖosewo kpakple dukɔa ƒe se ko la, nukawoe nye nu vevi siwo ŋu wòle be woade ŋugble le dometɔ aɖewo? Wo dometɔ aɖewoe nye ɣletiŋkeke kple srɔ̃kpekpe si ƒomevi wodi.

Agbalẽ aɖe gblɔ le nyaa ŋu be: “Ate ŋu adzɔ be srɔ̃ɖelaawo ƒe nukpɔsusuwo mawɔ ɖeka kple wo dzilawo tɔ tututu o, eye tiatia wɔwɔ le nusi wodi kple ƒomea ƒe nudidiwo aɖe fu na wo ale gbegbe.” Nukae woate ŋu awɔ? “Nya sia gbɔ kpɔnu bɔbɔe aɖeke meli tsɔ wu be woaɖo to aɖaŋudzedzetɔe, alé kuxiawo kpɔ, ahalɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi o. Dzodzodzoetsiɣie wònye na amesiame, eye nuŋububu kple nugɔmesese vi aɖe ate ŋu awɔ akpa gã aɖe si ana ɖoɖoawo wɔwɔ nabɔbɔ vie.”—The Complete Wedding Organiser and Record.

Togbɔ be dzila lɔ̃amewo ate ŋu awɔ geɖe be ŋkekea nakpɔ dzidzedze hã la, mele be woazi woa ŋutɔwo ƒe didiwo ɖe ɖeviawo dzi o. Eye togbɔ be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃ae awɔ nyametsotso mamlɛawo hã la, ele be woaɖo to ase aɖaŋu siwo nyuidinamelawo aɖo na wo. Ne srɔ̃ɖelaawo le aɖaŋuɖoɖo siwo woaxɔ ŋuti nya me tsom la, ele be woaɖo ŋku Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o. Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.”—Korintotɔwo I, 10:23, 24.

Dzadzraɖowɔwɔ lɔ dɔ vovovowo ɖe eme, tso amewo kpekpe dzi va ɖo ɖoɖo wɔwɔ ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo ŋu dzi. H. Bowman gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Marriage for Moderns me be: “Ne dzadzraɖo sia le ɖoɖonu nyuie eye wobu nuwo ŋu yi ŋgɔ helé fɔ ɖe ɖoɖowo ŋu wɔ nyuie la, ɖeɖiteameŋu kple dzimaɖitsitsi dzi aɖe akpɔtɔ.” Exlɔ̃ nu be: “Le nɔnɔme deamedziwo me hã la, ɖeɖi ate ame ŋu le mɔ aɖe nu, eye nunya le eme be woadze agbagba ɖesiaɖe aɖe edzi akpɔtɔ.”

Dɔwo anɔ anyi siwo gbɔ wòle be woakpɔ, eye amedzrowo ava siwo wòle be woaxɔ. Ðe xɔlɔ̃wo alo ƒomea ate ŋu atsɔ wo ɖokui ana be yewoana kpekpeɖeŋua? Ðe woate ŋu ade dɔ siwo mahiã kokoko be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a nawɔ o la asi na ame bubu siwo dzi woate ŋu aka ɖoa?

Gazazãwo

Ehiã be woawɔ ɖoɖo ɖe ga home aɖe si me susu le ŋu. Nunya alo lɔlɔ̃ mele eme o be woakpɔ mɔ be srɔ̃kpekpe si gbɔ srɔ̃ɖelaawo alo wo dzilawo ƒe ŋutete ŋu ŋuti fewo nana woazu femewo o. Ame geɖe siwo ate ŋu akpe srɔ̃ kpeɖi gɔ̃ hã tiana be yewoawɔe kpokploe ko. Aleke ke wòɖale o, srɔ̃ɖela aɖewo kpɔe be ga si yewoka kple alesi yewozãe ŋuti nuŋlɔɖi aɖe si anɔ anyi la kpena ɖe yewo ŋu. Ate ŋu ade ame dzi ne woŋlɔ nusiwo katã gbɔ wòle be woakpɔ kple ɣeyiɣi si dzi wòle be woawu wo nu da ɖi. Ŋkeke siwo dzi wòle be nuwo katã nanɔ wo nɔƒewo la léle ɖe susu ko me ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi geɖe vɛ.

Ho nenie woazã ɖe srɔ̃kpekpea ŋu? Teƒe sia teƒe kple eƒe asie, gake afika ke nèɖale o, nunya anɔ eme be miabia mia ɖokui se be: ‘Ðe míate ŋu axe nusiwo katã ƒe ɖoɖo míewɔ la ŋuti fea? Ðe nusiawo hiã tututua?’ Ŋugbetɔ yeye aɖe si ŋkɔe nye Tina gblɔ be: “Le ɖoɖoawo wɔɣi la, nanewo siwo dze abe ‘womaɖe asi le wo ŋu wòanyo o’ ene va zu nusiwo mehiã kura o.” Bu aɖaŋu si Yesu ɖo ŋu kpɔ: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?” (Luka 14:28) Ne màte ŋu akpɔ ga awɔ nusianu si nèdi o la, ke ɖe nanewo le eme. Ne àte ŋu akpɔ ga awɔ geɖe wu gɔ̃ hã la, anyo ne èdi be yeawɔe kpokploe.

Le Italy la, dɔ siwo adzɔhawo wɔna le srɔ̃kpekpe me kple eŋutinuwo ƒe ɖeɖefia aɖe si wowɔ la ɖe ga home aɖewo siwo ŋugbetɔ ate ŋu azã ɖe srɔ̃kpekpe ŋu le Italy fia. Lekewɔnuwo kple ɖawɔwɔ, axɔ dɔlar 450; ʋu kpeɖi hayahaya, axɔ dɔlar 300; wɔnawo léle ɖe video dzi, axɔ dɔlar 600; nusiwo me woade srɔ̃kpefotoawoe (fotoawo ŋutɔ mekpe ɖe eŋu o), dɔlar 125-500; seƒoƒowo, tso dɔlar 600 dzi heyi; nuɖuɖu, dɔlar 45-90 ame ɖeka; srɔ̃kpewu, tso dɔlar 1,200 dzi heyi. Ne míebu wɔnaa ƒe vevienyenye ŋu la, eme kɔ be ame nadi be nusiwo yeawɔ nanɔ etɔxɛ. Gake ele be woada asɔ le nyametsotso ɖesiaɖe si woawɔ me.

Togbɔ be ame aɖewo zãa ga gbogbo aɖe ɖe srɔ̃kpekpe ŋu hã la, edzea ame aɖewo hã ŋu ne wowɔe kpokploe—alo be esia koe woate ŋu awɔ. Ŋugbetɔ aɖe gblɔ be: “Mɔɖelawoe [ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo] mía kple evea míenye eye ga menɔ mía si o, gake ema menɔ vevie o. Lɔ̃xonye ƒle awutɔvɔa, eye xɔlɔ̃ aɖe tɔe wònye eƒe srɔ̃kpekpea ƒe nunana. Asie srɔ̃nye tsɔ ŋlɔ amekpegbalẽviawoe, eye xɔlɔ̃ Kristotɔ aɖee ɣe ʋu na mí. Nu vevitɔwo koe míeƒle na srɔ̃ɖekplɔ̃a ɖoɖo, eye ame aɖee na wein mí. Menye nu kpeɖi aɖekee o, gake enyo.” Ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe gblɔ be ne ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo na kpekpeɖeŋu nyuiwo la, “gazazãwo dzi ɖena kpɔtɔ ŋutɔ.”

Aleke ke srɔ̃ɖela Kristotɔwo ƒe ganyawo ɖale o, woadi be yewoaƒo asa na nugbɔmewɔwɔ, xexemenuwɔwɔ, alo adegbeƒonuwɔwɔ. (Yohanes I, 2:15-17) Aleke wòawɔ nublanui enye si be dzidzɔŋkeke abe srɔ̃kpekpe ene nana ame aɖe nada le Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose si ku ɖe nugbɔmemawɔmawɔ ŋu, esi xlɔ̃ nu tso nutsuɖuɖu, ahatsunono, alo nusianu si ate ŋu ana womabu ame aɖe ‘mokaka manɔŋutɔe o’ ŋu la dzi!—Lododowo 23:20, 21; Timoteo I, 3:2.

Ƒo asa na didi be yeƒe srɔ̃kpekpe nanɔ kpeɖi ahanyo awu ame bubuwo tɔ. Bu motsyɔvɔ si ŋugbetɔ eve aɖewo zã le dukɔ aɖe me ŋu kpɔ—motsyɔvɔ ɖeka ƒe didime nye meta 13 eye eƒe kpekpeme ade kilogram 220; bubu ƒe didime nye meta 300, eye ŋugbetɔsubɔvi 100 wòhiã be woalée ɖe asi le eyome. Ðe wòawɔ ɖeka kple Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woawɔ nu le nunya me ne wosrɔ̃ nugbɔmewɔwɔ siawo tɔgbea?—Filipitɔwo 4:5.

Ðe Wòle Be Woawɔ Nu Ðe Kɔnyinyiwo Nua?

Dukɔ sia dukɔ kple alesi wokpea srɔ̃e, eyata manya wɔ be míaƒo nu tso wo katã ŋu o. Ne srɔ̃ɖelaawo le nya me tsom be yewoawɔe ɖe kɔnu aɖe nu alo yewomawɔe ɖe enu o la, ele be woabia wo ɖokui be: ‘Gɔmesese kae le eŋu? Ðe wòwɔ ɖeka kple alakpadzixɔse si nye dzɔgbenyui alo vi didinamekɔnu aɖe—abe mɔlikui hehlẽ ɖe srɔ̃kpela yeyeawo dzi enea? Ðe wòdo ƒome kple alakpasubɔsubɔ alo nuwɔna bubu siwo Biblia tsri laa? Ðe wònye nusi me susu mele o alo nusi mefia lɔlɔ̃ oa? Ðe wòakpe ŋu na amewo alo aɖia wo nua? Ðe wòana amewo ƒe susu nawɔ eveve le srɔ̃kpelaawo ƒe nudidiwo ŋua? Ðe woatsi tre ɖe eŋua?’ Ne ɖikeke le nya siawo dometɔ aɖe ŋu la, anyo wu be woaƒo asa na kɔnu ma eye, ne ehiã la, woana amekpekpeawo nanya nu tso nyametsotsoa ŋu do ŋgɔ.

Dzidzɔ Kple Seselelãme

Ame ƒe seselelãme le ŋkeke vevi ma dzi ate ŋu atso dzidzɔkpɔkpɔ gã dzi aɖo aɖatsifafa dzi. Ŋugbetɔ aɖe gblɔ be: “Dzidzɔkpɔkpɔa lolo ale gbegbe, ɖeko wònɔ abe nye taɖodzinu vevi aɖe gbɔe meɖo ene.” Gake ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe gblɔ be: “Ŋkeke vɔ̃ɖitɔ kple nyuitɔ siaa wònye le nye agbeme. Srɔ̃nye ƒometɔwo nɔ avi fam blobloblo elabena mele wo vinyɔnu gbãtɔ kplɔm dzoe, srɔ̃nye hã wó avi le dzilaawo ƒe avifafa ta, mlɔeba nye ŋutɔ hã mete efafa elabena nyemegate ŋu do dzia o.”

Mele be nudzɔdzɔ siawo tɔgbe natɔtɔ ame o—dzimaɖitsitsie hea wo vɛ. Eye mele be wòawɔ nuku ne ƒometɔwo, alo srɔ̃kpelaawo ŋutɔ, tsi dzimaɖi ɣeaɖewoɣi o. Agbalẽ si nye The Complete Wedding Organiser and Record gblɔ be: “Ne èbu eŋu kpɔ la, anye zi gbãtɔe nye ma wole wɔna gã aɖe ŋuti ɖoɖo wɔm ɖekae, eye seselelãmeawo akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ƒomedodo dzi le mɔ aɖe nu godoo. Medea ame dzi ne wodo dziku esi nuwo mele yiyim abe alesi wokpɔ mɔe ene ta o; aɖaŋuɖoɖo kple kpekpeɖeŋu biabia le ɣeyiɣi sia tɔgbe me aɖe vi geɖe.”

Ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe gblɔ be: “Nusi ŋu makpɔ ŋudzedze ɖo ŋutɔ hafi eye wòle veyem ɖaa be mesu asinye o enye aɖaŋuɖola si mate ŋu agblɔ nye dɔmenya kple nye seselelãme veviwo na.” Amekae dze awɔ wɔƒe ma wu xɔlɔ̃ tsitsi alo ƒometɔ alo Kristo-hamea me tɔ bubu si kpɔ nuteƒe?

Ne dzilawo kpɔe be yewo viwo le dzodzom le ƒomea me la, seselelãme vovovowoe ɖoa wo me, ete ŋu nyea blanuiléle, dzidzɔ, dada, kple vɔvɔ̃. Gake ele be woadze sii ɖokuitɔmadimaditɔe be ɣeyiɣi de na yewo via be ‘wòagblẽ fofoa kple dadaa ɖi’ ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye “woanye ŋutilã ɖeka” abe alesi Wɔla la ɖo tamee ene. (Mose I, 2:24) Esi vidada aɖe nɔ nu ƒom tso eƒe nuwɔna ɖe viaŋutsu gbãtɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu ŋuti la, egblɔ be: “Mefa aɖatsi blobloblo, gake hekpe ɖe blanuiléle mawo ŋu la, mefa dzidzɔvi hã ɖe lɔ̃xoyɔvi vavã si mekpɔ ta.”

Be woana ŋkekea navivi ahatu ame ɖo la, ehiã be dzilawo—kple ŋugbetɔa kpakple ŋugbetɔsrɔ̃a siaa—naɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme siwo nye nuwɔwɔ aduadu, tufafa, ɖokuitɔmadimadi, kple ame bubuwo ƒe nukpɔsusu xɔxɔ afia.—Korintotɔwo I, 13:4-8; Galatiatɔwo 5:22-24; Filipitɔwo 2:2-4.

Vɔvɔ̃ léna ŋugbetɔ aɖewo be nane agblẽ godoo le srɔ̃kpegbea—be ya ado le lɔria ƒe taya me si ana be yemava wɔnaa wɔƒe ɖe game dzi o, be yame makɔ o, alo be srɔ̃kpewua dome agblẽ vevie le aɖabaƒoƒo mamlɛa me. Ðewohĩ nu mawo dometɔ aɖeke madzɔ o. Gake ele be nàda asɔ. Menye nusianue ate ŋu ayi nyuie o. Ele be woaxɔ esiwo meyi nyuie o hã ade eme. (Nyagblɔla 9:11) Dze agbagba be le nɔnɔme sesẽwo me la, yemabu yeƒe dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ o. Ne wòadzɔ be nane mayi nyuie o hã la, ɖo ŋku edzi be le ƒe aɖewo megbe la, anye nusi ana nàko nu ne èle nudzɔdzɔa ŋu nya gblɔm. Mègana nu suesue siwo meyi nyuie o nagblẽ srɔ̃kpekpea ƒe dzidzɔ me na wò o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Le go sia me la, dukɔ vovovowo de se ɖe srɔ̃eveɖeɖe, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, ametafatafa, srɔ̃ɖeɖe me ŋutasesẽ, kple ɖeviwo ƒe srɔ̃ɖeɖe nu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]

“Le ɖoɖoawo wɔɣi la, nanewo siwo dze abe ‘womaɖe asi le wo ŋu wòanyo o’ ene va zu nusiwo mehiã kura o.”—TINA, ŊUGBETƆ AÐE

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

DZADZRAÐO ŊUTI NUŊLƆÐI ƑE KPƆÐEŊU *

Ɣleti 6 alo esi wu nenema do ŋgɔ

❑ Dzro ɖoɖowo me kple ŋutsu alo nyɔnu si ɖem nèle, ƒometɔwo, kpakple mia dzilawo

❑ Miwɔ srɔ̃kpekpe si miedi ŋuti nyametsotso

❑ Mibu ga si miazã ŋuti kɔnta

❑ Mibia nu tso senyawo ŋu

❑ Milé srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea da ɖi

❑ Miwɔ ɖoɖo kple fotoɖelawo

Ɣleti 4

❑ Mitia srɔ̃kpewu (tso awu siwo le mia si xoxo dome), miƒlee, alo miatɔ wo

❑ Midɔ seƒoƒowo da ɖi

❑ Mitia amekpegbalẽvi si miedi eye miadɔe

Ɣleti 2

❑ Miɖo amekpegbalẽviwo ɖa

❑ Miƒle asigɛwo

❑ Mixɔ mɔɖegbalẽ siwo hiã

Ɣleti 1

❑ Mido srɔ̃kpewu kple afɔkpawo kpɔ

❑ Miɖo kpe nusiwo miedɔ kple amesiwo miewɔ ɖoɖo kplii dzi

❑ Miŋlɔ akpedalɛta na amesiwo ɖo nunana ɖe mi xoxo

Kwasiɖa 2

❑ Midze miaƒe nunɔamesiwo fɔfɔ yi aƒe yeyea me gɔme

Kwasiɖa 1

❑ Mikpɔ egbɔ be amesiwo katã ana kpekpeɖeŋu nya nusi woawɔ

❑ Miwɔ ɖoɖo ɖe nusiwo miehaya alo ɣe la tɔtrɔ yi na nutɔwo ŋu

❑ Mitsɔ nusianu si anya wɔ de asi na amewo

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 31 Miate ŋu atrɔ esia wòasɔ ɖe nuto si me miele ƒe se kple mia ŋutɔ ƒe nɔnɔmewo nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

“Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o”