Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wole Afisi Woayɔ be Aƒe Dim

Wole Afisi Woayɔ be Aƒe Dim

Wole Afisi Woayɔ be Aƒe Dim

“Aleke ke wòɖale o, aƒee nye aƒe.”—John Howard Payne.

GBÃ la, aʋa dzɔ, aʋa si gbe keke. Emegbe kuɖiɖia do, kuɖiɖi si nu gbe yiyi. Kuɖiɖia megbe tututue dɔ gã aɖe to. Eye nu ɖeka si amewo ate ŋu awɔ la koe wowɔ—wogblẽ woƒe aƒewo ɖi heɖo gbe, ɖe tsi, nuɖuɖu, kple dɔwɔɖuia kpɔkpɔ ta.

Ame akpe geɖeawo va ɖo dea dzi. Gake ƒe siwo va yi nyitsɔ laa koe du si tsɔ ɖe wo gbɔ la xɔ na sitsoƒedila miliɔn ɖeka va yi eye womegadi be yewoaxɔ ɖeke akpee o. Kpovitɔ siwo le dea dzi helé kpowo ɖe asi le egbɔ kpɔm be ame aɖeke metso dea dzaa o.

Dutamɔzɔnyagbɔkpɔla aɖe si tso afima gblɔ susu si ta wotɔ te sitsoƒedilawo xɔxɔ kaŋ. “Womexea adzɔ o. Wogblẽa mɔawo. Wotsoa atiawo. Wogblẽa tsi. Ao, míegale ɖeke dim kpee o.” *

Nɔnɔme wɔnublanui siawo tɔgbe va bɔ. Amesiwo wonyã de gbe va kpɔe be mele bɔbɔe be woakpɔ teƒe si woayɔ be yewo tɔ o. Dukɔwo Dome Agɔdzedzetsɔtsɔke Taʋliha ka nya ta be: “Zi alesi amesiwo le sitsoƒe dim le dzidzim ɖe edzi la, zi nenema kee dukɔwo hã le gbegbem be yewomagaxɔ na wo o.”

Amesiwo te ŋu ɖo sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me la ate ŋu akpɔ ametakpɔkpɔ aɖe ya gake mesɔna kple aƒe o. Eye nɔnɔme si le asaɖaa me menyona kura o.

Agbenɔnɔ le Sitsoƒesaɖawo Me

Afrikatɔ sitsoƒedila aɖe fa konyi be: “Tukpe ate ŋu adze wò [le aƒe] nàku, gake le [sitsoƒesaɖa me] afisia la, dɔ awu viwòwo woaku.” Dɔwuame, tsikɔwuame, dzadzɛnyenye kple dɔƒe ƒe anyimanɔmanɔ ɣeyiɣi didi nyea kuxi le asaɖa geɖe me abe alesi vifofo sia si ŋu wɔna mele o kpɔe ene. Nusita wòle alea gɔmesese mesesẽ o. Dukɔ madeŋgɔ siwo dzi sitsoƒedila akpeakpewo va do ɖo le vo me la anya nɔ kutri kum le alesi woakpɔ nuɖuɖu na woawo ŋutɔ ƒe dumeviwo xoxo. Womate ŋu ana kpekpeɖeŋu boo aɖeke ameha gbogbo siwo va do ɖe woƒe agbo nu zi ɖeka la o. Eye anɔ eme be kuxi siwo dze ŋgɔ dukɔ siwo nu dze edzi na wɔnɛ be womelɔ̃na be woakpe ɖe sitsoƒedilawo ŋu le dukɔ bubuwo me o.

Tsi kple dzadzɛnyenye si sɔ menɔ asaɖa si wotu kpatakpata me na amesiwo wu miliɔn eve siwo si tso Afrika dukɔ aɖe me le ƒe 1994 me o. Esia na be mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe ƒe dɔléle do eye wòwu ame akpe geɖe hafi wova lé enu mlɔeba. Nusi gagblẽ nyaa ɖe edzi kura enye alesi aʋawɔla siwo bla aʋakpa la va tsaka kple dumevi dzroawo hexɔ kpekpeɖeŋunuawo mama ƒu akɔ. Kuxi sia menye nu yeye o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Asrafoawo dzia dumevi dzrowo ƒe afɔku ɖe dzi ne woɖo sitsoƒedilawo dome. Enana be wote ŋu doa vɔvɔ̃ na wo bɔbɔe, eye woɖea fu na wo hezia wo dzi be woawɔ asrafodɔ.”

Sitsoƒedila gbogbo siwo va do kple dɔwuame ate ŋu ana duametɔwo nakpe fu. Dziɖuɖumegã aɖewo fa konyi le nuto si le Afrika Ta Gãwo dome be: “[Sitsoƒedilawo] gblẽ nuɖuɖu siwo míedzra ɖo, míaƒe agblewo, míaƒe nyiwo, kple míaƒe avewo dome, eye wohe dɔwuame kple dɔvɔ̃ va mía dome . . . [Wokpɔa] nuɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋu gake míawo ya míekpɔa ɖeke o.”

Gake ɖewohĩ kuxi gãtɔ kekeake enye be sitsoƒesaɖa siwo wotuna be woanɔ anyi vaseɖe ɣeaɖeɣi va zua amenɔƒewo koŋ. Le kpɔɖeŋu me, wotege ame 200,000 ɖe asaɖa si wotu na xexlẽme sia ƒe akpa enelia ko me le Titina Ɣedzeƒe. Wo dometɔ ɖeka fa konyi vevie be: “Teƒe aɖeke mele mía si míayi o.” Woxea mɔ na sitsoƒedila siawo siwo le fu kpem ɣeyiɣi didi la le dɔdiƒewo vevietɔ le dukɔ si xɔ na wo me si na be wobua wo dometɔ 95 le alafa me be wonye amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o alo be wonye ɣeyiɣi aɖe ko ƒe dɔwɔlawo. Sitsoƒesaɖa dzi kpɔla aɖe gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nyemenya alesi wowɔna kpɔa woƒe nuhiahiãwo o.”

Gake ne nɔnɔmea mede amesiwo le sitsoƒesaɖawo me dzi o la, ke avloe na amesiwo wonyã de gbe siwo mate ŋu adzo le wo de gɔ̃ hã o.

Fu Siwo Amesiwo Wonyã De Gbe Kpena

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Teƒenɔlagã na Sitsoƒedilawo gblɔ be: “Kuxi sia si nye amenyanyã de gbe ƒe lolome kple afisi wòkeke ta se ɖo, nusi gbɔ wòtso, kple nusi wògblẽna le dukɔwo dome ŋutifafa kple dedienɔnɔ ŋu na wòzu nya gã si ŋu dukɔwo tsi dzi ɖo vavã.” Zi geɖe la, aƒemanɔsitɔ siawo ƒe nɔnɔme wɔa nublanui wu sitsoƒedilawo tɔ le susu geɖe ta.

Dukɔwo dome habɔbɔ aɖeke metsɔa ɖe le eme na amesiwo wonyã de gbe ƒe dedienɔnɔ o, eye zi geɖe la, woƒe nɔnɔme wɔnublanuia metsɔa fu lãme na nyadzɔdzɔgblɔlawo o. Woƒe dziɖuɖua ŋutɔ si ƒo eɖokui ɖe aʋawɔwɔ me le mɔ aɖe nu la, malɔ̃ be yeakpe ɖe wo ŋu o alo mate ŋu akpɔ wo ta o. Zi geɖe la, ƒometɔwo dome klãna ne wole sisim le afɔkuteƒea. Enuenu esi wònyea dzizizi na amesiwo wonyã de gbe be woazɔ afɔ ta la, wo dometɔ aɖewo mete ŋu zɔna ɖoa teƒe si le dedie wu la o.

Amesiawo siwo wonyã de gbe la dometɔ geɖe dia sitsoƒe le du dahewo alo xɔ siwo tsi akpo dzi me wònyea afisi wonɔa agbe numadeamedzitɔe le. Bubuwo ƒoa ƒu ɖe asaɖa siwo wowɔ ɖewoɖewoe siwo dzi asrafowo va dzena ɣeaɖewoɣi la me. Zi geɖe la, amesiwo kuna le wo dome sɔa gbɔ wu ƒuƒoƒo ɖesiaɖe me tɔwo le dukɔa me.

Kpekpeɖeŋunana si ƒe ɖoɖo wowɔ kple susu be woatsɔ akpe ɖe amesiwo wonyã de gbe ŋu gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu. Agbalẽ si nye The State of the World’s Refugees 2000 gblɔ be: “Le ƒe ewo siwo susɔ ne ƒe alafa 20 lia nawu enu me la, dɔmenyohabɔbɔ siwo le dukɔ siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le me la xɔ na ame akpe geɖe eye wowɔ nu geɖe tsɔ ɖe amewo ƒe vevesese dzi kpɔtɔ. Ke hã nu vevi si wosrɔ̃ le ƒe ewoa me enye be ne aʋa dzɔ la, aʋawɔlawo te ŋu zãa nunana si dɔmenyohabɔbɔwo na le ayemɔwo nu, eye tameɖoɖo si le eŋu te ŋu trɔna zua esi dea aʋawɔla siwo dana le amegbetɔ ƒe gomenɔamesisewo dzi boŋ. Gakpe ɖe eŋu la nunana si dɔmenyohabɔbɔwo na ate ŋu ade aʋawɔlawo dzi le ganya gome, si wɔnɛ be aʋa la nɔa anyi ɣeyiɣi didi.”

Agbe si me Dzidzeme Le la Didi

Tsɔ kpe ɖe sitsoƒedilawo kple amesiwo wonyã de gbe evɔ wogakpɔtɔ le wo de ŋu la, wogakpɔa ʋuʋula aɖewo siwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi. Susu vovovowoe hea nusia vɛ. Vovototo si le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ dahewo ƒe ganyawo dome le kekem ɖe edzi ɣesiaɣi, eye television dzi nukpɔkpɔwo ɖea agbe dzedziname si wonɔna le dukɔ aɖewo me fiaa amesiwo le xexeame ƒe dukɔ dahe aɖewo me. Tsaɖiɖi ayi Xexeame ƒe akpa sia akpa va le bɔbɔe, eye dewo tsotso megava le sesẽm o. Dukɔmeviʋa, gbeɖekadola kpakple mawusubɔsubɔha ƒe vovototodedeameme hã ʋãa ame geɖe be woaʋu ayi dukɔ siwo me nu dzea edzi na ame me.

Gake esime sitsoƒedila aɖewo—vevietɔ amesiwo si ƒometɔwo le le dukɔ deŋgɔawo me—te ŋu ʋuna dzidzedzetɔe la, ame bubuwo ya ƒe agbe dome va gblẽna mlɔeba. Amesiwo va gena ɖe nuvlowɔha siwo wɔa wo ɖokui mɔzɔzɔ ŋu ɖoɖowɔlawo si me la koŋue ɖoa afɔku me. (Kpɔ aɖaka si kpe ɖe eŋu.) Anyo be ƒomea me tɔwo nade ŋugble tso afɔku siawo ŋu nyuie hafi aʋu ɖe ganyawo ta.

Le ƒe 1996 me la, tɔdziʋu xoxoe aɖe nyrɔ le Mediterranea ƒua me eye ame 280 ku. Amesiwo ku la nye sitsoƒedila siwo tso India, Pakistan, kple Sri Lanka eye wonye amesiwo xe tso $6,000 va ɖo $8,000 be woatsɔ yewo ayi Europa. Hafi tɔdziʋua nanyrɔ la, wodo dzi to kwasiɖa geɖewo ƒe dɔwuame, tsikɔwuame kple ŋutasẽnuwɔwɔ me. “Nu nedze edzi na ame ƒe gbe si woɖo” va zu ŋɔdzi kple afɔku.

Nuteƒekpɔkpɔ dziŋɔ aɖewo nɔa sitsoƒedila, amesiwo wonyã de gbe, kple mɔzɔla siwo meva le se nu o ɖesiaɖe kloe si be wòagblɔ. Susu ka kee na wonyã amesiawo de gbe o—eɖanye aʋa, yometiti, alo hiãe o—woƒe fukpekpe na wobiaa nya sia be: Ðe woakpɔ ta na kuxi siawo gbaɖegbea? Alo alea ko sitsoƒedilawo ƒe nɔnɔmea anɔ sesẽm ɖe edzi?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Nɔnɔme si ŋu nya míegblɔ le etame la dzɔ le March 2001, le Asia-dukɔ aɖe me. Gake kuxi siawo tɔgbe dzɔ le Afrika dukɔ aɖewo me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Fu Siwo Amesiwo Mezɔa Mɔ le Se Nu O Kpena

Ne woɖe sitsoƒedila kple amesiwo wonyã de gbe le eme la, “mɔzɔla siwo mezɔa mɔ le se nu o” siwo anɔ miliɔn 15 va ɖo miliɔn 30 ye le xexeame katã. Amesiawo dometɔ geɖe nye amesiwo kpɔa mɔ be yewoaƒo asa na koɖoɖo—ɖewohĩ nazãbubu kple yometiti hã—le dukɔ deŋgɔwo me.

Esi mɔzɔzɔ ɖe se nu megava le bɔbɔe o ta la, ɖoɖowɔwɔ na mɔzɔzɔ manɔsenuwo nye dɔ yeye aɖe si li fifia. Le nyateƒe me la, mɔzɔlawo kpɔkplɔ yi duta va zu asitsatsa si me viɖe gã kpɔkpɔ le na dukɔwo dome nuvlowɔhawo. Numekula aɖewo bu akɔnta be wokpɔa United States dɔlar biliɔn 12 le ƒe ɖeka me, eye afɔku boo menɔa eme na edzikpɔlawo o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã ƒe kpeɖeŋutɔ, Pino Arlacchi yɔ nusia be, “hlɔ̃dolawo ƒe asitsatsa si le ta kekem kabakaba wu ɖesiaɖe le xexeame.”

Se aɖeke mekpɔa mɔzɔla mawɔsedzi siawo ta o, eye nuvlowɔha siawo ɖoa asi woƒe mɔzɔgbalẽwo dzi zi geɖe. Mɔzɔla siawo ava kpɔ be dɔ sesẽ wɔƒewo, aƒeme dɔwɔƒewo, lãɖeƒewo, kple agbledeƒewo nye dɔ si me wokplɔ yewo dee. Ame aɖewo va zua gbolowo. Ne dziɖuɖumegãwo lé wo la, woagbugbɔ wo ayi aƒe asi ƒuƒlui. Ne woke nu le dɔ madzemadze wɔwɔ ta la, woate ŋu aƒo wo alo adɔ wo gbɔ madzemadze alo atsɔ ŋutasẽse ado ŋɔdzi na woƒe ƒomea me tɔ siwo le aƒe gɔ̃ hã.

Zi geɖe la, nuvlowɔhawo blea amesi ate ŋu azɔ mɔa be yewoakpɔ dɔ si me woxea ga gbogbo le na wo. Esia nana be ƒome dahe aɖe ate ŋu atsɔ eƒe kesinɔnuwo katã ada megbe be woakpɔ ga aɖe aɖo ƒomea me tɔ ɖeka ɖe Europa alo United States. Ne mɔzɔlaa mate ŋu axe eƒe fewo o la, woabia tso esi be wòawɔ dɔ atsɔ axee, si te ŋu ɖoa dɔlar 40,000 lɔƒo. ‘Agbe yeye’ si ŋugbe wodo nɛ la va zua kluvidɔ mlɔeba.

[Nɔnɔmetata]

Mɔzɔla siwo meva ɖe se nu o le Spain

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Manyamanya Gblẽ Nu le Eŋu

Siri ƒe ƒome nɔ tonyigba si le Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe afisi edzilawo dea woƒe mɔligble le. Gbeɖeka nyɔnu aɖe va gblɔ na edzilawo be yeate ŋu akpɔ dɔ si me woxea fetu nyui le na Siri. United States dɔlar 2,000 si wòna wo—si nye ga gbogbo aɖe na todzigbledelawo la—mate ŋu ana woagbe o. Gake eteƒe medidi o, Siri va kpɔ be wokplɔ ye yi gbolowɔƒe aɖe me. Eƒe aƒenɔwo gblɔ nɛ be ne edi be woaɖe asi le ye ŋu la, ekema ele nɛ be wòaxe dɔlar 8,000. Siri xɔ ƒe 15 ɣemaɣi.

Menya wɔ na Siri be wòaxe fe sia o. Woƒonɛ hedɔa egbɔ sesẽe kple susu be wòaɖo to yewo. Zi alesi wokpɔa viɖe le eŋu ko la, womaɖe asi le eŋu akpɔ o. Vevesese si le eme enye be wova ɖea asi le gbolo siawo ŋu mlɔeba—gake kple susu be woava ku kple AIDS le aƒe.

Asitsatsa sia tɔgbe le edzi yim le xexeame ƒe akpa bubuwo. Nyatakaka aɖe si wota le ƒe 1999 me si ƒe tanyae nye International Trafficking in Women to the United States (Nyɔnuwo Kpɔkplɔ tso Dukɔwo Dome yi United States) gblɔ be nyɔnu kple ɖevi 700,000 va ɖo 2,000,000 lɔƒoe wokplɔna ƒe sia ƒe eye wokplɔa wo dometɔ akpa gãtɔ dea gbolowɔwɔ me. Woanya ble ɖewo nu, bubuwo ya ɖe wofi wo; gake wozia wo katã kloe dzi be woawɔ dɔ si womedi o. Ƒewuivi aɖe si woxɔ le gbolowɔlawo ƒe nuvlowɔha aɖe si me gblɔ ku ɖe elélawo ŋu be: “Nyemebui kpɔ gbeɖe be nusia ate ŋu adzɔ o. Lãnuwɔlawoe amesiawo nye.”

Wokplɔ ame aɖewo siwo dzi nu mede o gɔ̃ hã tso sitsoƒesaɖawo me, amesiwo nu woble be yewoakpɔ dɔ siwo ŋu fetu nyuiwo le la na wo le Europa alo United States si nye nusi womate ŋu agbe o. Le nyɔnu geɖe gome la, agbe si adze edzi na ame wu didie kplɔa wo dea gbɔdɔdɔ ƒe kluvinyenye me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Bu Emetsonuwo Ŋu Kpɔ Hafi Nàʋu ɖe Gakuxiwo Ta

Esi nuvlowɔha geɖe ƒo wo ɖokui ɖe mɔzɔzɔ ɖoɖowo wɔwɔ me eye mɔzɔzɔ ayi dukɔ deŋgɔwo me le se nu va le sesẽm ta la, ahiã be srɔ̃ŋutsuwo kple vifofowo nabu biabia siwo gbɔna la ŋu nyuie hafi awɔ nyametsotso.

1. Ðe míaƒe ganyawo na míexaxa ale gbegbe be wòahiã be ƒomea me tɔ ɖeka naʋu ayi dukɔ si me fetuwo lolo le wua?

2. Fe nenie míanyi ɖe mɔzɔzɔa ŋu, eye aleke míawɔ axee?

3. Ðe wòaɖe vi be ƒomea me naklã ɖe ga mɔnukpɔkpɔ aɖe si ɖewohĩ mava me o la ta? Amedzro siwo mezɔ mɔ le se nu o la va kpɔnɛ be mele bɔbɔe be woakpɔ dɔ nyui awɔ le dukɔ deŋgɔwo me o.

4. Ðe wòle be maxɔ fetu gãwo kple dɔwɔwɔ ŋuti viɖewo ƒe ŋugbedodowo dzi asea? Biblia la gblɔ be “ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.

5. Ðe meka ɖe edzi be menye nuvlowɔha aɖewo si mee míetsɔ mía ɖokui le dedemee oa?

6. Ne nuvlowɔha aɖee le mɔzɔzɔa ƒe ɖoɖo wɔm la, ɖe menya be srɔ̃nye—alo vinyenyɔnuvi—ate ŋu ava zu amesi dzi woazi be wòawɔ gboloa?

7. Ðe eme kɔ nam be ne mege ɖe dukɔ aɖe me abe amedzro si meva le se nu o ene la, ate ŋu ana nyemakpɔ dɔ nyui awɔ o eye woate ŋu agbugbɔm aɖo ɖe aƒe, eye ga siwo katã megblẽ nabu ɖema?

8. Ðe wòle be matsi dzi ɖe mɔzɔzɔ manɔsenu ŋu alo atrɔ ɖe nufitifitiwɔwɔ ŋu be makpɔ mɔnu ayi dukɔ si deŋgɔ wu mea?—Mateo 22:21; Hebritɔwo 13:18.

[Diagram/Map on page 8, 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Sitsoƒedilawo kple Mɔzɔla Dɔdilawo ƒe ʋuʋu

Teƒe siwo sitsoƒedilawo kple amesiwo wonyã de gbe bɔ ɖo

→ Mɔzɔla dɔdilawo ƒe ʋuʋu ŋutɔŋutɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakakawo tsoƒe: The State of the World’s Refugees. The Global Migration Crisis. World Refugee Survey 1999.

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Sitsoƒedila si le mɔ kpɔm na nɔƒe yeye

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN PHOTO 186226/M. Grafman