Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe si me Amesiame Akpɔ Teƒe Anɔ

Xexe si me Amesiame Akpɔ Teƒe Anɔ

Xexe si me Amesiame Akpɔ Teƒe Anɔ

“Esi sitsoƒedilawo ƒe nya nye xexeame katã ƒe kuxi ta la, ele be egbɔkpɔkpɔ hã nanye xexeame katã ƒe nya.”—Gil Loescher, dukɔwo dome kadodo ŋu nufialagã.

ZATIƑEE srɔ̃tɔ yeyeawo dze mɔ. Togbɔ be vidzĩ nɔ wo si hã la, srɔ̃ŋutsua megblẽ ɣeyiɣi kura o, elabena etsi dzi ɖe woƒe dedienɔnɔ ŋu. Esee be dukɔa dziɖula sẽŋuta la le nugbe ɖom be yeawu amewo le dua me. Le mɔ si wu kilometa 160 si tea ɖeɖi ame ŋu zɔzɔ megbe la, ƒomea va tso dea hege ɖe dedienɔƒe mlɔeba.

Wova se ƒome dahe sia ŋu nya le xexea katã me emegbe. Ðevia ŋkɔe nye Yesu, eye edzilawoe nye Maria kple Yosef. Menye kesinɔnudidi tae sitsoƒedila siawo ʋu le wo de o. Ke boŋ agbee ɖo afɔku me le woawo gome. Nya lae nye be wo via ŋue woɖo nugbe ɖo!

Abe alesi wònɔna le sitsoƒedila geɖe gome ene la, Yosef kple eƒe ƒomea gatrɔ yi wo de mlɔeba esi dunyaɖoɖowo va trɔ. Gake ɖikeke mele eme o be woƒe sisi ɖe ɣeyiɣi dzie kpɔ wo via ƒe agbe ta. (Mateo 2:13-16) Wonya Egipte, dukɔ si xɔ na wo le ŋutinya me be exɔna na amesiwo si le dunya alo ganyawo ƒe xaxawo nu. Ƒe alafa geɖe va yi la, woxɔ na Yesu tɔgbuiawo le Egipte esime dɔwuame ɖo Kanaan-nyigba dzi.—Mose I, 45:9-11.

Wole Dedie Gake Woƒe Dzi Medze Eme O

Kpɔɖeŋu siwo le Ŋɔŋlɔawo me kple egbegbetɔwo siaa ɖee fia be agbe kple ku dome nyae sisi ayi dukɔ bubu me nye. Ke hã ekpɔtɔ nyea nuteƒekpɔkpɔ dziŋɔ na ƒome ɖesiaɖe be wòaʋu le aƒe. Togbɔ be aƒea anye teƒe tsɛ aɖe hã la, enyea nusiwo wotsɔ ƒe geɖe kple ga geɖe dzra ɖo hafi kpɔ. Eye ate ŋu anye domenyinu aɖe le ƒomea me si bla wo ɖe wo dekɔnu kple wo dedua ŋu. Gakpe ɖe ŋu la, ne woatsɔ nunɔamesi aɖe kura hã la, nu ʋɛ aɖewo koe sitsoƒedilawo ate ŋu atsɔ ayii. Esia fia be sitsoƒedilawo ɖoa ko ɣesiaɣi, eɖanye nɔnɔme ka ke mee wonɔ tsã o.

Dzidzeme si woakpɔ le gɔmedzedzea le dedienɔƒea ɖoɖo me la ate ŋu abu ɖe wo bɔbɔe nenye be mɔkpɔkpɔ bubu aɖeke megava le wo si wu sitsoƒesaɖa me nɔnɔ o. Eye zi alesi wokpɔtɔ le nɔnɔme sia me la, zi nenemae wòtena ɖe ame dzii, vevietɔ ne womeɖe mɔ be woawɔ nu ɖekae kple dua me tɔwo o. Abe amesiame ene la, sitsoƒedilawo dina be nɔƒe aɖe nanɔ yewo si koŋ. Sitsoƒesaɖa menye afisi sɔ be woanyi vi le kura o. Ðe ɣeyiɣi aɖe ava si me amesiame akpɔ nɔƒe si wòayɔ be aƒea?

Tɔtrɔ Yi Aƒee Nye Egbɔkpɔnua?

Le ƒe 1990-awo me la, amesiwo anɔ miliɔn asieke si wonyã de gbe la trɔ yi wo de. Dzidzɔ ɣeyiɣie wònye na amesiawo dometɔ aɖewo, eye wodzea asitɔtrɔ le woƒe agbe ŋu gɔme vevie. Gake le ame bubuwo gome la, akɔkpekpe kple nɔnɔme sesẽe wònye. Wogagbugbɔ trɔ va esi nɔnɔmea wu tsɔtsɔ na wo le dukɔ si xɔ na wo me. Kuxi si wodoa goe le aboyomenɔɣi nu sẽ ale gbegbe be wova tsoa nya me be anyo na yewo wu ne yewotrɔ gbɔ va aƒe, togbɔ be woado go dediemanɔmanɔ kokoko le aƒe hã.

Tɔtrɔ gbɔ va aƒe menɔa bɔbɔe le nɔnɔme nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã me o, elabena efia nuwo gɔmedzedze zi evelia. Agbale si nye The State of the World’s Refugees 1997-98 ɖe nu me be: “Ʋuʋu ayi teƒe yeye ɖesiaɖe nana wobua nu veviwo, siwo dometɔ aɖewo nye anyigba, dɔwɔɖui, aƒewo kple lãhawo. Eye ʋuʋu ayi teƒe yeye ɖesiaɖe bia be wogagbugbɔ nuwo aɖɔ ɖo kple fukpekpe geɖe.” Numekuku aɖe si wowɔ le sitsoƒedila siwo trɔ yi titina Afrika ŋu gblɔ be “le sitsoƒedila siwo ŋu wokpe ɖo le aboyomenɔɣi gome la, aƒenɔnɔ sesẽ na wo wu aboyomenɔnɔa ŋutɔ.”

Gake esi gavloe wue nye nɔnɔme si me sitsoƒedila miliɔn geɖe siwo dzi wozi be woatrɔ ayi wo denyigbawo dzi la tona. Nɔnɔme ka mee woava ge ɖo? Wogblɔ le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe me be: “Ele na sitsoƒedila siwo gbugbɔ va aƒe be woato nɔnɔme si me sedziwɔwɔ mele tututu o me, afisi adzodada kple nuvlowɔwɔ bɔ ɖo, eye asrafo siwo ŋu woɖe asi le la dzea dumevi dzrowo dzi eye tu siwo nya tsɔna bɔ ɖe dukɔmevi akpa gãtɔwo si le la me.” Edze kɔte be nɔnɔme sesẽ sia mete ŋu kpɔa nu vevi siwo amesiwo trɔ gbɔ hiãna be woanɔ dedie gɔ̃ hã gbɔ o.

Xexe si me Amesiame Anɔ Dedie le la Ðoɖo Anyi

Sitsoƒedilawo dzi zizi be woatrɔ ayi aƒe makpɔ woƒe kuxiawo gbɔ gbeɖe o ne womekpɔ nusiwo hea wo vɛ la gbɔ o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Teƒenɔlagã na Sitsoƒedilawo tsã, Aƒenɔ Sadako Ogata, gblɔ le ƒe 1999 me be: “Edze ƒã le nusiwo dzɔ le ƒe ewo siawo me—ƒe si va yi nyitsɔ laa hã le eme—kɔte be womate ŋu adzro sitsoƒedilawo ƒe nya me agbe nu ƒoƒo tso dedienɔnɔ ŋu o.”

Eye ame miliɔn siwo le xexeame godoo mele dedie kura o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã, Kofi Annan, ɖe nu me be: “Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, aʋa siwo wowɔna le dukɔwo me gblẽ nu le wo ŋu ale gbegbe be dukɔmeviawo megakpɔa ametakpɔkpɔ nyui aɖeke o. Le teƒe bubuwo hã la, dziɖuɖu siwo gbe nuwɔwɔ be wòaɖe vi na amesiame la de amegbetɔwo dediemanɔmanɔ me esi woti woƒe futɔwo yome eye wowɔ fu gbeɖekadola siwo le ʋɛ wu siwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la.”

Zi geɖe la, aʋawɔwɔ, yometiti, kple ŋutasesẽ le gbeɖekadolawo ŋu—siwo nye nu vevi siwo naa amewo menɔa dedie o siwo Kofi Annan yɔ la—tsoa fuléle, nazãbubu, kple madzɔmadzɔnyenye gbɔ. Womate ŋu aɖe nu vloe siawo ɖa bɔbɔe o. Ðe esia fia be sitsoƒedilawo ƒe kuxia anyra ɖe edzi eye womate ŋu akpɔ egbɔ gbeɖe oa?

Ne amegbetɔwo koe akpɔ egbɔ la, ekema ɖikeke mele eme o be alea tututu wòava nɔ. Gake Mawu do ŋugbe le Biblia me be ‘yeatsi aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Psalmo 46:10) Nenema ke wòto eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me amewo “atu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. . . . Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o; elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome wonye, eye wo viwo le wo ŋu.” (Yesaya 65:21-23) Nɔnɔme siawo aɖe sitsoƒedilawo ƒe kuxia ɖa nyateƒe. Anya wɔa?

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnu Nyawo Gbɔkpɔha ƒe ŋgɔdonyawo gblɔ be: “Esi wònye amewo ƒe susu mee aʋawɔwɔ dzea egɔme tsonɛ ta la, amewo ƒe susuwo mee wòle be woaƒã ŋutifafa gbɔgbɔ ɖo.” Mía Wɔla la nya nyuie be ehiã be amewo natrɔ woƒe tamesusu. Nyagblɔɖila sia ke gblɔ susu si ta gbeɖeka amesiame anɔ dedie le anyigba dzi, be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:9.

Yehowa Ðasefowo nya xoxo be sidzedze Yehowa te ŋu kpena ɖe ame ŋu woɖua nazãbubu kple fuléle dzi. Le woƒe dukɔwo dome gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la, wodzea agbagba be yewoaɖe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔse si ƒãa lɔlɔ̃ ɖe amewo me ɖe fuléle teƒe, le dukɔ siwo me aʋawɔwɔ gblẽ nu le gɔ̃ hã me afia. Wokpena ɖe sitsoƒedilawo hã ŋu le mɔ si anya wɔ na wo nu.

Gake wokpɔe dze sii be Yesu Kristo, Fia si Mawu ɖo koe ate ŋu akpɔ sitsoƒedilawo ƒe kuxia gbɔ keŋkeŋ. Enya alesi fuléle kple ŋutasesẽ te ŋu tsrɔ̃a amewo ƒe agbe bɔbɔe. Biblia ka ɖe edzi na mí be adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me. (Yesaya 11:1-5) Woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi le eƒe dziƒodziɖuɖua te abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene. (Mateo 6:9, 10) Ne ɣemaɣi ɖo la, magadzɔ gbeɖe be ame aɖeke nazu sitsoƒedila o. Eye nɔƒe si anye aƒe nyui anɔ amesiame si wòayɔ be ye tɔ.

[Aɖaka si le axa 12]

Nukae Hiã be Woatsɔ Akpɔ Sitsoƒedilawo ƒe Kuxia Gbɔe?

“Be woakpɔ nuhiahiãwo gbɔ na amesiwo wonyã de gbe—amesiwo le sitsoƒe dim le aƒe kple gbe siaa—bia nu geɖe wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dedienɔnɔ kple kpekpeɖeŋu nana ko. Gbã la, ebia be woahe amewo ƒe susu ayi yometiti, nuvlowɔwɔ kple aʋawɔwɔ siwo nyãa amewo dea gbe la dzi. Ele be amewo nanya gomenɔamesi si le ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo si be woanɔ anyi le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me eye woade bubu wo ŋu ale be mahiã be woanɔ sisim le woƒe aƒewo me o.”—The State of the World’s Refugees 2000.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea Akpɔ Egbɔe?

“Woawɔ nu dzɔdzɔe eye woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le anyigbaa ƒe afisiafi. Esi amesiame awɔ nu dzɔdzɔe ta la, ŋutifafa kple dedienɔnɔ anɔ anyi tegbee. Mawu ƒe amewo magaxa nu o, eye woƒe aƒe anye dziɖeɖi kple dedienɔnɔ teƒewo.”—Yesaya 32:16-18, Today’s English Version.