Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abosam—Vɔ̃ɖitɔ si Li Ŋutɔŋutɔa?

Abosam—Vɔ̃ɖitɔ si Li Ŋutɔŋutɔa?

Abosam—Vɔ̃ɖitɔ si Li Ŋutɔŋutɔa?

LE MAWUSUBƆLA geɖe gome la, wobua Abosam abe aʋatsodzixɔse me nyakpakpa—amegbetɔwo ƒe nutovɛ aɖe ko—ene. Eyata esi Dionigi Tettamanzi, si nye bisiɔpgã le Genoa—amesi nye Italytɔwo ƒe papatenɔla xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka—ɖo axa 40 ƒe lɛta si wòŋlɔ na hakplɔlawo la ɖe wo ku ɖe alesi woakpe akɔ kple Abosam ŋui la, emenyawo de zitɔtɔ amewo me. “Se 10” ye nɔ nusiwo wòŋlɔ me.

Gbãtɔ: “Mègaŋlɔ be o be abosam li,” elabena “alakpa gbãtɔ” si wòdana enye be “yeana míaxɔe se be yemeli o.”

Evelia: Mègaŋlɔ be o be abosam tea ame kpɔna. . . . Mègabu ɖokuiwò be mate ye akpɔ alo adze ye dzi o.”

Etɔ̃lia: “Mègaŋlɔ be o be nunyalagã kple ayetɔ ŋutɔe abosam nye. Eyia eƒe ayemenuwɔnawo dzi to adzamenuwɔwɔ me, abe alesi wòwɔe kple ame gbãtɔ la ene.”

Enelia: “Nɔ ŋudzɔ: le ŋku kple dzi me. Eye nàsẽ ŋu: le tameɖoɖo kplikpaa kple nuwɔna me.”

Atɔ̃lia: “Ka ɖe alesi Kristo ɖu ametekpɔla sia dzi la dzi vevie” elabena esia “ana nànɔ dedie ahaɖe dzi ɖi le amedzidzedze sesẽtɔ kekeake si wòate ŋu ahe va dziwò la gɔ̃ hã me.”

Adelia: “Ðo ŋku edzi be Kristo wɔ wò nènye gomekpɔla le eƒe aʋadziɖuɖua me.”

Adrelia: “Yi edzi nàɖo to Mawu ƒe Nya la.”

Enyilia: “Bɔbɔ ɖokuiwò eye nàlɔ̃ be woado ŋukpe ye.”

Asiekelia: “Do gbe ɖa ɣesiaɣi, ɖeɖimateameŋutɔe,” be nàte ŋu aɖu tetekpɔ dzi.

Ewolia: “De bubu Aƒetɔ kple wò Mawu la ŋu eye eya ɖeka ko nàsubɔ.”

Dɔ kae lɛta sia si woŋlɔ na hakplɔlawo wɔ ɖe wo dzi? Mawuŋununya srɔ̃ƒe si le Milan mexɔ lɛta sia me ɖaŋuɖoɖowo kple dzidzɔ o. Nusrɔ̃ƒe sia tsi tre ɖe eŋu gblɔ be “ɖeko osɔfo ƒe nufiame sia ɖi abe titinaɣeyiɣiwo me tɔwo ƒe nya ene.” Nyanuɖela aɖe gblɔ be, “be woadro fɔbubua katã ɖe abosam dzi ate ŋu awɔe be amewo makpɔ woa [ŋutɔwo] ƒe agbanɔamedziwo adze sii o.”

Togbɔ be Biblia meɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔna me tsonu ƒe agba le wo dzi o hã la, ede dzesi Satana Abosam kɔte be enye “xexe sia me mawu” si te Yesu kpɔ. Eɖe Satana ƒe ŋusẽ kple eƒe didi be ‘yeagbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusuwo’ la hã fia.Korintotɔwo II, 4:4; Mateo 4:1-11

Nyateƒee, abe alesi apostolo Petro ŋlɔe ene la, Satana le “abe dzata si le gbe ɖem hele ame dim be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Mewɔ nuku o be apostolo Yohanes ɖo ŋku edzi na xɔsetɔwo be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Ne míeŋe aɖaba ƒu Ŋɔŋlɔ siawo me nuxlɔ̃ameawo dzi o hetsɔ wo vevie la, míanye nunyalawo.