Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Anɔ Dedie le Dɔwɔƒe

Alesi Nàwɔ Anɔ Dedie le Dɔwɔƒe

Alesi Nàwɔ Anɔ Dedie le Dɔwɔƒe

TOGBƆ be wowɔ sewo be wòaɖe afɔku siwo dzɔna le dɔwɔƒewo dzi akpɔtɔ hã la, nuveviwɔamewo kple alesi amewo kunae ganye kuxi gã aɖe kokoko. Ekema edze kɔte be, sewo wɔwɔ ɖe dɔwɔwɔ ŋu ɖeɖe mate ŋu ana dɔwɔƒewo nanɔ dedie o. Ele be dɔtɔwo kple dɔwɔlawo naɖoe wo ɖokui dzi awɔ afɔɖeɖe aɖe atsɔ akpɔ wo ɖokui kple ame bubuwo tae.

Eyata ehiã be amesiwo katã le dɔwɔƒewo nagbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe woƒe dɔwɔƒea kple nuwɔnawo ŋu nyuie ŋuɖɔɖotɔe. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèlé ŋku ɖe eŋu kpɔ be miaƒe dɔwɔƒea le dediea? Ðe miezãa aɖinuwoa? Ne aleae wòle la, ɖe nane li nètsɔ kpɔa ɖokuiwò ta bliboea? Ðe nu tena ɖe dziwò ɣesiaɣia? Ðe nèlɔ̃na wɔa dɔ siwo me woŋea aɖaba ƒua sededewo dzi alo afisiwo wowɔa dɔ gaƒoƒo geɖe wu esi ŋu se ɖe mɔ le laa?

Nya siawo tɔgbe ŋuɖoɖo aɖe alesi gbegbe nèle dedie le dɔwɔƒe afia.

Ŋudzɔnɔnɔ na Afɔkuwo

Agbagbadzedze be woawɔ dɔ si ƒe ɖoɖowɔɖi mede ame dzi o ate ŋu ahe afɔku vɛ. Esi Nufialagã Lawson Savery si le Curtin Yunivɛsiti le Australia kple numekula aɖe lé ŋku ɖe numekuku aɖe si wowɔ le dɔwɔla miliɔn 3.6 kple dɔwɔƒe 37,200 ŋu megbe la, wota numekugbalẽ aɖe si ƒe tanya enye “Long Hours at Work: Are They Dangerous and Do People Consent to Them?” (Dɔwɔwɔ Gaƒoƒo Geɖe: Ðe Afɔku Le Emea eye Ðe Amewo Lɔ̃ Ðe Edzia?) Ne woagblɔe tututu la, nyabiabia evea siaa ƒe ŋuɖoɖo enye ẽ.

Le nyateƒe me la, dɔwɔla siwo ŋu ɖeɖi tena mete ŋu wɔa dɔ bliboe o eye wowɔa vodada geɖe wu. Nufialagã Savery gblɔ abe alesi Australia-nyadzɔdzɔgbalẽ The Sun-Herald ka eta ene be: “Dɔwɔƒe geɖe dea dzi ƒo be woawɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe eye woléa ŋku ɖe dɔwɔla siwo wɔa dɔ madzudzɔmadzudzɔe ŋu vevie heɖoa eteƒe na wo.” Emetsonuwo te ŋu gblẽa nu vevie. Ðewohĩ kuxi sia mebɔ le teƒe aɖeke wu ʋudɔwɔlawo dome o, afisi wote ŋu dea dzi ƒo na wo alo zia wo dzi le gɔ̃ hã be woaku ʋu gaƒoƒo geɖe gbɔɖeme manɔmee—si nye se dzi dada le dukɔ aɖewo me.

Nu bubu si hea afɔku vɛ enye fɔmalémalé ɖe dɔ ŋu, si ƒe ɖewo ate ŋu anye numawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu kple numawɔmawɔ le dzadzɛnyenye me. Dɔwɔnuwo gbegblẽ ɖe anyigba nyamanyama alo elektrik-ka siwo me dzo le gbegblẽ ɖi nenema, te ŋu hea afɔkuwo vɛ zi geɖe, eye ewua ame gɔ̃ hã. Alea ke wòdzɔnae ne woŋe aɖaba ƒu nuxlɔ̃amenyawo dzi ne wole dɔwɔnu kple mɔ̃ siwo zãa elektrikŋusẽ ŋudɔ wɔm. Nu bubu si ganaa nuvevi wɔa ame alo wua ame enye be woagblẽ ami siwo kɔ ɖe anyigba ɖi si womatutui o—vevietɔ esiwo nye aɖinuwo. Nuvevi wɔ dɔwɔla geɖe esime woɖiɖi le anyigba si dzi ami alo tsi kɔ ɖo. Eyata woate ŋu agblɔ be dɔnyuiwɔwɔ ƒe se gbãtɔ enye be woawɔ nu le dzadzɛnyenye me kple ɖe ɖoɖo nu.

Ke hã, ewɔna na ame geɖe be yewoaŋe aɖaba aƒu ɖokuitakpɔsewo dzi. Magazine si nye Monthly Labor Review gblɔ be: “Dɔ ƒe kɔlili ɖi ate ŋu ana woabui be mɔ kpuiwo dzi toto le vevie be woate ŋu awu dɔ nu ɖe ɣeyiɣi dzi.” Eyata ame aɖe abu ɖokuitakpɔse be, ‘Afɔku aɖeke medzɔ kpɔ esi nyemewɔ edzi o.’ Esi adzɔnuwɔƒe dzikpɔla kpɔnuteƒe aɖe nɔ nu ƒom tso nya sia ƒe vevienyenye ŋu la, egblɔ be: “Nu vloetɔ kekeake si nàte ŋu awɔ le dɔ me enye be nàgbe wɔwɔ ɖe ɖokuitakpɔsewo dzi ahato eme ado vɔ̃ aɖeke madzɔmadzɔe!” Nukatae? Elabena ekplɔa ame dea kakaɖeameɖokuidzi akpa kple fɔmalémaléɖenuŋu me, si hea afɔku siwo lolo wu vanɛ.

Woƒoa nu le Chernobyl-mɔ̃ si wó le Ukraine le ƒe 1986 me ŋu zi geɖe be “enye xexeame katã ƒe nukliafɔku dziŋɔtɔ kekeake.” Nukae hee vɛ? Afɔkua ŋuti nyatakaka aɖe yɔ “mɔ̃a zazã ŋumaɖɔɖotɔe” kple “ɖokuitakpɔsewo dzi dada enuenu.”

Dɔtɔ kple dɔwɔla ate ŋu ado alɔ wo nɔewo le ŋkuléle ɖe nusiwo ate ŋu ahe afɔku vɛ ŋu me. Biblia me lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Ẽ, nunyala kpɔa nusi me afɔku ate ŋu anɔ la dzea sii eye wòdia mɔ siwo nu wòakpɔ eɖokui kple ame bubuwo ta le.

Ne dɔtɔwo wɔ esia la, eɖea vi na woa kple woƒe dɔwɔlawo siaa. Le kpɔɖeŋu me, adzɔha aɖe si gbugbɔ trɔ asi le woƒe dɔwɔƒe ŋu be woaƒo asa na “xɔ siwo me aɖiyawo le” kpɔ be mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi dɔa kpɔ dzidziɖedzi eye dɔwɔlawo ƒe dzi dze eme wu wòɖe dzesi o. Wokpɔ hã be amesiwo mevaa dɔme o le dɔléle ta dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. Menye ɖeko ame bubuwo ƒe lãmesẽ ŋu bubu alea naa nɔnɔmea dea dɔtɔ kple dɔwɔlawo dzi ko evɔ o, ke boŋ abe alesi míekpɔe le go sia me ene la, ete ŋu dea ame dzi le ganyawo hã gome.

Abe alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me ene la, nuvlowɔwɔ va bɔ ɖe dɔwɔƒewo. Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta?

Afɔ Siwo Nàte Ŋu Aɖe

Wokpɔe be masɔmasɔ suesue siwo doa mo ɖa le dɔwɔlawo dome le dɔwɔƒe te ŋu yia ŋgɔ va zua nya gã. Agbalẽ si nye Harvard Business Review na nuxlɔ̃ame dedzigbɔname sia be: “Be nàlé ŋutasẽnuwɔnawo nu le dɔwɔƒe la, nyae be zi geɖe la, amesiwo wɔa nu adãtɔe le nya suesuewo me yia edzi wɔa esiwo vloe wu.”

Manye be ɖe nyɔnu aɖe ɖoe be yeahe hatidɔwɔlawo ƒe susu va ye ɖokui dzi o, gake ne eƒe awudodo, nuƒoƒo, kple nɔnɔmewo meɖe ameŋububu fia o la, amewo abui agbegbegblẽnɔla. Le egbeŋkekewo me la, nuwɔna siwo womeɖo be wòahe amewo ƒe susu ayi nuwɔna gbegblẽ aɖeke dzi o la va hea kuxi gãwo vanɛ ɣeaɖewoɣi, siwo ƒe ɖee nye xadede ɖi be woawɔ nuvevi ame, amegbɔdɔdɔ sesẽe, alo amewuwu gɔ̃ hã. Eyata nɔ ŋudzɔ ɖe alesi wò awudodowo kple agbenɔnɔ wɔa dɔ ɖe ame bubuwo dzii ŋu. Wɔ ɖe Biblia me nuxlɔ̃amenya sia dzi be: ‘Do awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye wɔ leke na ɖokuiwò le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.’Timoteo I, 2:9.

Monthly Labor Review de dzesi nɔnɔme bubu si me afɔku ate ŋu anɔ eye wògblɔ be: “Amewo va le dzi tsim ɖe dɔwɔla siwo ɖeɖe wɔa dɔ le zã me le teƒe siwo sa ɖe aga la ŋu.” Eyata bu eŋu kpɔ: Ðe nunya le eme ŋutɔŋutɔ be woaxɔ dɔ si me woate ŋu awɔ nuvevi ame vevietɔ ne wònye ame ɖeka koe wɔa dɔa le zã mea? Ðe wòsɔ be woade agbe afɔku me ɖe fetu si wòaxɔ ta?

Ele vevie hã be míabu alesi míewɔa nu ɖe dzikudoname kple ŋutasẽnu si hatidɔwɔla siwo dzi nu te ɖo wɔna la ŋu. Nukae woate ŋu awɔ be woatsɔ alé nɔnɔme si me afɔku ate ŋu anɔ la nu? Biblia me lododo aɖe xlɔ̃ nu be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Ẽ, ne èkpɔa nya gbɔ le tufafa kple bubu me la, ana nàɖe dzi ɖi eye nàƒo asa na dzrewɔwɔ.

Dzikudodo na ame kple ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ le egbeŋkekea me le afisi woyɔa ʋu ɖe ame nu le dɔwɔƒewo. Togbɔ be adze abe mía ŋue woɖoe ɖo hã la, nu ko wɔm amea le ɖe nuteɖeamedzi kple dziɖeleameƒo nu. Anye nuɖiɖeamee na míenɔ afima le gaƒoƒo ma dzi. Eyata alesi míewɔa nu ɖe enui le vevie ŋutɔ. Ate ŋu afa nɔnɔmea nu alo ana wòanyra ɖe edzi.

Gake ɖewohĩ ate ŋu anye hã be susu aɖe tae amea buna le eɖokui me nenema. Agbalẽ si nye Resolving Conflicts at Work gblɔ be: “Ne nane do dziku na mí la, . . . ƒã hafi míeɖea nusi le dzi me na mí gblɔna bliboe.” Nukae ate ana nu nate ɖe ame dzi? Agbalẽa yi dzi gblɔ be: “Nya si le dzi dzi na mí ate ŋu ana míatɔtɔ alo nu nate ɖe mía dzi, eye wòana míasusu be naneke meli míagate ŋu awɔ tsɔ wu be míawɔ avu o.”

Nukae nye egbɔkpɔnu? TOLÉLE ÐE NYA ŊU! Agbalẽ si míeyɔ va yi gblɔ be: “Ne míelé to ɖe mía kple amesiwo dome nya dzɔ ɖo ŋu nyuie la, míaƒe seselelãmea nu ate ŋu afa be míawɔ dzre o eye míake ɖe egbɔkpɔnu ŋu.” Esia nye mɔ nyui aɖe si nu woato atsi dziku kple masɔmasɔ nu be wòagazu dzre o.

Eyata kpɔ egbɔ le mɔ si sɔ nu be nuwo nanɔ dedie. Esia ƒe ɖewoe nye ŋudzɔnɔnɔ vevie ɖe mia gbɔ dedienɔnɔ mɔfiamewo dzi wɔwɔ ŋu. Esia dzi wɔwɔ le vevie be dɔwɔƒea nanɔ dedie.

Nyateƒee wònye be míaƒe nɔnɔme ku ɖe agbenɔnɔ, dɔwɔwɔ, kple ɖiɖiɖeme ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dɔ si míetiana be míawɔ kple alesi míebua dedienɔnɔe dzi. Nyati si kplɔe ɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia nyuiwo le go sia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Dzra afisi ami kɔ ɖo la ɖo pɛpɛpɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nyaŋuɖoɖo fafɛ ate ŋu atsi dziku nu