Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyitsi—Enye Gbedala Vivi Aɖe

Anyitsi—Enye Gbedala Vivi Aɖe

Anyitsi​—Enye Gbedala Vivi Aɖe

ATIKEWƆWƆ ŋuti numekula aɖewo kpɔ dzidzɔ ɖe dɔlékuiwo wuwu kple tete nu tsitsi ƒe ŋutete si le anyitsi si ŋu. Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail ka nya ta be: “To vovo na dɔlékuiwutike deŋgɔ siwo mete ŋu kpea dɔlékuiwo dzi o la, anyitsi ya te ŋu wɔa avu kple wo dometɔ aɖewo ya teti ne wokɔe ɖe abi me.”

Nukae le anyitsi me si na be wòte ŋu daa dɔ? Ŋuɖoɖoa ku ɖe anyi si wɔa dɔ vevie nɔa tsi viviwo yɔm tso seƒoƒowo me ŋu. Glucose-oxidase, si nye lãmetsi vevi aɖe si ɖea sukli si le seƒoƒometsia me dzi kpɔtɔna la, le anyia ƒe tá me. Ne etsaka kple táa la, nusi wòtrɔna zuna enye hydrogen peroxide, si wozãna le afisiafi tsɔ tutua abiwo me hetsɔnɛ wua eme dɔlékuiwoe. Zi geɖe la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe hydrogen peroxide si wodea abi me la wɔa dɔ se ɖo; gake le anyitsi ya gome la, eƒe dɔwɔwɔ to vovo. Globe ƒe nyatakakaa gblɔ be: “Ne wonya kɔ anyitsi ɖe abi me ko la, ŋutilã la me tsi dzròa anyitsia le mɔ aɖe nu, eye esia ɖea acid si le anyitsia me la dzi kpɔtɔna.” Esi wònye acid la dzi ɖe kpɔtɔ ta la, lãmetsia tea dɔwɔwɔ enumake. Exɔa ɣeyiɣi didi hafi sukli si le anyitsia me la vɔna eye enɔa vɔvɔm vivivi. Esia wɔnɛ be hydrogen peroxide gbogbo aɖewo siwo ate ŋu awu nugbagbevi suesuewo evɔ magblẽ nu le lãkusi siwo te ɖe eŋu ŋu o la nɔa dodom vivivi.

Le Globe ƒe nya nu la, nu vovovowo le anyitsi me siwo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wòwua abii dzi. “Anyitsi vi aɖe sisi ɖe teƒea naa teƒea fana hekpɔa ŋutigbalẽa ta eye mana abia ŋkume naƒu o. Anyitsi tua ʋuka yeyewo wɔwɔ kple woƒe tsitsi ɖo eye wòdoa ŋusẽ lãmenugbagbeviwo na ŋutigbalẽ yeye wɔwɔ.” Gakpe ɖe eŋu hã, nusiwo wua dɔlékui kple nusiwo tsia tete nu siwo le anyitsia me “wɔnɛ be abia melolona ɖe edzi o, edzia ʋu ƒe sisi ɖe edzi eye menana be abi ‘tsyɔa tsi’ o.”

“Gake” nyatakakaa xlɔ̃ nu be “menye amesiamee anyitsi nyona na o.” Wobui be nuɖuɖu me aɖi aɖe le anyitsi ƒe memama atɔ̃ le alafa me me. Dɔwɔhawo abe Nuɖuɖu me Dɔlékui Numekuha ƒe agbalẽ si nye Health Canada ene kpakple habɔbɔ siwo kpɔa ɖeviwo ƒe dɔlényawo gbɔ ƒo nu tsi tre ɖe anyitsi nana ɖevi siwo mexɔ ƒe ɖeka o ŋu elabena “dɔkavime nugbagbevi agbɔsɔsɔme si wohiã be wòakpɔ wo ta tso dɔlékuiwo si me la mekpɔ su wo si haɖe o.”