Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

ASRAFO veviedonula aɖe nɔ dɔ dzi le eƒe ŋdɔnuɖuɣi katã me kple susu be wòawu dɔ si eƒe amegã di tso esi kpata la nu. Esime etɔwo gbɔ tso ŋdɔnua ɖuƒe la, wokpɔe wòtsyɔ mo anyi ɖe dɔa dzi le kplɔa dzi—eku.

Ewɔ nuku na etɔ asrafo bubuawo be ema megbe mede gaƒoƒo eve o la, woƒe amegã ƒo ka gblɔ na wo be: “——— ƒe nyaa wɔ nublanui, gake mehiã na ame bubu si axɔ ɖe eteƒe etsɔ ŋdi!” Esia na nuteƒekpɔlawo bia be, Dɔ si asrafoa wɔna ko mee eƒe amegã kpɔ eƒe vevienyenye lea?

Nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ sia he susu yi nyateƒenya aɖe dzi—be zi geɖe la, dɔ si ame wɔna ko mee dɔtɔwo kpɔa eƒe vevienyenye lena. Esia ana ame aɖe nabia be: Ðe mele agbe na dɔwɔwɔ loo alo ɖe mewɔa dɔ be matsɔ akpɔ nye agbemenuhiahiãwo gbɔ? Nye agbe ƒe akpa ka ŋue mele nu gblẽm le le nye dɔ ta?

Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ

Zi geɖe la, amewo tsɔa dzitsitsi wɔa nu eve siwo ame aɖewo buna nu vevitɔwo kekeake le agbe me la ŋuti nyametsotso—siwo nye amesi woaɖe kple dɔ si woawɔ la tiatia. Tsã la, wobua dɔwɔɖui kple srɔ̃ɖeɖe be wonye nusiwo nɔa anyi ɖaa. Eyata wobua ɖesiaɖe ŋu nyuie hafi wɔa tiatia. Zi geɖe la, wobiaa aɖaŋuɖoɖo tsoa xɔlɔ̃ tsitsiwo kple dzilawo gbɔ.

Gake le egbeŋkekeawo me la, edze abe ŋutilãme ƒe dzedzeme koŋ dzie ame geɖe nɔa te ɖo tiaa amesi woaɖe kple susu be ne nuwo meva yi abe alesi wokpɔ mɔ nɛ ene o la, woate ŋu adi ame bubu. Nenema ke ame geɖe nɔa te ɖe dɔ aɖe ƒe dzedzeme koŋ dzi wɔa tiatia numanyomanyo siwo ate ŋu ado tso eme ŋu mabumabui. Alo woŋea aɖaba ƒua eƒe akpa manyomanyoawo dzi kple susu be ‘Màte ŋu akpɔ emawo ya gbɔ.’

Nublanuitɔe la, nyɔnu siwo le dukɔ dahewo me zɔna zi geɖe ɖe boblo si wodona kple numevivi be woakpɔ dɔ si me agbe vivi nɔnɔ le la na wo le teƒe aɖewo la dzi. Gake ne wova ɖo dukɔ bubu ma me ko la, zi geɖe wokplɔa wo yia gbolowɔƒewo afisi wova kpɔnɛ le be gbolowɔwɔ vloe wu agbe si yewo nɔna tsã. Egbegbe kluvinyenye sia, abe alesi World Press Review nyati aɖe gblɔe ene la, “enye fuwɔame si nu mayi o.”

Ðe wote ŋu blea amewo dea dɔ aɖe si wowɔna me eye wova kpɔna emegbe be kluvi koe yewova zu mlɔeba? Esia tututue dzɔna! Le kpɔɖeŋu me, adzɔha aɖewo tsɔ agbe vivi nɔnɔ kpena ɖe dɔ ŋuti na woƒe dɔwɔlawo. Esiawo ƒe ɖewo anye nuɖuƒe si ƒomea kple wo xɔlɔ̃wo ate ŋu azã, ʋuɖoɖo kple woƒe ʋuwo kɔklɔ femaxee, aɖutikewɔla nɔa anyi, kamedeƒe nɔa anyi wozãna faa, kple nuɖuɖu xɔasiwo dzraƒe si wokaa fe aɖe le eŋu na wo.

Nyadzɔdzɔŋlɔla Richard Reeves, ka nya ta be “adzɔha aɖe kura xe fe na kadododɔwɔha aɖe be eƒe dɔwɔla siwo ŋu ɖeɖi te nate ŋu ado ka kple xɔlɔ̃ yeyewo.” Gake nɔ ŋudzɔ! Eɖe nu me be: “Dɔwɔƒe siawo toa ɖoɖo aɖewo vɛ be agbe nanɔ bɔbɔe na wò le tameɖoɖo ɖeka aɖe ko ta—be woakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi; be nànɔ dɔwɔwɔ dzi gaƒoƒo 18 gbesiagbe kpakple le kwasiɖanuwuwuwo, nàɖu nu, nàde kame, nàɖe modzaka, eye nàmlɔ anyi gɔ̃ hã ɖe dɔwɔƒea ɖe viɖe si woakpɔ ta.”

Tiatia si Nyo Wu Wɔwɔ

Blema lododo aɖe gblɔ be: “Avu gbagbe nyo wu dzata kuku.” (Nyagblɔla 9:4) Lododo sia fɔ biabia ɖe te be, Ðe matsɔ nye agbe alo lãmesẽ me nɔnɔ asa vɔe ɖe nye dɔwɔɖui ta? Le eŋu ɖoɖo me la, ame geɖe gbugbɔ ŋku lé ɖe woƒe nɔnɔmea ŋu eye wova kpɔ mɔ siwo dzi woakpɔ wo ɖokui dzi le nyuie—kple ƒomea me tɔwo siaa, ne ƒome le wo si—eye woganɔa agbe si me dzidzɔ kple tameɖoɖo le.

Nyateƒee, zi geɖe esia wɔwɔ bia be woanɔ agbe bɔbɔe eye ebia be nàde ŋugble le nusiwo hiã wò ŋutɔŋutɔ ŋu tsɔ wu nusiwo dzroa wò siwo menɔa vevie o la ŋu. Amesiwo le ɖoƒe kple bubu dim la agbe dɔ siwo le vedomesi wɔwɔ ahabu amesiwo tiaa wo gɔ̃ hã be wodzɔ movi. Gake nuka koŋue nye nu vevitɔ le agbe me? Ðe nètɔ bu eŋu kpɔ nyitsɔ laa?

Fia nyanu Salomo, amesi ŋlɔ lododo ƒe nya si míeyɔ va yi, kpɔ ŋutilãmenu le mɔ aɖe si ɖewohĩ amegbetɔ bubu aɖeke mekpɔ kpɔ o nu. Gake esi wònɔ nya ta ƒom ku ɖe nusi nye nu vevitɔ ŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13.

Le ɣemaɣi ke me la, Salomo de asixɔxɔ dɔwɔwɔ ŋu. Eŋlɔ be: ‘Enyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu.’ (Nyagblɔla 2:24) Nenema ke Yesu Kristo, Salomo Gãtɔ, hã de asixɔxɔ dɔwɔwɔ ŋu abe Fofoa si le dziƒo ke ene. Yesu gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.”—Yohanes 5:17; Mateo 12:42.

Ke hã, fifia amegbetɔ ƒe agbe le kpuie. (Psalmo 90:10) Gake Kristo nya be woakpɔ agbe mavɔ le Fiaɖuƒe dziɖuɖu si wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia la te. Esia tae wòxlɔ̃ nu le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: “Midi [Mawu ƒe fiaɖuƒe] la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:9, 10, 33.

Ku ɖe agbe si woanɔ le Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu te ŋu la, Biblia do ŋugbe be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, . . . nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”—Yesaya 65:21, 22.

Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi—be woanɔ agbe tegbetegbe ahawɔ dɔ si ŋu tameɖoɖo kple teƒeɖoɖo le! Míaƒe nɔnɔmewo dada kpɔ nyuie ate ŋu afia mí be ahiã be míagbugbɔ ŋku alé ɖe míaƒe dɔwo ƒe akpa aɖewo ŋu egbea be míaƒo asa na afɔku siwo ate ŋu awɔe be míaƒe asi masu “agbe vavã la dzi” o—si nye agbe si míanɔ le etsɔme le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te. (Timoteo I, 6:19) Eyata mina míaɖee afia le míaƒe dɔwo me, alo le nusianu si wɔm míele me, be míedea bubu Amesi na agbe mí la ŋu.—Kolosetɔwo 3:23.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28, 29]

Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, amewo awɔ dɔ si nyo kple esi me teƒeɖoɖo le