Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fɔɖiɖi Ƒe Seselelãmewo—Ðe Wogblẽ Ɣesiaɣia?

Fɔɖiɖi Ƒe Seselelãmewo—Ðe Wogblẽ Ɣesiaɣia?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Fɔɖiɖi Ƒe Seselelãmewo​—Ðe Wogblẽ Ɣesiaɣia?

AME geɖe bua fɔɖiɖi ƒe seselelãme egbea be enye nu manyomanyo. Wosena le wo ɖokui me abe alesi Germanytɔ xexemenunyala Friedrich Nietzsche se ene, amesi gblɔ be: “Fɔɖiɖi ƒe seselelãmee nye dɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake si ɖea fu na amegbetɔwo atraɖii.”

Gake numekula aɖewo va le lɔlɔ̃m ɖe nukpɔsusu bubu aɖe dzi fifia. Susan Forward, si xɔ ŋkɔ le dɔdada kple agbalẽwo ŋɔŋlɔ me le xexeame godoo, gblɔ be: “Fɔɖiɖi ƒe seselelãmewo wɔa akpa vevi aɖe be ame nanye veveseɖenuŋula, amesi tsɔa eƒe agbanɔamedziwo. Dzitsinya ƒe akpa aɖee wònye.” Ke ɖe fɔɖiɖi ɖesiaɖe sese le ame ɖokui me nye nu gbegblẽa? Ðe esese le ame ɖokui me be yeɖi fɔ kpena ɖe ame ŋu le nɔnɔme aɖewo mea?

Nukae Nye Fɔɖiɖi?

Míesena le mía ɖokui me be míeɖi fɔ ne míewɔ nane wòɖe fu na míaƒe lɔlɔ̃tɔ alo ne míete ŋu nɔ agbe ɖe dzidzenu siwo míebu be ele be míanɔ agbe ɖo la nu o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be fɔɖiɖi ƒe seselelãme do ƒome kple “fenyinyi ƒe seselelãme elabena amea ƒe kpododonu, eƒe vodada, nuvlowɔwɔ, alo nuvɔ̃ ƒe agba nɔa edzi.”

Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, wotsɔ fɔɖiɖi do ƒome kple Israel-viwo ƒe agbemanɔnamɔ ɖe Mawu ƒe Sea nu—eye woyɔ esiawo dometɔ akpa gãtɔ le Biblia gbalẽ siwo nye Mose III lia kple Mose IV lia me. Míade dzesii be nyagbe sia medze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me gobii alea o. Gake edze le teƒe ʋɛ aɖewo, eye wòku ɖe agɔ gã siwo wodze ɖe Mawu ŋu la ŋu.—Marko 3:29; Korintotɔwo I, 11:27.

Nublanuitɔe la, míate ŋu ase fɔɖiɖi le mía ɖokui me evɔ menye ɖe míeɖi fɔ hafi o. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe nye amesi dina be yeawɔ nuwo katã woade pɛpɛpɛ eye wòɖoa dzidzenu siwo gbɔ eme akpa na eɖokui la, kpododonu ɖesiaɖe ate ŋu ana wòase le eɖokui me madzemadzee be yeɖi fɔ. (Nyagblɔla 7:16) Alo míate ŋu aɖe mɔ vevesese si sɔ ɖe míaƒe vodada alo nu gbegblẽ aɖe wɔwɔ ŋu nu nasẽ kakaka ava zu ŋukpe si ana míava nɔ fu wɔm mía ɖokui madzemadzee. Ekema nyui kae fɔɖiɖi sese le ame ɖokui me ate ŋu awɔ?

Fɔɖiɖi ƒe Seselelãmewo Ate Ŋu Anyo

Fɔɖiɖi sese le ame ɖokui me ate ŋu anyo le mɔ etɔ̃ ya teti nu. Gbã la, eɖenɛ fiana be míenya nu tso dzidzenu siwo dzi woda asi ɖo la ŋu. Efiana be dzitsinya si le dɔ wɔm le mía si. (Romatɔwo 2:15) Le nyateƒe me la, agbalẽ aɖe si Amerikatɔwo ƒe Tagbɔdɔdalawo Habɔbɔa ta bua fɔɖiɖi masemase le ame ɖokui me be enye nɔnɔme si gblẽa nu le ameƒomea ŋu. Enyea nu sesẽ na amesiwo ƒe dzitsinya mele dɔ wɔm o alo ku la be woakpɔ vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome, eye afɔku ate ŋu anɔ esia me.—Tito 1:15, 16.

Evelia, dzitsinya ƒe fɔbuame ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nuwɔna siwo medze o. Abe alesi ko lãmeve naa míenyana be míaƒe lãme le gbegblẽm ene la, veve si míesena le dzime hã naa míenyana be ele be míakpɔ agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me kuxi aɖe gbɔ. Ne míenya de dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔa ko la, míadi be míagawɔ nu wòave mí, míaƒe lɔlɔ̃tɔwo, alo ame bubuwo ake o.—Mateo 7:12.

Mlɔeba, fɔɖiɖimeʋuʋu ate ŋu akpe ɖe amesi ɖi fɔ kple amesi ŋu wòɖi fɔa le la siaa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, vevesese gã le dzime kpe ɖe fɔɖiɖi si Fia Dawid se le eɖokui me ŋu. Eŋlɔ bena: “Elabena esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyunyɔ.” Gake esi Dawid ʋu eƒe nuvɔ̃ me na Mawu mlɔeba la, edzi ha sesĩe kple dzidzɔ be: “[Ètsɔ] ɖeɖe ƒe aseyetsotso ƒo xlãm.” (Psalmo 32:3, 7) Nuvɔ̃meʋuʋu ate ŋu ana amesi dzi wodze agɔ le la naɖe dzi ɖi gɔ̃ hã elabena lɔlɔ̃ ɖe edzi be yeɖi fɔ ate ŋu ana kakaɖedzi nasu esi be agɔdzela la lɔ̃ ye tae wòte ɖe edzi vevie be yedo vevesese na ye alea ɖo.—Samuel II, 11:2-15.

Fɔɖiɖi ƒe Seselelãmewo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Be fɔɖiɖi ŋuti nukpɔsusu si da sɔ nasu mía si la, bu vovototo gã si le alesi Yesu kple Farisitɔwo bu nuvɔ̃wɔlawo kpakple nuvɔ̃e dome ŋu kpɔ. Le Luka 7:36-50 la, míexlẽ nu tso nyɔnu agbegbegblẽnɔla aɖe si yi ɖe Farisitɔ aɖe si ŋkɔe nye Simon ƒe aƒeme, afisi Yesu nɔ nu ɖum le, la ŋu. Ete ɖe Yesu ŋu, tsɔ eƒe aɖatsiwo klɔ Yesu ƒe afɔwo, hesi ami xɔasi ɖe wo ŋu.

Farisitɔ veviedola la ɖi gbɔ nyɔnu sia hebui be enye amesi medze be yeade bubu eŋu ahagblẽ ɣeyiɣi ɖe eŋu o. Egblɔ na eɖokui be: “Ðe amesia [Yesu] nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.” (Luka 7:39) Yesu ɖɔ eƒe tamesusua ɖo enumake. Yesu gblɔ be: “Mèsi ami ɖe ta nam o; ke eya la tsɔ ami hesi ɖe nye afɔwo ŋuti. Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe.” Ðikeke mele eme o be nya fadziname siawo de dzi ƒo na nyɔnua hedo dzidzɔ na eƒe dzi.—Luka 7:46, 47.

Menye ɖe Yesu nɔ asi dam ɖe agbegbegblẽnɔnɔ dzi o. Ke boŋ enɔ alesi gbegbe wòle be lɔlɔ̃ nanye nu vevitɔ si aʋã ame be wòasubɔ Mawu la fiam Farisitɔ dadala ma. (Mateo 22:36-40) Enye nyateƒe be esɔ be nyɔnua se le eɖokui me be yeɖi fɔ le agbe gbegblẽ si wònɔ va yi la ta. Edze ƒã be etrɔ dzi me, elabena efa avi, eye mete kpɔ be yeado taflatse ɖe agbe si wònɔ va yi la ta o, eye wòwɔ afɔɖeɖewo be yeatsɔ ade bubu Yesu ŋu le gaglãgbe. Esi Yesu kpɔ esia la, egblɔ nɛ be: “Wò xɔse la ɖe wò; yi ɖe ŋutifafa me!”—Luka 7:50.

Gake Farisitɔ la gakpɔtɔ nɔ gbɔ ɖimee abe nuvɔ̃wɔla ene. Ðewohĩ enɔ mɔnu aɖe si dzi wòato ‘ana wòanya nyuie be Mawu adrɔ̃ ʋɔnui’ ahado ŋukpee la dim. Gake didi ɣesiaɣi be woana amewo nase fɔɖiɖi le wo ɖokui me ne womewɔa nu ɣesiaɣi abe alesi míabu be ele be woawɔe ene o la nye lɔlɔ̃maɖemaɖefia, eye mlɔeba meva ɖea vi aɖeke o. (Korintotɔwo II, 9:7) Yesu sɔsrɔ̃—to kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖoɖo, amewo kafukafu anukwaretɔe, kple kaka ɖe wo dzi togbɔ be ahiã be woaka mo ahaɖo aɖaŋu na wo ɣeaɖewoɣi hã me—ye hea emetsonu nyuitɔ kekeake vɛ.—Mateo 11:28-30; Romatɔwo 12:10; Efesotɔwo 4:29.

Ekema fɔɖiɖi sese le ame ɖokui me ate ŋu anye nusi nyo kple nusi hiã gɔ̃ hã nenye be míewɔ nu gbegblẽ aɖe. Lododowo 14:9 (Knox) gblɔ be: “Abunetɔwoe tsɔa fɔɖiɖi si ta wòle be woasa vɔ̃ ɖo la nu tsɛe.” Ele be dzitsinya ƒe fɔbuame naʋã mí be míaʋu nuvɔ̃ me ahawɔ afɔɖeɖe siwo hiã. Gake ele be susu vevi si ʋãa mí si ta míele Yehowa subɔm ɖo nanye lɔlɔ̃, ke menye le fɔɖiɖi ta o. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Biblia la ka ɖe edzi na mí be ne esia le susu me wotsɔ de dzi ƒo na ame senugɔmewo hefa dzi na woe la, woadze agbagba ɖesiaɖe awɔ nusianu si woate ŋui. Vevietɔ wu la, woawɔe kple dzidzɔ.