Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Masai—Dukɔ Aɖe Si Lɔ̃a Amadede

Masai—Dukɔ Aɖe Si Lɔ̃a Amadede

Masai—Dukɔ Aɖe Si Lɔ̃a Amadede

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

MASAI (Maasai) ŋutsuvi aɖe ƒe ha nɔ ɖiɖim sesĩe le balia katã me, eye fɔŋli ƒe ya fafɛa na gbeɖiɖi de didiƒe ʋĩ. Esi ɣea nu nɔ sesẽm ɖe edzi le ŋdia me la, ŋutsuvia ƒe gbe nɔ dzi dem ɖe edzi abe alesi xevi si le xɔxlɔ̃m le ŋdi ƒe gbe ɖina sesĩe ene.

Menɔ to ɖom esi ɣea dze ɖe Masai lãkplɔvi sia si tsi tre ɖe fofoa ƒe nyiwo dome la dzi. Esa avɔ dzẽ aɖe ɖe kɔme ɖewoɖewoe, eye wòglɔ afɔ ɖeka abe damixe ene heviã ɖe eƒe nyikplɔkpo si wòlé ɖe asi la ŋu eye wòle ha dzim na eƒe nyiha si ƒe dzi dze eme la. Mina magblɔ Masaitɔ wɔnuku siawo ŋu nya geɖe na mí.

Miawòe Zɔ Va Masaiwo De

Masaiwo, siwo nye lãkplɔla dzeaniwo, le Ɣedzeƒe Afrika ƒe Great Rift Valley ƒe gbadzaƒewo. Masaiwo siwo woakpɔ le dukɔ siwo nye Kenya kple Tanzania me la nye amesiwo tsi agbe le ɣeyiɣi siwo va yi me, eye wonɔa agbe abe alesi wo tɔgbuiwo nɔe ƒe alafa siwo va yi ene. Esi wometsi dzi ɖe ɣeyiɣi ŋu o ta la, wonɔa agbe ɖe ɣe ƒe dzedze kple eƒe toɖoɖo kpakple ɣeyiɣi siwo yia edzi nɔa tɔtrɔm la nu.

Ŋutete si le Masaiwo si la dometɔ aɖewoe nye alesi wote ŋu nɔa agbe le nuto siwo me nɔnɔ sesẽ kple Rift Valley si nye kpenyigba dzekpodzeʋe la me nɔnɔ. Woɖea afɔ ɖekaɖeka zɔa azɔli dea didiƒe henɔa gbe mumuwo kple tsi dim na woƒe nyiwo. Wokplɔa woƒe nyiwo le avugbɔ̃ewo, gbetedziwo, sɔvedawo kple gbemelã bubu siwo le woƒe anyigbaa dzi la dome.

Amesiwo Lɔ̃a Nyiwo

Masaiwo xɔe se be nyi siwo katã le anyigba dzi la nye yewo tɔ. Dzixɔse sia tso xotutu si nye be le gɔmedzedzea me la, viŋutsuvi etɔ̃e nɔ Mawu si eye be ena nunana ɖeka wo dometɔ ɖesiaɖe. Viŋutsu gbãtɔa xɔ aŋutrɔ be wòatsɔ ada adee, evelia xɔ kodzi be wòatsɔ ade agblee, eye viŋutsu etɔ̃lia xɔ ati be wòatsɔ akplɔ nyiwoe. Wogblɔ be viŋutsuvi mamlɛtɔ siae va dzi Masaiwo. Togbɔ be nyiwo le to bubu me tɔwo si hã la, Masaiwo xɔe se vevie be lã siawo nye yewo tɔ.

Le Masaiwo dome la, nyi agbɔsɔsɔ si le ŋutsu si kple viawo ƒe agbɔsɔsɔmee ɖea ɖoƒe alo kpekpeme si le eŋu la fiana. Le nyateƒe me la, wobua ŋutsu si ƒe nyiwo mede 50 o la be enye ame dahe. Le vi kple srɔ̃ geɖe si le Masai-ŋutsu si ta la, ekpɔa mɔ be nyiha gã aɖe si me nyi akpe ɖeka anɔ la ate ŋu ava su ye si gbaɖegbe.

Masai ƒomea me tɔwo sea veve ɖe woƒe nyiwo nu. Gbeɖiɖi kple nɔnɔme ɖedzesi aɖe le lã ɖesiaɖe si si ƒomea nya nyuie. Zi geɖe la, wotsɔa ga xɔdzo dea dzesi nyiawoe hetea fli gɔdoegɔdoewo kple nɔnɔmetata tɔxɛwo ɖe wo ŋu be woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na wo ɖe edzi. Wodzia ha siwo ɖɔa nyiha la dometɔ aɖe ƒe nyonyo heɖea lɔlɔ̃ fiaa wo. Wodea asixɔxɔ nyitsu siwo si dzo gã siwo xa le la ŋu vevie, eye woléa be na nyivi hekpɔa egbɔ nyuie.

Le kɔa nu la, nyɔnuwo koŋue tua Masaiwo ƒe aƒewo eye atilɔ siwo wolɔ̃ kple aƒlawo ɖekae ye wotsɔna tunɛ hetsɔa nyimi zrɔ̃a eŋu hetsɔnɛ trenɛ hã. Wotua xɔ siwo le nogoo kple esiwo le legbee ƒoa xlã kpo si me nyihawo mlɔna ne zã do. Masaiwo tsɔa atilɔ siwo ŋu ŋùwo le la tɔa kpɔ ɖe woa kple woƒe nyiha la siaa ŋu wòkpɔa wota tso gana, lãklẽ, kple dzata siwo le tsatsam si me.

Masaiwo ƒe agbetsitsi nɔa te ɖe woƒe lãhawo ƒe lãmesẽ kple ŋusẽ dzi. Wonoa lãawo ƒe notsi, eye wotsɔa nyimi trea woƒe xɔwoe. Bebli hafi Masaiwo wua woƒe nyiwo ɖuna; wonyia alẽ kple gbɔ̃ ʋɛ aɖewo hena nuɖuɖu. Gake ne wowu nyi aɖe la, wowɔa eƒe akpa ɖesiaɖe ŋudɔ. Wotsɔa eƒe dzowo wɔa nugoewo; wotrɔa asi le afɔkliwo kple ƒuwo ŋu wozua lekewɔnuwo; eye lãgbalẽwo zua afɔkpawo, avɔwo, abadzivɔwo, kple kawo.

Ŋutsuawo Dze Ðeka eye Nyɔnuawo Dze Tugbe

Togbɔ be Masaiwo kɔ hele tsralɛ hã la, wo nya kpɔ ŋutɔ. Wodea ama woƒe nudodo ale gbegbe. Wogbaa avɔ siwo wode ama dzẽ kple blɔtɔ hamehamewoe. Nyɔnuwo tsɔa dzonu siwo wotɔ wòle agba gbadzɛ ƒe nɔnɔme me kple tablanu siwo me amadede vovovowo le la wɔa leke na wo ɖokui. Wote ŋu dea afɔgɛ kple asigɛ gɔdoe siwo wotsɔ akɔbli wɔe la womiana wo. Ŋutsu kple nyɔnuwo siaa dea togɛ kpekpewo kple lekewɔdzonu ɖe to tsɔ hea woƒe towoe be wòadidi. Wotua ocher, si nye anyi dzẽ aɖe womena biɖibiɖi, tsɔna tsakaa nyi ƒe ami hesina ɖe ŋuti atsyãtɔe.

Le fiẽ aɖe me la, mekpɔ Masaiwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe wonɔ ɣe ɖum ɖekae le dzo aɖe gbɔ. Wonɔa togodo me henɔ zɔ ɖem ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Esi ɣeɖuɖua nu nɔ sesẽm ɖe edzi la, dzonu kpekpe siwo nyɔnuviawo de kɔ la nɔ kpo tim le woƒe abɔta. Eyome Masaiwo ƒe kalẽtɔwo gena ɖe toa me ɖekaɖeka, afisi wonɔa dzodzom henɔa atsyã vovovowo wɔm le hetia kpo nɔa yame yim ʋĩ le wònyea nukpɔkpɔ. Woate ŋu anɔ ɣea ɖum kakaka vaseɖe zãtiƒe esime ɖeɖi ate wo katã ŋu.

Masaiwo ƒe Ƒomegbenɔnɔ

Mebɔbɔ nɔ Masai nyɔnu aɖewo gbɔ le zangarati aɖe ƒe vɔvɔli te le ŋkeke blibo si xɔ dzo gbagbagbã la me, henɔ wo kpɔm wonɔ dzonu siwo wodo atsyã na la tɔm ɖe lãgbalẽ siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie la dzi. Esi wonɔ nu kom henɔ dze ɖom ta la, woƒe susu menɔ ʋlẽ siwo nɔ xɔxlɔ̃m eye wotsɔ gbe ƒuƒuwo nɔ woƒe atɔwo lɔ̃m le atia me la ŋu o. Esi ŋkekea va nɔ yiyim la, nyɔnuawo te tɔme dede, nakewo fɔfɔ, woƒe aƒewo me dzadzra ɖo, kple wovi suewo gbɔ kpɔkpɔ.

Esi ɣea dze toɖoɖo eye enu nɔ fafam la, lãkplɔlawo te woƒe nyiwo kpɔkplɔ va aƒemee. Lãhawo nɔ zɔzɔm blewuu ɖo ta aƒe gbɔ, eye woƒe afɔkliwo nɔ ʋuʋu dzẽ si dzi ɣe si nɔ to ɖom la klẽ ɖo dom ɖe yame. Ne nyɔnuawo nya kpɔ ʋuʋudedi si le yame la le adzɔge ʋĩ ko la, wogblẽa dɔ ɖesiaɖe si wɔm wole la ɖi kaba hedzea dzadzraɖo wɔwɔ na lãha siwo gbɔna la.

Ne nyihawo nya ge ɖe woƒe kpowo me ko la, ŋutsuawo zɔa woƒe lãawo dome henɔa asi lilim nyitsuawo ƒe dzowo ŋu henɔa dzidzɔ kpɔm le woƒe nyonyo ŋu. Ŋutsuvi sue aɖe yi ɖafia nyinɔawo dometɔ ɖeka ƒe nyinotsi ɖe eƒe nume eye dada blu ɖe edzi enumake. Nyɔnuvi suewo, siwo zɔna le lã siwo mlɔ anyi ƒe dzo kple afɔkli gbogboawo dome la, fiaa nyinɔawo ƒe notsi aɖaŋutɔe wòyɔa go gãwo gbagbana.

Le fiẽ me la, mí katã míeƒo ƒu ɖe dzo si wodo be wòaɖe vuvɔ dzi akpɔtɔ la ŋu. Dzudzɔa kple ʋulã si mèm wonɔ la ƒe ʋeʋẽ tsɔ kpe ɖe lãha siwo le kpo aɖe si te ɖe mía ŋu me ƒe ʋeʋẽ xɔ teƒea. Amegã xoxo aɖe bɔbɔ nɔ anyi hegblɔ Masai-ŋutinyawo kple blema Masai-ʋawɔlawo ƒe kalẽwɔwɔ ƒe ŋutinyawo. Ne dzata aɖe ɖe gbe le adzɔge koe wòtɔna sẽ, eye ɖekematsɔlemetɔe la, ega yia eƒe ŋutinya si le vivim na eƒe nyaselawo la dzi. Mlɔeba la, wonɔa dzodzom ɖekaɖeka toa vivitia me yina ɖe woƒe anyixɔ siwo wogba nogoo la me ɖamlɔa anyi. Le nyi siwo dɔ alɔ̃ ƒe gbɔgbɔ blewu megbe la, ɖoɖoe zina toŋtoŋ le zã me, eye afisiafi doa viviti tsiɖitsiɖi.

Masaiwo ƒe Ðevimenɔɣi

Kaka agu nadze la, dɔwɔnawo dzea egɔme le kɔƒea me. Ðevi suewo, siwo do dzonuwo ko ɖe ali kple kɔme, fena le ŋdi ƒe ya fafɛa me. Woƒe nu kokowo nye akɔfafa na Masaiwo, amesiwo lɔ̃a wo viwo vevie eye woɖoa ŋu ɖe woƒe dzidzimeviwo ŋu hena woƒe etsɔme mɔkpɔkpɔwo kple woa ŋutɔwo ƒe agbetsitsi.

Vinyinyi nye du bliboa ƒe agba—ame tsitsi ɖesiaɖe si le dua me ate ŋu ahe to ahagbe nya na vi sẽto faa. Wofiaa ɖeviwo be ɖe wobua ame tsitsiwo, eye wosrɔ̃a Masaiwo ƒe ƒomegbenɔnɔ kabakaba. Womewɔa dɔ aɖeke le ɖevime o, gake ne wole tsitsim la, wofiaa aƒemedɔwo wɔwɔ nyɔnuviwo eye wofiaa ŋutsuviwo alesi woalé be na lãhawo ahakpɔ wo tae. Dzilawo fiaa ameyibɔ gbedada wo viwo hefiaa Masaiwo ƒe kɔnuwo kple kɔnyinyi siwo ku ɖe Masaiwo ƒe agbe ƒe akpa sia akpa ŋu la wo.

Ame Tsitsi Zuzu

Ne sɔhɛwo le tsitsim la, wosrɔ̃a kɔnyinyi kple kɔnu siwo aɖee afia be wole dodom le ɖevimenɔɣi me hele ame tsitsi zum. Kɔnu siwo wosrɔ̃na dometɔ aɖewoe nye esiwo ku ɖe dɔléle, afɔku, srɔ̃ɖeɖe, kple ku ŋu. Masaiwo xɔe se be kɔnu siawo mawɔmawɔ ate ŋu ahe fiƒode ava yewo dzii.

Dzila Masaiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu na vianyɔnuvi esi wògakpɔtɔ nye vidzĩ. Wotsɔna nyɔnuvia naa ŋutsu si si nyiwo sɔ gbɔ ɖo be wòate ŋu axe tabianu si vifofoa bia la be wòaɖe. Zi geɖe la, wona wòɖea ŋutsu si tsi wui sasasã eye wòava nɔ eƒe atsusi siwo tsi wui la dome le ŋutsua ƒe aƒeme.

Ne ŋutsuvi sue siwo le Masaiwo dome le tsitsim la, wòva dea ha kple wo hati ɖekakpui bubuwo. Ƒomedodo tɔxɛ si nɔa wo kple wo hati siawo dome ate ŋu anɔ anyi le woƒe agbeme katã. Wo tsina ɖekae tsoa ŋutsuvi makpɔnuteƒewo me va zua kalẽtɔwo. Abe kalẽtɔwo ene la, woxɔa agbanɔamedzi si nye be woakpɔ wo denyigbaa ta, anɔ dua ƒe tsiteƒewo gbɔ kpɔm, eye woakpɔ lãhawo ta tso lãwɔadãwo kple fiafiwo si me. Le kalẽwɔwɔ kple dzinɔameƒo si wonya na Masaiwo ta la, akplɔ ɖaɖɛ megbea wo si nɔnɔ gbeɖe o.

Ne kalẽtɔawo xɔ ƒe 30 lɔƒo la, wogena ɖe woƒe tsitsi ƒe akpa mamlɛa me. Wotsɔa dzidzɔkpɔkpɔ gã kple kɔnuwo xɔa wo dea ame tsitsiwo dome; woaɖe mɔ na wo azɔ be woate ŋu aɖe srɔ̃. Ne ɖoƒe sia si ŋu wodea bubui alea su wo si ko la, wotrɔa susu ɖe ŋugbetɔ didi kple woƒe nyihawo dzidzi ɖe edzi ŋu, eye wodi tso wo si be woaɖo aɖaŋu ahakpɔ nyaʋiʋliwo gbɔ.

Aleke Masaiwo Kple Woƒe Etsɔme Ava Nɔ?

Egbea Masaiwo ƒe dekɔnuwo kple kɔnyinyi veviwo le bubum kabakaba. Le nuto aɖewo me la, Masaiwo magate ŋu atsa kple woƒe nyihawo anɔ gbe dama yeyewo dim o. Wole asi trɔm le wo denyigba ƒe akpa gãtɔ ŋu be woazu gbemelãwo kpɔƒe, alo afisiwo wogblẽ ɖi hena aƒewo tsotso kple agbledeƒewo be woatsɔ akpɔ amesiwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la ƒe nuhiahiã gbɔe. Tsikuɖiɖi kple ganyawo ƒe amemiamia le ezim ɖe Masaiwo dometɔ geɖe dzi be woadzra woƒe nyi siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la be woate ŋu anɔ agbe. Ne woʋu yi dugãwo me la, wodoa go kuxi siwo tututu le fu ɖem na amesiwo le egbegbe xexe si ƒo ɣla wo la me.

Egbea la, Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa ɖo Masaiwo ƒe nuto siwo le Ɣedzeƒe Afrika hã. Wota Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! ƒe agbalẽ gbadza 6,000 kple edzivɔ ɖe Masaigbe me. Woto esia dzi le kpekpem ɖe Masaiwo ŋu be woakpɔ vovototo si le aʋatsodzixɔse siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o kple Biblia me nyateƒea dome. Nyateƒee, enye dzidzɔ be mía Wɔla, Yehowa Mawu, na mɔnukpɔkpɔ ame siawo siwo nya kpɔ la be woanɔ ame gbogbo siwo “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” la dome atsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia si me xaxa le la dzi me.—Nyaɖeɖefia 7:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Masaiwo ƒe aƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Masaiwo ƒo ƒu na ɣeɖuɖu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Masai Ðasefo eve