Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nufiafia—Dzidzeme Kple Dzidzɔ si Le Eme

Nufiafia—Dzidzeme Kple Dzidzɔ si Le Eme

Nufiafia​—Dzidzeme Kple Dzidzɔ si Le Eme

“Nukae lém ɖe te? Togbɔ be nufiafia ate ŋu asesẽ eye wòate ɖeɖi ame ŋu hã la, ne mekpɔ ɖeviwo katã wole dzidzɔ kpɔm ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu hele ŋgɔyiyi wɔm la, enyea nusi dea dzo menye be mayi edzi.”​—Leemarys, nufiala le New York City.

TOGBƆ be gbetɔamewo, kplamatsedonuwo, mɔkpɔkpɔbuɖeamewo li hã la, nufiala miliɔn nane siwo le xexeame katã doa dzi le woƒe dɔa me. Eye nukae dea dzo lãme na sukuvi akpe geɖe siwo dzea agbagba be yewoadze azu nufialawo esi wonyae be womade bubu yewo ŋu tututu o hã? Nukae léa wo ɖe te?

Inna, si nye nufiala le Russia, gblɔ be: “Edoa dzidzɔ na ame be wòakpɔ eƒe sukuvi siwo wòfia nui kpɔ woava zu ame tsitsiwo, be woase woagblɔ be nusiwo yewosrɔ̃ le suku ɖe vi na yewo geɖe ŋutɔ. Edea dzi ƒo ŋutɔ ne wogblɔ be yewogaɖoa ŋku ƒe siwo yewotsɔ nɔ anyi kpli wòe dzi.”

Giuliano, nufiala si ƒe nya míeyɔ le nyati siwo do ŋgɔ me, gblɔ be: “Nusiwo naa dzidzeme dometɔ vevitɔ enye enyanya be yete ŋu kpɔ dzidzedze le nusɔsrɔ̃ ƒe didi ƒaƒã ɖe sukuvi aɖe me. Le kpɔɖeŋu me, esi meɖe nane me le blemaŋutinya me vɔ megbe la, sukuvi aɖewo gblɔ be: ‘Mègadzudzɔ o. Gblɔ geɖe na mí!’ Nyagbɔgblɔ siawo tɔgbe siwo wogblɔna tso dzime ke la ate ŋu ana dzi nadzɔ wò le suku elabena ède dzesii be yenyɔ̃ ɖeviwo ƒe seselelãme ɖe nu yeye aɖe me. Edoa dzidzɔ na nufialawo be woakpɔ woƒe mo wòafia be wole dzidzɔ kpɔm le esi wose nusɔsrɔ̃ aɖe gɔme ta.”

Elena, amesi fiaa nu le Italy, gblɔ be: “Mexɔe se be dzidzeme ma vana enuenu le nu suesuewo me gbesiagbe, le sukuvi suewo ƒe dzidzedzekpɔkpɔwo me, wu nu ɖedzesi siwo ƒã hafi wodzɔna la me.”

Connie, Australiatɔ si le eƒe ƒe 30-awo me, gblɔ be: “Edoa dzidzɔ na ame ŋutɔ ne sukuvi aɖe si nèfia nui di ɣeyiɣi ŋlɔ agbalẽ tsɔ da akpee na wò ɖe wò kutrikuku ta.”

Oscar, si tso Mendoza, Argentina, gblɔ nya ma ke tɔgbe be: “Enaa mekpɔnɛ be nye agbagbadzedzewo katã ɖe vi ne medo go nye sukuvi aɖe le ablɔdzi alo teƒe aɖe eye wòda akpe ɖe nusi mefia wo ta.” Angel, si tso Madrid, Spain, gblɔ be: “Ðikeke mele eme o be edoa dzidzɔ nam ale gbegbe be metsɔ nye agbe ƒe akpa aɖe sa vɔ hewɔ dɔ tɔxɛ sia si sesẽ, eye be makpɔ sɔhɛ siwo mefia nui be wova zu ŋutsu kple nyɔnu ɖɔʋuwo wònye akpa si mewɔ me tsonu.”

Leemarys si míeyɔ le gɔmedzedzea me, gblɔ be: “Mekpɔe be nufialawo nye ame tɔxɛwo ŋutɔŋutɔ. Míaƒe nya wɔa nuku ɣeaɖewoɣi le agbanɔamedzi kpekpe sia si míelɔ̃ le tsɔtsɔm ta. Gake ne àte ŋu awɔ tɔtrɔ—eɖanye le ɖevi ewo alo ɖeka aɖe ƒe agbe ŋu la—ke ewɔ wò dɔ, eye esiae naa wokpɔa dzidzɔ. Àwɔ wò dɔ kple dzidzɔ.”

Èda Akpe na Wò Nufialawo Kpɔa?

Ðe wò sukuvi alo dzila nèda akpe na nufiala aɖe ɖe ɣeyiɣi, kutrikuku, kple ɖetsɔleme si wòɖe fia wò la ta kpɔa? Alo ɖe nèɖo akpedagbalẽ alo lɛta ɖe woa? Arthur, si tso Nairobi, Kenya, gblɔ nya vevi aɖe: “Nufialawo hã kpɔa dzidzɔ ne wokafu wo. Ele be dziɖuɖua, dzilawo, kple sukuviwo nade asixɔxɔ wo kple woƒe dɔa ŋu vevie.”

Agbalẽŋlɔla si ganye nufiala LouAnne Johnson ŋlɔ be: “Le lɛta madeamedzi ɖesiaɖe si mexɔ ku ɖe nufialawo ŋu megbe la, megaxɔa nyuitɔ alafa ɖeka hã, si naa kakaɖedzim be nufiala nyuiwo sɔ gbɔ wu gbegblẽawo.” Dzidzɔtɔe la, amewo hayana ŋkutsalawo be “woakpe ɖe yewo ŋu yewoake ɖe nufiala aɖe si fia nu yewo kpɔ la ŋu. Amewo dia nufiala si fia nu wo be yewoada akpe na wo.”

Nufialawoe ɖoa gɔmeɖokpe vevitɔ anyi na ame ƒe agbalẽsɔsrɔ̃. Nufialawoe fia nu nufialagã bibitɔwo kekeake le yunivɛsiti gãwo gɔ̃ hã me, amesiwo tsɔ ɣeyiɣi kple kutrikuku de dzo wo me eye wòƒã agbalẽsɔsrɔ̃, sidzedze, kple gɔmesese ƒe didi ɖe wo me. Arthur, si le Nairobi, gblɔ be: “Amegã siwo katã le dɔ wɔm dziɖuɖudɔwɔƒewo kple ɖokuisidɔwɔƒewo la xɔ hehe le nufiala aɖe gbɔ kpɔ le woƒe agbe me.”

Aleke gbegbee wòle be míada akpe na nyɔnu kple ŋutsu siwo de dzo míaƒe didiwo me, amesiwo dzra míaƒe susu kple dziwo ɖo, amesiwo fia alesi míawɔ aɖi kɔ na didi si le mía me ɖe sidzedze kple gɔmesese ŋu!

Aleke gbegbe wòle be míada akpe na Nufiala Gãtɔ, Yehowa Mawu, geɖe wu, amesi na woŋlɔ nya siwo tso eƒe gbɔgbɔ me ɖe Lododowo 2:1-6 me be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wo gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”

De dzesi nya “ne” si dze zi gbɔ zi etɔ̃ le nya mawo siwo naa wobua tame la me. Bu eŋu kpɔ, ne míele klalo be míaxɔ amekpekpe ma la, míaƒe “asi atu sidzedze Mawu!” Ema tututue nye nusɔsrɔ̃ vevitɔ kekeake na amesiame.

[Aɖaka si le axa 13]

Dzila Kpɔdzidzɔ Aɖe

Woɖo lɛta sia si gbɔna ɖe nufiala aɖe si le New York City:

“Mele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso nye dzime ke ɖe nusi nèwɔ na vinyewo la ta. Èto wò beléle, dɔmenyonyo, kple aɖaŋu dzi kpe ɖe wo ŋu woɖo taɖodzinu nyuiwo gbɔ, si meka ɖe edzi be womate ŋui wò manɔmee o. Ena mekpɔa dzidzɔ le vinyewo ta—nusi nyemaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o. Nye, S.B.”—Ènya nufiala aɖe si nàte ŋu ade dzi ƒo naa?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

‘Edoa dzidzɔ na nufialawo be woakpɔe dzidzɔkpɔkpɔ nadze le sukuviwo ƒe mo le esi wose nusɔsrɔ̃ aɖe gɔme ta.’​—GIULIANO, ITALY

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

‘Edoa dzidzɔ na ame ŋutɔ ne sukuvi aɖe di ɣeyiɣi ŋlɔ akpedagbalẽ na wò.’​—CONNIE, AUSTRALIA