Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nufiafia—Fukpekpe Kple Afɔku Siwo Le Eme

Nufiafia—Fukpekpe Kple Afɔku Siwo Le Eme

Nufiafia​—Fukpekpe Kple Afɔku Siwo Le Eme

“Wobia nu geɖe ŋutɔ tso nufialawo si, gake zi geɖe la, amewo . . . mekafua nufiala siwo tsɔ wo ɖokui ke ɖe woƒe kutrikuku ta o.”​—Ken Eltis, Sydney, Australia, ƒe Yunivɛsiti.

NYATEƑEE wònye be kuxi geɖe le “dɔ vevitɔ kekeake sia,” si nye alesi woyɔnɛ, la me—tso fetu madeŋgɔ dzi vaseɖe sukuxɔme nɔnɔme madeamedziwo dzi; tso agbalẽdɔ geɖe wɔwɔ dzi va ɖo sukuvi gbogbowo ƒe sukuxɔ ɖeka me nɔnɔ dzi; tso amemabumabu kple nuvlowɔwɔ dzi va ɖo dzilawo ƒe ɖekematsɔleme dzi. Aleke nufiala aɖewo kpɔa kuxi siawo gbɔe?

Bubumadeameŋu

Míebia gbe nufiala ene siwo tso New York City be nukae wobuna be wonye kuxi gãwo. Wo katã ɖo eŋu be: “Bubumadeameŋu.”

Le William, si tso Kenya ƒe nya nu la, nuwo trɔ le Afrika hã le go sia me. Egblɔ be: “Ðeviwo ƒe amebubu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le go sia me. Esime menɔ tsitsim [ele eƒe ƒe 40-awo me fifia] la, nufialawo le amesiwo ŋu wodea bubui wu le Afrikatɔwo dome la dome. Ðevi kple ame tsitsi sia bua nufiala ɣesiaɣi be enye kpɔɖeŋuɖola. Bubudeameŋu sia dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nuwɔna le ŋusẽ kpɔm ɖe sɔhɛwo dzi vivivi, le Afrika kɔƒenutowo me gɔ̃ hã. Sinimawo, videowo, kple agbalẽwo naa bubumademade ŋusẽtɔwo ŋu dzena abe kalẽwɔwɔ wònye ene.”

Giuliano, amesi fiaa nu le Italy, fa konyi be: “Aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ, bubumademade ŋusẽtɔwo ŋu, kple tomaɖomaɖo si xɔ aƒe ɖe afisiafi la le ŋusẽ kpɔm le ɖeviwo dzi.”

Atikevɔ̃ɖiwo Zazã Kple Nuvlowɔwɔ

Nublanuitɔe la, atikevɔ̃ɖiwo zazã va zu kuxi le sukuwo me—ale gbegbe be nufiala kple agbalẽŋlɔla aɖe si tso United States, LouAnne Johnson ŋlɔ be: ‘Mɔxexe ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã nu le suku ɖesiaɖe kloe ƒe nufiaɖoɖowo me, tso keke abɔdzokpo ke. Ðeviwo nya nu geɖe le atikevɔ̃ɖiwo ŋu wu ame tsitsiwo.’ Egblɔ kpee be: “Sukuvi siwo see le wo ɖokui me be dzi ɖe le yewo ƒo, womelɔ̃ yewo o, yewotsi akogo, nu ti kɔ na yewo, alo yewo mele dedie o adi kokoko be yewoate atikevɔ̃ɖiwo zazã akpɔ.”—Two Parts Textbook, One Part Love.

Ken, si nye nufiala le Australia, bia be: “Aleke míaƒe nufialawo awɔ afia nu ƒe asieke vi si edzilawo ŋutɔ fia atikevɔ̃ɖiwo zazãe, eye fifia wòva zu numame nɛ la?” Michael, si le eƒe ƒe 30-awo me, fiaa nu le suku deŋgɔ aɖe me le Germany. Eŋlɔ be: “Ku ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã ŋu la, mí katã míenya be nusia yia edzi; ɖeko asi mekaa ezãlawo kabakaba o.” Eƒo nu tso bubumadeameŋu ŋu eye wògblɔ be “enye nɔnɔme gbegblẽ si koŋ dzena le sukuviawo ŋu,” eye wòyi edzi be: “Wosisia nu ɖe kplɔ̃wo kple gliwo ŋu, eye wogblẽa xɔmenuwo. Nye sukuvi aɖewo ɖo nya me le kpovitɔwo gbɔ le fiasemenuwo fififi alo nu mawo tɔgbe ta. Mewɔ nuku o be fififi le sukuwo me hã bɔ!”

Amira fiaa nu le Guanajuato State, Mexico. Egblɔ be: “Míedoa go nuvlowɔwɔ kple atikevɔ̃ɖiwo zazã ƒe numame ƒe kuxi siwo nɔa ƒomewo me si kpɔa ŋusẽ ɖe ɖeviwo dzi. Wole nɔnɔme si me wosrɔ̃a nya ƒaƒãwo kple nu gbegblẽ bubuwo la me. Kuxi gã bubu enye koɖoɖo. Togbɔ be wodea suku femaxee le afisia hã la, ele na dzilawo be woaƒle agbalẽ si me woŋlɔa nu ɖo, nuŋlɔtiwo, kple nu bubuwo. Gake nuɖuɖu enye nu vevitɔ.”

Tuwo le Sukuwo Mea?

Le United States la, tudada ƒe nudzɔdzɔ siwo yi edzi nyitsɔ laa le sukuwo me ɖee fia be tuwo tsɔtsɔ wɔ nuvlo menye kuxi sue aɖe le dukɔ ma me o. Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Wobu akɔnta be wotsɔa tu 135,000 yia dukɔa ƒe suku 87,125 me gbesiagbe. Be woaɖe tuwo ƒe agbɔsɔsɔ le sukuwo me dzi kpɔtɔ la, dziɖuɖumegãwo le mɔ̃ siwo wotsɔ dia tuwo, foto siwo woɖena le adzame, avu siwo wona hehe nyuie be woase tuwo ƒe ʋeʋe, sukuviwo ƒe nuwo me kaka, akɔtagbalẽviwo, kple mɔxexe ɖe akplowo tsɔtsɔ va sukui ŋu.” (Teaching in America) Dedienɔnɔ ƒe mɔnu mawo ana ame aɖe nabia be, Sukuwo ŋu míele nu ƒom le loo, alo gakpɔwoea? Nyatakakaa gblɔ kpee be wonya sukuvi siwo wu 6,000 le tuwo tsɔtsɔ va suku ta!

Iris, si nye nufiala le New York City, gblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo be: “Ðeviwo tsɔa tuwo yia sukuwo me dzaa. Mɔ̃ siwo wotsɔna dia tuwo mete ŋu dea dzesi wo o. Nudomegbegblẽ le sukuwo me hã nye kuxi gã bubu.”

Nɔnɔme gbegblẽ sia mee nufiala dovevienuwo nɔa kutri kum le be woafia nu ahana hehe le. Mewɔ nuku o be nufiala geɖe kpea nuteɖeamedzi kple nutikɔname ƒe fu o. Rolf Busch, si nye Nufialawo ƒe Habɔbɔ ƒe zimenɔla le Thuringia, Germany, gblɔ be: “Nufialawo ƒe akpa etɔ̃lia kloe le miliɔn ɖeka me le Germany dzea dɔ le nuteɖeamedzi ta. Nu tia akɔ na wo le dɔa wɔwɔ me.”

Ðevi Sue Siwo le Vi Dzim

Kuxi gã bubu enye ƒewuiviwo ƒe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔnuwɔnawo me. George S. Morrison, si ŋlɔ agbalẽ si nye Teaching in America gblɔ le dukɔ ma ŋu be: “Ƒewuivi siwo anɔ miliɔn ɖeka (nyɔnuvi siwo xɔ ƒe 15 va ɖo 19 dometɔ 11 le alafa ɖesiaɖe me) fɔa fu ƒe sia ƒe.” Ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ sɔ gbɔ le United States wu dukɔ deŋgɔ bubuawo katã.

Iris ɖo kpe nya sia dzi, amesi gblɔ be: “Nusi ko ŋu ƒewuiviwo ƒoa nu tsoe enye gbɔdɔdɔ kple kplɔ̃ɖoƒewo. Enye nusi xɔa susu me na wo. Eye fifia la, Internet le sukua ƒe kɔmpiutawo dzi! Amamaɖeɖenuwɔnawo kple kadodo kple ame vovovo ƒe mɔnue ma ʋu na wo.” Angel, si tso Madrid, Spain, ka nya ta be: “Gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nye nu ŋutɔŋutɔ le sukuviwo ƒe agbe me.” Edzɔna be sukuvi suewo gɔ̃ hã fɔa fu.”

“Vidzikpɔla Siwo Ŋu Wokpɔa Ŋudzedze Ðo”

Nutsotso siwo nufialawo ganana enye be dzila geɖewo metsɔa woƒe agbanɔamedzi hefia nu ɖeviwo le aƒeme o. Nufialawo kpɔe be dzilawoe nye ame gbãtɔ siwo afia nu wo viwo. Ele be nudzeamewɔwɔ nadze egɔme tso aƒeme. Mewɔ nuku o be Sandra Feldman, si nye Amerika Nufialawo ƒe Habɔbɔ ƒe zimenɔla, gblɔ be: “ele be woabu nufialawo . . . abe dɔ bubu wɔlawo ke ene ke menye abe vidzikpɔla siwo ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖo ko ene o.”

Zi geɖe la, dzilawo mekpea asi ɖe hehe siwo wonana le sukuwo me ŋu o. Leemarys si míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me gblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo be: “Ne ehe ɖevi mabuame yi sukumegã gbɔ la, nu bubu si akplɔe ɖo ko enye alesi dzilawo nava dze dziwò!” Busch, amesi ƒe nya míeyɔ do ŋgɔ, gblɔ ku ɖe nuwɔwɔ kple ɖevi maɖotowo ŋu be: “Hehenana ɖeviwo le aƒeme le bubum. Magate ŋu aka ɖe edzi nenye be ɖevi akpa gãtɔ tso ƒome ɖɔʋu siwo me wonaa hehe nyuiwo le la me o.” Estela, si tso Mendoza, Argentina, gblɔ be: “Mí nufialawo míevɔ̃na na sukuviawo. Ne míena dzesi suewo wo la, woaƒu kpe mí alo adze mía dzi. Ne ʋu le mía si la, woagblẽe.”

Ekema ɖe wòwɔ nuku be nufialawo le vevem le dukɔ geɖewo mea? Vartan Gregorian, si nye Carnegie Agbalẽsrɔ̃nyawo Gbɔkpɔha le New York ƒe zimenɔla xlɔ̃ nu be: “Míaƒe suku siwo le [United States] ahiã nufiala yeye miliɔn 2.5 le ƒe ewo bubu siwo gbɔna me.” Dugã geɖewo le “nufialawo dim tso India, Ɣetoɖoƒe Indies, South Africa, Europa kple teƒe bubu ɖesiaɖe si woakpɔ nufiala nyuiwo le ko.” Esia fia be nufialawo gbɔna vɔvɔ ge le teƒe siawo hã.

Nukatae Nufialawo le Vɔvɔm?

Yoshinori, nufiala Japantɔ si fia nu ƒe 32, gblɔ be, “nufiafia enye bubudɔ aɖe si wɔlawo woxea fe nyui na, eye wodea bubu eŋu vevie le Japantɔwo dome.” Nublanuitɔe la, esia mele nenema le teƒe ɖesiaɖe o. Gregorian, si míeyɔ va yi hã gblɔ be womedea bubu si dze, kpɔa ŋudzedze hedaa akpe na nufialawo o . . . . Fetu si woxena na nufiala siwo le [United States] ƒe teƒe geɖe le sue wu esi woxena na dɔ bubu siwo me wobiana yunivɛsiti nuwuwu ƒe dzeside gbãtɔ alo evelia le la wɔlawo.”

Ken Eltis, si míeyɔ le gɔmedzedzea me, ŋlɔ be: “Nukae dzɔna ne nufialawo va de dzesii be dɔ bubu siwo mebiaa nudidi kɔkɔwo tso amewo si hafi xɔna wo o ƒe fetu sɔa gbɔ wu nufiafiadɔ? Alo ne sukuvi siwo wofia nui ɣleti wuieve siwo va yi . . . ƒe fetu sɔ gbɔ sã wu esi xɔm wole fifia alo esi woava xɔ le ƒe atɔ̃ siwo gbɔna me ate ŋu akɔkɔ wu wo tɔ? Ema nyanya gblẽa nu le nufiala ƒe bubudede eɖokui ŋu.”

William Ayers ŋlɔ be: “Womexea fetu nyui aɖeke na nufialawo o . . . Le mama dedie nu la, ga si woxena senyalawo ƒe akpa enelia, gadzikpɔlawo tɔ ƒe afã, esi medea agbatsɔʋukulawo kple tɔdziʋudzraɖoƒe dɔwɔlawo tɔ nu o ye woxena na mí. . . . Dɔ bubu aɖeke meli si bia nu geɖe de esia nu si wɔlawo woxea fetu sue na o.” (To Teach—The Journey of a Teacher) Ku ɖe nya ma ke ŋu la, Janet Reno, si nye United States ƒe senyalagã si nɔ anyi tsã, gblɔ le November 2000 me be: “Míate ŋu aɖo amewo ɖe dzinu dzi. . . . Míexea fetu gã na míaƒe kamedefefewɔlawo. Nukatae míaxe fetu nyui na míaƒe nufialawo o?”

Leemarys gblɔ be: “Zi geɖe la, fetu ɖɔe aɖe koe woxena na nufialawo. Le ƒe siwo katã metsɔ srɔ̃ nui megbe hã la, fetu sue aɖe ko mexɔna le ƒe bliboa me le New York City afii, le xaxa kple hloloetsotso si dugã me nɔnɔ bia la me.” Valentina, si nye nufiala le St. Petersburg, Russia, gblɔ be: “Womedea bubu nufiala ƒe dɔ ŋu le fetu gome o. Fetu si woxena ɣesiaɣi medea fetu si woxena na dɔwɔla bubuwo tɔ nu o.” Marlene, si tso Chubut, Argentina, gblɔ nya ma ke tɔgbe be: “Fetu sue ƒo nɛ ɖe mía nu be míawɔ dɔ le teƒe eve alo etɔ̃, si naa míeyina afii kple afimɛ. Esia ɖea dɔ si míewɔna ƒe nyonyo dzi kpɔtɔna.” Arthur, nufiala si tso Narobi, Kenya, gblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo be: “Agbenɔnɔ abe nufiala ene menɔa bɔbɔe nam o, le ganya si yi edzi le sesẽm ta. Nye dɔwɔhati geɖe alɔ̃ ɖe edzi be, fetu sue ɖea dzi le amewo ƒo be woagbe míaƒe dɔa wɔwɔ.”

Diana, si nye nufiala aɖe si tso New York City, to nyatoƒoe le agbalẽdɔ gbogbo si nɔa nufialawo dzi gaƒoƒo geɖe ŋu. Nufiala bubu aɖe ŋlɔ be: “Wonɔa nuŋɔŋlɔ, nuxexlẽ kple akɔntabubu dzi ɣesiaɣi kloe le ŋkeke ɖesiaɖe me. Dɔa ƒe akpa si ŋu wofaa konyi le wu enye: “Agbalẽdɔ geɖe wɔwɔ, agbalẽvi manyatalenu mawo kpekpeɖo—ŋkeke bliboa katã.”

Nufiala Ʋɛ, Sukuvi Geɖe

Berthold, si tso Düren, Germany, to nyatoƒoe ma tɔgbe: “Ðeviwo sɔ gbɔ le sukuxɔ aɖewo me akpã! Sukuvi 34 ye le sukuxɔ aɖewo me le afisia. Esia fia be míate ŋu akpɔ sukuvi siwo ŋu kuxiwo le la gbɔ o. Míedea dzesi wo o. Míeŋea aɖaba ƒua woƒe nuhiahiãwo dzi.”

Leemarys si míeyɔ va yi ɖe eme be: “Tsɔ kpe ɖe dzila ɖekematsɔlemetɔwo ŋu la, le ƒe si va yi me la nye kuxi gãtɔ enye sukuvi 35 siwo nɔ sukuxɔme. Bu agbagbadzedze be nafia nu sukuvi ƒe ade vi 35 ŋu kpɔ!”

Iris gblɔ be: “Nufialawo le vevem le New York afisia, vevietɔ na akɔnta kple dzɔdzɔmeŋutinya. Woate ŋu akpɔ dɔ nyuiwo le teƒe bubu. Eyata nufiala siwo nye amedzrowoe dua haya.”

Edze ƒã be nufiafia nye dɔ sesẽ. Ekema nukae doa ŋusẽ nufialawo? Nukatae woyia edzi hedoa dzi? Míaƒe nyati mamlɛa adzro nyabiabia siawo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Wobu akɔnta be wotsɔa tu 135,000 yia suku siwo le United States gbesiagbe

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nukae Naa Nufialawo Kpɔa Dzidzedze?

Aleke nàɖe nufiala nyui gɔme? Amesi ate ŋu atrɔ asi le ɖevi ƒe susu ŋu be wòate ŋu aɖo ŋku nyawo dzi ahawɔ dodokpɔ akpɔ dzidzedze laea? Alo amesi fiaa nu be woabia nya, abu tame, ahade ŋugble yea? Amekae kpena ɖe ɖevi ŋu be wòava zu dumevi ɖɔʋu?

“Ne mí nufialawo míede dzesii be míenye kpeɖeŋutɔwo na míaƒe sukuviwo le woƒe agbe me katã ƒe mɔ sesẽa zɔzɔ me, ne míedea asixɔxɔ kple bubu si dze na amegbetɔ wo ŋu la, ekema míele nufiala ɖɔʋu ƒe mɔa dzi. Ele bɔbɔe—hegasesẽ hã.”—To Teach—The Journey of a Teacher.

Nufiala nyui dea dzesi sukuvi ɖesiaɖe ƒe ŋutete eye wònyaa alesi wòawɔe be wòakpɔ dzidzedze. William Ayers gblɔ be: “Ele be míadi mɔ nyuitɔ, mɔ si tua ame ƒe ŋusẽwo, nuteƒekpɔkpɔwo, aɖaŋuwo, kple ŋutetewo ɖo . . . Meɖo ŋku dzila aɖe si tso Amerika ƒe kukuɖeɖe ɖe eƒe ŋutsuvi ƒe atɔ̃ vi si wona ŋkɔe be ‘tagbɔ maɖablɛtɔ’ la dzi be: ‘Amegãxi nya xevi blaene ƒe ŋkɔ kple alesi woʋuna. Enya be xefu wuietɔ̃e le hɔ̃ ƒe ble si sɔ me. Nusi wòhiã koe nye nufiala si nya eƒe ŋutetewo.’”

Hafi nufiala nate ŋu awɔ geɖe le ɖevi aɖe ŋu la, ele nɛ be wòanya nusi doa dzidzɔ nɛ alo ʋãnɛ kple nusiwo naa wòwɔa nu le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Eye ele na nufiala ɖokuitsɔsavɔla be wòalɔ̃ ɖeviwo.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

United Nations/Photo by Saw Lwin

[Aɖaka si le axa 11]

Ðe Wòle Be Nusɔsrɔ̃ Nanye Nukokoedoname Ɣesiaɣia?

Nufiala William Ayers ŋlɔ nukpɔsusu totrowo ewo siwo ku ɖe nufiafia ŋu. Wo dometɔ ɖekae nye: “Nufiala nyuiwo naa nusɔsrɔ̃ nyea nukokoedoname.” Eyi edzi be: “Nukokoe ɖea ame ƒe susu ɖa, edoa dzidzɔ na ame. Fefewɔla ɖia kokoe. Fefe ate ŋu aɖi kokoe. Nusɔsrɔ̃ ate ŋu axɔ ame ƒe susu, alé susu na ame, awɔ nuku, atɔtɔ ame, eye wòavivi ame nu vevie. Ne nusɔsrɔ̃ nye dzidzɔdonamenu la, ke enyo. Gake mele be wòanɔ nenema o.” Egblɔ kpee be: “Nufiafia bia sidzedze, ŋutete, aɖaŋu, nuŋububu, kple nugɔmesese geɖe ŋutɔ—eye vevietɔ wu la, nuŋubula si tsɔa ɖe le eme na ame.”—To Teach—The Journey of a Teacher.

Sumio, si tso Nagoya City, Japan, de dzesi kuxi sia le eƒe sukuviwo ŋu: “Sukukɔkɔdela geɖewo mekpɔa dzidzɔ le naneke ŋu wu dzidzɔdonamenu siwo mebia kutrikuku aɖeke o.”

Rosa, si nye sukuviwo ƒe aɖaŋuɖola si tso Brooklyn, New York, gblɔ be: “Nɔnɔme si bɔ ɖe sukuviawo katã dome enye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ŋu. Nufiala ƒe nya va ti ame. Wobunɛ be ele be nusianu nanye fefe. Woŋlɔe be be alesi nèdze agbagba ɖe nusɔsrɔ̃ ŋue ana nanyae.”

Fefe vivivo nana wòsesẽna sɔhɛwo be woaku kutri ahatsɔ nuwo asa vɔ. Sumio, si míeyɔ va yi, gblɔ be: “Vevietɔ wu la, wometea ŋu bua nuwo ŋu yia ŋgɔ o. Sukukɔkɔdela ʋɛ aɖewo koe bua eŋu be kutrikuku fifia aɖe vi na yewo le etsɔme.”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

DIANA, U.S.A.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

‘Atikevɔ̃ɖiwo zazã bɔ gake ƒã hafi wodea dzesii.’​—MICHAEL, GERMANY

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

“Míedoa go nuvlowɔwɔ kple atikevɔ̃ɖiwo zazã ƒe numame ƒe kuxi siwo nɔa ƒomewo me.”​—AMIRA, MEXICO

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

“Ele be woabu nufialawo . . . abe dɔ bubu wɔlawo ke ene ke menye abe vidzikpɔla siwo ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖo ko ene o.”​—SANDRA FELDMAN, AMERIKA NUFIALAWO ƑE HABƆBƆ ƑE ZIMENƆLA