Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nufialawo—Nukatae Míehiã Wo?

Nufialawo—Nukatae Míehiã Wo?

Nufialawo​—Nukatae Míehiã Wo?

“Ŋkeke akpe ɖeka ƒe nusɔsrɔ̃ veviedodotɔe mede nufialagã gbɔ nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o.”​—Japantɔwo ƒe lododo.

ÈÐO ŋku nufiala si ƒe nufiafia kpɔ ŋusẽ ɖe dziwò vevie le suku la dzia? Alo ne sukuvie nenye la, ɖe nufiala aɖe si nèlɔ̃na vevie le asiwòa? Ne nenemae la, nukatae?

Nufiala nyui naa kakaɖedzi nɔa ame si eye wònaa nusɔsrɔ̃ nyea dɔ si doa dzidzɔ na ame. Englandtɔ aɖe si xɔ ƒe 70 ɖo ŋku nufiala si fiae Eŋlisigbe le suku dzi kple dzidzɔ. “Aƒetɔ Clewley na mede dzesi ŋutete siwo nyemenya be wonɔ asinye o. Ŋu kpeam eyata nyemenɔa ame dome o, gake ekpe ɖe ŋunye mege ɖe sukua ƒe fefewɔwɔ ƒe hoʋiʋli me. Mexɔ nunana le fefea me esi meɖo sukuxɔ mamlɛa me. Eƒe dzideƒoname manɔmee la, anye ne nyemete ŋui o. Etena ɖe dzinye vevie be nyemegakpɔ nɛ le ƒe siawo me o ne mada akpe nɛ ɖe kpekpeɖeŋu si wòna eƒe sukuviwo ta.”

Margit, nyɔnu aɖe si kɔa mo ɖe ame si le eƒe ƒe 50-awo me, si tso Munich, Germany, gblɔ be: “Nufiala ɖeka aɖe li si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o. Mɔnu nyui aɖe le esi si wòtsɔ ɖea nya sesẽwo gɔme bɔbɔe. Ede dzi ƒo na mí be míabia nyawo ne míese nane gɔme o. Mehena ɖe megbe le ame ŋu o, ke boŋ ewɔa xɔlɔ̃. Esia na sukuxɔme nɔnɔ vivina.”

Peter, si nye Australiatɔ, ɖo ŋku nufiala si fiana akɔnta dzi, amesi ŋu wògblɔ le be, “ekpe ɖe mía ŋu míekpɔ vevienyenye si le nusi srɔ̃m míenɔ la ŋu to kpɔɖeŋu nyuiwo wɔwɔ me. Esi míenɔ akɔnta si ku ɖe dzogoewo ŋu srɔ̃m la, efia alesi míadzidze xɔ asi makamaka eŋu gɔ̃ hã mí, to gɔmeɖose siwo ku ɖe dzogoewo ŋu zazã ko me. Meɖo ŋku edzi be megblɔ na ɖokuinye kpɔ be, ‘Amee bi alea!’”

Pauline, si tso dziehe England, gblɔ eƒe dzimenya na eƒe nufiala be: “Akɔntabubu sesẽna nam ŋutɔ.” Ebiae be: “Àdi be yeawɔ geɖe wua? Mate ŋu akpe ɖe ŋuwò.” Pauline yi edzi be: “Ena kpekpeɖeŋu geɖem le ɣleti ʋɛ siwo kplɔe ɖo me, ne míekpã le suku gɔ̃ hã. Menyae be edi be makpɔ dzidzedze—etsɔ ɖe le eme nam. Esia nyanya na mesrɔ̃ nu geɖe, eye megadze agbagba ɖe edzi.”

Angie, si tso Scotland, si le eƒe ƒe 30-awo me fifia ɖoa ŋku Aƒetɔ Graham, amesi fia blemaŋutinya wo la dzi. “Ena blemaŋutinya sɔsrɔ̃ vivina ale gbegbe! Egblɔa nudzɔdzɔawo abe ŋutinya aɖe ene eye dzo nɔa eme ŋutɔŋutɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ŋu. Enaa dzo nɔa nusianu me.” Egaɖoa ŋku Aƒenɔ Hewitt, nyɔnu tsitsi si fia nui le klass gbãtɔ hã dzi kple dzidzɔ. “Enyoa dɔme hetsɔa ɖe le eme na ame. Meyi egbɔ le sukuxɔ me gbeɖeka va bia nya aɖee. Ekpla asi kɔ nam. Ena mese le ɖokuinye me be etsɔ ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔ.”

Timothy, si tso anyiehe Greece, ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. “Megaɖoa ŋku nufiala si fiam dzɔdzɔmeŋutinunya dzi kokoko. Etrɔ nukpɔsusu si ava nɔ asinye le agbe me le xexe si ƒo xlãm ŋu kura. Ena dzidzɔ wɔnuku aɖe nɔa sukuxɔ me. Eƒã nunya kple gɔmesese ƒe amesinɔnɔ ƒe didi vevie ɖe mía me.”

Ramona, si tso California, U.S.A., hã nye kpɔɖeŋu bubu. Eŋlɔ be: “Nye nufiala le kɔledzi lɔ̃ Eŋlisigbe ale gbegbe. Dzonɔameme si le eme la gena ɖe míawo hã me! Enaa akpa siwo sesẽ hã dzena nu bɔbɔe.”

Jane, si tso Canada ƒo nu tso nufiala si fia lãmesẽfefe wo ŋu kple dzidzɔ be enye amesi “si nukokoedoname kple nusɔsrɔ̃ ƒe aɖaŋuwo le. Ekplɔ mí ɖi tsa yi teƒe geɖe eye wòfia snodzifefe kple lãɖeɖe le sno me mí. Míemè Indiatɔwo ƒe abolo aɖe kura le dzo si mía ŋutɔwo míedo le míaƒe asaɖa me gɔ̃ hã. Esiawo katã nye nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖe na nye amesi medona le aƒeme o si nɔa nusɔsrɔ̃ ko dzi!”

Helen nye ɖetugbui si ŋu kpena vevie si wodzi le Shanghai eye wòde suku le Hong Kong. Egblɔ be: “Esi menɔ klass atɔ̃lia la, nufiala aɖe nɔ asinye, Aƒetɔ Chan, si fiaa lãmesẽfefe kple nutata. Menye ame tsralɛ eye nyemenya volleyball kple basketball ƒoƒo kura o. Medoa ŋukpem o. Eɖe mɔ nam meƒoa bɔl bubu si nye badminton eye mewɔ kamedefefe siwo menya nyuie. Esea nu gɔme na ame eye eƒe dɔme nyo hã.

“Nenema ke enye nutata hã—nyemenya alesi wotaa nuwo kple amewo o. Eyata eɖe mɔ nam be mata nɔnɔme kple atsiã siwo tata anɔ bɔbɔe nam. Esi sukuvi mamleawo tsi wum ta la, ede dzi ƒo nam be maganɔ sukuxɔ ma ke me hena ƒe bubu. Esiae na nuwo va de dzinye nyuie le nye sukudede me. Ena kakaɖedzi va su asinye eye mewɔ ŋgɔyiyi. Mada akpe nɛ ɣesiaɣi.”

Nufiala kawoe te ŋu fiaa nu wògena ɖe susume na ame? William Ayers ɖo eŋu le eƒe agbalẽ si nye To Teach—The Journey of a Teacher me be: “Nusi nufiafia nyui bia wue nye ameŋububu, nufiala si léa be na ame hetsɔa eɖokui ɖoa anyi ɖe sukuviwo ƒe agbe ta. . . . Nufiafia nyui menye aɖaŋu alo atsiã, ɖoɖo alo nuwɔna tɔxɛ aɖe ƒe nya o. . . . Lɔlɔ̃ ƒe nyae nufiafia nye koŋ.” Eyata amekae nye nufiala kpɔ dzidzedze? Egblɔ be: “Nufiala si ɖoa wò dzi gbɔ, nufiala si sea nu gɔme na wò alo esi tsɔa ɖe le eme na wò, nufiala si ƒe lɔlɔ̃ na nusiawo—hadzidzi, akɔnta, Latin, kites—na wòdzroa ame eye woʋãa ame.”

Ðikeke mele eme o be, nufiala geɖe xɔ akpedada geɖe tso sukuviwo kple dzilawo gɔ̃ hã gbɔ, eye esia de dzi ƒo na wo be woayi edzi togbɔ be kplamatsedonu le mɔ me na wo hã. Nu ɖeka aɖe si ɖe dzesi si ta amewo gblɔ akpedanya gbogbo siawo ɖoe nye ɖetsɔleme vavã kple dɔmekɔkɔ si nufialawo ɖe fia sukuviawo.

Ele eme baa be, menye nufialawo katãe ɖea nɔnɔme nyui siawo fiana o. Azɔ̃ hã, nufialawo toa nyaƒoɖeamenu geɖewo me si kpɔa ŋusẽ ɖe nusi woate ŋu awɔ na woƒe sukuviwo dzi. Esia kplɔ mí va nyabiabia sia gbɔ, Nukatae amewo tiaa dɔwɔɖui sesẽ sia tɔgbe?

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

“Lɔlɔ̃ ƒe nyae nufiafia nye koŋ”