Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusiwo Naa Afɔku Nɔa Dɔwɔƒewo

Nusiwo Naa Afɔku Nɔa Dɔwɔƒewo

Nusiwo Naa Afɔku Nɔa Dɔwɔƒewo

“Amewo kuna le dɔwɔƒewo wu le lɔrifɔkuwo me.” Tanya siae Dɔwɔƒe ƒe Dedienɔnɔ, si nye dedienɔnɔgbɔkpɔha aɖe si le New South Wales, Australia, ŋlɔ gbadzaa ɖe nyatakagbalẽvi aɖe si wòma na amewo dzi.

NYATEƑEE, afɔku siwo me amewo kuna le la nye kuxia ƒe akpa aɖe ko. Ame miliɔn geɖe xɔa abi vevie le woƒe dɔwɔƒewo ƒe sia ƒe, wo dometɔ aɖewo zua nuwɔametɔwo gɔ̃ hã. Ame bubu geɖe hã kua kukpo le dɔwɔwɔ le afisiwo wozãa nusiwo me afɔku le alo le dzimaɖitsitsi le dɔwɔƒe ta.

Esi amewo kuna eye amewo xɔa abi vevie le adzɔnuwɔƒe kple asitsaƒe ɖesiaɖe kloe ta la, esɔ be woabia be: Ðe nèle dedie ŋutɔŋutɔ le wò dɔwɔƒea? Nɔnɔme kawoe le afima si ate ŋu ade wò lãmesẽ kple agbe afɔku me?

Afisiwo Woyɔa Ʋu ɖe Ame Nu Le

Woyɔa ʋu ɖe dɔwɔlawo nu vevie zi geɖe be woawɔ dɔ geɖe. Japangbe me nya karoshi—si fia “dɔwɔwɔ akpa me ku”—dze zi gbãtɔ le teƒeɖogabiabia siwo ƒometɔwo tsɔ ɖe dɔtɔwo ŋu me. Le numekuku aɖe si wowɔ ƒe aɖewo va yi me la, Japan ɔfisdɔwɔla 40 le alafa me vɔ̃na be dɔwɔwɔ akpa ate ŋu awu yewo. Senyala aɖe si kpɔa teƒeɖoga xɔxɔ ŋu nyawo koŋ gbɔ bu akɔnta be “ame 30,000 ya teti kuna le Japan ƒe sia ƒe le dɔwɔwɔ akpa ta.”

Japan kpovitɔwo gblɔ be anye dɔwɔwɔ me kuxiwo koŋ gbɔe wòtso be ƒe 50 va ɖo 59 xɔla siwo wua wo ɖokui ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ɖo. Agbalẽ si nye The Violence-Prone Workplace gblɔ be, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe bu fɔ dɔtɔ aɖe be egbɔe wòtso be dɔwɔla aɖe si dɔwɔnyawo wu tsɔtsɔ na la wu eɖokui.

Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Canberra Times gblɔ be ‘Amerikatɔwo gbɔ Japantɔwo ŋu le gaƒoƒo geɖe zazã ɖe dɔ ŋu me le xexeame katã.’ Eyata nyadzɔdzɔ siwo woɖoa tanya na abe “Dɔwɔwɔ Gaƒoƒo Geɖe le Amewo Wum” ene la ƒoa nu tsoa alesi ʋudɔwɔlawo, dɔnɔkɔʋukulawo, yameʋukulawo, xɔtudɔwɔlawo, kple zãdɔwɔla siwo ŋu ɖeɖi tena vevie la kunae le dɔwɔƒewo ŋu.

Ne dɔtɔwo gbugbɔ woƒe dɔwɔɖoɖowo le wɔwɔm eye wole dɔwɔlawo dzi ɖem kpɔtɔ kple susu be viɖe geɖe nasu yewo si la, woziaa dɔwɔlawo dzi vevie be woawɔ dɔ geɖe. British Medical Journal ka nya ta be dɔwɔlawo dzi ɖeɖe kpɔtɔ gblẽa nu le dɔwɔlawo ŋu vevie.

Ŋutasẽnuwɔwɔ le Dɔwɔƒewo

Dɔwɔla siwo wozã gbɔ eme eye nu te ɖe wo dzi la hã dea wo nɔewo afɔku me. Numekuku aɖe si Britaintɔwo wɔ ɖee fia be le ɔfisdɔwɔla geɖe gome la, dɔwɔhatiwo ƒe nyahehe le wo nɔewo dome xɔa woƒe dɔwɔŋkekewo me ŋutɔ eye zi geɖe la, masɔmasɔ siawo va hea ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu vɛ.

Business Week magazine gblɔ be: “Wowua Amerika dɔwɔla siwo ade 15 le dɔwɔƒe kwasiɖa sia kwasiɖa.” Harvard Business Review gblɔ be: “Dɔnunɔla aɖeke media dɔwɔƒe ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu nyawo sese o. Ke hã nyaa kpɔtɔ li be dɔwɔla alafa geɖe ƒoa wo tɔwo alo wua wo gɔ̃ hã ƒe sia ƒe.”

Le go bubu me la, asisiwoe sẽa ŋuta le dɔwɔlawo ŋu. Autraliatɔwo ƒe hlɔ̃nuwɔwɔwo ŋuti nyatakaka gblɔ be ɖɔkta aɖewo vɔ̃na na nuvlowɔwɔ ale gbegbe be wokplɔa ame ɖe wo ɖokui ŋu ne woyina amewo gbɔ le aƒeme. Dɔwɔla bubu siwo ɖoa afɔku mee nye kpovitɔwo kple nufialawo.

Dɔwɔƒe ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ bubu ƒomevi enye seselelãme ŋutasẽnuwɔwɔ, si Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ buna be enye ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame ŋu le susu me. Eƒomevi si bɔ wue nye ŋkukeklẽ do ame.

Nufialagã Robert L. Veninga si le Minnesota Yunivɛsiti, U.S.A., ka nya ta be “nuteɖeamedzi kple eŋu dɔlélewo dzea dɔwɔlawo dzi le xexeame ƒe afisiafi kloe.” Egblɔ be “nusi gbɔ koŋ kuxia tsona, abe alesi ƒe 1993 Xexeame Dɔwɔlawo Ŋuti Nyatakaka si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ ta ɖee fia ene la, enye nuteɖeamedzi si tsoa vevemaseɖeamenu, nuwo ƒe tɔtrɔ kabakaba, kple anyrawɔwɔ le ame ŋu si yia edzi zi geɖe le dɔwɔƒewo.”

Eyata biabiae enye be, Nukae dɔtɔwo kple dɔwɔlawo ate ŋu awɔ be dɔwɔƒea nanɔ dedie wu? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.