Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nàkpɔ Mɔ Na Mawu Ƒe Ametakpɔkpɔa?

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nàkpɔ Mɔ Na Mawu Ƒe Ametakpɔkpɔa?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nàkpɔ Mɔ Na Mawu Ƒe Ametakpɔkpɔa?

Biblia ƒoa nu tso ŋutete si le Mawu si be wòakpɔ esubɔlawo ta tso nuveviwɔame si me ŋu enuenu. Fia Dawid gblɔ be: “Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye nàkpɔ tanye tso ŋutsu ŋutasẽlawo si me.” (Psalm 140:1) Egbea la, ɣeaɖewoɣi koe Mawu subɔlawo nɔa dedie tso ŋutasesẽ, nuvlowɔwɔ, alo dzɔdzɔmefɔkuwo ƒe ame wuwu alo woƒe nuveviwɔamewo me. Ame aɖewo bua tame le eŋu nenye be Mawue kpɔ yewo ta nukutɔe le nɔnɔme mawo me, vevietɔ esi wòdzɔna be Mawu vɔ̃la bubu siwo dzi numawo tɔgbe dzɔ ɖo xɔa abi vevie, alo kuna anyratɔe gɔ̃ hã ta.

ÐE YEHOWA MAWU kpɔa ame aɖewo ta tso afɔku me, hegblẽa bubuwo ya ɖia? Ðe wòle be míakpɔ mɔ na ametakpɔkpɔ nukutɔe tso ŋutasesẽ kple afɔkuwo me egbea?

Ametakpɔkpɔ Wɔnuku Siwo Le Biblia Me

Biblia me nuŋlɔɖi geɖe li si gblɔ alesi Mawu to nukumɔwo dzi ɖe esubɔlawoe. (Yesaya 38:1-8; Dɔwɔwɔwo 12:1-11; 16:25, 26) Ŋɔŋlɔawo gagblɔ nɔnɔme bubu siwo me womeɖe Yehowa subɔlawo tso dzɔgbevɔ̃e me o. (Fiawo 1, 21:1-16; Dɔwɔwɔwo 12:1, 2; Hebritɔwo 11:35-38) Eyata edze ƒã be le susu alo tameɖoɖo aɖe ta la, Yehowa ate ŋu atiae be yeana takpɔkpɔ loo alo yemanae o. Eyata nenye be womeɖe Kristotɔ ɖekaɖekawo tso tetekpɔwo me o la, mele be woaƒo nya ta be Mawu gblẽ yewo ɖi o. Ele be míaxɔ nyateƒenya sia ade eme be, dzɔgbevɔ̃ewo ate ŋu adzɔ ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo kura gɔ̃ hã dzi. Nukatae wòle alea?

Nusita Dzɔgbevɔ̃ewo Dzɔna ɖe Mawu Subɔla Wɔnuteƒewo Dzi

Susu ɖeka si tae nye be mí katã míenyi blibomademade ƒe dome tso Adam kple Xawa gbɔ. Eyata míedzea ŋgɔ vevesese, fukpekpe, kple ku. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Susu bubue nye be míele ŋkeke mamlɛawo me. Biblia ƒo nu tso míaƒe ŋkekea me tɔwo ŋu be wonye “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o.” (Timoteo II, 3:1-5) Esia ƒe kpeɖodzie nye nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe, amefifi, amewuwu, kple ŋutasẽnuvlowɔwɔ bubu siwo bɔ.

Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖe le ame sẽŋutawo dome eye wowɔa dɔ kpli wo eye wotɔa ŋku wo ɣeaɖewoɣi. Ate ŋu adzɔ be míanɔ nɔnɔme dziŋɔ ŋutɔ aɖe me, esi míele teƒe si mesɔ o kple le ɣeyiɣi si mesɔ o me ta. Gawu la, míekpɔa Salomo ƒe nya ƒe nyateƒenyenye esi wògblɔ be “azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”​Nyagblɔla 9:11.

Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo gblɔ be woati Kristotɔwo yome esi wosubɔa Mawu ta. Egblɔ be: “Ke amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Esia ƒe nyateƒenyenye dze le dukɔ aɖewo me le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me.

Eyata Mawu vɔ̃lawo meto le ŋutasesẽ, nuvlowɔwɔ, dzɔdzɔmefɔku, alo ku kpata ƒe nugbegblẽ le ame ŋu me o. Satana dze agbagba be yeaʋli nya be Yehowa tɔa kpɔ ɖe Eƒe amewo ŋu be woanɔ agbe eye afɔku aɖeke nagadzɔ ɖe wo dzi o. (Hiob 1:9, 10) Menye nya lae nye ema o. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be nenye be Yehowa meɖe mí nukutɔe tso nɔnɔme aɖe me o hã la, enaa takpɔkpɔ eƒe amewo.

Alesi Yehowa Kpɔa Esubɔlawo Tae Egbea

Yehowa toa eƒe Nya dzi naa mɔfiafia siwo kpɔa eƒe amewo ta. Gbɔgbɔmemenyenye kple Biblia me sidzedze ate ŋu ana míabu nu ŋu nyuie eye be míanɔ mo xexi, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na vodada siwo míewɔna susumanɔmetɔe eye be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le. (Psalmo 38:4 Lododowo 3:21; 22:3) Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ, ŋukeklẽ, dziku, kple ŋutasesẽ ŋu kpɔa Kristotɔwo ta tso dzɔgbevɔ̃e geɖe me. Azɔ̃ ha, asaƒoƒo na hadede kplikplikpli kple ame vɔ̃ɖiwo ana míanɔ adzɔge tso afɔkuteƒewoteƒe si mesɔ o kple le ɣeyiɣi si mesɔ o me. (Psalmo 26:4, 5, Lododowo 4:14) Amesiwo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la nɔa agbe si me vivisese le si nana wonɔa lãmesẽ me le susu kple ŋutilãme me.

Nusi gafaa akɔ na ame enye enyanya be ne Mawu ɖe mɔ dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe esubɔlawo dzi hã la, ana ŋusẽ si hiã la wo be woatsɔ ado dzi le nɔnɔmea me. Apostolo Paulo na kakaɖedzi mí be: “Nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.” (Korintotɔwo I, 10:13) Biblia gado “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go,” ƒe ŋugbe na mí si ana míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me.​Korintotɔwo II, 4:7.

Mawu Wɔa Nu ɖe Eya Ŋutɔ ƒe Lɔlɔ̃nu Nu

Ðe wòle be Kristotɔwo nakpɔ mɔ be Mawu aɖe yewo nukutɔe tso afɔku ɖesiaɖe si yewo dze ŋgɔe la mea? Biblia ƒe nuŋlɔɖi megblɔ mɔkpɔkpɔ ma ŋu nya o.

Ele eme baa be, Yehowa Mawu ate ŋu atiae be yeaxɔ na ye subɔla ɖesiaɖe tẽ ya. Eye ne ame aɖe gblɔ be Mawu ɖe ye nukutɔe tso nɔnɔme aɖe me la, mele be woaɖe ɖeklemi amea o. Gake ne Yehowa tiae be yemaxɔ na ame o la, mele be míatsɔe be enye dzesi be mekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.

Mina kakaɖedzi nanɔ mía si be tetekpɔ alo nɔnɔme ka kee ava mía dzi o, Yehowa akpɔ esubɔla wɔnuteƒewo ta, to nɔnɔmea ɖeɖe ɖa, ŋusẽdodo mí be míado dzi ato eme, alo be ne míeku hã la, afɔ mí ɖe tsitre va agbe mavɔ me le xexeme yeyea me.​—Psalmo 37:10, 11, 29; Yohanes 5:28, 29.