Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋɔdzinuwo Dzɔ Ðe Wo Dzi, Gake Womebu Mɔkpɔkpɔ O

Ŋɔdzinuwo Dzɔ Ðe Wo Dzi, Gake Womebu Mɔkpɔkpɔ O

Ŋɔdzinuwo Dzɔ Ðe Wo Dzi, Gake Womebu Mɔkpɔkpɔ O

“XƆ SIWO KATÃ ƑO XLÃM NƆ ƲUƲUM EYE DZO NƆ WÓWOM TSO ANYIGBA ME. ESI MESI YINA LA MESE AMEWO NƆ AVI FAM, NƆ GBE DOM ÐA, HENƆ ƔLI DOM LE TEƑEA KEŊ BE WOAXƆ NA YEWO. MESUSU BE XEXEAME ƑE NUWUWUE ÐO.”​—G. R., SI TSI AGBE LE ANYIGBAƲUƲU ME.

ANYIGBAƲUƲU miliɔn nanewo dzɔna le míaƒe ɣletinyigba si nɔa totrom dzi ɖaa la me ƒe sia ƒe. Nyateƒee, míesea esia dometɔ geɖewo o. * Ke hã le mama dedie nu la, wobua anyigbaʋuʋu siwo ade 140 kloe ƒe sia ƒe be wonye esiwo nu sẽ ale gbegbe eye wona ŋkɔwo be “sesẽawo,” “gãwo,” alo “esiwo keke ta.” Le ŋutinyawo katã me la, ewu ame miliɔn geɖe hegblẽ kesinɔnu gbogbo aɖewo dome.

Anyigbaʋuʋu gagblẽa nu le agbetsilawo ƒe seselelãme ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, esi anyigbaʋuʋu eve dzɔ le El Salvador le ƒe 2001 ƒe gɔmedzedze la, tagbɔdɔlélawo ƒe lãmesẽnyawo gbɔkpɔha ƒe zimenɔla si le dukɔ ma me gblɔ be: “Tagbɔdɔléle ŋuti kuxi aɖe le amewo dzi dzem si me nuxaxa, dziɖeleameƒo kple dzikudodo dzena le.” Mewɔ nuku o be El Salvador lãmesẽnya ŋuti dɔlawo ka nya ta be blanuilélawo kple dzimaɖitsilawo dzi ɖe edzi va ɖo 73 le alafa me. Le nyateƒe me la, numekuku ɖee fia be le tsi si hiãna sitsoƒesaɖamenɔlawo megbe la, tagbɔdɔléle hã nye nu vevi si gbɔ wòle be woakpɔ na wo.

Gake nu geɖe dzɔna le anyigbaʋuʋuwo me wu kunyawo, nuwo dome gbegblẽ, kple mɔkpɔkpɔbuɖeame. Le go geɖe me la, afɔku siawo ʋãa amewo woɖea dɔmenyonyo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ tɔxɛ fiana. Nyateƒee, wo dometɔ aɖewo wɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe be wodzra xɔ siwo gbã la ɖo eye wogbugbɔ ɖo amewo te ake. Nuwɔna siawo na mɔkpɔkpɔ wo le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake sia gɔ̃ hã me, abe alesi míegbɔna ekpɔ ge ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Anyigbaʋuʋu suesue akpe nanewo siwo dzɔna gbesiagbe hã le eme.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Le Athens, Greece, dzi le vifofo aɖe dzɔm esi wòse be woxɔ na vianyɔnuvi si xɔ ƒe atɔ̃

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photos/Dimitri Messinis