Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Aɖe Gbeƒã na Nye Sukuhatiwo?

Aleke Mawɔ Aɖe Gbeƒã na Nye Sukuhatiwo?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Aɖe Gbeƒã na Nye Sukuhatiwo?

“Menɔ gbeƒã ɖem, kasia, medo go ame aɖe si menya. Metɔtɔ ale gbegbe! Eva hiã be amesi menɔ dɔ wɔm kpli la naƒo nu ɖe tenyeƒe.”​—Alberto.

“Menya be nye sukuxɔmehati aɖe ƒeme le mɔ sia dzi, eyata mena fonye ƒo nu le ʋɔtruawo katã nu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖeɖi te eŋu vie, eye wòbia tso asinye be maƒo nu le ʋɔtru si nu míagayi. Meƒo ʋɔ la, O, kasia makpɔ la, eyae nye ma! Vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ!”​—James.

EDZIEDZI la, sɔhɛwo sena le wo ɖokui me be ‘menya wɔna’ be woadzro mawusubɔsubɔ me o. Ke hã le Kristotɔ vavãwo dome la, sɔhɛwo kpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wo be woadzro woƒe dzixɔsea me kple ame bubuwo la ŋu. Eyata sɔhɛ akpe geɖe siwo nye Yehowa Ðasefowo la kpɔa gome le gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu me. Gake wo dometɔ aɖewo wɔnɛ kple vɔvɔ̃ be ɖewohĩ yewoado go ame aɖe si yewodze sii le suku. Togbɔ be Jennifer do go le suku kɔkɔ (sekɛndri suku) ƒe aɖewoe nye esia hã la, egblɔ be “meganɔa vɔvɔ̃m na gododo amesiwo mede suku kpli la.”

Nenye Kristotɔ sɔhɛ nènye la, ɖewohĩ wò hã ase le ɖokuiwò me nenema ɣeaɖewoɣi. Nyateƒee wònye be mí katã míevɔ̃na be amewo maɖoto mí o, eyata ele dzɔdzɔme nu vavã be àtsi dzimaɖi vie nenye be nèle nu ƒom tso mawusubɔsubɔ ŋu na wò sukuhatiwo. * Gake susu aɖeke meli si ta navɔ̃ o. Èɖo ŋku ŋutsu si Biblia yɔ be “Yosef tso Arimatia” la dzia? Exɔ nusiwo wòsrɔ̃ tso Yesu gbɔ la dzi se. Ke hã Biblia ƒo nu tso Yosef ŋu be enye “Yesu ƒe nusrɔ̃la le adza me le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta.” (Yohanes 19:38) Azɔ aleke nàse le ɖokuiwò me ne xɔlɔ̃ aɖe di be yeana miaƒe xɔlɔ̃dzedzea nanɔ ɣaɣla? (Luka 12: 8, 9) Eyata mewɔ nuku be Mawu di be Kristotɔwo katã ‘naʋu’ woƒe xɔse me o. (Romatɔwo 10:10) Esia bia be woaƒo nu tso eŋu na ɖeviwo hã le suku.

Yosef si tso Arimatia ɖu eƒe vɔvɔ̃a dzi vaseɖe afi aɖe be wòte ŋu bia mɔ be yeaɖi Yesu. Aleke nàte ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzii?

Didia Tutuɖo be Nàɖe Gbeƒã

Mekpe ŋu na apostolo Paulo kura be wòaƒo nu tso eƒe xɔsea ŋu na ame bubuwo o. Le Romatɔwo 1:15 la, eƒo nu tso eƒe didi vevie be yeaɖe gbeƒã Biblia me gbedasia ŋu. Nukae na be didi vevi ma nɔ eme? Egblɔ le kpukpui 16 me be: “Nyanyui la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la.” Ke wò ɖe? Ðe nèwɔ nyateƒea tɔwoe vavã? (Romatɔwo 12:2) Ðe nèka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Biblia ƒe gbedasia nye ‘Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔa’?

Kristotɔwo ƒe kpekpeawo ɖeɖe dede kple dziwòlawo mesɔ gbɔ o. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Deborah gblɔ be: “Ele bɔbɔe be nàde kpekpeawo elabena dziwòlawoe gblɔna na wò be nàyi. Gake ne amewo bia nyam tso Biblia ŋu la, nyemenya alesi maɖo wo ŋui o.” Sɔhɛ si ŋkɔe nye Mi Young hã gblɔ be: “Ele be míaka ɖe edzi na mía ɖokuiwo be nyateƒe lae nye esia.”

Nukae aʋã wò be nàgblɔ sidzedze si su asiwò ku ɖe Biblia ŋu na ame bubuwo? Ðokuisi Biblia nusɔsrɔ̃e. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Sean gblɔ be: “Ne èdze ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme la, adze nyateƒea wɔwɔ tɔwoe gɔme. Èle nu fiam ɖokuiwò.” Ele eme baa be le dzɔdzɔme nu la, menye amesiamee nusɔsrɔ̃ dzɔa dzi na o. Shevon ʋu eme be: “Nuxexlẽ medoa dzidzɔ nam o. Eyata esesẽna nam be maxlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! alo axlẽ Biblia gbesiagbe le gɔmedzedzea. Gake esi ɣeyiɣia va nɔ yiyim la, medze wo xexlẽ gɔme.”

Nukawoe dona tsoa nusɔsrɔ̃ kutrikukutɔe sia ƒomevi me? Apostolo Paulo gblɔ be ‘Xɔse la tsoa nusi wose la me.’ (Romatɔwo 10:17) Ne wò xɔse kple kakaɖedzi le tsitsim la, wò nɔnɔme hã atrɔ godoo. Sɔhɛ Braziltɔ si ŋkɔe nye Elisângela ƒo eta be: “Bubue wònye be woanye Kristotɔ, mele be wòakpe ŋu na ame o.” Nyateƒea enye be, ne wò xɔsea le tsitsim la, aʋa wò be nàƒo nu tso eŋu na ame bubu—siwo dome wò sukuxɔmehatiwo hã le. Paulo gblɔ be, “Míexɔna sena, eyata míegblɔa nya hã.” (Korintotɔwo II, 4:13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aleke ŋutiwò ate ŋu ‘akɔ tso ame bubuwo ƒe ʋu mee’ ne ègbe sidzedze si naa agbe ame la ŋu nya gbɔgblɔ na sɔhɛ siwo nèkpɔna gbesiagbe?—Dɔwɔwɔwo 20:26, 27.

Ke hã Kristotɔ sɔhɛ aɖewo sena le wo ɖokui me be yewomedze agblɔ Biblia me nya na ame bubuwo o. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Joshua gblɔ be: “Ne mènya nusi nàgblɔ o la, agbagbadzedze be yeaɖe gbeƒã mevivina o.” Le esia hã gome la, Biblia gɔmesese deto akpe ɖe ŋuwò be nàɖe gbeƒã kakaɖedzitɔe. (Timoteo II, 2:15) Le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, sɔhɛwo ate ŋu ate ɖe hamemegãwo ŋu abia be woakpe ɖe yewo ŋu yewoadzi yewoƒe nufiafia ame bubuwo ɖe edzi. Sɔhɛ Germanytɔ si ŋkɔe nye Matthias gblɔ be: “Esi medze nuƒoƒo na amewo gɔme ŋutɔŋutɔ tso Biblia meke menye Biblia-srɔ̃gbalẽ nana ɖeɖeko o lameva sea vivi na gbeƒãɖeɖe.”

Mlɔeba la, àte ŋu ado gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeaƒo nu kple dzideƒo. (Dɔwɔwɔwo 4:29) Apostolo Paulo xɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le go sia me. Egblɔ le Tesalonikatɔwo I, 2:2 be: “Míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyui la fia mi le ʋiʋli geɖe me.” Numekuku aɖe gblɔ be woate ŋu aɖe nya sia gɔme be, “Mawu ɖe vɔvɔ̃ ɖa le dzime nawo.” Eyata nukatae mado gbe ɖa na Mawu ahabia be wòaɖe vɔvɔ̃ ɖa le dzime na ye o?

Ðokuiwò Nyanya

Le ɖekawɔwɔ me kple gbedodoɖa ma la, àte ŋu aɖe afɔ vevi aɖe. Sɔhɛ Britaintɔ si ŋkɔe nye Chic ɖo aɖaŋu be: “Gblɔe na wò sukuhatiwo be Kristotɔe yenye.” Mele be nànye ‘nusrɔ̃la le adzame’ o. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Rebecca ʋu eme be, tsã la yevɔ̃na be yeado go amesi yenya le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake egblɔ be yeva kpɔe dze sii be “ne ègblɔe na wo be Kristotɔe yenye eye yeɖea gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la, woabia wò ɣeaɖewoɣi be, ‘Ke ɣekaɣie nàva gbɔnye?’”

Ke hã mehiã be nàlala ame aɖe nakpe wò hafi o. Di mɔnukpɔkpɔwo be nàƒo nu tso wò dzixɔsea ŋu na ame bubuwo le suku. Ðo ŋku nya siwo apostolo Paulo bia dzi be: “Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã?” (Romatɔwo 10:14) Èdze nyuie be nàkpe ɖe wò sukuxɔmehatiwo ŋu be woasee. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Iraida gblɔ be: “Sukue nye mí sukuviwo ƒe anyigbamama si míate ŋu aɖe gbeƒã le.” Eyata sɔhɛ geɖe wɔa mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ tsɔ ɖia vome ɖase.

Ke hã sukuxɔmedɔdasiwo aʋu mɔnukpɔkpɔ na wò ɣeaɖewoɣi be nàgblɔ Biblia me nyateƒea afia. Britain-nyɔnuvi si ŋkɔe nye Jaimie gblɔ be: “Esime míenɔ nɔnɔmetɔtrɔ si nye dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe akpa aɖe me dzrom le sukuxɔ me la, megblɔ nye dzixɔsewo fia. Ŋutsuviawo dometɔ ɖeka ɖu fewu le ŋunye be Yehowa Ðasefowo ƒe nunya mede ŋgɔ o, eye medze be woanɔ suku ƒe wɔnawo me o. Enumake, ɖevi bubuwo le sukuxɔa me te dzinye dede.” Edze ƒã be eƒe Kristotɔ ƒe agbenyuinɔnɔ tae. Jaimie gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ema wɔe be mɔnukpɔkpɔa su asinye be mete ŋu na agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? Nye sukuxɔmehati ɖeka.” *

Le Romania la, nyɔnuvi si xɔ ƒe 14 si ŋkɔe nye Micu gblɔ nuteƒekpɔkpɔ ma tɔgbe: “Nye nufiala gblɔ na mí do ŋgɔ be míava dzro nu me ku ɖe ahamuame, atama kple atikevɔ̃ɖiwo ŋu. Eyata metsɔ Nyɔ! April 8, 2000, ƒe tata si ƒo nu tso nyati si nye ‘Alesi Nàwɔ Ate Ŋu Adzudzɔ Atamanono’ ŋu ɖe asi hena numedzodzroa. Esi nye sukuxɔmehati aɖe kpɔ magazinea la, etsɔe, eye wògbe be yematrɔe nam o. Le exexlẽ vɔ megbe la, egblɔ be, yeɖoe kplikpaa be yeadzudzɔ atamanono.”

Menye ɣesiaɣie woaɖo to nyuie alea o. Gake Nyagblɔla 11:6 xlɔ̃ nu mí be “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o.” Ne kutsetse nyui aɖeke mele dzedzem o hã la, wò dzixɔsea gbɔgblɔ le suku ana be ne èdo go wò sukuhati aɖe le tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me la gbeƒãɖeɖe nɛ maɖe fu boo o. Sɔhɛ Britaintɔ Jessica gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖe na amesiwo nènya le suku le bɔbɔe elabena kadodo le mia dome xoxo.” Awɔ nuku na wò be àkpɔ didi vevi aɖe le wò sukuhati aɖewo me be yewoanya nu tso wò dzixɔsewo ŋu.

Nyateƒee be, menye wo katã aɖo to wò tufafatɔe ya o. Gake Yesu ɖo aɖaŋu sia si me kɔ la be: “Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma . . . me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi.” (Mateo 10:14) Ne míagblɔe bubui la, mele be nàtsɔe be yee wogbe toɖoɖoe o. Dzo kpoo le ŋutifafa me eye nàdi amesi alɔ̃ be yeaɖo to wu la. Gbeɖeka godoo la, akpɔ dzianukwaretɔ siwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum la, eye woalɔ̃ faa aɖo to. Ðe manye dzidzɔ ne wo dometɔ ɖeka nye amesi nède suku kpli kpɔ oa? Ne nenemae la, dzi adzɔ wò ŋutɔ be yeɖu vɔvɔ̃ na wò dzixɔsea gbɔgblɔ na wò sukuxɔmehatiwo la dzi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Ne Medo Go Nye Sukuhati?,” si dze le March 8, 2002, ƒe tata me.

^ mm. 18 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

“Ne èdze ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, ànɔ nyateƒea wɔm tɔwòe.”​—Sean.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Megavɔ̃ be yeana woanya be Kristotɔe yenye o

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Sukuxɔmedɔdasiwo ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi zi geɖe be woadzro Biblia me nyateƒewo me