Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyigbaʋuʋu Ŋuti Numedzodzro

Anyigbaʋuʋu Ŋuti Numedzodzro

Anyigbaʋuʋu Ŋuti Numedzodzro

“ANYIGBA SI MEƲÃNA O DZI NƆNƆ MA MÍ ALE GBEGBE BE NE EVA LE ƲUƲUM LA, MÍETE ŊU NƆA TE ÐE ENU O.”​—“THE VIOLENT EARTH.”

“ANYIGBAƲUƲU nye dzɔdzɔme ŋusẽ gãtɔ siwo gblẽa nu la dometɔ ɖeka,” aleae The World Book Encyclopedia de dzesii. Menye numevivie nya sia nye o, elabena ŋusẽ si doa go tso anyigbaʋuʋu sesẽ me ate ŋu agbɔ ŋusẽ si do go tso atɔm bɔmb gbãtɔ me ŋu teƒe 10,000! Nusi na anyigbaʋuʋu gadzia ŋɔ ɖe edzi wu enye be ete ŋu dzɔna le yame ƒe nɔnɔme sia nɔnɔme me, azã sia azã dzi, kple ɣesiaɣi le ŋkeke me. Eye togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu nyaa nane le afisi anyigbaʋuʋu aɖe adzɔ le ŋu hã la, womate ŋu agblɔ ɣeyiɣi si me tututu wòadzɔ o.

Anyigbaʋuʋuwo dzɔna ne tome ƒe anyigbakɔwo ƒe agbakawo gli le wo nɔƒe. Nudzɔdzɔ sia yia dzi ɖaa. Zi geɖe la, eƒe ʋuʋu nu mesẽna be woate ŋu ase eŋkɔ le anyigba dzi o, gake wotsɔa anyigbaʋuʋudzidzenu dzidzenɛ heŋlɔnɛ ɖi. * Ɣeaɖewoɣi la, anyigbakɔwo ƒe agbaka gã aɖe gbãna eye woglina le wo nɔƒe ale gbegbe be wonaa anyigbaa ʋuʋuna vevie.

Gake nukatae anyigbakɔwo ƒe agbakaawo nɔa giglim ɣesiaɣi? Dukɔa ƒe Anyigbaʋuʋu Nyatakaka Dɔwɔƒe gblɔ be: “Woate ŋu akpɔ eme ɖeɖe le nufiafia si trɔ amewo ƒe nukpɔsusu keŋkeŋ ku ɖe Anyigbaŋutinunya ŋu si nye plate tectonic (nufiafia si nye be anyigba ƒe wɔwɔme ma ɖe agbaka vovovo me) ŋu me.” Nyatakaka Dɔwɔƒea gblɔ kpee be: “Fifia míenya be anyigbakɔwo ƒe agbaka vovovo adre koŋ mee anyigba la ma ɖo, eye woawo hã gama ɖe agbaka suesuewo me keŋ, ɖesiaɖe zɔna ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nu le ƒomedodo me kple nɔvia. Woƒe zɔzɔ ƒe tsɔtsɔ toa vovo henyea tso milimeta 10 va ɖo milimeta 130 ƒe sia ƒe.” Nyatakaka Dɔwɔƒea gblɔ be, teƒe aɖewo koŋue anyigbaʋuʋu akpa gãtɔ dzɔna le si fia be afimawoe agbaka siawo ɖe liƒo le. Afisiae anyigbaʋuʋu gã 90 le alafa me te ŋu dzɔna le bɔbɔe.

Eƒe Lolome Kple Eƒe Sesẽme

Woate ŋu adzidze alesi gbegbe anyigbaʋuʋu gblẽ nui le eƒe lolome alo le eƒe sesẽme gome. Charles Richter to dzidzenu aɖe vɛ le ƒe 1930-awo me si wotsɔ dzidzea anyigbaʋuʋu ƒe lolome. Esi anyigbaʋuʋudzidzeƒewo va le agbɔ sɔm ɖe edzi la, wowɔ dzidzenu yeye siwo nɔ te ɖe Richter ƒe aɖaŋu si wòto vɛ la dzi. Le kpɔɖeŋu me, wozãa anyigbaʋuʋudzidzenu ɖeka tsɔ dzidzea ŋusẽ si le anyigbaʋuʋu si dzɔ le teƒe aɖe ŋu.

Nyateƒee, dzidzenu siawo megblɔa alesi gbegbe anyigbaʋuʋu aɖe gblẽ nui ɣesiaɣi o. Bu anyigbaʋuʋu si dzɔ le dziehe Bolivia le June 1994, si ƒe lolome nye 8.2, si ŋu wogblɔ le be ame atɔ̃ pɛ koe ku le eme ŋu kpɔ. Ke hã ame akpe alafa nanewoe ku le ƒe 1976 ƒe anyigbaʋuʋu si dzɔ le Tangshan, China—si ƒe lolome nye 8.0 si le sue wu la me!

Anyigbaʋuʋu ƒe sesẽme ŋuti nuŋlɔɖiwo to vovo na eƒe lolome nuŋlɔɖi le mɔ sia nu be eɖea nusiwo wògblẽna le amewo, xɔwo, kple nutoa me ŋu fiana. Alesi gbegbe anyigbaʋuʋu gblẽ nui le amegbetɔ ŋu ɖɔɖɔ si me kɔ wu enye esia. Ne woagblɔe tututu la, menye anyigbaʋuʋua ŋutɔe wɔa nuvevi amewo o. Ke boŋ gliwo ƒe mumu, gas-toƒe ƒe gbagba alo elektrikkawo ƒe tsotso, nuwo ƒe gege, kple esia tɔgbewo koŋue wɔa nuvevi ame hewua amewo.

Anyigbaʋuʋudzidzelawo ƒe taɖodzinu ɖeka enye be yewoate ŋu ana nyanya kaba do ŋgɔ hafi anyigbaʋuʋu nadzɔ. Wole asi trɔm le ɖoɖowɔɖia aɖe si nye Advanced Seismic Research and Monitoring System (Anyigbaʋuʋu Ŋuti Numekuku Kple Ŋudzɔnɔnɔ ƒe Ðoɖowɔɖi Deŋgɔ) ŋu. CNN ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be, ɖoɖowɔɖi sia—tsɔ kpe ɖe nyatakaka siwo wokpɔna tsoa eme kple mɔ̃ɖaŋu deŋgɔwo siaa zazã—akpe ɖe dɔnunɔlawo ŋu be “woate ŋu afia asi afisiwo anyigbaʋuʋu gãtɔwo katã kloe dzɔ le enumake.” Esia ana wòanɔ bɔbɔe na dziɖuɖumegãwo be woaɖo kpekpeɖeŋununana ɖe afisi anyigbaʋuʋuawo dzɔ le.

Edze ƒã be ne wodzra ɖo ɖi ɖe anyigbaʋuʋu ŋu la, ate ŋu aɖe nuveviwɔamewo, nunɔamesiwo ƒe gbegblẽ kple—vevitɔ—ametsɔtsrɔ̃ dzi akpɔtɔ. Ke hã anyigbaʋuʋu yi edzi le dzɔdzɔm. Eyata biabiaa enye be: Aleke wokpe ɖe ame aɖewo ŋu be wonɔ te ɖe nusi dzɔ ɖe wo dzi la nui?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Anyigbaʋuʋudzidzenu nye mɔ̃ aɖe si wotsɔ dzidzea anyigbaʋuʋu heŋlɔnɛ ɖi. Wowɔ gbãtɔ le ƒe 1890. Egbea la, anyigbaʋuʋudzidzeƒe siwo wu 4,000 ye le xexeame katã.

[Nyaɖoɖo si le 19]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Anyigbaʋuʋu Nenie Dzɔna?

Eƒomeviwo Lolome Mama Dedie Ƒe sia Ƒe

Gãtɔ 8 kple esi wu nenema 1

Esi Keke Ta 7-7.9 18

Sesẽa 6-6.9 120

Vedomesi 5-5.9 800

Esi nu mesẽ o 4-4.9 6,200*

Sueawo 3-3.9 49,000*

Esi Le Sue Ŋutɔ <3.0 Lolome 2-3: anɔ 1,000

gbeɖeka

Lolome 1-2: anɔ 8,000

gbeɖeka

* Woanɔ alea lɔƒo.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Source : National Earthquake Information Center By permission of USGS/National Earthquake Information Center, USA

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Seismogram on pages 18 and 19: Figure courtesy of the Berkeley Seismological Laboratory