Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyigbaʋuʋuwo, Biblia Ƒe Nyagblɔɖi, Kple Wò

Anyigbaʋuʋuwo, Biblia Ƒe Nyagblɔɖi, Kple Wò

Anyigbaʋuʋuwo, Biblia Ƒe Nyagblɔɖi, Kple Wò

HAFI Yesu naku la, egblɔ nudzɔdzɔ kple nɔnɔme siwo aɖo kpe edzi be xexe sia ɖo ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi.’ Egblɔ be, dɔvɔ̃wo, dɔwuame, kple aʋawɔwɔ gãwoe woatsɔ ade dzesi ɣemaɣii. Egayɔ “anyigbaʋuʋu gã” siwo adzɔ le “teƒeteƒewo” hã kpe ɖe eŋu. (Mateo 24:3, 7; Luka 21:10, 11) Míaƒe ŋkekeawo ŋue Yesu nɔ nu ƒom lea?

Ame aɖewo gblɔ be ao. Wokea ɖi be anyigbaʋuʋuwo medzi ɖe edzi le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me wòɖe dzesi o. Le nyateƒe me la, United States Dukɔa ƒe Anyigbaʋuʋu Nyatakaka Dɔwɔƒea ka nya ta be, anyigbaʋuʋu si ƒe lolome nye 7.0 kple esiwo wu ema la nye “nudzɔdzɔ ɖeka tɔgbe kloe ɖaa” le ƒe alafa 20 lia me. *

Gake de dzesii be Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava mebia be anyigbaʋuʋuwo ƒe xexlẽme alo sesẽme nadzi ɖe edzi o. Nya si Yesu gblɔ koe nye anyigbaʋuʋu gãwo adzɔ le teƒeteƒewo. Egagblɔ kpee be esiawo ade dzesi “fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” (Mateo 24:8) Menye anyigbaʋuʋu agbɔsɔsɔ siwo dzɔna alo enu ƒe sesẽ si Richer-dzidzenu ɖena fiana ye fiaa fu siwo gbegbe amewo kpe o, ke boŋ nusiwo gblẽ le ameawo ŋue.

Nyateƒee, anyigbaʋuʋu do nuxaxa na amewo le míaƒe ŋkekeawo me. Le nyateƒe me la, ame miliɔn nanewo ku alo zu aƒemanɔsitɔwo le afɔku siawo me le ƒe alafa 20 lia me. Eŋunyalawo gblɔ be woate ŋu aƒo asa na ku siawo dometɔ geɖe hafi. BBC Nyadzɔdzɔwo ka nya ta be: “Le dukɔ madeŋgɔwo me la, wobua xɔtusewo be womele vevie o esi wodi be woatu xɔ siwo ƒe asi bɔbɔ kple esiwo tutu tsɔna be woatsɔ akpɔ dugãmenɔla siwo le dzidzim ɖe edzi kabakaba la ƒe hiahiãwo gbɔ ta.” Ben Wisner, amesi nya nu tso afɔku siwo dzɔna le duwo me koŋ ŋu gblɔ be: “Menye anyigbaʋuʋue wu ame siawo o. Nɔnɔme ƒokpli siwo nye vodada, ɖekematsɔleme, nufitifitiwɔwɔ, kple ŋukeklẽ gbɔe wòtso.”

Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi la amegbetɔ ƒe ɖokuitɔdidi kple fɔmalémalé ɖe nu ŋue naa amewo kuna le anyigbaʋuʋu me. Nukutɔe la, wogate gbe ɖe nɔnɔme siawo dzi le Biblia me nyagblɔɖi bubu me ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu. Biblia gblɔ ku ɖe ɣemaɣi ŋu be amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo,” kple “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (Timoteo II, 3:1-5) Nyagblɔɖi sia kple Yesu ƒe nya si ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu ɖoa kpe edzi eme kɔna kɔte be míegogo ɣeyiɣi si Mawu aɖe amegbetɔ siwo le nu xam tso egbegbe ƒe nusiwo katã hea vevesese kple fukpekpe vɛ la me—si me anyigbaʋuʋu gãwo hã le.—Psalmo 37:11.

Àdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe wu tso Biblia me mɔkpɔkpɔ sia ŋua? Di Yehowa Ðasefo siwo le míaƒe nutoa me, alo ŋlɔ agbalẽ to adrɛs si sɔ dzi le axa 5 lia.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ame aɖewo gblɔna be ŋgɔyiyi si wowɔ le mɔ̃ɖaŋununya me si nana be wote ŋu dea dzesi anyigbaʋuʋu geɖe gbɔe anyigbaʋuʋu ƒe dzidziɖedzi ɖesiaɖe si wokpɔ la tso.