Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fu Ge Nam

Fu Ge Nam

Fu Ge Nam

DZOÐA, April 10, 2000, nye gbesigbe ŋdɔ ʋu nyuie, eyata meyi gbɔme be makpɔ nanewo gbɔ. Ðeko menɔ fufɔfɔ ƒe ɣleti enelia me ɖom teti enye ma, eye togbɔ be ŋusẽ menɔ ŋunye boo o hã la, edzɔ dzi nam be medo go ɖo gbɔme. Emegbe esi menɔ fli me le fiase me be maxe nusiwo meƒle ƒe fe la, mesee le ɖokuinye me be nane wɔyem.

Meva kpɔe be nane le wɔyem vavã esi meɖo aƒeme. Ʋu nɔ dodom le ŋunye—enye nusi mewɔm kpɔ le fu eve siwo mefɔ va yi me o—eye ena ŋɔdzi lém! Meƒo ka na nye ɖɔkta, gake egblɔ nam be malala ne mava kpɔ ye le ŋufɔke, elabena ɖoɖo aɖe li xoxo be mava ŋufɔkea. Hafi mía kple srɔ̃nye míana mía vi eveawo namlɔ anyi gbemagbe ƒe zã me la, míedo gbe ɖa ɖekae, eye míebia Yehowa be wòado ŋusẽ mí le mɔ sia mɔ si nu míahiã ŋusẽdodo le. Meva yi alɔ̃me mlɔeba.

Gake anɔ zã ga eve me la, menyɔ le vevesese gã aɖe me. Ʋɛʋɛʋɛ la, vevesesea va tɔ vie, gake esi meganɔ alɔ̃me yim teti ko la, megasee ake, eye fifia ya la, vevesesea nu nɔa sesẽm ganɔa fafam. Ʋua hã ganɔ dodom ɖe edzi wu tsã, eye mekpɔe be menɔ ɖevia sim. Meva nɔ tame bum vevie, medi be manya ne nanee mewɔ si ta nusia le dzɔdzɔm ɖo, gake nyemete ŋu kpɔ nusi mewɔ o.

Va ɖo ŋdi ga atɔ̃ me la, medze sii be ele be mayi kɔdzi. Esi mía kple srɔ̃nye míeɖo kɔa dzi la, míaƒe dzi dze eme be nya kpata gbɔ kpɔla dɔmenyotɔ, kpekpeɖeŋunala siwo sea veve ɖe ame nu kpɔ mía gbɔ. Azɔ le gaƒoƒo eve megbe la, ɖɔkta la va gblɔ nusi míenɔ vɔvɔ̃m na la na mí: vinyea ku.

Le dzesi siwo mekpɔ do ŋgɔ ta la, menɔ mɔ kpɔm na nusia ƒe dzɔdzɔ eye mexɔe kpoo. Gakpe ɖe eŋu la, srɔ̃nye nɔ gbɔnye ɣeyiɣi bliboa katã eye edo ŋusẽm ŋutɔ. Gake fifia si míayi aƒeme vidzĩ manɔmee la, míenɔ nusi míagblɔ na mía vi eveawo, Kaitlyn, si xɔ ƒe ade, kple David, si xɔ ƒe ene, la ŋu bum.

Nya Kae Míagblɔ na Mía Viwo?

Ðeviawo nya be nuwo menɔ yiyim nyuie o hafi woyi anyimlɔƒe, gake aleke míagblɔe na wo be amesi anye ne enye wo nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu la ku? Míeɖoe be míagblɔe na wo tẽ anukwaretɔe. Danye kpe ɖe mía ŋu le go sia me esi wògblɔ na ɖeviawo be vidzĩa mava aƒeme kpli mí o. Esi míeva ɖo la, wotsɔ du va kpe mí hekpla na mí eye wogbugbɔ nu na mí dzidzɔtɔe. Nya gbãtɔ si wobia enye be, “Vidzĩa li nyuiea?” Nyemete ŋu ɖo eŋu o, gake srɔ̃nye bla abɔ ɖe mía ŋu sesĩe eye wògblɔ be: “Vidzĩa ku.” Míelé mía nɔewo hefa avi, eye ewɔe be míete hayahaya.

Gake míenɔ dzadzraɖoɖi nyuie na alesi mía viwo ava wɔ nui emegbe o. Le kpɔɖeŋu me kwasiɖa eve le nye fua ƒe gege vɔ megbe la, woɖe gbeƒãe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me míele me be Ðasefo tsitsi aɖe si nye míaƒe ƒomea xɔlɔ̃ ku. David, mía vi si xɔ ƒe ene la fa avi hehehe, ale be srɔ̃nye kɔe woyi gota. Esi David dze akɔ anyi vɔ la, ebia nusita exɔlɔ̃a ku ɖo. Emegbe ebia nusita vidzĩa hã ku. Eye wòbia fofoa be: “Wò hã ɖe nèle kuku gea?” Edi hã be yeanya nusita Yehowa Mawu metsrɔ̃ Satana hedze “nuwo ɖɔɖɔɖo” gɔme haɖe o. Le nyateƒe me la, nya siwo nɔ eƒe ɖevi susu me vam la wɔ nuku na mí.

Kaitlyn hã bia nya geɖe. Ne ele fefem kple vidzĩwɔwɔewo la, ewɔa nu abe ke vidzĩwɔwɔea ɖeka dze dɔ ene, eye vidzĩwɔwɔe bubuawo nyea dɔnɔdzikpɔlawo alo ƒometɔwo. Etsɔa agbalẽgo wɔa vidzĩwɔwɔeawo ƒe kɔdzii eye wòwɔa nu ɣeaɖewoɣi abe ɖe eƒe vidzĩwɔwɔeawo dometɔ ɖeka ku ene. Mía viawo ƒe biabiawo kple woƒe fefewo na mɔnukpɔkpɔ geɖe mí be míefia nu vevi geɖe wo tso agbe kple alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple dodokpɔwoe ŋu. Míeɖoa ŋku alesi Mawu ɖoe be yeana anyigba nazu paradiso dzeani aɖe si me fukpekpe kple vevesese—kple ku gɔ̃ hã—manɔ o dzi na wo.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Alesi Mekpe Akɔ Kple Vi si Ku Nam Lae

Esi megbɔ tso kɔa dzi va aƒeme teti la, nye lãme katã fa eye metɔtɔ. Dɔ geɖe nɔ dzinye, gake nyemenya esi dzi madze egɔme tsoe o. Meƒo ka na xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo siwo to nɔnɔme sia tɔgbe me kpɔ, eye wofa akɔ nam ale gbegbe. Xɔlɔ̃ vevi aɖe ɖo seƒoƒowo ɖe mí eye wòbia be yeava kplɔ ɖeviawo ŋdɔ ma. Mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe ɖetsɔleme xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kple kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ siwo wònam la ŋu ale gbegbe!

Meɖo ƒomea ƒe fotowo ɖe fotogbalẽwo me. Mekeke vidzĩwu siwo womedo o la me helé ŋku ɖe wo ŋu—woawoe nye nu ŋutɔŋutɔ siwo na meɖoa ŋku vi nɔdɔme si ku nam la dzi. Kwasiɖa geɖe la, ɖeko nye seselelãmewo nɔa tɔtrɔm. Nyemete ŋu dzudzɔa avifafa ŋkeke aɖewo o—togbɔ be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo va wɔa ɖesiaɖe tsɔ kpena ɖe ŋunye hã. Ewɔna nam ɣeaɖewoɣi abe tsu kum mele ene. Xɔlɔ̃ siwo nye funɔwo dome nɔnɔe sesẽna nam wu ɖesiaɖe. Tsã la, mebui be fu ƒe gege na ame nye “nane ko” le nyɔnu ƒe agbe me, nusi me woate ŋu ato bɔbɔe kuxi boo aɖeke manɔmee. Nyemebui nyuie kura o! *

Lɔlɔ̃​—Atike Nyuitɔ

Tsɔ kpe ɖe ɣeyiɣiawo ƒe yiyi ŋu la, atike nyui aɖe si wɔ dɔ nam ye nye lɔlɔ̃ si srɔ̃nye kple hati Kristotɔwo ɖe fiam. Ðasefo aɖe ɖa nu vɛ na mí le aƒeme. Hamemegã aɖe kple srɔ̃a tsɔ seƒoƒowo kple nyuidinamegbalẽwo vɛ na mí, eye wonɔ mía gbɔ fiẽ ma. Míenya alesi vovo menɔa wo ŋu o, eyata woƒe ameŋububu wɔ dɔ ɖe mía dzi. Xɔlɔ̃ bubu geɖe ɖo babadonamegbalẽwo alo seƒoƒowo ɖe mí. Nya kpui siwo nye “Míele mia ŋu bum” wɔ dɔ geɖe ŋutɔ! Hamea me tɔ aɖe ŋlɔ be: “Míebua agbe abe alesi Yehowa bunɛ ene—be enye nusi xɔ asi wu nusianu. Ne [Yehowa nyana] ne atsutsurɔe ɖeka ge ɖe anyigba la, ke enyana godoo ne amegbetɔ ƒe fugboe hã ge.” Nyruinye viŋutsu srɔ̃ ŋlɔ be: “Vidzidzi kple agbenɔnɔ wɔa nuku na mí ŋutɔ, eye nenema ke wògawɔa nuku na míi ne fugboea megava li o.”

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe esi menɔ Fiaɖuƒe Akpata me la, helehele tsi akɔ nam eye ɖeko wòle be matso ado go esi wòsusɔ vie kpekpea nadze egɔme. Xɔlɔ̃ vevi eve siwo kpɔ alesi metsɔ avi do goe la va nɔ gbɔnye le ʋu me, wolé nye asi, eye wodo nukokoe nam. Eteƒe medidi o mí ame etɔ̃a katã míegatrɔ yi akpataa me. Dzidzɔ ka gbegbe nye si be xɔlɔ̃ siwo “kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi” la nanɔ ame si!—Lododowo 18:24.

Esi nye nyaa nɔ kakam la, hati Ðasefo siwo gbegbe meva kpɔ be woto nɔnɔme sia tɔgbe me kpɔ la wɔ nuku nam ŋutɔ. Wo dometɔ siwo mía kpli wo dome menɔ kplikplikpli tsã o gɔ̃ hã va gblɔ akɔfaname kple dzideƒonya tɔxɛwo nam. Woƒe kpekpeɖeŋunana le nye hiãɣi sia na meɖo ŋku Biblia me nyagbɔgblɔ sia dzi be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Akɔfanya Siwo Tso Mawu ƒe Nya la Me

Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia va kwasiɖa ɖeka le nye fua ƒe gege megbe. Gbeɖeka fiẽ esi míenɔ Biblia me nuŋlɔɖi siwo gblɔ Yesu ƒe ŋkeke mamlɛawo ŋu nya xlẽm la, nye susu gblɔ nam enumake be: ‘Yehowa nya veve si wosena ne ame ku na ame. Eya ŋutɔ hã ƒe vi ku!’ Esi Yehowa nye mía Fofo si le dziƒo ta la, ɣeaɖewoɣi meŋlɔa alesi wònye nugɔmesela kple alesi wòsea veve ɖe esubɔlawo—ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa—nu la be. Le gaƒoƒo ma me la, meva kpɔ gbɔdzɔe gã aɖe le ɖokuinye me. Mekpɔe be mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu tsã.

Mekpɔ dzideƒonya geɖe hã tso Biblia-srɔ̃gbalẽwo me, vevietɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine ƒe tata xoxo siwo ƒo nu tso ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku ŋu me. Le kpɔɖeŋu me nyati si nye “Tenɔnɔ Ðe Ame Vi ƒe Ku Nu” si dze le August 8, 1987, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me kpe ɖe ŋunye ŋutɔ, eye nenema ke nye agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku hã. *

Nuxaxa la ƒe Nuwuwu

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, meva dze sii be menɔ hayahayam esi mete ŋu koa nu evɔ nyemegabua fɔ ɖokuinye o kple esi mete ŋu ɖoa dze eye nyemegaƒoa nu tsoa vi si ku nam ŋu o. Ke hã nye seselelãmewo ɖea fu nam ɣeaɖewoɣi, abe ne medo go xɔlɔ̃ siwo mese nu tso nye fugegea ŋu o alo ne ƒome si si vidzĩ le ɖi tsa va míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa me ene.

Emegbe mefɔ gbeɖeka ŋdi eye mekpɔ be blanuilélea nu tso. Hafi manyɔ kura gɔ̃ hã la, mesee le ɖokuinye me be mehaya—enye tomefafa kple dziɖeɖi si nyemegase kpɔ o ɣleti geɖe. Ke le ƒe ɖeka megbe esi megafɔ fu la, nye susu gawɔna nam abe ɖe fua agage ene. Ke hã dzidzɔtɔe la medzi ŋutsuvi si ŋu ŋusẽ nɔ le October 2001 me.

Megaléa blanui ɖe vi si ku nam la ta kokoko. Ke hã nudzɔdzɔ bliboa dzi nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe agbe, nye ƒomea, hati Kristotɔwo, kple Mawu—amesi faa akɔ na mí la ŋu ɖe edzi. Nudzɔdzɔa na nyateƒe matrɔmatrɔ sia hã me gakɔ ƒã be menye Mawue xɔa mía viwo le mía si o ke boŋ “azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã.”—Nyagblɔla 9:11.

Aleke gbegbe mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu aɖe konyifafa, ɣlidodo, kple vevesese ɖesiaɖe, kpakple fugege ƒe vevesesewo, ŋutilã me kple seselelãme tɔwo, ɖa enye si! (Yesaya 65:17-23) Ekema amegbetɔ toɖolawo katã ate ŋu agblɔ be: “Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le?”—Korintotɔwo I, 15:55; Yesaya 25:8.—Ame aɖee ŋlɔe míeta.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Numekuku ɖee fia be alesi amesiame ɖea eƒe seselelãme fianae ne fu ge nɛ la le etɔxɛtɔxɛ. Ame aɖewo tɔtɔna, mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame aɖewo, eye bubuwo ya léa blanui vevie. Numekulawo gblɔ be nuxaxa nye dzɔdzɔmeseselelãme ne nu gã aɖe bu na ame abe ne fu ge na ame ene, eye enye hayahaya ƒe akpa aɖe.

^ mm. 20 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka si le axa 29]

Fu ƒe Gege Enuenu Kple Nusiwo Gbɔ Wòtsona

Agbalẽ si nye The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Numekukuwo ɖee fia be fu siwo katã wodo kpɔ ƒe alafa memama 15 va ɖo 20 gena. Gake kwasiɖa eve gbãtɔ siwo kplɔ fufɔfɔa ɖo, si nye ɣeyiɣi si me nyɔnu akpa gãtɔ menyana be yewofɔ fu o mee fuawo te ŋu gena le wu.” Numekugbalẽ bubu gblɔ be “fu siwo gena ƒe alafa memama 80 dzɔna le fufɔfɔ ƒe kwasiɖa 12 gbãtɔawo me,” eye wogblɔ be xexlẽme sia ƒe afã ƒe gege tso nanewo siwo mede le fugboea ƒe dzɔdzɔmefianu ŋu o gbɔ. Menye nusiwo tɔgbe gblẽ le vinɔa alo vifofoa ƒe dzɔdzɔmefianu ŋu gbɔe wòtso be nusiawo mede le fugboea tɔ ŋu o.

Fugege bubuwo ate ŋu atso vinɔa ƒe lãmesẽ gbɔ. Atikenyalawo fia be woate ŋu anye lãmetsiwo kple dɔlélenutsiŋutete ƒe gbegblẽ, dɔxɔxɔwo, kple nanewo siwo gblẽ le vinɔa ƒe vidzidɔ nu alo vidzidɔa ŋu. Ate ŋu atso dɔmakaɖemewo abe suklidɔ (si ŋu womelé fɔ ɖo o) kple ʋusɔgbɔdɔ gbɔ.

Eŋutinunyalawo gblɔ be fugege metsoa kamedede, nu kpekpewo kɔkɔ, alo gbɔdɔdɔ gbɔ kokoko o. Mebɔ be anyidzedze, ne nane lɔ ame vie, alo dzidziƒoame le vome nana fu nage o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Mate ŋu adzɔ be nuveviwɔame nagblẽ nu le fugboe ŋu o negbe nuveviwɔamea nu sẽ ale gbegbe be wòate ŋu agblẽ wò ŋutɔ wò agbe dome.” Aleke gbegbe alesi wowɔ vidzidɔa ɖo kpe edzi be Wɔla nyanu lɔ̃ame aɖe li enye si!—Psalmo 139:13, 14.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 31]

Kpekpeɖeŋu si Ƒometɔwo Kple Xɔlɔ̃wo Ate Ŋu Ana

Ɣeaɖewoɣi ne fu ge na ƒometɔ alo xɔlɔ̃ la, esesẽna be woanya nya si tututu woagblɔ alo nusi tututu woawɔ. Alesi amewo ɖea seselelãme fiana ne nu bu na wo alea la le vovovo, eyata aɖaŋu ɖeka aɖeke meli míaɖo tso akɔfafa kple kpekpeɖeŋunana ŋu o. Gake bu aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ. *

Nu ŋutɔŋutɔ siwo nàte ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋui:

◆ Bia be woana yeakpɔ ɖevi tsitsitɔwo gbɔ.

◆ Ða nu vɛ na ƒomea me tɔwo.

◆ Kpe asi ɖe vifofoa hã ŋu. Vifofo aɖe gblɔ be “wometaa babadonamegbalẽvi sɔgbɔ na vifofowo ya le nɔnɔme sia me o.”

Nya ɖeviname siwo nàgblɔ:

“Melé blanui ŋutɔ esi mese be fu ge na wò.”

Nya kpui sia fia nu geɖe, eye ate ŋu aʋu mɔ na akɔfamenya bubuwo gbɔgblɔ.

“Esɔ be nàfa avi faa.”

Ðeko wofaa avi zi geɖe le kwasiɖa gbãtɔ alo ɣleti siwo va ɖe fugegea yome me. Ka ɖe edzi na amea be mèbui ame tsɛe le alesi wòle eƒe seselelãmewo ɖem fia ta o.

“Magate ŋu aƒo ka na wò kwasiɖa si gbɔna anya alesi nèlea?”

Le gɔmedzedzea me la, wofana na amesiwo dzi nyaa dzɔ ɖo, gake ne ɣeyiɣi va le yiyim eye wogale veve sem la, woate ŋu abui be amewo ŋlɔ yewo be. Avivi wo nu ne wonya be èkpɔtɔ li kpli yewo. Woƒe seselelãmewo agate ŋu aho kwasiɖa alo ɣleti geɖe megbe. Woagate ŋu aho ne wogafɔ fu dzi vi dedie gɔ̃ hã.

“Nyemenya nya si tututu magblɔ o.”

Zi geɖe la, nya ma gbɔgblɔ nyo wu nya aɖeke kura magblɔmagblɔ. Wò anukwareɖiɖi kple alesi nèva be yeafa akɔ ɖeɖe dzaa ɖee fia be ètsɔ ɖe le eme.

Nya siwo mele be nàgblɔ o:

“Àgate ŋu adzi vi bubu ɣesiaɣi ɖe eteƒe.”

Togbɔ be nya sia ate ŋu anye nyateƒe hã la, woate ŋu ase egɔme be mèsea veve ɖe ame ti o. Menye vidzĩ ɖesiaɖe ko dim dzilaawo le o, vidzĩ ma si ku tututu dim wole. Hafi woayi vi bubu dzidzi ŋu bu ge la, anɔ eme be ahiã be woafa esi ku na wo la gbɔ.

“Ðewohĩ nanee mede le eŋu o.”

Togbɔ be ate ŋu anye nenema hã la, nya sia mefaa akɔ tututu o. Vidadaa ƒe susue nye be vidzĩ si le sesĩe ƒe fue nɔ ye ƒo.

“Enyo ya teti be mènya vidzĩa tututu o. Avlo wu kura ne ɖe nènyae hafi.”

Nyɔnu akpa gãtɔ ƒe dzi kuna ɖe vidzĩ si le dɔme na wo ŋu tso gɔmedzedzea. Eyata zi geɖe ne vidzĩ siawo ku la, woxaa nu. Nuxaxa sia nu sẽna ɖe edzi le esi wònye be ame bubu aɖeke “menya” vidzĩa wu dadaa o ta.

“Vi bubuwo ya teti gali na wò.”

Ðeko nya sia awɔ na dzila siwo le nu xam abe alesi ko woagblɔ na amesi ƒe abɔ alo afɔ lã be: “Ðeka kemɛa ya teti gali na wò.”

Gake ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ame ɖianukware siwo tsɔa ɖe le eme na ame ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã ate ŋu agblɔ nya madzetowo ɣeaɖewoɣi. (Yakobo 3:2) Eyata nyɔnu senugɔme siwo fu ge na ate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia eye womabi dzi ɖe amesi meɖo susu vɔ̃ o gake wògblɔ nya ŋumaɖɔɖotɔe la ŋu o.—Kolosetɔwo 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 36 Woɖee tso agbalẽ si nye A Guide to Coping With Miscarriage, si Wellington, New Zealand, ƒe Fugege ƒe Kpekpeɖeŋunana Habɔbɔ ta la me.