Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbemelãwo Ƒe Gbe—Lãwo ƒe Kadodo Ŋuti Nya Ɣaɣlawo

Gbemelãwo Ƒe Gbe—Lãwo ƒe Kadodo Ŋuti Nya Ɣaɣlawo

Gbemelãwo Ƒe Gbe​—Lãwo ƒe Kadodo Ŋuti Nya Ɣaɣlawo

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

ÐIKEKE mele eme o be nu xɔasitɔ kekeake siwo wona amegbetɔƒomea dometɔ ɖekae nye nuƒoƒo ŋutete. Míetoa edzi gblɔa nya veviwo na mía nɔewo to nuƒoƒo tẽ alo nuwɔnawo abe asi kple ŋutinu bubuwo ene zazã me. Le nyateƒe me la, woʋlia amegbetɔ ƒe nuƒoƒoblɔɖe ta le teƒe geɖe le xexeame godoo. Eyata ame aɖewo tsɔe be amegbetɔwo koe ƒoa nu na wo nɔewo.

Ke hã numekuku ɖee fia be lãwo te ŋu gblɔa nya na wo nɔewo le mɔ vovovo siwo gɔme amegbetɔwo mete ŋu sena zi geɖe o nu. Ẽ, wote ŋu ‘ƒoa nu,’ menye le nyagbewo me o, ke boŋ to dzesi siwo dzena míekpɔna abe ble nyenye alo asike ʋuʋu, to ʋaʋã, alo aʋala ƒoƒo ene me. Nuƒoƒomɔnu bubuwo te ŋu nyea gbeɖiɖi zazã, abe wòwó, gbeɖeɖe, gbetete, alo xe ƒe xɔxlɔ̃ ene. “Gbegbɔgblɔawo” dometɔ aɖewo dzena amegbetɔwo kpɔna, eye bubuwo bia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ŋkuléleɖenuŋu hafi woadze sii.

Lã Lénuwo!

Enye July ƒe domedome. Le Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si le Serengeti, Tanzania, me la, klatsa akpe nanewo ɖo ta dziehe gome yina Masai Mara ƒe Ademadamada ƒe Tsaɖibɔ me le Kenya be woadi gbedamawo aɖu. Klatsaawo ƒe afɔzi ɖina hoo le dzogbea ne wole woƒe ƒe sia ƒe mɔ sia zɔm. Gake afɔku le mɔa dzi. Lã lénuwo abe dzatawo, asilɛwo, alo agbalĩwo, gbetewo, kple lãklewo de xa ɖe mɔa dzi. Klatsaawo agade woƒe agbe afɔku me ne woatso Mara-tɔsisi si me lowo bɔ ɖo. Aleke klatsaawo wɔna sina le lã lénuawo nu?

Be klatsa, alo avugbɔ̃ea, natɔtɔ eƒe futɔa la, eƒua du sesĩe yia ŋgɔ vie hetrɔna dzea ŋgɔ futɔa, eye wònɔa ta nyèm. Enɔa kpo tim nɔa afɔ dam ɖe yame nanetɔe, ale be eƒe nuwɔna ɖia kokoe. Lã lénu si ƒe dzime sẽ gɔ̃ hã magbe tɔtɔ ahatsi yaa ne ekpɔ ɣeɖuɖu manyataleŋu sia o. Ne lã lénua te kpɔ be yeagogo klatsaa la, egawɔa eƒe nugbenugbea. Lã lénua tɔtɔna ale gbegbe be ɖeko wòadzudzɔ eléle ne wòkpɔ nuwɔna sia teƒe vɔ. Ɣeɖuɖu gbodogbodo sia na wode dzesi klatsa be enye nukokoedoamela le dzogbe.

Wonya klatsawo nɔvi suetɔ, ahlɔ̃ewo, ɖe woƒe kpotiti de didiƒe ta. Ame geɖe abu alesi wotia kpo dea didiƒee be enya kpɔ eye be woɖea abla ŋutɔ. Gake ne ahlɔ̃e ɖo afɔku me la, eƒe kpotiti legbeea na wòsesẽna na eléla be wòalé afɔ nɛ. Eƒe kpotiti si dea meta asieke la anya nɔ gbɔgblɔm na eléla be, “Ne àte ŋui ko la, ke kplɔm ɖo.” Lã lénu ʋɛ aɖewo koe te ŋu doa dzi kplɔa ahlɔ̃e malɔ̃nua ɖo be yewoalé!

Nuɖuɣi

Ele na lã lénu geɖe le gbeme be woatu woƒe nuléle ŋutetewo ɖo hafi ate ŋu anye nuléla nyuiwo. Ele na wo vi suewo be woalé ŋku ɖe wo dzilawo ŋu nyuie ne wole afɔɖeɖeawo fiam wo. Le ave aɖe si me womeɖe mɔ ɖe lãwo wuwu ŋu le o le Afrika la, wokpɔ asilɛ aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be Saba wònɔ ɖokuitakpɔkpɔ ƒe nufiame vevi aɖewo nam viawo. Esi wòminya sẽ aɖe gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ megbe la, eda eɖokui sesĩe yi ŋgɔ helé ve na sẽ sia si eme menyo na o la—gake mewui o. Le ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo megbe la, Saba tsɔ sẽ si dzidzi ƒo la va da ɖe viawo gbɔ, eye ewɔ nuku be viawo medze nulélea dzi enumake o. Asilɛ ƒe vi siawo nya nusita Dada tsɔ lã gbagbe vɛ na yewo. Edi be woasrɔ̃ alesi woawɔ awu sẽ la. Ɣesiaɣi si sẽ la ate kpɔ be yeatsi tre asi la, asilɛviawo nɔ ŋudzɔ vevie hedzea edzi kpli. Esi ɖeɖi te sẽ la ŋu la, edzudzɔ eɖokui taʋiʋli. Saba nɔ adzɔge nɔ wo kpɔm ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.

Lã aɖewo bi ɖe toɣliɖeɖe me ŋutɔ ne wole nuɖuɖu dim. Gbetewo ƒe ha aɖe tea gbe, nɔa gbɔgbɔm fuxefuxe, eye wonɔa nu kom ne wole lã aɖe yome be yewoalée. Ne gbeteawo wu lãa ko la, wokpea wo tɔ bubuwo vaa nua ɖuƒee to woƒe “nukoko” vloe la dzi. Gake menye ɣesiaɣie gbetewo daa ade o. Woawo hã nye nuɖuɖufila vloawo dometɔ aɖewo le gbeme—wozãa fuɖename ƒe mɔnu ɖesiaɖe tsɔ ɖea fu na lã lénu bubuwo be woagblẽ nusi wowu la ɖi. Nukutɔe la, wode dzesi wo be wote ŋu doa vɔvɔ̃ na dzatawo wodzona le woƒe nuɖuɖu gbɔ! Aleke wowɔa nusiae? Esi wonye nugbenugbewɔlawo ta la, woɖonɛ koŋ wɔa nu gbodogbodo be woaɖe fu na dzata siwo le nu ɖum. Ne dzataawo do toku toɣliɖeɖea la, gbeteawo gawɔa nu gbodogbodoa wòsẽna wu tsã heɖoa mo kplalaa. Zi geɖe ne wogblẽ dzataawo ƒe tomefafa me alea la, dzataawo gblẽa nusi wowu la ɖi hedzona le teƒea.

Nuɖuɖu didi le anyiwo gome nye wɔna si gɔmesese sesẽ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku deŋgɔwo ɖee fia be anyi ɖua ɣe wònaa anyi bubu siwo le atɔ me nyaa afisi nuɖuɖu si wòkpɔ la le, nuɖuɖu si ƒomevi wònye, kple eƒe nyonyome. Anyia tsɔa nuɖuɖua ƒe ɖe, abe seƒoƒometsi alo seƒoƒoŋuwɔ, ɖe eɖokui ŋu yina na anyi bubuawo le atɔa me. Eɖua ɣe nɔa xlã ƒom le xexlẽdzesi enyi ƒe ŋɔŋlɔ nu ale be wònaa wo tɔwo nyaa afisi nuɖuɖua le kple teƒea ƒe didime. Kpɔ nyuie! Ðewohĩ anyi ma si le dzodzom ƒo xlã wò la le nya vevi aɖewo xɔm le ŋuwò ayi na wo tɔwo le atɔ me. Ate ŋu abu ami si ƒe ʋeʋẽ wòse le ŋuwò vodadatɔe be yewoava kpɔ nu aɖu le ŋuwò!

Wo Nɔewo Yɔyɔ

Gbeɖiɖi ʋɛ aɖewo koe ʋuʋua ame de dzata ƒe gbeɖeɖe le zã me nu. Wogblɔ susu geɖe siwo ta wòɖea gbe alea. Dzatatsu ƒe gbeɖeɖe gã la nye nuxɔxlɔ̃ amesiame be yele nutoa me; àkpɔ tɔwò nua ne ège ɖe nutoa me. Gake esi dzata lɔ̃a hamenɔnɔ ta la, egate ŋu ɖea gbe be kadodo nanɔ ye kple yeƒe hatsotsoa me tɔwo dome. Zi geɖe la, adã menɔa gbeɖeɖe sia me o. Le zãdodo aɖe me la, wosee dzata aɖe nɔ gbe ɖem aɖabaƒoƒo 15 ɖesiaɖe vaseɖe esime dzata bubu si do ƒome kplii tɔ nɛ le didiƒe. Woganɔ “nuƒoƒo” dzi anɔ aɖabaƒoƒo 15 bubu vaseɖe esime wova do go wo nɔewo mlɔeba. Gbeɖeɖea tɔ te.

Menye ƒomedodo nyui koe kadodo sia hena vɛ na lãwo o ke ekpɔa wo ta tsoa yame ƒe nɔnɔme sesẽwo nu hã. Koklovinɔ doa vigbe vovovo si ŋu gɔmesese geɖe le na viawo. Gake esi ɖe dzesi wue nye vigbe si wòdona ɣeyiɣi didi le fiẽ, si fia be egbɔ va aƒe be yeatsyɔ akɔ anyi. Ne koklovi siwo kaka la se wo Dada ƒe yɔyɔa ko la, wonɔa du dzi va gena ɖe eƒe aʋala te hena anyimɔmlɔ.—Mateo 23:37.

Asiyɔyɔ

Èdzudzɔ nusi wɔm nèle be yease xe siwo dzia ha ƒe xɔxlɔ̃ viviawo kpɔa? Ðe alesi wote ŋu dzia hagbewo mewɔa nuku na wò oa? Ke hã ènya be menye wòe woɖo koŋ be woado dzidzɔ na oa? Woƒe hadzidziwo nye mɔ si dzi wotona gblɔa nya veviwo. Togbɔ be wodzia ha ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖoa tɔ ɖe nuto nu hã la, ɖe woɖonɛ koŋ dzia ha be woatsɔ alé dzi na xe si wodi be wòanye yewoƒe kpeɖeŋutɔ. Agbalẽ si nye The New Book of Knowledge gblɔ be “xɔxlɔ̃a dzi ɖena kpɔtɔna kura” ne atsua kple nɔea do go wo nɔewo vɔ.

Gake ɣeaɖewoɣi la, ha vivi dzidzi ɖeɖe mesɔ gbɔ bene woakpɔ kpeɖeŋutɔ o. Xenɔ aɖewo dina be woaxe “tanu” hafi xetsua ƒe nu nalé dzi na yewo. Eyata ele na ʋlẽtsu be wòaɖe eƒe atɔwɔwɔ ŋutetewo afia hafi awɔ afɔɖeɖe bubuwo. Xetsu bubuwo ɖea woƒe ƒomedzikpɔkpɔ ŋutete fiana to nuɖuɖudodo na xenɔa me.

Menye lãwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ koe mɔ wɔnuku siwo dzi wotona gblɔa nya na wo nɔewo kpɔna o ke eɖea avuwɔwɔ hã dzi kpɔtɔna eye wònaa ŋutifafa nɔa gbea me. Esi wokpɔtɔ le numekuku geɖe wɔm tso lãwo ƒe nyagbɔgblɔ na wo nɔewo ŋu la, azɔ hafi míegbɔna “gbemelãwo ƒe nuƒoƒo” gɔme se ge geɖe wu. Togbɔ be anɔ eme be míase egɔme bliboe o hã la, ana míakafu amesi wɔ nuƒoƒo kadodoa, si nye Yehowa Mawu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 26, 27]

Atiglinyiwo ƒe “Dalĩdodo”

Gbeɖeka si ŋdɔ nɔ bibim gbagbagbã le Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si le Amboseli, Kenya me la, edze abe atiglinyiwo ƒe ha gã aɖe metsɔ ɖeke le eme be amedzrowo ge ɖe wo nɔƒe o ene. Ke hã “atiglinyiwo ƒe nuƒoƒo” xɔ nutoa katã me, gbeɖiɖia ɖewo nu mesẽ o evɔ ɖewo nu sẽ abe kpẽkuku vetomee ene, eye ɖewo nye gbeɖeɖe, gbetete, wòwó, kple gbɔgbɔ fuxefuxe. Gbeɖiɖiawo dometɔ aɖewo bɔbɔ ɖe anyi ale gbegbe be amegbetɔ mate ŋu asee o ke hã wo me sẽ ŋutɔ be atiglinyi si le adzɔge kilometa geɖe nate ŋu ase.

Mɔ wɔnuku siwo dzi atiglinyiwo tona gblɔa nya veviwo na wo nɔewo kpɔtɔ do viviti na amesiwo nya nu tso lãwo ƒe nuwɔwɔ ŋu. Joyce Poole tsɔ ƒe 20 kple edzivɔ srɔ̃ nu tso Afrika-tiglinyiwo ƒe nuƒoƒo kadodowo ŋu. Eƒo nya ta be lã gã siawo siwo wonya nyuie be amewo dia woƒe aɖuwo la ɖea seselelãme si le lã ʋɛ aɖewo ko si fiana. Poole gblɔ be: “Asesẽ ŋutɔ be nànɔ eteƒe kpɔm atiglinyiwo nanɔ woƒe nu ɖedzesiwo wɔm ne ƒometɔwo alo hatiwo le gbe dom na wo nɔewo [alo ne] wodzi vi yeye de ƒomea me . . . eye nàdo kpo sidzedzee be seselelãme sẽŋuwo le wo si eye ɖeko wòasɔ be woaɖɔe be enye aseyetsotso, dzidzɔkpɔkpɔ, lɔlɔ̃, xɔlɔ̃wo ƒe vividodoɖeameŋu, dzonɔameme, nukoko, vivisese, dɔmetɔtrɔ, gbɔdzɔe kpɔkpɔ, kple bubudedeameŋu.”

Ne womegakpɔ wo nɔewo kpɔ o eye wova do go la, woƒe gbedonamewo zua nugbenugbewɔwɔ, eye atiglinyiawo tsɔa du va doa go wo nɔewo eye wowua ta dzi, ŋlɔa to henɔa enyèm ʋakaʋaka. Ɣeaɖewoɣi la, atiglinyi te ŋu ƒoa eƒe ɖɔ ɖe nume na nɔvia. Edze abe gbedoname siawo doa dzidzɔ na atiglinyiawo vevie ŋutɔ ene, abe ɖe wole gbɔgblɔm ene be, “Ei! Edzɔ dzi nam ŋutɔ be megakpɔ wò ake!” Ðekawɔwɔ alea gadoa ŋusẽ alesi wodoa alɔ wo nɔewo, eye enye nusi le vevie na woƒe agbe nɔnɔ.

Edze abe nu te ŋu ɖia kokoe na atiglinyiwo hã ene. Poole gblɔ be yekpɔ atiglinyiwo xa woƒe nuyiwo kpɔ wòɖi nusi eya ŋutɔ gblɔ be enye alɔgbɔnukoko, eye wòbe wonɔ ta ʋuʋum wòɖi alesi amewo wɔna ne wole nu kom. Edze fefe aɖe gɔme wòna atiglinyiawo hã kpɔ gome le eme, eye aɖabaƒoƒo 15 sɔŋ la, wowɔ nu manyatalenu geɖe ŋutɔ. Ƒe eve megbe la, edze abe ɖe wo dometɔ aɖewo “ko alɔgbɔnu” ɖee ene esi wogakpɔe, eye anye be woɖo ŋku fefe si wòfe kpli wo la dzi. Menye nukokoe koe atiglinyiwo dona na wo nɔewo le fefe me o ke wosrɔ̃a gbeɖiɖi bubuwo hã. Le numekuku aɖe me la, Poole se gbeɖiɖi aɖe si to vovo na atiglinyiwo tɔ. Le ŋkuléle ɖe nu ŋu vɔ megbe la, wogblɔ be anye agbatsɔʋu aɖewo siwo va to nutoa me ƒe gbeɖiɖi srɔ̃m atiglinyiawo nɔ. Eye edze abe ɖe wonɔ ewɔm tsɔ nɔ nukokoe dom na wo ɖokui ene! Ðeko wòdze abe atiglinyiwo zãa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ doa dzidzɔ na wo ɖokui ene.

Wogblɔ nya geɖe tso alesi wòdze abe atiglinyiwo faa konyi ne afɔku dzɔ ɖe woƒe ƒometɔ dzi ene ŋu. Poole kpɔ eteƒe kpɔ be atiglinyinɔ aɖe nɔ tsitre nɔ via kukua ŋu dzɔm ŋkeke etɔ̃ sɔŋ eye wògblɔ tso eŋu be: ‘Alesi wòwɔ moe la ɖi amegbetɔ si le nu xam helé blanui: ede ta to, eƒe towo yi to, eye eƒe nuyiwo ge.’

Amesiwo wua atiglinyiwo ɖe nyiɖu ta la mebua atiglinyivi tsyɔ̃evi siwo nɔ eteƒe esi wowu wo nɔwo la ƒe ‘dzigbagbã’ ŋu o. Atiglinyivi siawo dzea agbagba be yewoanɔ te ɖe “nuxaxa” la nu le ŋkeke gbãtɔ siwo wotsɔ wo yi lã tsyɔ̃eviwo dzikpɔƒe la me. Wo dzikpɔla aɖe ka nya ta be yesee tsyɔ̃eviawo “do ɣli” le ŋdi me. Woyia edzi ɖea alesi kua te ɖe wo dzii fiana le ƒe geɖe megbe. Poole gblɔ be atiglinyiawo te ŋu kpɔnɛ be amegbetɔ gbɔe yewoƒe fukpekpea tso. Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me amegbetɔ kple lãwo anɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me.—Yesaya 11:6-9.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Cape ƒudzixewo le gbe dom na wo nɔewo

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Klatsa le ɣe trama ɖum be wòaflu eƒe futɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbete ƒe “nukoko” vloe la

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Joe McDonald

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Anyi ƒe ɣeɖuɖu