Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe Nusi Anyigbaʋuʋu Gblẽ Nu

Tenɔnɔ Ðe Nusi Anyigbaʋuʋu Gblẽ Nu

Tenɔnɔ Ðe Nusi Anyigbaʋuʋu Gblẽ Nu

“AZƆLI DZI KOE MÍELE TSO ŊDI. MÍAƑE AGBE TAE MÍELE SISIM ÐO.TSI MELI MÍANO O, NUÐUÐU MELI O. AƑEAWO KATÃ TSRƆ̃.”​—HARJIVAN, AMESI TSI AGBE LE ANYIGBAƲUƲU SI ƑE LOLOME NYE 7.9 LE INDIA.

ANYIGBAƲUƲU teƒe kpɔkpɔ tsoa dzika ƒo na ame ŋutɔ. Ame aɖe si tsi agbe le ƒe 1999 ƒe anyigbaʋuʋu si dzɔ le Taiwan me gblɔ be: “Agbalẽwo nɔ gegem tso awuɖaka si kɔ meta 2.4 dzi va nɔ nye abati xa dzem. Gakuku yeye si meƒle be wòakpɔ tanye le dzokeke dzi la ge tso awuɖakaa dzi va dze nye tade le abatia dzi,” egblɔ kpe ɖe eŋu be, “ekpɔtɔ vie wòwum boŋ kloe.”

Le Agbetsitsi Vɔ Megbe

Anyigbaʋuʋu teƒekpɔkpɔ tsoa dzikaƒo na ame, gake gɔmedzedzea koe nye ma. Le gaƒoƒo siwo kplɔ anyigbaʋuʋu ɖo me la, xɔnametɔwo tsɔa dzinɔameƒo kua kutri le amewo didi me be woakpe ɖe abixɔlawo ŋu. Zi geɖe la anyigbaʋuʋu suewo te ŋu kplɔna gãtɔwo ɖo ne wole dɔ sia wɔm. Ŋutsu aɖe si nɔ ŋugble dem le alesi woaka gbeɖuɖɔ si li kɔ ɖe nuto aɖe me esi anyigba ʋuʋu le El Salvador nyitsɔ laa ŋu la, gblɔ be: “Ele be míaɖɔ ŋu ɖo vevie. Ne anyigba gaʋuʋu kpata la, kɔ siawo ate ŋu akaka.”

Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo tsɔa wo ɖokui saa vɔ etɔxɛe ne wole amesiwo dzi afɔku dzɔ ɖo dim be woakpe ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime anyigbaʋuʋu gã aɖe dzɔ le ƒe 2001 me le India la, ŋutsu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Manu si le United States fifia la, trɔ yi wo de. Ebu eŋu gblɔ be: “Ele be mayi, menye be makpe ɖe ƒonyemetɔwo ko ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe amesiame si le fu kpem la ŋu.” Manu kpɔ be nɔnɔmea wɔ nublanui le nuto siwo me wòyi. Ke hã egblɔ be: “Dzinɔameƒo si amewo ɖe fia la wɔ nuku ŋutɔ.” Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Nyemenya amesiwo le afisi mele la dometɔ kae mena nusi ke wòate ŋu akpɔ—ŋkeke ɖeka loo, kwasiɖa ɖeka loo, alo ɣleti ɖeka ƒe fetu, ga si wodzra ɖo ƒe akpa aɖe loo alo nusianu si woate ŋui be woakpe ɖe ame ŋu o.”

Ele eme baa be nu gbagbãwo lɔlɔ kple amesiwo xɔ abi gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe ya o; gake esesẽna wu be woakpe ɖe amesiwo ƒe agbenɔnɔ tɔtɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nudzɔdzɔ dziŋɔ aɖe me ŋu be woƒe susu nadze akɔ anyi. De ŋugble tso nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Delores si bu eƒe aƒe le anyigbaʋuʋu me le El Salvador ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Esia vloe wu aʋa si dzɔ va yi. Elabena aƒe ya teti nɔ mía si ɣemaɣi.”

Abe alesi míegblɔe le nyati siawo ƒe gbãtɔ mee ene la, ɣeaɖewoɣi la amewo ƒe seselelãme gbɔ kpɔkpɔ hiãna vevie ŋutɔ tsɔ kpe ɖe ŋutilãme kpekpeɖeŋunana ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime anyigbaʋuʋu gblẽ nu le Armenia le ɣetoɖoƒe Colombia le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedzea me la, amesiwo wu akpe ɖekae ku, eye dzidzi ƒo ame geɖe eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo. Tagbɔdɔléleŋutinunyala, Roberto Estefan, amesi ŋutɔ ƒe aƒe hã gbã le afɔkua me, gblɔ be: “Afisiafi si nàɖo la, amewo le kpekpeɖeŋu biam. Meyi nyilãtutu ɖuƒe le nuɖuƒe aɖe eye amesiwo katã va do gbe nam ƒe akpa gãtɔ zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ gblɔ woƒe alɔ̃madɔmadɔ kple blanuiléle nam.”

Seselelãme si me amewo gena ɖo le anyigbaʋuʋu megbe, abe alesi Ðk. Estefan gblɔe nyuie ene la, te ŋu gblẽa nu ŋutɔ. Nyɔnu aɖe si tsɔ eɖokui na faa le sitsoƒesaɖa tutu me kpɔe be amesiwo si dɔwɔɖui le megatsia dzi ɖe dɔmeyiyi ŋu o elabena woxɔe se be yewogbɔna kuku ge kpuie.

Akɔfafa na Amesiwo Bu Mɔkpɔkpɔ

Le xaxaɣi siawo me la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoakpe ɖe agbetsilawo ŋu le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome tsɔ kpe ɖe ŋutilãme tɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Colombia ƒe anyigbaʋuʋu si ŋu nya míegblɔ va yi la ƒe dzɔdzɔ vɔ megbe teti la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea si le afima wɔ ɖoɖo aɖe ɖe kpekpeɖeŋunana le nutoa me ŋu. Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe geɖe siwo le dukɔa ƒe akpa sia akpa dzɔ nuɖuɖu kple ga. Eteƒe medidi o, woɖo nuɖuɖu tɔn 70 ɖe afisi afɔkua dzɔ le.

Zi geɖe la gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu va hiãna vevie wu. Gbeɖeka ŋdi le Colombia ƒe anyigbaʋuʋua megbe la, Yehowa Ðasefo aɖe kpɔ nyɔnu aɖe si lé blanui vevie va to Armenia-du si me nuwo gblẽ ƒe mɔdodo aɖe dzi yina. Ete ɖe eŋu eye wòtsɔ trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku? * nɛ.

Nyɔnua tsɔ trakt la yi aƒemee eye wòxlẽe nyuie. Ɣebubuɣi si Yehowa Ðasefo aɖe te ɖe eŋu le eƒe ʋɔtrua nu la, ese le eɖokui me be ele be yeagblɔ nusiwo katã dzɔ ɖe ye dzi nɛ. Anyigbaʋuʋua gbã aƒe geɖe siwo nɔ esi le dua me, si me wokpɔa ga geɖe tsonae. Fifia la hiã tui. Gake mese ɖe afima o. Esime anyigba nɔ ʋuʋum la, xɔ si me wòa kple viaŋutsuvi si xɔ ƒe 25 nɔ la mu dze edzi wòku. Nyɔnua gblɔ na Ðasefoa be mawusubɔsubɔ medzea ye ŋu tsã o gake fifia biabia geɖe le ye si. Trakt la na mɔkpɔkpɔ vavã su esi. Medidi o wodze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.

Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be ɣeyiɣi aɖe li gbɔna si me dzɔdzɔmefɔku aɖeke, alo anyigbaʋuʋu aɖeke magado ŋɔdzi na ameƒomea o. Nyati si kplɔe ɖo aɖe eme.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka si le axa 20]

NƆ DZADZRAÐO ÐI!

▪ Kpɔ egbɔ be wobla tsiɖazewo ɖe wo nɔƒe sesĩe eye woda nu kpekpewo ɖe anyigba loo alo nudaɖoƒeʋuƒo siwo nye etetɔwo dzi.

▪ Fia ƒomea me tɔwo alesi woatsi elektrikdzowo kple alesi woatu gas-toƒewo kpakple pɔmpiwoe nyuie.

▪ Da dzotsinu kple nusiwo woatsɔ akpɔ afɔkuwo gbɔ ɖe aƒewò me.

▪ Radio vi si me kpe yeyewo le nenɔ asitsɔƒe na wò.

▪ Miwɔ wɔwɔfiawo ku ɖe nusi wòle be woawɔ ne anyigbaʋuʋu ŋu, eye nàte gbe ɖe alesi wòle be (1) woaɖe dzi ɖi, (2) woatsi stove-wo kple tsiɖazewoe, (3) woatsi tre ɖe mɔnu alo age ɖe kplɔ te (4) woate ɖe aga tso fesrewo, ahuhɔ̃ewo, kple dzudzɔdotoƒewo ŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

ANYIGBAƲUƲU SIWO DZƆNA LE ISRAEl

Nufialagã Amos Nur gblɔ le Israel ŋu be: “Enye teƒe si woate ŋu akpɔ anyigbaʋuʋu ŋuti nuŋlɔɖi si teƒe didi wu kple eŋuti nuŋlɔɖi si tsiã ɖe enu wu le anyigba dzi le.” Nusitae wòle alea enye be Great Rift Valley la ƒe akpa aɖe—afisi Mediterranea kple Arabia ƒe anyigbakɔwo ƒe agbakawo ɖe liƒo le la—to Israel nyigba me tututu tso dziehe va ɖo anyiehe.

Dzidzɔtɔe la tomenukulawo xɔe se be aɖaŋuwɔla siwo nɔ anyi le blema zãa aɖaŋudɔwɔwɔ tɔxɛ aɖe tsɔ ɖea nusiwo anyigbaʋuʋu gblẽna la dzi kpɔtɔna. Esia wɔ ɖeka kple alesi Biblia ɖɔ Salomo ƒe xɔtuɖaŋui be: ‘Wotsɔ kpe fufu ɖo amli etɔ̃, siwo dzi wotu sedertiwo ɖo, abe alesi wòle Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu emetɔ kple fiasã ƒe akpata ŋu ene.’ (Fiawo I, 7:12) Wokpɔ ati siwo wodena kpe me le xɔtutu me ƒe aɖaŋudɔwɔwɔ ƒe kpeɖodzi le teƒe vovovowo—esia ƒe ɖee nye agbo si le Megido, si wobuna be enɔ anyi tso Salomo ŋɔli loo, alo do ŋgɔ nɛ. Agbalẽnyala David M. Rohl xɔe se be woanya “de ati siawo eme kple susu be woakpɔ xɔa ta be anyigbaʋuʋu nagamui o.”

[Nɔnɔmetata]

Anyigbaʋuʋu ƒe nugblẽƒe le Bet Sheʼan, Israel

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

AÐABAƑOƑO EVE ME NUDZƆDZƆ DZIŊƆ AÐE​—AGBETSILA AÐE ƑE NUTEƑEKPƆKPƆ

Míaƒe ƒomea nɔ dzadzram ɖo na tɔɖinye vi ƒe srɔ̃ɖeɖe le Ahmadabad, India. Menye gaƒoɖokuiae nyɔm mefɔ le January 26, 2001, dzi o, ke boŋ nuwo ƒe ʋuʋu sesĩe ye. Mese gaɖakawo nɔ ʋuʋum le wo nɔƒe, ɣemaɣie mede dzesii be nane nɔ dzɔdzɔm. Tɔɖinye ƒe ɣli nɔ ɖiɖim be, “Mido go le aƒea me!” Esi míedo ɖe go ta la, míekpɔ xɔa nɔ ʋuʋum tso axadzi yi axadzi. Edze abe anɔ ʋuʋum ɖaa ene. Le nyateƒe me la, aɖabaƒoƒo eve pɛ koe anyigbaʋuʋua xɔ.

Nudzɔdzɔa na míetsi dzodzodzoe. Gbã la, míekpɔ egbɔ be míaƒe ƒomea me tɔwo katã le dedie. Esi telefon kple elektrik nuwo megale dɔ wɔm o ta la, míete ŋu nya alesi nɔnɔmea nɔ na míaƒe ƒometɔ siwo le du siwo ƒo xlã mí me la enumake o. Esi míetsi dzodzodzoe gaƒoƒo ɖeka megbe la, míeva se be wole dedie. Menye amesiamee to eme dedie o. Le kpɔɖeŋu me, le Ahmadabad la, xɔ siwo wu alafa ɖeka mu eye amesiwo wu 500 ku.

Ŋɔdzi lé amesiame kwasiɖa geɖe. Amewo yia anyimlɔƒe henɔa vɔvɔ̃m na anyigbaʋuʋu bubu si wogblɔ be agadzɔ la. Nuwo ɖɔɖɔɖo nɔ edzi yim blewu eye ame geɖe mekpɔ aƒe si me woanɔ o. Esiawo katã nye aɖabaƒoƒo eve pɛ ƒe anyigba si ʋuʋu me tsonuwo gake enye nudzɔdzɔ si tsi susume na mí tegbee.—Abe alesi Samir Saraiya gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 20, 21]

Amesi tsi agbe le Anyigbaʋuʋu si dzɔ le January 2001 me le India lé dada si ku si wole dzo tɔm ƒe foto ɖe asi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Randolph Langenbach/UNESCO (www.conservationtech.com)