Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vidadanyenyeƒe Kuxi Sesẽawo

Vidadanyenyeƒe Kuxi Sesẽawo

Vidadanyenyeƒe Kuxi Sesẽawo

Vidadanyenye nye nu sesẽ eye wòganye nusi me dzidzɔ le hã. Vidadawo kpɔa dzidzɔ tɔxɛ si tɔgbe womadi be yewoaɖɔ li kple nu bubu aɖeke o le xexeame. Gake ɣeaɖewoɣi la, wosena le wo ɖokui me be nu glo yewo. Helen si nye vidada tsɔ eƒe agbe sɔ kple duƒuƒu si me wodaa nanewo ɖe mɔ dzi si wòle be woati kpo aflɔ. Eye edze abe ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, kplamatsedonu siwo le mɔ dzi la sɔa gbɔ eye wogakɔna ɖe edzi hã ene.

Vidadawo te ŋu tsɔa woƒe vovoɣiwo kple modzakaɖeɣi geɖe saa vɔe be woakpɔ egbɔ be yewolé be na yewo viwo nyuie. Esther, si si vi atɔ̃ le gblɔ be: “Ɣesiaɣi la, ele be makpɔ egbɔ be mekpɔ ɖeviawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Le esi teƒe be magbɔ dzi ɖi ale tsi la, ɖe melenɛ kple du, eye be maɖa fiẽnu ahaɖe dzi ɖi aɖui kple srɔ̃nye le dzidzɔ me teƒe la, ɖeko meɖaa nusiwo mexɔa ɣeyiɣi o kabakaba boŋ. Le gonyeme la, mɔzɔzɔ geɖe to ŋunye, nyemedze si teƒe geɖe o, eye nu geɖe li nyemete ŋu wɔna o. Gake menyãa nu ya ɣesiaɣi, heƒoawo keŋ!”

Nyateƒee wònye be vidada geɖe aƒo nu tso ɣeyiɣi siwo me wokpɔ dzidzɔ tɔxɛ le wo viwo nyinyi me ŋu. Esther gblɔ be: “Nu siwo woako na wò ɣeaɖewoɣi, ‘Dada akpe na wò’ si nya sena, kple asikplakɔname lɔlɔ̃tɔeesiawoe ʋãa ame be nàyi edzi awɔ tɔwò sinua.” *

Vidadawo Dze Dɔmedede

Kplamatsedonu gã si na vidadanyenye gasẽ ɖe edzi enye woƒe dɔmedede be woatsɔ akpe asi ɖe ƒomea ƒe ganyawo ŋu, esime wogakpɔtɔ le ƒomea me agbanɔamedziwo gbɔ kpɔm. Vidada siawo dometɔ geɖe dea dɔme le didiƒe, si menye woƒe didi o, ke boŋ hiahiã tae wòle nenema ɖo. Wonya be ne yewomede dɔme o la, nu geɖe masu ƒomea si o, vevietɔ ɖeviawo. Fetu si woxɔnaesi mede ŋutsu siwo le dɔ ma tɔgbe wɔm la tɔ nu o lanye nusi hiã wo vevie.

Le kpɔɖeŋu me, le São Paulo, Brazil la, nyɔnu 42 le alafa me nye dɔwɔlawo. Afima ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe yɔ vidada siwo nye aƒedzikpɔla siwo nɔa wo viwo gbɔ ɣesiaɣi la be “wo tɔgbe megali o.” Le Afrika ƒe kɔƒewo me la, ebɔ be nàkpɔ vidada si tsɔ nakegba ɖe ta hekpa vi ɖe mɛ.

Dɔwɔƒe ƒe Agbanɔamedziwo

Tsɔ kpe ɖe kplamatsedonuawo ŋu la, dɔwɔƒewo ate ŋu abia tso vidadawo si be woawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe. Agbanɔamedziawo matɔ ɖe afima o. Esi woxɔ Maria, si le Greece, ɖe dɔ aɖe ame la, eƒe dɔtɔa bia tso esi be wòade asi agbalẽ te ado ŋugbe be yemafɔ fu le ƒe etɔ̃ me o. Ne efɔ fu la, ke ele nɛ be wòaxe nugblẽfe na dɔwɔƒea ɖe eta. Maria de asi agbalẽa te. Gake efɔ fu le ƒe ɖeka kple afã megbe lɔƒo. Maria ƒe dɔtɔa tsɔ agbalẽvi si te wòde asii la fiae, eye eya hã tsɔ nya ɖe dɔwɔƒea ŋu le ʋɔnu ɖe ɖoɖo sia si le wo si la ta, eye fifia la, ele ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso lalam.

Esi bɔbɔ vie wu ema enye be dɔtɔwo te ŋu ƒonɛ ɖe vidadawo nu be woadze dɔme dede le vidzidzi vɔ megbe teti. Zi geɖe la, womeɖea gaƒoƒo si wotsɔ wɔa dɔe dzi na wo ne wotrɔ va dɔme o. Eyata ɖoɖo aɖeke meli si fia be vidzĩ dzi kpɔkpɔ ƒe agbanɔamedziwo le vidadawo dzi o. Womete ŋu xɔa mɔkeke geɖe le dɔme o, elabena esia ana ganyawo nasesẽ. Ate ŋu ahiã be vidadawo nakpe akɔ kple vidzikpɔƒe maɖɔʋu siwo wowɔ na vidada dɔwɔlawo kple dukɔa ƒe alɔdodo si medea ŋgɔ boo o la.

Le go bubu me la, vidada aɖewo wɔa dɔ menye le gakuxiwo ta o, ke ɖe woawo ŋutɔ ƒe taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo ko ta. Sandra trɔ yi dɔme le vi eve siwo le esi dometɔ ɖesiaɖe dzidzi vɔ megbe teti. Egblɔ le ɣeyiɣi si wòsusɔ eya kple vidzĩa ɖeɖeko ɖe aƒeme ŋu be: “Ɣeaɖewoɣi meva tsia tre ɖe fesre nu nɔa gota kpɔm eye mebua tame le nusi wɔm ame bubuwo le fifia ŋu.” Vidada aɖewo hã dina be yewoasi le ƒomegbanɔamedziwo nu to dɔmeyiyi me. Britain ƒe Daily Telegraph ka nya ta be: “Dzila aɖewo dia dɔ wɔna gaƒoƒo aɖewo le esi dɔ mawo naa wo dziɖeɖi vie ta. Esia wɔnɛ be kuxiwo gadoa gã ɖe edzi, elabena ɣeyiɣi si wozãna ɖe wo vi siwo metsɔa ɖeke le naneke me o, ɖevi siwo ƒe mo mefa o, kple ɖevi nu tovo wɔlawo ŋu la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.”

Dɔ Sesẽ Gbogbo Aɖewo

Be woanɔ dɔme dem aganɔ aƒemedɔwo hã wɔm mele bɔbɔe o. Vidada aɖe si tso Netherlands ɖe eƒe seselelãme gblɔ, esi sɔ kple ame geɖe tɔ, be: “Ðeɖiteameŋu, ɖeɖiteameŋu, ɖeɖiteameŋu sɔŋ koe. Ðeɖi tea ŋunye ne mefɔ gɔ̃ hã. Ne metso dɔme gbɔ va aƒeme la, ɖeɖiteameŋua mele gbɔgblɔ me o. Fifia ɖeviawo le gbɔgblɔm be, ‘Ɣesiaɣi ko ɖeɖi te dada ŋu,’ eye nya mawo sese nana nye dzi gbãna ŋutɔ. Nyemedi be dɔmeyiyi nato nunye o, gake medi hã be manye vidada si nɔa ame dome hewɔa nusianu nyuie. Gake nyemete ŋu le abe alesi tututu medi be manɔ ene o.”

Enye vidada miliɔn geɖe siwo dea dɔme siwo lɔ̃ ɖe nukpɔsusua dzi be ‘ɣeyiɣi nyui’ sue aɖe kpɔkpɔ ɖe ɖeviawo ŋu ate ŋu axɔ ɖe wo gbɔ manɔmanɔ edzidzi teƒe la dometɔ ɖeka—eye wòva kpɔe be nukpɔsusua mede edeƒe o. Egbea la, vidada geɖe gblɔna be dɔmedede kpakple aƒemegbanɔamedziwo tsɔtsɔ ƒe hloloetsotso wɔnɛ be yewo wɔa dɔ wògbɔa eme, ɖeɖi tea yewo ŋu, eye fetua hã medena na yewo o.

Ne nyɔnuwo menɔa wo viwo gbɔ o gaƒoƒo geɖe la, nusi ɖeviawo hiã vevie wu la mesua wo si osi nye wo dada ƒe ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe wo ŋu kple eƒe belélename. Fernanda A. Lima, amesi nye ɖeviwo ƒe susuŋutinunyala si tso Brazil gblɔ be, ame aɖeke mate ŋu awɔ vidada ƒe ɖoƒe tsɔ wu vidada la ŋutɔ o. Egblɔ be: “Ƒe eve gbãtɔwoe nye vevitɔwo wu le ɖevi ƒe agbeme. Le ɣeyiɣi mawo me la, ɖevia metsi kura ne wòase nusita dadaa mele egbɔ o la gɔme o.” Ame bubu ate ŋu akpɔ ɖevia ƒe nuhiahiãwo gbɔ vaseɖe afi aɖe, gake mate ŋu axɔ ɖe dadaa teƒe wòade pɛpɛpɛ gbeɖe o. Lima gblɔ be: “Ðevia dea dzesii be yemele ye dada ƒe belélename lɔlɔ̃tɔe la kpɔm o.”

Kathy, amesi si vinyɔnuvi sue le eye wòdea dɔme gbesiagbe, gblɔ be: ‘Mebua fɔ ɖokuinye vevie ŋutɔ elabena edze abe ɖe mele egblẽm ɖi [ɖe ɖeviwo dzikpɔƒe] ene. Esesẽna ŋutɔ ne ède dzesii be ɖevia ƒe tsitsi kple eƒe ŋutetewo tutuɖo la teƒekpɔkpɔ le ye ŋu tom, eye eŋububu be ɖevia ƒe dzi ku ɖe wo dzi kpɔƒea ŋu wu alesi wòku ɖe ŋuwòe la tena ɖe ame dzi vevie ŋutɔ.’ Nyɔnu yameʋumedɔwɔla aɖe si le Mexico lɔ̃ ɖe edzi be: “Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, viwòa makpɔ wò adze si o, eye made bubu ŋuwò o le esi menye wòe le enyim o ta. Woanya be wòe nye yewo dada, gake eteƒe madidi kura o, woadi be yewoanɔ nyɔnu si kpɔa wo dzi la gbɔ boŋ.”

Le go bubu me la, vidada siwo nɔa aƒeme ɣesiaɣi be yewoakpɔ yewo viwo dzi gblɔ be ele be yewoado dzi ato alesi amewo daa yewo ɖe anyi hebua yewo abe yewomele ɖeke me o la ƒe kuxiwo me le esi wodea bubu dɔmedelawo ŋu wu ta. Le teƒe aɖewo la, womegadea bubu nyɔnu aƒedzikpɔla nyenye ŋu o, eye esia ƒonɛ ɖe nyɔnuwo nu vevie be dɔ nanɔ yewo ŋutɔwo si yewoanɔ wɔwɔm, ne menye gae hiã wo nenema gbegbe o hã.

Wogblẽe Ðe Woawo Ko Dzi be Woadagba

Nusi gakpe ɖe vidadanyenye ƒe kuxiawo ŋue nye nyateƒenya sia be: Ne vidada gbɔ tso dɔme kple ɖeɖiteameŋu la, meva be yeaɖi ɖe me o, ke boŋ be yeayi aƒemedɔwo dzi. Eɖanye be vidadawo dea dɔme loo alo womedea dɔme o, zi geɖe wobunɛ be woawoe aƒemedɔwo kple ɖeviawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe agba dze ŋgɔe kokoko.

Togbɔ be vidada geɖe wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe hã la, zi geɖe vifofowo medoa alɔ wo o. London ƒe The Sunday Times gblɔ be: “Britain nye dukɔ si me vifofowo menɔa aƒeme o, eye numekuku yeye aɖe ɖee fia be gbesiagbe la, ŋutsuwo zãa aɖabaƒoƒo 15 pɛ ko ɖe wo viwo ŋu. . . . Ŋutsu geɖe medoa vivi ɖe ɣeyiɣi zazã ɖe woƒe ƒomea ŋu ŋuti o. . . . Ne wotsɔe sɔ kple Britain vidada siwo nye dɔwɔlawo la, woawo zãa aɖabaƒoƒo 90 gbesiagbe ɖe ɖeviawo ŋu.”

Srɔ̃ŋutsu aɖewo fa konyi be esesẽna na yewo srɔ̃ be wòaɖe asi le dɔ aɖewo ŋu na yewo elabena edina kokoko be woawɔ nusianu pɛpɛpɛ abe alesi tututu yewɔnɛ ene. Srɔ̃ŋutsuawo gblɔ be: “Ne ènya wɔe ko la, ke mèwɔe nyuie o.” Edze ƒã be hafi nyɔnu aƒedzikpɔla si ŋu ɖeɖi te nakpɔ kpekpeɖeŋu tso srɔ̃a gbɔ la, ke ele be wòaɖe mɔ ɖe alesi vovototo anɔ aƒemedɔ aɖewo wɔwɔ me ŋu. Le go bubu me la, mele be srɔ̃ŋutsuawo nanɔ te ɖe nya sia dzi abe ɖokuinuɖenya ene agbe nusianu wɔwɔ o.

Kplamatsedonu Bubuwo

Kɔnyinyi sesẽwo hã ate ŋu awɔe be nuwo nasesẽ ɖe edzi wu. Le Japan la, wodi tso vidadawo si be woanyi wo viwo abe alesi ame bubuwo le wo vi siwo xɔ ƒe ma ke la nyim ene. Ne ɖevi bubuwo le saŋkuƒoƒo alo aŋɔsisi srɔ̃m la, vidada senɛ le eɖokui me be ele be ye viwo hã nasrɔ̃ nu mawo. Sukuwo ƒonɛ ɖe dzilawo nu be woana wo viwo nakpɔ gome le wɔna siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiafia ŋu me abe ɖevi bubuawo ke ene. Nusi to vovo wɔwɔ ate ŋu ahe fuɖename tso ɖeviwo, nufialawo, dzila bubuawo, kple ƒometɔwo gbɔ vɛ. Nenema kee wòle le dukɔ bubuwo hã me.

Boblododo kple nuƒeƒle ƒe dzodzro dede amewo me ate ŋu ana be ɖeviwo nanɔ nu geɖe biam be woaƒle na yewo. Le dukɔ deŋgɔwo me la, ɖewohĩ vidadawo asee le wo ɖokui me be ele be yewoaƒle nusi dim yewo viwo le la na wo elabena wokpɔ be vidada bubuwo le nu mawo ƒlem na wo viwo. Ne womate ŋui o la, ɖewohĩ woase le wo ɖokui me be yewo do kpo nu.

Mele be egbegbe vidadanyenye ŋuti numedzodzro sia nawɔe be míaƒe susu nadzo le vidada veviedonula miliɔn geɖe dzi o, amesiwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe hedzea agbagba ɖesiaɖe si woate ŋui be yewoawɔ dɔ vevitɔwo dometɔ ɖeka ade goe—si nye ɖevi siwo anye amegbetɔƒomea ƒe dzidzime le etsɔme la nyinyi. Esia nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe. Biblia gblɔ be: “Ðeviwo nye yayra kple nunana tso AƑETƆ la gbɔ.” (Psalmo 127:3, Contemporary English Version) Miriam, vidada si si vi eve le, gblɔe wòsɔ ɖe vidada siawo ƒe nɔnɔmea nu ale: “Togbɔ be kuxiwo le eme hã la, dzidzɔ manyagblɔ geɖe le vidadanyenye me. Enyea dzidzɔ na mí vidadawo ne míekpɔ be mía viwo le wɔwɔm ɖe hehe kple nufiame siwo nam míele wo la dzi be woava zu amesiwo ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo le hadome.”

Nukae ate ŋu akpe ɖe vidadawo ŋu be woakpɔ dzidzɔ ɖe woƒe nunana la ŋu geɖe wu? Nyati si kplɔe ɖo ana aɖaŋuɖoɖo siwo me viɖe le.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Nyati siawo ku ɖe vidada siwo nye srɔ̃tɔwo koŋ ŋu. Le tata aɖe si ava me la, Nyɔ! aƒo nu tso kuxi siwo vidada dzilaɖekɛwo kple vidada srɔ̃manɔsitɔwo doa goe ŋu.

[Aɖaka si le axa 6]

“Vidadawo ƒe Ŋkeke”

Hiãkame si nu sẽ, sukumademade, srɔ̃ŋutsu siwo gbe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ, ŋutasesẽnuwo wɔwɔ ɖe wo ŋu edzidzi, kple AIDS dɔvɔ̃ la nye nɔnɔme dziŋɔ siwo me vidada siwo le anyiehe Afrika tona. Le Vidadawo ƒe Ŋkeke aɖe si woɖu nyitsɔ laa me la, South Africa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Citizen, ka nya ta be: “Srɔ̃ŋutsuwo asẽ ŋuta le nyɔnu akpe geɖe ŋu eye wo dometɔ aɖewo abu woƒe agbe le Vidadawo ƒe Ŋkeke sia dzi.” Kuxi siawo wɔnɛ be vidada akpe geɖe siwo le South Africa tsɔa woƒe vidzĩwo ƒua gbe ƒe sia ƒe. Le ƒe eve siwo va yi nyitsɔ laa me la, vidzĩwo tsɔtsɔ ƒu gbe dzi ɖe edzi alafa memama 25. Esi ganye ŋkubiãnya wu enye alesi nyɔnu siwo wua wo ɖokui ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzii. Nyitsɔ laa la, nyɔnu aɖe si tso nuto aɖe si me ahedada bɔ ɖo la lé via etɔ̃awo ɖe eƒe abɔwo dome hetsi tre ɖe keteke si le du dzi gbɔna ƒe mɔ dzi. Wo katã woku. Be woakpɔ agbemenuhiahiãwo la, vidada aɖewo wɔa gbolo hedzraa atike vɔ̃ɖiwo alo wodea dzi ƒo na wo vinyɔnuwo be woawɔ nusiawo.

Woka nya ta tso Hong Kong be “vidada siwo metsi o wua ɖevi siwo wodzi la alo tsɔa vidzĩa ƒua gbe ɖe gbeɖuɖɔgoe me, esi womate ŋu akpe akɔ kple kuxiawo o ta.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye South China Morning Post gblɔ be le Hong Kong la, nyɔnu srɔ̃tɔ siwo metsi o “le nuteɖeamedzi sesẽwo me tom si wɔe be nu te ŋu gblẽna le woƒe tamebubu ŋutetewo ŋu ale gbegbe be wowua wo ɖokui.”

[Aɖaka si le axa 7]

Vidadanyenye le Dukɔ Vovovowo Me

Ɣeyiɣi makpɔmakpɔ

❖ Numekuku aɖe si wowɔ le Hong Kong ɖee fia be vidada 60 le alafa me siwo dea dɔme mezãa nusi wobuna be enye ɣeyiɣi si sɔ la ɖe wo viwo ŋu o. Eye le kwasiɖaa ƒe dɔwɔŋkekewo dzi la, ɖevi 20 le alafa me siwo xɔ vaseɖe ƒe etɔ̃ siwo dzilawo nye dɔmedelawo la menɔa aƒeme o, ke boŋ wonɔa wo tɔgbui kple mamawo gbɔ zi geɖe.

❖ Nyɔnu siwo le Mexico azã ƒe 13 le woƒe agbe me ɖe ɖevi ɖeka si mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o la dzi kpɔkpɔ ŋu.

Vidadawo kple dɔwɔwɔ

❖ Le Ireland la, nyɔnu 60 le alafa me nɔa aƒeme kpɔa ɖeviawo dzi. Le Greece, Italy, kple Spain la, nyɔnu abe 40 le alafa me ene koe wɔnɛ nenema.

Kpekpeɖeŋu nana le aƒea me

❖ Le Japan la, nyɔnu aƒedzikpɔla 80 le alafa me gblɔ be enye yewoƒe didi be ƒometɔ aɖe nakpe ɖe yewo ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me, vevietɔ ne yewodze dɔ.

❖ Le Netherlands la, ŋutsuwo zãa gaƒoƒo 2 lɔƒo ŋkeke ɖesiaɖe ɖe wo viwo ŋu eye wozãa miniti 42 ɖe aƒemedɔwo ŋu. Nyɔnuwo zãa gaƒoƒo 3 lɔƒo ɖe ɖeviawo ŋu eye wozãa gaƒoƒo 1 miniti 42 ɖe aƒemedɔwo ŋu.

Vidada siwo dzi nu te ɖo vevie

❖ Le Germany la, nuteɖeamedziwo wu tsɔtsɔ na vidada siwo sɔ gbɔ wu 70 le alafa me. Wo dometɔ 51 le alafa me gblɔna be vevesese le dzimeƒu me kple le ƒunukpeƒewo ɖea fu na yewo. Ðeɖi tea wo dometɔ akpa etɔ̃lia ŋu edzidzi eye dzi ɖena le wo ƒo. Taɖuame alo ta ƒe akpa ɖeka ƒe ame ɖuɖu kple xeɖeɖe ɖea fu na wo dometɔ siwo ade 30 le alafa me.

Vidada siwo ŋu wosẽa ŋuta le

❖ Le Hong Kong la, nyɔnu siwo ŋu wowɔ numekuku le dometɔ 4 le alafa me gblɔ be wowɔ anyranu ɖe yewo ŋu le yewoƒe fufɔfɔ me.

❖ Numekuku si Focus magazine wɔ le Germany ɖee fia be vidada 1 kloe le 6 ɖesiaɖe me lɔ̃ ɖe edzi be yewoƒe vi tsitsi ŋlɔ kɔ ɖe yewo ŋu kpɔ zi ɖeka ya teti.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Vidadanyenye ate ŋu ana nu nate ɖe ame dzi le esi wòle be nyɔnu geɖe naʋli atsɔ dɔme kple ƒome gbanɔamedziwo siaa ta