Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vidadanyenye—Akɔkpekpe Kple Kuxiawo

Vidadanyenye—Akɔkpekpe Kple Kuxiawo

Vidadanyenye​—Akɔkpekpe Kple Kuxiawo

Esi wònye ɖeviwoe nye dzidzime si anɔ anyi le etsɔme ta la, nyɔnu siwo nyi wo, si nye wo dadawo, dze na bubu, kafukafu, kple alɔdodo. Togbɔ be egbe xexeame ƒe nya si wògblɔna tso vidadanyenye ŋu meto mɔ ɖeka o hã la, Biblia ka ɖe edzi na mí be ɖeviwo nye yayra tso Mawu gbɔ eye esia ate ŋu ana dzilawo nakpɔ dzidzɔ. (Psalmowo 127:3-5) Ke hã Ŋɔŋlɔawo meŋe aɖaba ƒu nusi vidadanyenye bia ŋutɔŋutɔ dzi o. Biblia ƒo nu tso kuxi geɖe siwo le eme ŋu.

Nyametsotso siwo dzilawo wɔna tsoa vihehe kple vidadanyenye ŋu la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe wo viwo ƒe agbe kple woƒe nuwɔnawo dzi tegbee. Nyametsotso siawo ate ŋu ahe tɔtrɔ gãwo va dzilawo ƒe agbenɔnɔ me, eyata ele be woawɔ wo nyuie. Nyametsotso siawo wɔwɔ lɔ biabia siawo ɖe eme be: Ðe wòle be vidada nadi dɔ awɔa? Ne ele be wòawɔ dɔ la, ke dɔ ka gbegbe? Amekae akpɔ ɖeviawo gbɔ nenye be wo dada dzo yi dɔme? Azɔ hã, ele be dzilawo nawɔ nusi wokpɔ be aɖe vi gbogbotɔ na wo viwo kple nusi adze Mawu ŋu.

Gake mele be vidadawo nase le wo ɖokui me be kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na yewo le ʋiʋli be yewoawɔ nyametsotso nyuiwo me o. Woate ŋu akpɔ akɔfafa geɖe tso Yesaya 40:11 me nyawo me, si ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le vidadawo kple wo viwo ƒe nuhiahiãwo me vevie, amesiwo ‘wòakplɔ ɖɔɖɔɖɔ.’ Mawu ɖe ɖetsɔleme fia to alesi wòna Biblia me mɔfiame geɖe siwo ate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ kple dzidzedze le vidadanyenye me.

Nye nugɔmesela: Ele be woanya Kristotɔwo be wonye nugɔmeselawo. (Filipitɔwo 4:5, NW) Janet Penley, amesi nye agbalẽŋlɔla kple vidada, kpɔ vevienyenye si le gɔmeɖose sia ŋu dze sii. Egblɔ be: “Metsɔ mɔkpɔkpɔ geɖe dze vidadanyenye gɔme. Medi be manye vidada nyuitɔ wu vidada bubu ɖesiaɖe. Mexlẽ agbalẽ ɖesiaɖe heɖo to eŋuti nunyala ɖesiaɖe. Gake esi wòle be mase le ɖokuinye me be mekpɔ dzidzedze henye vidada nyuitɔ teƒe la, mese le ɖokuinye me boŋ be nyemesu te o eye nu te ɖe dzinye ŋutɔ.” Eɖe eme be, “agbagbadzedze be nàtrɔ ɖokuiwò wòasɔ ɖe ame bubuwo ƒe mɔkpɔkpɔwo nu ale be nànɔ ‘nenema tututu’ wɔnɛ be dzo si le mewò la nu tsina eye wòhea dzitsitsi kple fɔbuameɖokui vanɛ.”

Na nuwo nanɔ bɔbɔe: Newsweek magazine gblɔ be: “Nusi ate ŋu abu ɖe ƒomewo le agbe si me yɔ fũ kple hloloetsotso me enye dzidzɔ si wokpɔna le ɖevimenɔnɔ me kple dzidzɔ si wòle be wòanɔ ƒomegbenɔnɔ me.” Susu sia tae vidada geɖe dia agbe tsɛ nɔnɔ ɖo. Aleke nàte ŋu anɔe? Gbã la, ɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu, eye nàde dzesi ‘nusiwo nye vevitɔwo,’ tsɔ kpe ɖe ɣeyiɣi kple beléle si viwòwo hiã ŋu. (Filipitɔwo 1:10, 11) Evelia, dzro wò agbenɔnɔ me kpɔ. Ðewohĩ ahiã be nàɖe asi le nuwɔna kple nuzazã siwo mehiã nenema gbegbe o ŋu.

Nukae nye nu vevitɔ le wò agbe me? Ðe nèdi be nuwo katã nasu ye si fifi laa, alo ɖe nàte ŋu ahe taɖodzinu aɖewo ɖe megbe esime nèle bubuawo minyama? Carolyn, si nye vidada si si nunɔamesi geɖe mele o, gblɔ alesi wòle akɔ kpem kple nɔnɔmea be: “Mena nuwo le bɔbɔe eye meɖe gazazãwo dzi kpɔtɔ.” Gloria si si vi eve le gblɔ be: “Ga menɔ mía si na awu xɔasi siwo le tsia dzi ƒeƒle o, gake metɔ awu na ɖeviawo, eye megblɔ na wo be awu siawo le etɔxɛ ŋutɔ elabena etɔgbe mele ame bubu aɖeke si o.”

Mawu ƒe Nya la gblɔ be amesi “dzra gɔmesese ɖo la, eƒe asi tu nu nyui.” (Lododowo 19:8) Gɔmesese hiã bene míada modzakaɖenu siwo xexlẽme meli na o, mɔ̃ yeyewo, kple nuwɔna siwo kpɔa ŋusẽ ɖe vidadawo kple ɖeviwo siaa dzi la akpɔ nyuie. Judith, si nye vidada si tso South Africa, gblɔ be: “Ɣesiaɣi la, nu yeyewo le dodom, mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔwo, kple nuhiahiã bubu geɖewo!” Aleae Angela, vidada si tso Germany si si vi ene le, la le akɔ kpem kple kuxiae nye esi: “Ele be wò ŋutɔ nàde dzesi nusiwo nèhiã vevie si ŋu viɖe anɔ na wò, eye nàkpe ɖe viwòwo ŋu be woawo hã nade dzesi nu mawo.”

Wɔ tɔtrɔ siwo anya wɔ: Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Lé nya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩe.” (Lododowo 3:21) Ne èdea dɔme la, ɖe wò ƒomea ate ŋu anɔ agbe ɖe srɔ̃wò ƒe ga si wòxɔna la ko nua? Be nàte ŋu aɖo nya sia ŋu la, bu ga si tututu susɔna ɖe asiwò ne èɖe adzɔwo, ga si vidzikpɔƒewo xɔna, ʋuɖofe, awuwo ƒeƒle, nu ɖuɖu le nuɖuɖudzraƒewo, kple bubuawo le wò fetu me nàkpɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woaxɔ adzɔ gã ɖe srɔ̃wò ƒe ga si wòkpɔna la dzi nenye be mia kple evea ƒe ga ƒe ƒuƒoƒo da mi ɖe fetu gã xɔlawo dome. Ðewohĩ awɔ nuku na wò be ga sue aɖe koe asusɔ ne èɖe nusiawo le eme.

Ame aɖewo wɔa dɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko alo awɔ dɔ le afisi te ɖe aƒe ŋu, si ɖewohĩ afia be woakpɔ ga sue aɖe ko gake ana woakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe wo viwo ŋu. Ne ètiae be yeadzudzɔ dɔwɔwɔ eye wò dɔae nye nu vevi si na nèsena le ɖokuiwò me be asixɔxɔ le ye ŋu eye yekpɔ dzidzedze la, ke bu tame tso alesi nàyi edzi aɖo nu vevi siawo gbɔ esime nèle aƒeme ŋu.

❖ Bia kpekpeɖeŋu: Mawu ƒe Nya la ɖee fia zi geɖe be ‘kpekpeɖeŋu biabia’ ate ŋu ahe nu nyuiwo vɛ. (Mose II, 2:23, 24; Psalmo 34:15) Ele be vidada nabia kpekpeɖeŋu tso srɔ̃a gbɔ. Le eƒe asikpekpeɖeŋu me la, miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò ale be miakpɔ ɣeyiɣi aɖo taɖodzinu siwo mieɖo ɖekae la gbɔ—abe ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe ɖeviawo ŋu ene. Ne anya wɔ la, vidada ate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ, siwo anye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo dzi mieka ɖo siwo hã si miaƒe didiwo kple taɖodzinu mawo tɔgbe le.

Vidada geɖe kpɔa kpekpeɖeŋu xɔasi tsoa haxɔsetɔ siwo le Kristo-hamea me gbɔ. María, vidada si si vi etɔ̃ le, de dzesii be “kadodo kplikplikpli kple hamea” nye mɔ ɖeka si dzi “Mawu tona ɖea eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ fiana le be etsɔa ɖe le eme na mí.”

Ðo ɣeyiɣi ɖi na ɖiɖiɖeme: Yesu, ame deblibo si si ŋusẽ geɖe nɔ gɔ̃ hã kpe eƒe nusrɔ̃lawo be yewoayi ‘gbedzi ne yewoadzudzɔ yewo ɖokui ʋɛ.’ (Marko 6: 30-32) Be nàkpɔ dzidzedze abe vidada ene la nɔ te ɖe ŋutete si le asiwò be nàda asɔ le nɔnɔme sesẽwo me dzi. Nyateƒee wònye be viwòwo hiã wò, gake wodi hã be nàkpɔ dzidzɔ ahakpɔ dzidzeme. Èhiã ɖiɖiɖeme si sɔ.

Ðoɖo le Angela, si ŋu nya míegblɔ va yi, la si na ɖiɖiɖeme: “Meɖo ɣeyiɣi si me fuɖename manɔ o ɖi le ŋdime. Ne mede ɖeke o la, meɖo gaƒoƒo afã na ɖokuinye. Eye mía kple srɔ̃nye míeɖo fiẽ ɖeka alo eve ɖi kwasiɖa ɖesiaɖe le ɣeyiɣi si me mía viwo le aƒea ƒe akpa bubu le nu bubu aɖe wɔm. Eyata míete ŋu zãa gaƒoƒo ɖeka na mía ɖokui.”

Da gbɔgbɔmenuwo ɖe nɔƒe vevitɔ: Wode dzesii be kuxi siwo le vidadanyenye me nu gasẽna ɖe edzi ne woŋe aɖaba ƒu taɖodzinuwo dzi eye womede dzesi nu vevitɔwo o. Kristotɔwo ƒe ƒomewo kpɔa dzidzɔ nenye be wowɔ nu aduadu be woada Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖe nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.” (Timoteo I, 4:8) Ƒome si sroa Mawu ɖa eye wowɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi abe alesi wòdze le Biblia me ene la akpɔ dzidzɔ. Nenye be ame ɖeka koe le ƒomea me si wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi gɔ̃ hã la, nuwo kana ɖe eme wu ne ame aɖeke mele ewɔm kura o.

Adele, si nye vidada Kristotɔ si dea dɔme ɣesiaɣi, kpɔ viɖe siwo le susu dada ɖe gbɔgbɔmenuwo dzi me la dze sii. Egblɔ be: “Míekpɔ mɔfiame kple nyatakaka gbogbo aɖewo le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me siwo na hehe mí le nusi dzea ŋgɔ mía viwo kple alesi míate ŋu akpe ɖe wo ŋui me. Ekpɔkpɔ be viwòwo le wɔwɔm ɖe gbɔgbɔmenu siwo nèle wo fiam dzi la hea dzidzeme ŋutɔŋutɔ vɛ. Ne èkpɔ ŋgɔyiyi sue aɖe le woƒe agbenɔnɔ kple alesi wobua tamee me la, àkpɔe be wole nufiameawo gɔme sem eye be kutsetse nyuiwo le dodom tso wò agbagbadzedzewo me.” *

Ẽ, anya wɔ be woaɖu kuxi siwo le vidadanyenye me la dzi dzidzedzetɔe. Mawu ŋutɔ na ŋugbedodo sia si faa akɔ na ame be vidada siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe hele kutri kum eye woka ɖe eyama dzi la ƒe agbagbadzedzewo manye dzodzro o. Vidada siwo le ƒomedodo me kplii la ate ŋu akpɔ akɔfafa tso eƒe ŋugbedodo sia me be, ‘yeana lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te la.’—Yesaya 40:29.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowo ta Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe siwo ŋu wotrɔ asi le le hehenana ɖeviwo me. Wo dometɔ aɖewoe nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, Questions Young People Ask—Answers That Work, kple Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona.

[Aɖaka si le axa 10]

Vidada ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Ne ènye vidada la, ke ɖewohĩ ɣeaɖewoɣi nèbua ŋusẽ si gbegbe kpɔm nèle ɖe viwòa ƒe agbenɔnɔ dzi ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, ŋusẽ si gbegbe ɖeviawo hatiwo, nufialawo, woƒe modzakaɖeɖe, video fefewo, kple haƒoƒo kpɔna ɖe wo dzi la adze abe ɖe wogbɔ tɔwòa ŋu ene.

Bu Yoxebed, Mose dada, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Nɔnɔme sesẽ ŋutɔ mee wòto le eƒe agbenɔɣi eye mekpɔ ŋusẽ boo aɖeke ɖe nusi ava dzɔ ɖe via dzi la dzi o. Ke hã ewɔ mɔnukpɔkpɔ si nɔ esi la ŋudɔ tsɔ trɔ asi le eŋu wòtsɔ tsii. Gbã la, eɖe xɔse sẽŋu fia esi wòwɔ nusianu si wòate ŋui be woagawu Mose o. Mawu ɖo eƒe xɔsea teƒe nɛ, menye le vidzĩa ƒe agbe takpɔkpɔ ko me o, ke egaʋu mɔ hã be Yoxebed te ŋu nyii—eye wònye dadaa.​—Mose II, 1:15, 16; 2:1-10.

Eme kɔ ƒã be Yoxebed ƒe hehenana kpɔ ŋusẽ ɖe via ƒe amenyenye dzi. Alesi wònye nyateƒe be Mose ƒe dzi ku ɖe Hebritɔwo kple woƒe Mawu ŋu togbɔ be wova nyii le Egiptetɔwo ƒe fiaƒomea me hã la ɖee fia be edzilawo ƒe amehehe kpɔ ŋusẽ ɖe edzi esime wònye ɖevi.​Hebritɔwo 11:24-26.

Abe vidada ene la, anye be mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋu ɖi na wò wu alesi wòʋu ɖi na Yoxebed be nàkpɔ ŋusẽ ɖe viwòa dzi. Ðe nèle mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ wɔm nyuie be le ƒe ʋɛ siwo nye viwòa ƒe ɖevimenɔɣi la, nàzãe atsɔ afia viwòa Mawu ƒe mɔfiame siwo nu metsina gbeɖe oa? Alo ɖe nèle mɔ ɖem be nuwɔna siwo yia edzi le nutoa me la boŋ le ŋusẽ gãtɔ kpɔm ɖe viwòa dzi esi wòle tsitsima?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Na woakpe ɖe ŋuwò le aƒea me, ɖo ɣeyiɣi na ɖokuiwò, eye da gbɔgbɔmenuwo ɖe nɔƒe gbãtɔ