Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vidadawo ƒe Agbanɔamedziwo

Vidadawo ƒe Agbanɔamedziwo

Vidadawo ƒe Agbanɔamedziwo

Fɔŋli ga 4:50. Vidzĩ Alex si le avi fam eye alɔ̃ le mo nɛ la te yi dadaa Helen xa. Wo vi eve bubuawo—Penny (si xɔ ƒe 5) kple Joanna (si xɔ ƒe 12)—kpakple wo fofo, Nick, le alɔ̃ dɔm. Helen kɔ Alex mlɔ abaa dzi eye wòna noe. Helen mete ŋu ne wòagadɔ alɔ̃ o.

Ŋdi ga 5:45. Helen zɔ dzadzadza ge ɖe dzodoƒe, eɖo tsi dzo dzi na kɔfi wɔwɔ eye wòtsɔ agbalẽ le xexlẽm.

Ŋdi ga 6:15–7:20. Nick nyɔ. Helen nyɔ Penny kple Joanna, eye wòɖa ŋdinu hewɔ aƒeme dɔ aɖewo. Le ga 7:15 me la, Nick kplɔ Joanna yi suku, eye wòtɔ edzi yi dɔ me. Helen dada va Alex gbɔ nɔ ge.

Ŋdi ga 7:30. Helen kplɔ Penny yi ɖe afisi wòle abɔdzokposuku dem le. Helen zã ɣeyiɣi si wòle mɔ dzi yina dɔme tsɔ de ŋugble le nusi vidadanyenye bia ŋutɔŋutɔ ŋu. Egblɔ be: “Enye dɔ sesẽtɔ kekeake nam.”

Ŋdi ga 8:10. Dɔ geɖe dze ŋgɔ Helen si wòle be wòawɔ. Enye nusi ŋu wòbua tame le vevie be dɔa ate ŋu age le ye si, ne yegafɔ fu ake. Evɔ ƒomea hiã ga geɖe.

Ŋdi ga 10:43. Esi woƒo ka na Helen—tso viawo ŋu—vɔ la, eƒe dɔwɔhati Nancy fa akɔ nɛ be: “Èle agbagba dzem ŋutɔ le viwòwo dzi kpɔkpɔ me.” Aɖatsi ge le mo na Helen.

Ŋdɔ ga 12:05. Helen tsɔ abolo si me wode lãe, esi wònɔ eɖum la, ebu tame tso ɣeyiɣi si do ŋgɔ na vianyɔnuvi gbãtɔ dzidzi ŋu. Ɣemaɣi la, ewɔ ɖoɖo ɖe nu geɖe siwo wòawɔ le eƒe “vovoɣiwo” ŋu. Eƒo nya ta be, ‘Mɔkpɔkpɔ mawo katã tsi akpo dzi!’

Ŋdɔ ga 3:10. Le kaƒoƒo geɖe xɔxɔ tso aƒeme ku ɖe Alex ƒe fuɖenamewo ŋu megbe la, Helen ɖe kadodo tɔxɛ si le woa kple viawo dome gblɔ, be: “Lɔlɔ̃ sia tɔgbe menɔ menye na ame bubu aɖeke kpɔ o.” Seselelãme deto sia kpe ɖe eŋu be wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siwo mekpɔ mɔ na le gɔmedzedzea me o la nu.

Fiẽ ga 5:10. Le Joana kɔkɔ tso suku megbe la, Helen to teƒe aɖewo na nanewo gbɔ kpɔkpɔ. Eyɔ Nick le telefon dzi gblɔ nɛ be wòaɖo ŋku edzi akɔ Penny ava aƒeme.

Fiẽ ga 6:00–7:30. Helen gbɔ va ɖo aƒeme, eye wòxɔ ɖevia be Mama hã navo vie le ‘Alex gbɔ kpɔkpɔ’ me eye wòwɔ aƒemedɔwo heɖa fiẽnuɖuɖu. Esi wobia nya Helen ku ɖe vidzĩ ƒe nuhiahiãwo ŋu la, efa konyi be: “Vidzĩ media nanake tsɔ wu dadaa ƒe ameti bliboa katã o: be ye dada nakɔ ye, yeanɔ ye dada ŋutɔ gbɔ, yeano no eye be yeaxɔ alɔ̃ le dadaa si.”

Fiẽ ga 8:30–10:00. Helen kpe ɖe Joanna ŋu le suku ƒe dɔdasiwo wɔwɔ me, eye wòna no Alex. Esi Nick nɔ agbalẽ xlẽm na Penny gaƒoƒo afã la, Helen gayi aƒeme dɔ bubuwo wɔwɔ dzi.

Zã ga 11:15. Esime Penny kple Joanna dɔ alɔ̃ la, Alex ya gale ŋu le dadaa ƒe akɔ, gake eyi alɔ̃me mlɔeba. Helen gblɔ na Nick, si nɔ alɔ̃ dɔm afã kple afã le gaƒoƒo ma me be, “Ewɔ nam be edɔ alɔ̃ azɔ.”