Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋusɔgbɔdɔ—Mɔxexeɖenu Kple Enuléle

Ʋusɔgbɔdɔ—Mɔxexeɖenu Kple Enuléle

Ʋusɔgbɔdɔ​—Mɔxexeɖenu Kple Enuléle

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE BRAZIL GBƆ

MARIAN vɔ̃ ŋutɔ! Ʋu te dodo tso eƒe ŋɔtime fũ ŋutɔ le vome. Egblɔ be: “Mebu be mele kukuge.” Ðɔkta aɖe gblɔ na Marian be ʋusɔgbɔe na ʋu nɔ dodom tso eƒe ŋɔtime. Marian ɖo eŋu be: “Gake mele sesĩe.” Ðɔktaa ɖo eŋu be: “Ame geɖe menya be ʋusɔgbɔdɔ le yewo ŋu o elabena womekpɔa eƒe dzesi aɖeke o.”

Wò ʋu sina nyuiea? Ðe agbe si nɔm nèle fifia ate ŋu ana ʋusɔgbɔdɔ nalé wò le etsɔmea? Nukae nàte ŋu awɔ be wò ʋu nanɔ sisim nyuie ɣesiaɣi? *

Alesi ʋu sina toa ʋukawo me lae ɖea eƒe ŋusẽ fiana. Woate ŋu adzidze ŋusẽ si ʋua tsɔ le sisim la kple mɔ̃ aɖe si ŋu aŋe, si wotsɔ blaa abɔ si ate ŋu avu ne wode ya eme, kpe ɖo. Xexlẽdzesi evee wòɖena fiana. Le kpɔɖeŋu me: 120/80. Xexlẽdzesi gbãtɔa fia ŋusẽ si ʋua tsɔ sinae ne dzia le tsotsom, eye xexlẽdzesi evelia fia ŋusẽ si nɔa ʋua si ne dzia gbɔ ɖe eme. Milimeta si nu mercury si le mɔ̃a me tsɔ yi dzii ye ɖea ʋua ƒe sisi ƒe ŋusẽ fiana, eye atikewɔlawo bua dɔnɔ siwo ƒe ʋu ƒe sisi ŋusẽ gbɔ 140/90 ŋu dea ʋusɔgbɔdɔlélawo dome.

Nukae naa ʋua ƒe sisi ƒe ŋusẽ yia dzi? Tsɔe be yele tsi dem wò abɔ me nukuwo. Ne èʋu pɔmpia gã alo ɖo asi tsia nu la, ŋusẽ si tsia tsɔ donae la nu sẽna. Nenema kee wòdzɔnae le ʋu ƒe ŋusẽ gome: Ʋua ƒe sisi ƒe tsɔtsɔme alo ʋukaa me ƒe xexee dzia ʋua ƒe ŋusẽ ɖe edzi. Alekee ʋusɔgbɔdɔ wɔna léa ame? Elɔ nu geɖe ɖe eme.

Nusiwo Ŋu Màte Ŋu Awɔ Neneke Le O

Numekulawo de dzesie be, ne ʋusɔgbɔdɔ le ame aɖe ƒe ƒome me la, ele bɔbɔe be eya hã naxɔ dɔléle sia. Akɔntabubuwo ɖee fia be ʋusɔgbɔdɔ te ŋu léa venɔvi siwo ɖi wo nɔewo wu esiwo meɖi wo nɔewo o. Wowɔ numekuku aɖe “le domenyiŋusẽmenugbagbevi siwo naa ʋusɔgbɔdɔ la ŋu,” siwo katã ɖo kpe edzi be nusiwo te ŋu naa wonyia ʋusɔgbɔdɔ dome la li. Wode dzesii hã be ʋusɔgbɔdɔ nu sẽna ɖe edzi ne ame le tsitsim, vevietɔ le ame yibɔ ŋutsuwo dome wu.

Nusiwo Ŋu Nàte Ŋu Atrɔ Asi Le

Lé ŋku ɖe nusiwo nèɖuna ŋu! Dze (sodium) ate ŋu adzi ame aɖewo ƒe ʋu ƒe ŋusẽ ɖe edzi, vevietɔ amesiwo ŋu suklidɔ le, amesiwo ŋu ʋusɔgbɔdɔ sẽŋu le, ame tsitsiwo, kple ame yibɔ aɖewo. Aminu si asɔ gbɔ fũ ɖe ʋua me ate ŋu awɔe be ʋukawo me (atherosclerosis), naxe si ana ŋusẽ si ʋua tsɔ sinae la nu nasẽ ɖe edzi. Amesiwo ƒe kpekpeme wu alesi wòle be woanɔ ƒe alafa memama 30 la ate ŋu alé ʋusɔgbɔdɔ bɔbɔe. Numekukuwo doe ɖa be nusiwo me potassium kple calcium le la ɖuɖu wòasɔ gbɔ ate ŋu aɖe ʋu ƒe sisi ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ.

Atamanono te ŋu naa ame xɔa ʋukamexexedɔ, suklidɔ, dzidɔ, kple tutudɔ bɔbɔe wu. Le esia ta, atamanono kple ʋusɔgbɔdɔ nye afɔkunu eve siwo ne wotsaka la, ate ŋu ahe dzi kple ʋuka me dɔlélewo vɛ. Togbɔ be kpeɖodziwo mesɔ o hã la, caffeine—si le kɔfi, tii, kple aha siwo wotsɔ bisi ɖae me—kpakple seselelãme kple ŋutilã me nuteɖeamedziwo ate ŋu ana be ʋusɔgbɔdɔ nasẽ ɖe edzi. Gakpe ɖe eŋu la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya be ahamuamewo nono fũ akpa kple kamemademade ate ŋu adzi ʋu ƒe sisi ƒe ŋusẽ ɖe edzi.

Agbe Ðɔʋu Nɔnɔ

Anye vodada be ame nalala be ʋusɔgbɔdɔ nalée hafi wòate agbagbadzedze le eŋu. Ele be ame natsɔ ɖe le agbe ɖɔʋu nɔnɔ me tso ɖevime. Ŋuɖɔɖɔɖo fifia awɔe be ame nanɔ lãmesẽ me nyuie le etsɔme.

Ʋusɔgbɔdɔ Ŋuti Kpekpe Etɔ̃lia si Wowɔ le Brazil ɖe tɔtrɔ siwo wòhiã be woawɔ le agbenɔnɔ me be wòaɖe ŋusẽ si ʋu tsɔ sinae dzi akpɔtɔ la fia. Wonye mɔfiame nyuiwo na amesiwo ŋu ʋusɔgbɔdɔ le kple amesiwo ŋu mele o.

Le ame lolowo gome la, numekulawo kafu nuɖuɖu siwo me ŋusẽ mele fũ o ɖuɖu, asaƒoƒo na nuɖuɖu siwo ‘wobe woɖea lolo dzi kpɔtɔna le ɣeyiɣi kpui aɖe me’ la ɖuɖu, eye woayi edzi anɔ kame si sɔ la dem. Le dzeɖuɖu gome la, wogblɔ be mele be woaɖui wu gram ade alo gatsi sue ɖeka gbeɖeka o. * Le ewɔwɔ ŋutɔŋutɔ me la, ema fia be woaɖe dze si wodea nuɖuɖu me la dzi akpɔtɔ, eye woaɖe ganumenuɖuɖuwo, ʋulã ɖaɖa si wodea dze fũ (salami, ham, sausage, kple bubuwo), kple nuɖuɖu siwo dze su akpa. Woagate ŋu aɖe dzeɖuɖu dzi akpɔtɔ to dze bubu mademade nuɖuɖu me le nua ɖuɣi kple nuŋlɔɖi si le ganumenuwo dzi xexlẽ be woakpɔ dze agbɔsɔsɔ si wode wo me.

Wodoe ɖa le Brazil Kpekpea me hã be, woaɖu nu siwo me Potassium le la wòasɔ gbɔ elabena “ʋusɔgbɔdɔ nu tsinuwo” ate ŋu anɔ eme. Esi nyaa le alea ta, ele be nuɖuɖu si doa lãmesẽ ɖe ŋgɔ nanye “esiwo me sodium mesɔ gbɔ ɖo o eye potassium ya sɔ gbɔ ɖe eme,” siwo dometɔ aɖewoe nye ayi, amagbewo, akɔɖu, adzamatre, karɔt, beet, tomatos, kple aŋuti. Ele vevie hã be woada asɔ le ahamuamewo nono me. Numekula aɖewo de dzesii be mele be ŋutsu siwo ŋu ʋusɔgbɔdɔ le la, nano ahamuame woawu kɔŋkɔvi ɖeka gbeɖeka o; eye mele be nyɔnuwo alo amesiwo mekpena o la nano wu kɔŋkɔvi ƒe afa o. *

Brazil Kpekpea ƒo eta be kamedede edziedzi ɖea ŋusẽ si ʋu tsɔ sinae dzi kpɔtɔna eye ʋusɔgbɔdɔ mete ŋu léa amesiwo ƒe ʋu sina nyuie la bɔbɔe o. Kamedede si sɔ, abe azɔlizɔzɔ, gasɔdodo, kple aɖabaƒoƒo 30 vaseɖe 45 ƒe tsiƒuƒu ene, zi etɔ̃ va ɖo zi atɔ̃ le kwasiɖa me nye nusi ɖea vi ŋutɔ. * Nu bubu siwo ŋu wogblɔ le be wonaa lãmesẽ nyuie nye asiɖeɖe le atamanono ŋu, ʋumemi (cholesterol kple triglycerides) dzi ɖeɖe kpɔtɔ kple suklidɔ nulèle, calcium kple magnesium agbɔsɔsɔme si sɔ la ɖuɖu, kpakple ŋutilã me kple seselelãme nuteɖeamedziwo dzi ɖuɖu. Atike aɖewo, abe wɔɖitikewo, acid dziɖekpɔtɔtike siwo me sodium sɔ gbɔ ɖo, atike siwo na dɔ wua ame, kple vevesesenutsitike siwo me caffeine le si wozãna na taɖuamewo alo asrã ene, ate ŋu adzi ʋu ƒe sisi ɖe edzi.

Le nyateƒe me la, ne ʋusɔgbɔdɔ le ŋuwò la, wò ɖɔktae ate ŋu aɖo wò nuɖuɖu kple nuwɔnawo ŋuti ɖaŋu nawò, le wò hiahiãwo nu. Nɔnɔme ka ke mee nèɖale o, ɖetsɔtsɔ le nusiwo doa lãmesẽ ɖe ŋgɔ me tso ɖevime nye nusi ŋu viɖe nɔna ɣesiaɣi, menye na ʋusɔgbɔdɔlélawo ɖeɖeko o ke na ƒomea me tɔwo katã. Eva hiã be Marian, si míeyɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze, nawɔ asitɔtrɔwo le eƒe agbenɔnɔ me. Togbɔ be eƒe lãmesẽkuxia gale eŋu hã, ele atikewo nom fifia henɔa agbe abe amesiame ko ene. Ke wò ya ɖe? Esime míele ɣeyiɣi si me amewo katã anɔ lãmesẽ me eye “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” lalam la, nɔ ŋku lém ɖe wò ʋu ƒe sisi ŋu!​Yesaya 33:24.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Nyɔ! metɔa asi dɔdamɔnu aɖeke koŋ dzi o, elabena ame ŋutɔe wɔa ema ŋuti nyametsotso.

^ mm. 15 Ne ʋusɔgbɔdɔ alo dzidɔ, aklãdɔ, alo ayikudɔ le ŋuwò eye woda wò ɖe atike dzi la, yi ɖabia wò atikewɔla sodium kple potassium agbɔsɔsɔme si wòle be nazã gbesiagbe lae.

^ mm. 16 Ahamuame kɔŋkɔvi ɖeka sɔ kple ahasesẽ (wiski, vodka, kple bubuawo) kɔŋkɔvi 2, wein kɔŋkɔŋvi 8, alo beer kɔŋkɔvi 24.

^ mm. 17 Dzro kamedede ƒe ɖoɖowɔɖi si nèhiã la me kple wò ɖɔkta.

[Aɖaka si le axa 14]

AKƆKPEKPE KPLE ƲUSƆGBƆDƆ

1. Nusiwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ame Ŋu be Woatrɔ Asi Le Ʋusɔgbɔdɔ Ŋu

• Ðe wò kpekpeme dzi kpɔtɔ

• Ðe dze ɖuɖu dzi kpɔtɔ

• Ðu nu siwo me potassium sɔ gbɔ ɖo

• Ðe ahamuamewo nono dzi kpɔtɔ

• Nɔ kame dem edziedzi

2. Nu Bubu Siwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ame Ŋu Wòatrɔ Asi Le Ʋusɔgbɔdɔ Ŋu

• Atike siwo me calcium kple magnesium le la nono

• Nuɖuɖu siwo me atsa sɔ gbɔ ɖo la ɖuɖu

• Nusiwo ɖea nuteɖeamedziwo dzi kpɔtɔna wɔwɔ

3. Afɔɖeɖe Bubuwo

• Dzudzɔ atama nono

• Ðe aminuwo ɖuɖu dzi kpɔtɔ

• Lé suklidɔ nu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ƒo asa na atike siwo ate ŋu adzi ʋu ƒe sisi ɖe edzi nono

Woɖe nya siawo tso Ʋusɔgbɔdɔ Ŋuti Kpekpe Etɔ̃lia si Wowɔ le Brazil ƒe nyawo me.—Revista Brasileira de Clínica & Terapêutica.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Kamedede edziedzi kple nuɖuɖu nyui kpena ɖe ame ŋu be wòaxe mɔ ɖe ʋusɔgbɔdɔ nu ahalé enu