Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aʋadzidela alo Ŋutifafadilae?

Aʋadzidela alo Ŋutifafadilae?

Aʋadzidela alo Ŋutifafadilae?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SWEDEN GBƆ

Ƒe sia ƒe la, wonaa Nobel nunana ame ɖekaɖekawo alo habɔbɔ siwo wɔ akpa vevi aɖe tsɔ do amegbetɔwo ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ le dɔ vovovowo me. Ɣekaɣie nuwɔna sia dze egɔme, eye aleke wòdo ƒome kple xexeame ƒe ŋutifafa didi?

WOGBLƆNA be ewɔ ɖe na amegbetɔwo, ke hã eƒo kesinɔnu gbogbowo nu ƒu to aʋawɔnuwo dzadzra me. Amekae nye ma? Eyae nye Alfred Bernhard Nobel, Swedentɔ adzɔnuwɔla kple atikedokpɔla. Wokafua Nobel ɖe eƒe dɔmenyonuwɔnawo ta, gake wogayɔnɛ hã be “kusitsala.” Nukatae? Elabena Nobel ye to dynamite vɛ, eye wòkpɔ kesinɔnuwo le eƒe agbenɔɣi to ametsrɔ̃nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ kple edzadzra me.

Gake le Nobel ƒe ku megbe le ƒe 1896 me la, woke ɖe nu dovoɖiname aɖe ŋu. Eŋlɔ ɖe eƒe domenyinumagbalẽ me be woadzra United States dɔlar miliɔn 9 ɖo eye woatsɔ viɖe siwo dzea edzi ana ame ɖekaɖeka siwo wɔ dɔ ɖedzesiwo le dzɔdzɔmeŋusẽŋununya, atikewo dodo kpɔ, atikeŋutinusɔsrɔ̃, agbalẽwo ŋɔŋlɔ, kple ŋutifafa didi me.

Gbã la, ame geɖewo tɔtɔ. Nukatae ametsrɔ̃nu vɔ̃ɖi dzrala natsi dzi vevie be yeana nu dɔnyuiwɔlawo kple amesiwo te ŋu he ŋutifafa vɛ gɔ̃ hã? Ame aɖewo susui be anye be tu siwo Nobel zã eƒe agbenɔɣi nɔ wɔwɔm vɔ̃ɖi ale gbegbe be eƒe dzitsinya va nɔ fu ɖem nɛ. Gake ame bubu aɖewo hã xɔe se be Nobel nɔ agbagba dzem be yeahe ŋutifafa vɛ tso gɔmedzedzea me ke. Nyateƒee, anya xɔe se be ne aʋawɔnuwo va le nu gblẽm ɖe edzi la, ekema aʋawɔwɔ dzi aɖe akpɔtɔ. Wogblɔ be egblɔ na agbalẽŋlɔla aɖe be: “Ðewohĩ nye mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe atsi aʋawɔwɔ nu do ŋgɔ hafi miaƒe sewɔtakpekpewo ava ke ɖe enutsimɔnu aɖe ŋu.” Egagblɔ kpee be: “Gbesigbe aʋakɔ eve atsrɔ̃ wo nɔewo keŋkeŋ zi ɖeka la, ŋɔdzi alé dukɔ deŋgɔwo eye woaɖe woƒe asrafohawo ɖa.”

Ðe nya si Nobel gblɔ ɖi va emea? Nukae míesrɔ̃ le ƒe alafa si va yi me le Nobel ƒe ku megbe?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

“Medi be mato nane alo mɔ̃ sesẽ aɖe vɛ si ate ŋu awu ame gbogbowo zi ɖeka si ana aʋa maganya wɔ akpɔ gbeɖe o”​ALFRED BERNHARD NOBEL

[Picture Credit Lines on page 3]

Page 2: Missile: U.S. Navy photo; building rubble: UN PHOTO 158178/J. Isaac; page 3: Nobel: © Nobelstiftelsen