Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa na Amesiwo Le Konyi Fam

Akɔfafa na Amesiwo Le Konyi Fam

Akɔfafa na Amesiwo Le Konyi Fam

ŊƆDZINUWƆLAWO ƒe New York City kple Washington, D.C., dzi dzedze le September 11, 2001, dzi na ŋɔdzi lé amewo ale gbegbe le xexeame katã. Le ŋkeke ɖeka dzi la, ame akpe geɖe siwo dome dzotsila dzinɔameƒotɔwo, kpovitɔwo, kple lãmesẽdɔwɔla alafa geɖe le la ku.

Tso esime afɔku ma dzɔ la, Yehowa Ðasefowo wɔ ɖeka dze agbagba vevie be yewoafa akɔ na amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo tsi afɔkua me. Wowɔ nu alea bene ‘woada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu’ eye be ‘woafa akɔ na konyifalawo katã.’—Yesaya 61:1, 2.

Le ƒe siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo de dzesii be amesiwo bu lɔlɔ̃tɔwo le ku me dea ŋugble le biabia siwo gbɔna ŋu zi geɖe. Ŋuɖoɖoawo le Biblia me. Nukata màxlẽ Ŋɔŋlɔ siwo me nya wogblɔ ɖe ete, le wò ŋutɔ wò Biblia me o?

Ðe woɖoa ame ƒe ku ɖia?

Biblia gblɔ le Nyagblɔla 9:11 be “azãgbe kple nuɖiɖeame” (“nusi womele mɔ kpɔm na o,” New English Bible) dzɔna ɖe ameƒomea katã dzi. Ne ɖe woɖoa ame ƒe ku dana ɖi la, nukata Biblia de ametakpɔnuwo zazã ƒe dzi ƒo?—Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Mose V, 22:8.

Nukata míekuna?

Anyigba dzi paradiso mee woda amegbetɔ gbãtɔ eveawo, Adam kple Xawa ɖo. Ne ɖe woyi edzi ɖo to Mawu la, anye ne womeku o. Amegbetɔwo ƒe tomaɖomaɖo Mawu koe nye nusi ahe ku vɛ. (Mose I, 1:28; 2:15-17) Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa gbe toɖoɖo wo Wɔla. Emetsonua enye be, wokpɔ tohehe—si nye ku. Esi wònye Adam kple Xawa mee amegbetɔwo katã dzɔ tso ta la, wo katã wonyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome tso wo gbɔ. Biblia ɖe eme be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi.”—Romatɔwo 5:12.

Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?

Le Adam ƒe aglãdzedze megbe la, Mawu gblɔ be: ‘Àtrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!’ (Mose I, 3:19) Eyata ku nye naneke kura manyamanya ƒe nɔnɔme—le nyateƒe me la, enye anyimanɔmanɔ. Biblia la gblɔ be: ‘Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke kura o.’ (Nyagblɔla 9:5) Biblia gblɔ hã be ne ame ku la, ‘egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.’Psalmo 146:3, 4.

Luʋɔ mele mía si si yia edzi nɔa agbe le ku megbe oa?

Biblia fia nu eme kɔ ƒã be nusi luʋɔ nye koe nye wò ŋutɔ, ke menye nu bubu aɖe si le mewò si ayi edzi anɔ agbe ne èku o. (Mose I, 2:7; Lododowo 2:10; Yeremya 2:34) Esi nyaa le alea ta la, míate ŋu agblɔe wòasɔ be ne ame ku la, luʋɔ enye ma ku. Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be: “Luʋɔ [si nye, amea ŋutɔ] si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.”—Xezekiel 18:4.

Mɔkpɔkpɔ kae li na amesiwo ku?

Biblia ɖee fia be Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be yeagbɔ agbe ame kukuwo to wo fɔfɔ ɖe tsitre va paradisonyigba dzi, afisi dɔléle kple ku maganɔ o me. Yesu gblɔ be: ‘Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe eye woado go.’—Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ esime wònɔ nu ƒom tso exɔlɔ̃ Lazaro si ku teti ŋu. (Yohanes 11:11-13) Gawu la, esi Yesu fɔe ɖe tsitre la, Lazaro megblɔ nya aɖeke ku ɖe funyafunyawɔame ƒe nɔƒe aɖe alo dzidzɔkpɔkpɔ ƒe teƒe aɖe yiyi le ɣeyiɣi kpui si me wònye ame kuku la ŋu o. (Yohanes 11:37-44) Gɔmesese le esia ŋu, elabena kukuawo menyaa naneke o. Womesea funyafunyawɔame o, ke boŋ wole “gaƒoƒo” si me woafɔ wo ɖe tsitre la lalam. Vevietɔ wu la, nyateƒe si wònye be Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la ɖee fia be kukuawo agate ŋu ava nɔ agbe ake. Nyateƒee, Yesu tsɔ nukunu sia ɖe nusi adzɔ le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi la ƒe sue aɖe fia. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Akɔfafa ka gbegbee nye si ema nye na amesiwo bu woƒe lɔlɔ̃tɔwo le ku me le ʋunyaʋunya ɣeyiɣi siawo me!