Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Amewo Le Dodom Le Subɔsubɔha Nyanyɛwo Me?

Nukatae Amewo Le Dodom Le Subɔsubɔha Nyanyɛwo Me?

Nukatae Amewo Le Dodom Le Subɔsubɔha Nyanyɛwo Me?

SUSUBƆSUBƆHA SIWO GBLƆNA be Yesu Kristo ƒe nufiafia dzie yewotu yewo tɔ ɖo la me tɔwo anɔ biliɔn 1,700,000,000. Wobu Kristodukɔa be enye subɔsubɔha gãtɔ kekeake le xexeame, eye wògbɔ subɔsubɔha xɔŋkɔwo abe Buddha, Hindu, kple Islam gɔ̃ hã ŋu. Gake nyatakakawo ɖee fia be dukɔ geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ƒe ame gbogbo aɖewo le dodom le Kristodukɔa me.

Amesiwo si ɖoƒe vovovowo le le hadome la le dodom le woƒe sɔlemewo me. Ronald F. Inglehart, amesi nye numekula le Michigan Yunivɛsiti eye wòganye Xexeame ƒe Agbenyuinɔnɔ Ŋuti Numekuha ƒe dɔdzikpɔla gblɔ be mawusubɔsubɔ le to yim le dukɔ deŋgɔwo me. Magazine si nye Bible Review yɔ eƒe nya siwo wògblɔ be: “Menye sɔlemedede kwasiɖa sia kwasiɖa koe yi to o, ke boŋ Latin Amerika dukɔwo le mawunyadɔgbedeawo hã dɔm fifia be woava ɖe dukɔ siwo ɖu wo dzi tsã la ƒe luʋɔwo.” Egblɔ be “subɔsubɔha ƒe gbagbã” ɖe dzesi koŋ le dziehe Europa dukɔ aɖewo me. Le Norway kple Denmark la, dukɔa me tɔ 5 le alafa me koe dea sɔleme ɣesiaɣi. Le Sweden la, xexlẽmea ɖiɖi va ɖo ame 4 le alafa me eye le Russia la, eɖiɖi va ɖo ame 2 le alafa me.

Nyatakaka si tso Germany ɖee fia be tso ƒe 1984 va ɖo ƒe 1993 me la, Katolikoha me tɔ siwo dea sɔleme ɣesiaɣi ƒe xexlẽme 25.3 le alafa me si wonya la ɖiɖi va ɖo 19 le alafa me. Kaka ƒe 1992 naɖo la, Protestanttɔ 4 le alafa me koe dea sɔleme Kwasiɖagbewo. Christianity Today ka nya ta le ƒe 1999 me be: “Germantɔ ɖeka koe dea sɔleme le ame ewo dome kwasiɖa ɖesiaɖe.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Guardian ka nya ta le xɔsetɔwo ƒe toyiyi le Britain ŋu be: “Nɔnɔmea mevloe le Kristotɔwo gome alea kpɔ o.” Nyatia yi edzi gblɔ be “eme menyo na nunɔlawo kple nunɔlateviwo le ƒe blaatɔ̃ ƒe ɣeyiɣiwo me si tso ƒe 1950 va ɖo ƒe 2000 me o.” Le nyatakaka tɔxɛ si nyadzɔdzɔgbalẽa yɔ ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le United Kingdom me la, egblɔ be menye ɖeviwo koe megale dzi ɖom ɖe subɔsubɔha gãwo ŋu o, ame tsitsiwo hã le eme. Egblɔ be: “Ame tsitsiwo ƒe Mawudzixɔse me va le gbɔdzɔgbɔdzɔm esi wole tsitsim. Nyatakaka yeye si ŋu woake ɖo ku ɖe nɔnɔmea ŋu ana dzidzi aƒo Britain-sɔlemeha siwo ɖo xaxa me, siwo bua ame tsitsiawo sɔtiwoe le hame siwo le to yim la me.”

Wokpɔ nɔnɔme sia tɔgbe ke le Europa godo hã. Le kpɔɖeŋu me, Canadatɔwo ƒe magazine Alberta Report gblɔ be “subɔsubɔhawo ƒe dzixɔse kple tadedeagu” le to yim le Canada eye amesiwo ade “Canadatɔwo ƒe akpa etɔ̃lia dina be yewoawɔ nu le alesi yewosusu be esɔ ku ɖe Mawu ŋu tsɔ wu be yewoanɔ wɔwɔm ɖe xɔsemeʋuʋu nyanyɛ aɖe ƒe mɔfiame dzi.”

Ame geɖe mesena le wo ɖokui me be, yewokpɔa gbɔgbɔmeyayra alo numekɔkɔ aɖeke kura le sɔlemedede me o. Canadatɔwo ƒe Maclean magazine ka nya ta be, Yudatɔwo kple Katolikotɔ siwo wobia gbee le Himalayan ashram, alo Hindutɔwo ƒe mawusubɔƒe si sa ɖe aga gblɔ woƒe nukpɔsusu be: “Kɔnu siwo me agbe mele o la megaʋãa mí o.” Le nyateƒe me la, wo dometɔ aɖewo siwo de sɔleme veviedodotɔe ƒe geɖe gɔ̃ hã va le biabiam emegbe be, ‘Nuka tututue mesrɔ̃ le sɔleme? Ðe wòna mete ɖe Mawu ŋu wua?’ Mewɔ nuku o be, abe alesi agbalẽŋlɔla Gregg Easterbrook gblɔe ene la, “le Ɣetoɖoƒe la, gbɔgbɔmehedada va xɔ ɖe ŋutilãme ƒe ahedada teƒe si wɔe wòzu ahedada si xɔ aƒe ɖe míaƒe ɣeyiɣia me.”

Ele eme baa be amesiwo dea sɔleme ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu le dukɔ geɖe me. Gake sɔlemedede mefiaa ɣesiaɣi be wowɔna ɖe sɔlemeha la ƒe nufiafia dzi nuteƒewɔwɔtɔe o. Le kpɔɖeŋu me, Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Age gblɔ be le Ɣetoɖoƒe la, “Kristotɔ siwo wɔna ɖe woƒe subɔsubɔha ƒe nufiafia dzi la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ kabakaba. Le Afrika, Asia kple Latin Amerika ƒe akpa geɖe la, Kristotɔnyenye nye nusi ame geɖe tsɔ ɖoa ŋgo nu yia dzi léa dekɔnuwo alo vivimeha ƒe dzixɔse siwo medo ka kple Kristotɔwo ƒe nufiafia nyanyɛ le mɔ aɖeke nu o me ɖe asi, eye zi geɖe la wotsia tre ɖe wo nɔewo ŋu, siwo ŋu wotsi tre ɖo ƒe aɖewo va yi.”

Nukatae ame geɖe, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa le dodom le woƒe sɔlemehawo me? Edze abe nusi gbɔ wòtso koŋ dometɔ ɖekae nye dziɖeleameƒo ene.

Subɔsubɔhawo ƒe Ŋutinya Wɔnublanuia

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Guardian gblɔ be: “Wonya Roma Katolikoha la ƒe ŋutinya wɔnublanuia be ewɔ babla kple fasitɔwo le ƒe alafa 20 lia katã me, tso esime wòkafu General Franco le Spaintɔwo ƒe dukɔmeviʋa megbe va ɖo kpekpeɖeŋu si wòna General Pinochet nyitsɔ laa dzi.” Guardian la gagblɔ le Papa Pius XII, amesi nye bisiɔp le aʋaŋɔli ŋu be, “dzi dzɔe be eya kple [Hitler] woalɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi be wòaƒo asa na fɔbubui be yetsi tre ɖe Ametsɔtsrɔ̃ Gã la ŋu.”

The Age gblɔ be: “Zi geɖe la, amewo ƒe asiƒuakɔ be Kristotɔwo yewonye la nye alakpa. Kristotɔwo mete ŋu kpɔ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si dze be wòanɔ woa ŋutɔwo dome la ta o. . . . Aʋa gbogbo siwo wowɔ eye woha nuwo hedo taflatse be dzimetɔtrɔ na amewo va Kristo gbɔ tae wowɔe ɖo la ɖo kpe esia dzi. Xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ ate ŋu anye Kristotɔwo ƒe nɔnɔme vevitɔwo, gake woate ŋu agblɔ le amesiwo wobuna be woléa nɔnɔme siawo me ɖe asi ŋu be womele nenema kura o, eye dzi ɖena le wo ƒo abe amesiwo menye Kristotɔwo o ke ene, eye ɖewohĩ womeganyoa dɔme wu amesiwo menye Kristotɔwo o. . . . Dukɔ si me tɔwo nye Kristotɔwoe he Ametsɔtsrɔ̃ Gã la vɛ eye Kristotɔwo kee da atɔm bɔmb ɖe Japan.”

Ame aɖewo aʋli Kristodukɔa ta be ɣeyiɣi didi aɖe enye esia wòle dzi dem ƒo be woalé nɔnɔme veviwo abe ŋuɖɔɖɔɖo, dzidodo, ɖokuidziɖuɖu, kple dzɔdzɔenyenye me ɖe asi. Gake The Age gblɔ be: “Zi geɖe la, Kristotɔ siwo le Europa, Dziehe Amerika kple Australia wɔa Anyigba ƒe kesinɔnuwo ŋudɔ wu alesi dze eye woyia dzi zia kpi ɖe dukɔ beli siwo ɖe liƒo kpli wo la ƒe kesinɔnuwo zazã agbadre kple wo teteɖeanyi kpakple gbɔloɖiɖi woƒe nutoa me dzi be woaɖi kɔ na wo ɖokui.”

The Age yi dzi gblɔ le Kristodukɔa ƒe etsɔme ŋu be: “Ne womekpɔ gɔmeɖoanyi like sesẽ na Kristotɔnyenye o la, magate ŋu akpɔ ŋusẽ si wòkpɔ ɖe ame dzi tsã le ƒe alafa siwo va yi me gbeɖe o. Esia anye nu nyui alo nu gbegblẽ ku ɖe nukpɔsusu si ame tsɔ le ebum nu. Gake nu ŋutɔŋutɔ si le Kristodukɔa lalam le ƒe siwo gbɔna mee wònye.”

Subɔsubɔha nyanyɛ siwo le xexeame ƒe nugbegblẽwɔwɔ na be ame geɖe le dodom le sɔlemeha me. Gake ɖe bubu siwo ŋu wotrɔna ɖo azɔ la le woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔma? Egbɔkpɔnue wònyea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Azã kpeɖiwo ɖuɖu menaa gbɔgbɔmedzidzeme amewo o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ame geɖe le dodom le subɔsubɔha nyanyɛwo me le esi wode aʋawɔwɔ kple ŋutasẽdziɖuɖuwo dzi ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

foto: age fotostock