Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunyiamewo Le Gbɔwò

Nunyiamewo Le Gbɔwò

Nunyiamewo Le Gbɔwò

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE MEXICO GBƆ

ANGÉLICA kple eƒe ƒomea me tɔ ewo nɔ du sue aɖe me le Oaxaca nutoa me, le Mexico. Wonye ame dahewo eye nusiwo woɖuna enye blibolo, ayi, atadi veve, mɔlidzogbɔ, abolo vivi, kple tii. Angélica gblɔ be: “Míekɔ o. Míenɔ sue heɖi ka. Míedzea dɔ kabakaba—dɔme ɖua mí, dɔlékuiwo ɖea fu na mí, eye míeléa asrã.”

Angélica kple eƒe ƒomea ɖoe be yewoaʋu ayi Mexico City, henɔ mɔ kpɔm be yewoakpɔ dɔ aɖe awɔ si akpe ɖe yewo ŋu yewoatrɔ asi le yewoƒe ga kuxiwo ŋu. Fifia la, exɔe se be yewoƒe nuɖuɖua ka ɖe eme wu tsã elabena wozãa notsi, azi, ʋulã, notsimi, detsiƒonu sue aɖewo, kple nuɖuɖu siwo ŋu adzɔnuwɔlawo trɔ asi le. Gake ɖe wòna nunyiame va le woƒe nuɖuɖu me wua?

Numaɖumaɖu Nyuie​—Aleke Gbegbee Wòbɔe?

Le xexeame katã la, ame miliɔn 800 ɖo afɔku me le nuɖuɖumasuame ta. Ƒe 1998 me Lãmesẽ Ŋuti Nyatakaka si tso Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gbɔ fia be ɖevi 50 le alafa me siwo kuna doa ŋgɔ na woƒe ƒe atɔ̃lia xɔxɔ la tsoa nunyuimaɖumaɖu gbɔ. Zi geɖe la esiwo te ŋu tsi agbe gɔ̃ hã ƒe lãme mesena o.

Le go bubu me la, ame aɖewo gblɔ be ame miliɔn 800 ƒe agbe ɖo afɔku me le nutsuɖuɖu ta. Nuɖuɖu si me nunyiame vovovo mele o la ate ŋu ana woalé dɔ si nɔa ame ŋu didina abe lolo akpa, amidada ɖe ʋukawo me, ʋusɔgbɔdɔ, suklidɔ, aklãdɔ, kple kansa ƒomevi vovovowo. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒo eta be: “Eyata numaɖumaɖu nyuie lɔ nu geɖe ɖe eme si ƒe ɖewoe nye nuɖuɖumasuame, nunyiame aɖe koŋ makpɔɖui, kple nutsuɖuɖu; eye ewua ame, gblẽa nu le ŋutinuwo ŋu, gblẽa nu le susua ŋu, gblẽa nu le abɔ kple afɔwo ŋu, gbãa ŋku na ame, eye wògblẽa nu le ame ƒe tsitsi ŋu vevie le xexeame katã.”

Nuɖuɖumasuame kple lolo akpa siaa ate ŋu anɔ dukɔ ɖeka ma ke me. Ðevi ƒe nunyuimakpɔɖui kple ame tsitsiwo ƒe lolo akpa si nɔa ame ŋu didina siaa ate ŋu anɔ fu ɖem le aƒe ɖeka ma ke me. Le go aɖewo me la amesi mekpɔ nu nyui ɖu tso ɖevi me o lae va zua amesi lolo akpa le tsitsime. Nɔnɔme mlɔetɔ sia te ŋu dzɔna ɖe amesiwo ʋuna tsoa kɔƒe me yia dugãwo me dzi.

Ame geɖe menya alesi woƒe nuɖuɖu kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe lãmesẽmenɔnɔ dzi o. Ðewohĩ eva dzɔna alea elabena nunyuimaɖumaɖu mekpɔ ŋusẽ ɖe woƒe lãmesẽmenɔnɔ dzi enumake o. Gake nuɖuɖu si me nunyiame vovovowo le ate ŋu axe mɔ ɖe dɔléle geɖewo nu. Le nyateƒe me la, Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa bui be woate ŋu axe mɔ ɖe kansadɔléle 40 le alafa me nu to nuɖuɖu ɖe ɖoɖo nyui nu kple kamedede me. Gake aleke nàwɔ wò nuɖuɖu nanyo ɖe edzi wui?

Alesi Nana Wò Nuɖuɖu Nanyo ɖe Edzi

Ame aɖewo bui be hatsotso etɔ̃ me koŋue nuɖuɖu ma ɖo. Nusiwo le hatsotso gbãtɔ mee nye nukuwo abe bli, lu, mɔli, kple ƒo ƒomeviwo, eye bubuwoe nye nuɖuɖu hamehame siwo ɖona le to me abe anagote kple te ene. Nuɖuɖu siawo si me goma bɔ ɖo nana wokpɔa ŋusẽ kabakaba. Nusiwo le hatsotso evelia mee nye ayi hamehame abe gbagbayi, kple atiyi kpakple nuɖuɖu siwo tso lãwo me, abe ʋulã, tɔmelã, azi, kple notsi kpakple nuɖuɖu siwo wowɔna tsoa eme. Nusiawo mee wokpɔa protein, iron, zinc, kple vitamin geɖe tsonɛ. Atikutsetse kple detsiƒonuwo le ƒuƒoƒo etɔ̃lia me. Woawo mee vitamin kple mineral siwo hiã vevie la nɔna. Wogana atsa kple ŋusẽ nɔa nuɖuɖua me, eye woawo me koe wokpɔa vitamin C, dzɔdzɔmetɔ tsonɛ.

Ðk. Héctor Bourges, amesi nye Mexico Dukɔa ƒe Atike Kple Nunyiamewo Ŋuti Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla le Salvador Zubirán gblɔ be, ele be nuɖuɖu si ana woanɔ lãmesẽ me la nalɔ ƒuƒoƒo etɔ̃awo katã ɖe eme, woasɔ gbɔ, eye woada asɔ. Egblɔ be anyo be “nu ɖekaɖeka tso ƒuƒoƒoawo me nanɔ míaƒe nuɖuɖu ɖesiaɖe me godoo eye míate kpɔ be míanɔ ƒuƒoƒoa me tɔ vovovowo zãm eye míanɔ alesi woɖaa woe hã trɔm.”

Bu María tɔ ŋu kpɔ. Eya kple eƒe ƒomea me tɔwo nɔ Atopixco, si nye kɔƒe aɖe le Hidalgo nutome le Mexico. Woda ahe ale gbegbe, eye nusiwo woɖuna koŋ enye abolo, ayi, mɔli, kple atadi veve. Alesi woƒe nuɖuɖu to vovo tso Angélica ƒe ƒome si míeyɔ va yi le gɔmedzedzea me tɔ gbɔe enye be wotsɔa atikutsetse me tsi, kple hlo vi aɖe kpakple amagbe vovovo siwo dometɔ geɖe woda tso kɔƒe me la kpena ɖe eŋu. Wodzena agbagba ɖua atikutsetsewo fũ ne wodo le woƒe ɣeyiɣiwo me. Woƒe kutrikukua na wonɔa lãmesẽ nyui me.

Nunyiamewo Zazã Kple Nunyiamewo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe ƒe tatɔ Ðk. Adolfo Chávez, kafui be woatsɔ nuɖuɖu siwo wokpɔna tsoa lãwo me akpe ɖe nuɖuɖua ŋu, gake womeganye nuɖuɖua ƒe akpa gãtɔ o. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖa nane ade azi vi aɖe eme atsɔ anagote, amagbewo, kple ayi atsakae. Ð.k. Chávez gblɔ be: “Nusiae woyɔ le nuɖuɖuŋutinunya me be ‘nudonui.’” Ke nusi ŋu nàlé ŋku ɖo vevie enye be: Klɔ atikutsetseawo kple amagbewo ŋu nyuie ɣesiaɣi, vevietɔ esiwo woaɖu mumui.

Ele be nuɖuɖua nanye esi asɔ na ame, eye ele be woabu ƒe si woxɔ, ne ŋutsu alo nyɔnue ame nye, kple alesi amea nɔa agbee ŋu. Le ame tsitsiwo gome la, ame aɖewo gblɔ be anyo be woaɖu atikutsetse kple amagbewo teƒe eve le nuɖuɖu ɖesiaɖe me eye nukuwo kple ayi hamehame si sɔ gbɔ nyuie nakpe ɖe eŋu. Wokafui be nuɖuɖu siwo tso lãwo me nanye akpa sue aɖe ko le nuɖuɖu me, eye tɔmelã, koklolã si meda ami o, kple ʋulã si meda ami o nanye lã siwo koŋ woazã. Wogagblɔ be anyo be woaɖe aminu kple sukli ɖuɖu dzi akpɔtɔ.

Amesiwo le dukɔ madeŋgɔwo me eye woda ahe gɔ̃ hã ate ŋu atrɔ asi le woƒe nuɖuɖu ŋu ɣeaɖewoɣi. Le mɔ ka nu? To nuɖuɖu si me woakpɔ nunyiame le zazã me eye woanɔ vovovowo zãm ahanɔ wo tsakam, le kpɔɖeŋu me abe nukuwo tsɔtsɔ tsaka ayi hamehame ene. To lã alo azi sue aɖe zazã me atsɔ ana amenyinu nanɔ nuɖuɖua me. To amagbe siwo wɔna le mia gbɔ kple atikutsetse geɖe ɖuɖu me le woƒe bɔbɔɣi.

Mía Wɔla la na ‘woɖea nuɖuɖu tsoa anyigba me’ na míaƒe ŋudɔwɔwɔ. (Psalmo 104:14) Biblia la gblɔ le Nyagblɔla 9:7 be: “Yi nàɖu wo abolo kple dzidzɔ.” Dikekemanɔmee la, aɖe vi na mí ne míewɔa nuɖuɖu vivi nyui siwo Wɔla la na mí la ŋudɔ pɛpɛpɛ woda sɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

ƑUƑOƑO GBÃTƆ: nukuwo kple nuɖuɖu siwo ɖona le to me

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

ƑUƑOƑO EVELIA: ayi hamehame, ʋulã, tɔmelã, azi, kple, notsi kple nusiwo woɖe tso eme

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

ƑUƑOƑO ETƆ̃LIA: atikutsetsewo kple amagbewo