Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Mí Katã Míehiã

Nusi Mí Katã Míehiã

Nusi Mí Katã Míehiã

ÈHIÃ NUÐUÐU. Èhiã tsi. Èhiã ya. Èhiã nɔƒe kple ametakpɔkpɔ aɖe sinu tso yame ƒe nɔnɔme si me. Menye amegbetɔwo koe hiã nusiawo o ke boŋ nu gbagbe biliɔn gbogbo bubu siwo le ɣletinyigba sia dzi hã hiã wo. Gake nu ɖeka aɖe ya li, si le vevie na amegbetɔwo ɖeɖe ko. Nukae wònye?

Canadatɔ hadomegbenɔnɔŋutinunyala, Reginald W. Bibby ŋlɔ be: “Amewo hiã nanewo siwo gbɔ mawusubɔsubɔ koe ate ŋu akpɔ na wo.” Eye American Sociological Review ta nyati aɖe le tata si nye February 2000 tɔa me si gblɔ be: “Dzitsitsi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu anye nusi ŋu amegbetɔwo anɔ bubum ɣesiaɣi.”

Ẽ, le ŋutinya katã me la, amegbetɔ se le eɖokui me be ele be yewoade ta agu. Ƒe alafa nanewoe nye esia si ame akpa gãtɔ trɔ ɖe mawusubɔsubɔha gãwo ŋu na nuhiahiã siawo gbɔ kpɔkpɔ. Gake nuwo le tɔtrɔm. Le dukɔ geɖe siwo de ŋgɔ le adzɔnuwo wɔwɔ me—abe Dziehe Amerika kple Dziehe Europa ene me la—amesiwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi la le dodom le woƒe sɔlemehawo me. Ðe tɔtrɔ sia fia be mawusubɔsubɔ nu le tsitsima? Gbeɖe.

Swedentɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, Svenska Dagbladet gblɔ be: “Amiɖeɖe ɖe nya koe wònye ne wogblɔ be mawusubɔsubɔ nu le tsitsim.” Nukae va le xɔxɔm ɖe sɔlemeha nyanyɛwo teƒe? Agbalẽa yi dzi gblɔ be: “Tɔtrɔ yeyea fia be míenye sɔlemeha aɖeke me tɔwo o. Ke boŋ míete ŋu tiana nusiwo dzea mía ŋu tso subɔsubɔha vovovo siwo le xexeame la me tsɔ wɔa míaƒe dzixɔsee. . . . Ate ŋu alɔ nusianu ɖe eme tso tomekpe xɔasi si wotsɔna daa gbee dzi va ɖo Buddhatɔ saɖagaxɔmenɔla ƒe dziwui dzi. Ne dzixɔse siwo nètia ti wo la, àte ŋu atia bubu ɖe eteƒe bɔbɔe wòanyo.”

Mawusubɔsubɔ ŋuti hadomeŋutinunya ƒe numekulawo yɔe be “ɖokuisi mawusubɔsubɔ” alo “ame ŋutɔ ƒe mawusubɔsubɔ.” Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Bibby, si ƒe nya míegblɔ va yi, kpa ŋkɔ nɛ be “religion à la carte” (mawusubɔsubɔ si dzea ame ŋu). Ame bubuwo yɔ dzixɔse siawo be “esi wowɔ be wòasɔ na tameɖoɖo aɖe” alo “esi sɔ na ame.” Esia wɔe be le dukɔ si me tɔwo wobuna Kristotɔwoe koŋ me la, mawusubɔsubɔha si me tɔwo sɔ gbɔ wu ye nye amesiwo si ɖokuisi mawusubɔsubɔ le.

Bu nusiwo wokpɔ le numekuku si wowɔ le Sweden si nye xexeame dukɔ siwo me wotrɔ gbɔgbɔmenuwo zu ŋutilãmenuwo le la dometɔ ɖeka ŋu kpɔ. Numekukua ɖee fia be ame 2 le 3 me bua wo ɖokui Kristotɔwo “le woawo ŋutɔ ƒe mɔ nu.” Wo dometɔ aɖewo gblɔna be: “Nusi Kristotɔnyenye nye ŋuti nukpɔsusu le nye ŋutɔ asinye,” “Nyemevona le ɖokuinye me le sɔleme o,” “Nyemedi be mayi sɔleme ava ɖo to nunɔlawo o,” alo “Nye ŋutɔ mate ŋu ado gbe ɖa le xɔnye me.” Gbugbɔgadzɔ alo dzɔgbese dzixɔse trɔna na ame geɖe. Wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔna be yewoxɔe se be mawumeŋusẽ aɖe li ya, gake ɖeko yewomenya alesi wòle o.

Numekuku bubu ɖee fia be ne ame geɖe ɖo gbɔdo eye wokpɔ nɔnɔme si me dzɔdzɔmenuwo le wonya le kpɔkpɔm na wo ko hafi woɖea woƒe mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme fiana. Ðetugbi agbledela aɖe gblɔ be: “Ewɔ nam be, ne woɖi tsa yi ave me alo kɔƒe me koe wotena ɖe Mawu ŋu wu.” Esi wobia gbe ame bubu aɖe si mebua eɖokui mawusubɔlae o la, egblɔ be: “Ne mege ɖe avewo me la, ewɔna nam abe gbedoxɔ gã aɖe mee mele ene. . . . Nyemenya amesi le edzi kpɔm ya o, gake ewɔa dɔ ɖe dzinye.” Ame aɖewo ɖɔa teƒe siwo dzɔdzɔmenuwo le dedie le be kɔkɔe, Mawu tɔ, kple nukunu eye wogblɔna be afimawo nɔnɔ naa yewokpɔa ŋusẽ yeye, ŋutifafa, kple dzidzeme. Gbebiala aɖe ƒo eta be: “Woate ŋu ake ɖe Mawu ŋu le avewo me.”

Nɔnɔme sia dze le xexeame ƒe akpa geɖe egbea. Thomas Luckmann, Amerikatɔ si bi ɖe mawusubɔsubɔ ŋuti hadomeŋutinunya me, gblɔ be wole asi ɖem le mawusubɔsubɔ si wotu ɖe sɔlemedede dzi ŋu le teƒe siwo wode ŋgɔ le adzɔnuwo wɔwɔ me, eye wotsɔ “hadome mawusubɔsubɔ le eteƒe ɖom.” Ne woagblɔe tututu la, amea ŋutɔ susua nanewo le agbe ŋu na eɖokui eye wòƒoa nukpɔsusu aɖewo siwo ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu nu ƒu tsɔ wɔa eya ŋutɔ ƒe mawusubɔsubɔe.

Àbia be, ‘Ðe womegale mawusubɔsubɔha gãwo bum tututu le hadome o nyateƒea? Ne nenemae la, ke nukatae?’ Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Esi numekula aɖe nɔ nu ƒom tso alesi ame aɖewo to dzɔdzɔmenuwo domenɔnɔ me trɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu nyitsɔ laa la, eƒo nya ta be: “Woate ŋu ake ɖe Mawu ŋu le avewo me”