Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexeame Ƒe Ŋutifafa Menye Drɔ̃e Aɖe Ko O!

Xexeame Ƒe Ŋutifafa Menye Drɔ̃e Aɖe Ko O!

Xexeame Ƒe Ŋutifafa Menye Drɔ̃e Aɖe Ko O!

NE ÐE Alfred Nobel agate ŋu atrɔ kpɔ nusiwo dzɔ le ƒe alafa si va yi me la, ɖe kakaɖedzi anɔ esi ɖe xexeame ƒe ŋutifafa ŋua? Ðikeke mele eme o be dzi adzɔe ne eva nya be ame geɖe dze agbagba vevie be woatɔ te aʋawɔwɔ. Ke hã akpɔ be nɔnɔmea mede ame dzi abe alesi wòsusui ene o. Nufialagã Hugh Thomas ƒo nyaa ta nyuie be: “Ƒe alafa blavelia—si wobuna be enye esi me wona hadomegbenɔnɔ nyo ɖe edzi eye dziɖuɖuwo ƒe ɖetsɔleme na hiãtɔwo dzi ɖe edzi le gɔ̃ hã—yɔ fũ kple tu siwo dana trena ɖe enu, aʋawɔʋuwo, B-52 bɔmbdayameʋu, nukliabɔmb, kple mlɔeba tu siwo gblẽa nu le adzɔge ʋĩ. Enye ɣeyiɣi si me wowɔ aʋa siwo me wokɔ ʋu ɖi hegblẽ nu le wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ.” Thomas gblɔ kpee be, “eyata enye nusi ŋu wokea ɖi le nenye be woabu ɣeyiɣia be enye esi me wowɔ ŋgɔyiyi le loo alo womewɔe o.”

Ðe mɔkpɔkpɔ na xexeame ƒe ŋutifafa dzi ɖe edzi esi míeɖo ƒe alafa 21 lia mea? Kpao! Esi Newsweek magazine nɔ nu ƒom tso ŋɔdzidonamelawo ƒe New York City kple Washington D.C., dzi dzedze le September 11, 2001 dzi ŋu la, egblɔ be: “Le xexe si me woate ŋu atrɔ 767-yameʋuwo wòazu aʋawɔtu siwo woanɔ teƒe bubu afia mɔe wòaɖalɔ nu le adzɔge la, naneke megadzea numanyawɔe, alo susumanɔmenya o—esi vloe wu kura la womate ŋu axe mɔ ɖe naneke nu o.”

Ame aɖewo gblɔ be hafi xexeame ƒe ŋutifafa nava ŋutɔŋutɔ la, ele be nu eve nadzɔ: Gbã, ele be tɔtrɔ ɖedzesi aɖe nava amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu kple agbenɔnɔ me; eye evelia, ele be dukɔwo katã nabɔbɔ ɖe dziɖuɖu ɖeka aɖe te. Biblia gblɔ ɣeyiɣi si me ŋutifafa ava ɖi—gake menye amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo mee wòato ava o. Psalmo 46:10 gblɔ le Wɔla, Yehowa Mawu ŋu be: ‘Etsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke!’ Aleke Mawu le esia wɔgee? To eƒe Fiaɖuƒe, si dzianukwaretɔ geɖe doa gbe ɖa biana edziedzi la dzi. Menye dzi ƒe nɔnɔme si gɔme sese sesẽe Fiaɖuƒea nye o, ke boŋ enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si dzi Mawu ato ahe ŋutifafa ava anyigba blibo la katã dzi. Nyagblɔɖila Yesaya si gbɔgbɔ ʋã gblɔ ɖi be dziɖuɖu ma te nɔlawo ‘magasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.’ (Yesaya 2:4) To xexeame katã ƒe nufiafiadɔ aɖe dzi la, amewo asrɔ̃ alesi woanɔ anyi le ŋutifafa me eye “woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.”

Fifia gɔ̃ hã la, Yehowa Ðasefowo le esia wɔm. Wogbe be yewomatsɔ aʋawɔnuwo ɖe wo haviwo ŋu o, togbɔ be wonye gbevovodola siwo le dukɔ siwo wu 200 me hã. Woƒe akpaɖekedzimademade le xexe si ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le me la ɖo kpe edzi be ŋutifafa menye mɔkpɔkpɔ dzro aɖe ko o, ke boŋ nusi gbɔna ŋutɔŋutɔe wònye.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ŋutifafa vavãtɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi ŋua? Taflatse ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo dometɔ si te ɖe ŋuwò, to adrɛs si le axa 5 lia dzi, alo nàdi Yehowa Ðasefo siwo le míaƒe nutoa me.