Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Dukɔwo Ƒe Kadodo Ðeka Me Nɔnɔ Ate Ŋu Akpɔ Míaƒe Kuxiwo Gbɔa?

Ðe Dukɔwo Ƒe Kadodo Ðeka Me Nɔnɔ Ate Ŋu Akpɔ Míaƒe Kuxiwo Gbɔa?

Ðe Dukɔwo Ƒe Kadodo Ðeka Me Nɔnɔ Ate Ŋu Akpɔ Míaƒe Kuxiwo Gbɔa?

“Xexeame katã ƒe kadodo ɖeka si me míele egbea la ɖi nutome akpa gãtɔ siwo me amewo le, mede blibo o; gbagbãƒe geɖe le eŋu. Womewɔa nu ɖe emenɔlawo ŋu sɔsɔe o; menye mɔnukpɔkpɔ ɖekae sua wo katã si o. Wotea nu ame miliɔn geɖewo ale gbegbe be womebunɛ be yewonye nuto sia me tɔwo o.”​—“OUR GLOBAL NEIGHBOURHOOD.”

FATIMA, amesi nye Afrika dugã aɖe menɔla bunɛ be nu de ye dzi. Ne mede ɖeke o la, fridz ɖeka ya teti le esi. Gake xɔ si wotsɔ zingi tu ɖe yɔdokpe etɔ̃ xa mee eƒe ƒomea le. Eya hã le ameɖibɔ gã aɖe me tsɔ kpe ɖe ame miliɔn afã bubu ŋu. Amewo va le agbɔ sɔm ɖe ameɖiƒea gɔ̃ hã akpa. Efa konyi be, “amewo le ʋuʋum va ameɖibɔa me afisia akpa.”

Anɔ abe kilometa 15 ene tso Fatima ƒe aƒeme gbɔ la nye teƒe si aƒe xɔasi yeye lolo aɖe le, si ŋu nuɖuɖudzraƒe nyui aɖe, kple gɔlf-do 27 kpe ɖo. Gɔlf-ƒoƒo awu enu zi ɖeka ko ƒe asi sɔ gbɔ wu ɣleti ɖeka ƒe fetu si woxena na ame le Afrika dukɔ sia me. Hiãkame le dugã ma me ɣesiaɣi, gake gɔlf-ƒoƒo—si nye kesinɔtɔwo ƒe nuwɔna—nyea nu tɔxɛ kple nusi ɖea dzi le ƒo na ame. Le míaƒe xexeame katã ƒe nuto ɖeka la me la, agbe vivi nɔnɔ kple ahedada kolikoli siwo li la siaa mena wonɔa dedie o.

Wadi Hadhramaut, si glɔ̃ to Yemen ƒe dzogbenyigba me le Titina Ɣedzeƒe la nye asitsahawo ƒe mɔ xoxo aɖe si to blema du aɖewo me. Ekpɔkpɔ zi gbãtɔ nana wòdzena abe ɖe nuwo kpɔtɔ le nenema tso blema ke le saɖaga bali sia me ene. Gake gotagome dzedzeme ate ŋu aflu ame. Le dugã aɖe si te ɖe eŋu si nye Saywūn me la, woxɔ yunivɛsitidela aɖe ɖe blemanudzraɖoƒea be wòaŋlɔ nu xɔasi siwo katã le eme ƒe ŋkɔ ade Internet nyatakakadzraɖoƒe. Togbɔ be nyɔnuvia nye afimatɔwo hã la, Ohio, U.S.A. ye wòde suku le. Le egbeŋkekea me la, woate ŋu anya nu tso amewo kple woƒe nukpɔsusu siaa ŋu le xexeame godoo le mɔ si medzɔ kpɔ o nu.

Anɔ kilometa akpe etɔ̃ lɔƒo le ɣedzeƒe gome le Sahara dzi la, agbatsɔʋu etɔ̃ zɔ ɖɔɖɔɖɔ ɖo ta anyiehe mɔ si sa ɖe aga dzi. Mashala, si nye ʋua kulawo dometɔ ɖeka ɖe nu me be televisionwo, video mɔ̃wo, kple satelaitgba si léa nyatakaka ye yetsɔ yinae. Eya ŋutɔ nyaa nudzɔdzɔ siwo le edzi yim le xexeame nyuie ɣesiaɣi to xexeame nudzɔdzɔ siwo Amerikatɔwo ɖea gbeƒãe la sese me. Egblɔ be “satelaitgba si léa nyatakaka le mí katã si” le mía de. Teƒe ʋɛ aɖewo koe xexeame katã ƒe nyakakamɔnuwo mete ŋu dena o.

Alesi amewo te ŋu doa ka kple wo nɔewo, le nukpɔsusuwo me, le nyadzɔdzɔwo me, ga kple mɔ̃ɖaŋununya me bɔbɔe le xexeame katã la wɔe be míeva le xexeame ƒe nuto ɖeka si ɖea vi me. Xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ na wote ŋu kaka Yemen ƒe dekɔnuwo eye wòkpe ɖe Mashala ŋu be wòkpɔa ga si anɔ dɔlar 3,000 le kwasiɖa etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ ɖeka me. Gake ga sia meɖoa amesiame gbɔ o. Fatima kple eƒe aƒelikawo kpɔa ame ʋɛ aɖewo woɖea vi tso xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔa me, evɔ woawo ya gakpɔtɔ le koɖoɖo me.

Togbɔ be nuto ɖeka me tɔ si míenye le xexeame mede blibo o hã la, edze abe naneke mate ŋu atrɔ nusia o ene. Ðe amewo atsi woƒe televisionwo, atsɔ woƒe asitelefonwo aƒu gbe, agblẽ woƒe kɔmpiutawo, eye woadzudzɔ tsaɖiɖi yi dukɔ bubuwo mea? Ðe dukɔwo ate kpɔ be yewoaɖe yewo ɖokui ɖe aga keŋkeŋ tso xexeame ƒe akpa susɔeawo ƒe dunyahenyawo kple ganyawo mea? Edze ƒã be manya wɔ o. Ame aɖeke mate ŋu agbe viɖe siwo tsoa xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ la o. Gake kuxi siwo kpe ɖe eŋu ya ɖe? Wona amewo tsi dzi vevie, eye wole nu gblẽm le amesiame ŋu. Mina míadzro kuxi gã siwo xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ he vɛ me kpuie.

Vovototo si Le Ta Kekem

Womema nunɔamesiwo wotu amesiame pɛpɛpɛ le xexeame katã kpɔ gbeɖe o, ke hã xexeame ƒe kadodo ɖekae me nɔnɔ na kesinɔtɔwo le ho kpɔm ɖe edzi eye hiãtɔwo le ahe dam ɖe edzi. Nyateƒee, edze abe dukɔ madeŋgɔ aɖewo ɖe vi to wo ɖokui ƒoƒo ɖe xexeame ƒe kadodo ɖekae sia me ene. Ganyaŋununyalawo gblɔ be le ƒe ewo siwo va yi me la, amesiwo le nɔnɔme si wobuna ahedada si gbɔ eme me le India la ɖiɖi tso 39 le alafa me va ɖo 26 le alafa me eye dzidzedze sia tɔgbe kee le edzi yim le Asia katã hã. Numekuku aɖe ɖee fia be kaka ƒe 1998 naɖo la, Ɣedzeƒe Asia nɔla 15 le alafa me koe nɔa agbe ɖe dɔlar 1 nu gbeɖeka, si nye ŋgɔyiyi ne wotsɔe sɔ kple 27 le alafa me le ƒe ewo siwo do ŋgɔ me tɔ. Gake nu mede amewo dzi le xexeame katã alea o.

Le dukɔ siwo le Afrika Sahara Dzogbea ƒe anyiehe kple nuto siwo dzi nu mede o me la, gakpɔmɔnuwo dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔŋutɔ le ƒe 30 siwo va yi me. Kofi Annan, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ be: “Dukɔwo dome kadodo . . . te ŋu na amesiwo ade biliɔn 3—siwo nye ameƒomea katã ƒe afã kloe—nɔa agbe ɖe dɔlar 2 alo esi mede nenema o nu gbeɖeka le xexe si me kesinɔnuwo le agbogbo dom ɖe edzi la me.” Nusiwo koŋ hea mama gã sia dea amewo dome dometɔ ɖekae nye ɖokuitɔdidi le ganyawo me. Larry Summers, United States ƒe gaŋutiɖoɖodzikpɔla si nɔ anyi tsã gblɔ be: “Le xexeame godoo la ame ɖekaɖeka ƒe gaŋutiɖoɖowo medea hiãtɔ ya dzi o. Womelɔ̃na ɖoa gadzraɖoƒe dzrowo ɖe nuto dahewo me o—elabena mana woakpɔ ga o.”

Vovototo gã si le kesinɔtɔwo ƒe gakpɔmɔnu kple hiãtɔwo ƒe gakpɔmɔnu dome dea mama amewo me eye wònana dukɔwo kura gɔ̃ hã klãna tso wo nɔewo gbɔ. Wokpɔ nyitsɔ laa be kesinɔtɔ si ƒo eta le United States ƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ wu ne woƒo ehati Amerikatɔ miliɔn 100 ƒe kesinɔnuwo katã nu ƒu ɖekae. Xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ gade adzɔdola gã siwo ɖo dɔwɔƒewo ɖe dukɔ vovovowo me dzi, si wɔe be wokpɔa ŋusẽ blibo ɖe adzɔnu aɖewo dzi le xexeame ƒe asitsanyawo katã me kloe. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1998 me la, adzɔha ewo pɛ koe kpɔa telefon kadododɔ si me wokpɔa dɔlar biliɔn 262 ƒe akpa si nye 86 le alafa me sɔŋ le la dzi. Ŋusẽ si le dukɔwo dome adzɔha siawo si le ganyawo me la lolona wu dziɖuɖuwo tɔ sasasã, eye Dukɔwo Dome Agɔdzedzetsɔtsɔke Taʋliha ɖe eme be, “amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo kple dɔwɔɖui ŋuti gomenɔamesiwo menye nu vevitɔ na wo le woƒe ɖoɖowɔwɔ me o.”

Eme kɔ be amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ƒe habɔbɔwo tsi dzi vevie ɖe alesi xexeame ƒe kesinɔnuwo va le ame ʋɛ aɖewo ko si me yim la ŋu. Ðe nàdi be yeanɔ nuto aɖe si me kesinɔtɔ siwo wɔ eƒe akpa 20 le alafa me ƒe ga si wokpɔna wua hiãtɔwo tɔ zi gbɔ zi 74 la mea? Gake television va wɔe be hiãtɔ siwo nye ameƒomea me tɔwo ƒe akpa 20 le alafa me nya agbe si ƒomevi wo havi kesinɔtɔwo nɔna la nyuie, togbɔ be mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke meli be woate ŋu aɖɔ woƒe nɔnɔmewo ɖo o hã. Alea nugbɔme ma si le xexe si le abe nuto ɖeka ene me, si dze ƒã la hea tɔtɔ kple mɔkpɔkpɔbuɖeame vɛ.

Xexeame ƒe Dekɔnu Vovovowo Sɔsrɔ̃

Akpa bubu si ŋu wogatsia dzi ɖo enye masɔmasɔ si dekɔnu vovovowo hena vɛ kple ŋukeklẽ ƒe gbɔgbɔ si woƒãna ɖe amewo me. Nukpɔsusu vovovowo xɔxɔ tso ame nɔewo gbɔ nye nu vevi siwo dzena le xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔa me eye Internet koŋ dzie wotona wɔa esiawo. Nublanuitɔe la, womezãa Internet la tsɔ kakaa nyatakaka, dekɔnu, kple asitsanya siwo ɖea vi ɖeɖeko o. Gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖeɖe fia, ameƒomevinyenye, alo tsatsadada ye nɔa Internet Nyatakakadzraɖoƒe aɖewo. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã fiana alesi ame nawɔ eya ŋutɔ ƒe bɔmb. Abe alesi Thomas L. Friedman gblɔe ene la, “Gege ɖe afɔku me le Internet dzi le bɔbɔe ŋutɔ. Àte ŋu age ɖe teƒe siwo ŋutasẽnuwɔwɔ le edzi yim le alo amamaɖeɖenyawo dzraɖoƒewo, . . . eye ame aɖeke mele afima atɔ te wò alo afia mɔ wò o.”

Television kple sinimawo hã kpɔa ŋusẽ geɖe ɖe amewo ƒe nukpɔsusu dzi. Zi geɖe la, gbedasi siwo dzena le xexeame ƒe sinimawo me tsoa Hollywood, si nye xexeame katã ƒe fefewɔƒe gã si na nuwo dzena abe ɖe wonyo wu alesi wosusuna le wo ŋu ene. Nɔnɔme siwo modzakaɖeƒe sia ɖena fiana zi geɖe la kafua ŋutilãmenudidi vivivo, ŋutasesẽ, kple agbegbegblẽnɔnɔ. Woate ŋu anye nu tɔŋku le xexeame dukɔ bubu geɖe me. Ke hã dziɖuɖuwo, nufialawo, kple dzilawo mete ŋu xea mɔ ɖe nɔnɔme siawo nu ɣesiaɣi o.

Ame aɖe si le Havana, Cuba, gblɔ na amedzro aɖe si tso Dziehe Amerika be, “Míelɔ̃a United States ƒe dekɔnuwo. [Míenya] miaƒe fefewɔla gã siwo katã le Hollywood.” Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe dekɔnuwo hã kafua nuɖaɖɛ ɖuɖu, kple ahavivi nono. Malaysia-tɔ asitsala aɖe gblɔ be: “Amesiwo le afisia kpɔa dzidzɔ ɖe nusiwo katã tso Ɣetoɖoƒe, vevietɔ Amerika ŋu. . . . Wodi be woaɖu woƒe nuɖuɖu eye woanɔ abe woawo ene.” Havana Kɔledzi ƒe tatɔ aɖe fa konyi be: “Cuba meganye teƒe si sa ɖe aga azɔ o. Saɖaganyigba aɖeke megali azɔ o. Xexeame katã zu ɖeka.”

Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe dekɔnu si te ŋu kakana la trɔa amewo ƒe mɔkpɔkpɔwo kple nusi dzɔa dzi na wo. Agbalẽ si nye Human Development Report 1998 gblɔ be: “Alesi wodzroa amewo tsã be kesinɔnu siwo le aƒelikawo si ke nanɔ yewo hã si la trɔ va zu agbagbadzedze be yewoanɔ agbe abe television kple sinima dzi kesinɔtɔwo kple fefewɔla xɔŋkɔwo ene.” Evɔ ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ mate ŋu anɔ agbe ma tɔgbe gbeɖe o.

Xexeame ƒe Kadodo Ðeka me Nɔnɔe Nye Egbɔkpɔnua?

Nu nyuiwo kple afɔkuwo siae le xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ me abe alesi wòle le dɔ geɖe siwo ameƒomea tsɔ ɖo eɖokui dzii me ene. Ena ame aɖewo zu kesinɔtɔwo, eye wòna míege ɖe ɣeyiɣi si me xexeametɔwo katã te ŋu doa ka kple wo nɔewo la me. Ke hã eɖea vi na kesinɔtɔwo kple amegãwo le esi teƒe be woaɖe vi na ame dahewo. Eye nuvlowɔlawo kple dɔlékuiwoe to xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ me gblẽ nu le amewo ŋu wu vi si wòɖe na dziɖuɖuwo.—Kpɔ aɖaka siwo le axa 24 kple 25.

Le go geɖe me la, ɖeko xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ na kuxi siwo le míaƒe xexe madebliboame xoxo dzi ɖe edzi. Le esi wòanye xexeame ƒe kuxi siwo li gbɔ kpɔnu teƒe la, eva zu kuxi bubu kpe ɖe eŋu boŋ. Vovototo dede amewo me va bɔ, eye mɔkpɔkpɔbuɖeame do gã ɖe edzi. Dziɖuɖu siwo katã le xexeame le agbagba dzem be yewoawɔ kadodo ɖeka me nɔnɔ me tsonu nyuiawo ŋudɔ esime wole woƒe dukɔmeviwo ta kpɔm tso emetsonu gbegblẽawo me. Ðe woava kpɔ dzidzedzea? Ðe xexeame ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ si ŋu amenuveve kpe ɖoe nye egbɔkpɔnua? Nyati si gbɔna adzro nyabiabia siawo me.

[Aɖakawo/Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

NUVLOWƆLAWO KPLE ŊƆDZIDONAMELAWO LE KADOMƆNUWO ZÃM

Nublanuitɔe la, woate ŋu awɔ asitsamɔnuwo ŋudɔ atsɔ ado nuvlowɔwɔ ɖe ŋgɔ bɔbɔe. Agbalẽ si nye Human Develpment Report 1999 gblɔ be: “Esime dukɔwo dome asitsahawo le agbagba dzem be xexeame ƒe ganyawo nanɔ ɖeka la, ‘dukɔwo dome nuvlowɔhawo’—siwo nye hamenuvlowɔlawo hã—tso kaba wɔ xexeame ƒe kadodo ɖekae ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu.” Aleke hamenuvlowɔlawo ɖe vi tso xexeame ƒe kadodo ɖekae mee?

Atikevɔ̃ɖisitsalawo fɔ mɔnu yeye gbogbo aɖewo siwo dzi woato ana woadze abe ɖe dɔlar biliɔn geɖe si wokpɔna la ŋu kɔ ene. Dedzidɔwɔna geɖe siwo woɖe ɖa kple amewo ƒe mɔzɔzɔ si le dzidzim ɖe edzi hã na wòva le bɔbɔe na atikevɔ̃ɖisitsalawo be woatsɔ atike vɔ̃ɖiwo ayi dukɔ alo nuto bubuwo me. Cocaine dzadzra dzi ɖe edzi zi eve eye opium dzi ɖe edzi zi etɔ̃ le ƒe 1990-awo me. Nuvlowɔhabɔbɔ (Mafia) ƒe ƒuƒoƒowo hã to gbolowɔwɔ mɔnu aɖe dzi kpɔa ga geɖe. Ƒe sia ƒe la, wokplɔa nyɔnu kple nyɔnuvi siwo anɔ 500,000 dea ʋu ɖona ɖe Ɣetoɖoƒe Europa ɖe esia ta—wo dometɔ akpa gãtɔ nye amesiwo wokplɔ yi akpa sesẽe.

Alesi dukɔwo dome asitsahabɔbɔwo wɔ ɖekae la, nenemae hamenuvlowɔlawo hã ƒo takpli le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me. Wo wɔa dɔ dea xexeame ƒe akpa vovovowo, eye wokpɔa ga si anɔ dɔlar triliɔn 1.5 ƒe sia ƒe—si wu viɖe siwo katã France dukɔa kpɔna. *

Internet hã va zu dɔwɔnu vevi aɖe si kɔmpiuta dzi nufitifitiwɔlawo zãna. Le ƒe 1995 la, kɔmpuitadzinufixlẽla aɖe fi nyatakaka si ƒe asi wobe ade dɔlar miliɔn 1 tsɔ kpe ɖe amewo ƒe agbananuƒlegbalẽviwo ƒe xexlẽdzesi 20,000 ŋu. José Antonio Soler, Spaintɔ gadzraɖoƒedzikpɔla gblɔ be: “Afɔku boo aɖeke mele fififi to mɔ̃ɖaŋununya yeye zazã me o eye wokpɔa viɖe geɖe le eme wu.”

Ŋɔdzidonamelawo hã wɔa xexeame ƒe kadodo ɖekae ŋudɔ. Esi xexeame godoo ƒe nyadzɔdzɔwo gbɔgblɔ ɖea gbeƒã nusiwo katã le edzi yim le xexeame godoo ta la ne wolé Ɣetoɖoƒe dukɔwo ƒe tsaɖimɔzɔla ʋɛ aɖewo le xexeame ƒe teƒe aɖe akpa sesẽe la, wote ŋu nyana ɖesiaɖe kloe enumake nenye be dukɔa lé tsaɖilawo ƒe dukɔa ɖe fu me.

“MƆZƆLA” SIWO WOMEDI O

Dɔléle vɔ̃ɖi kpakple ame vɔ̃ɖiwo siaa ate ŋu atso teƒe ɖeka ayi bubu le xexeame katã. Nufialagã Jonathan M. Mann, amesi nya nu geɖe tso dɔvɔ̃wo ŋu ɖe eme be: “Alesi gbegbe amewo kple nuwo kpakple nukpɔsusuwo le yiyim le gbɔgbɔm le xexeame katã me la koŋue na dɔlélewo va bɔ. Xexeame va le afisi dɔlélewo bɔ ɖo zum kabakaba, eye gawu la, dɔxɔleameŋu yeyewo kple xoxoawo siaa va le kakam.”

Dɔléle aɖeke mevɔ̃ɖi de AIDS si nye dɔléle yeye ɖedzesi kple esi wote ŋu xɔna bɔbɔe, si le amesiwo anɔ miliɔn etɔ̃ wum ƒe sia ƒe la nu o. Le Afrika dukɔ aɖewo me la, lãmesẽnya dzikpɔlawo le vɔvɔ̃m be mlɔeba la, dɔlélea ava wu ɖekakpui kple ɖetugbi eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si kpɔa HIV/AIDS nyawo gbɔ ka nya ta be: “Togbɔ be dɔlélewo, aʋawɔwɔ kple dɔwuame nɔ anyi le ƒe akpe geɖe siwo va yi le ŋutinya me hã la, wometsrɔ̃ sɔhɛ gbogbowo le ɣeyiɣi kpui aɖe me alea kpɔ o.”

Menye dɔlékuiwo koe nye “mɔzɔla” siwo womedi le xexeame o. Lãwo, numiemiewo, kple nudzodzoewo ʋu le woƒe dzɔdzɔmenɔƒewo va xɔ aƒe ɖe anyigbagã bubuwo dzi. Da vɔ̃ɖi ƒomevi aɖe si anye be ɖe wòbena ɖe yameʋuwo me dzaa tso Australia la, va le dzidzim ɖe Pacifik Ƒukpowo dzi. Etsrɔ̃ xe siwo katã le Guam ƒe avewo me vɔ keŋkeŋ kloe. Anyiehe Amerika seƒoƒo aɖe si miena ɖe tsi dzi la kaka ɖe anyigbaxɔdzo dukɔ 50 me, eye wòxea tsimɔwo hegblẽa tɔmelãnyiƒewo. International Herald Tribune ka nya ta be: “Nugblẽla siwo nye ‘nu gbagbe ƒomevi siwo tso duta,’ na wole ga si ƒe home ade dɔlar biliɔn alafa nanewo gblẽm ƒe sia ƒe eye wole dɔléle kakam hele nu gbagbe gbogbo bubuwo tsrɔ̃m ɖa.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 26 “Viɖe siwo katã dukɔ aɖe kpɔna” lɔ eƒe adzɔnuwo katã ƒe home kple dɔ si wowɔ le dukɔa me le ƒe ɖeka me ƒe akɔnta ɖe eme.

[Nɔnɔmetatawo]

GA TSƆTSƆ GBA DEE

Esi wokpɔ le fefenu aɖewo dome le tɔ dzi

COCAINE TSƆTSƆ GBA DEE

Woɖo asi cocaine si ƒe home nye dɔlar 4,000,000 si wokpɔ le ʋu si tsɔa modzakaɖelawo me le de aɖe dzi la dzi

DƆLÉKUIWO TSƆTSƆ DO ŊƆDZI NA AME

Asrafowo nɔ nuwo me tsam be woakpɔ “anthrax” dɔléle le agbawo me hã le Capitol Hill Washington, D.C.

BƆMBDADA

Ʋu aɖe si me wode bɔmb la wó le Israel

AIDS SI LE KAKAM LE XEXEAME

AIDS dɔvɔ̃ la xɔ aƒe ɖe South Africa ale gbegbe be dɔnɔkɔdzi aɖewo le amewo nyam

NU GBAGBE ƑOMEVIWO DZI DZEDZE

Da vɔ̃ɖi aɖe tsrɔ̃ xe siwo katã le Guam ƒe avewo me vɔ keŋkeŋ kloe

SEƑOƑO AÐE SI MIENA ÐE TSI DZI

Numiemie sia xea tsimɔ hexea tɔsisiwo dzi le dukɔ 50 me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Money and cocaine smuggling: James R. Tourtellotte and Todd Reeves/U.S. Customs Service; bioterrorism: AP Photo/Kenneth Lambert; burning bus: AP Photo/HO/Israeli Defense Forces; child: AP Photo/Themba Hadebe; snake: Photo by T. H. Fritts, USGS; water hyacinth: Staff CDFA, California Dept. of Food & Agriculture, Integrated Pest Control Branch

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Alesi xexeame ƒe ganyawo de nu wo nɔewo me na kesinɔtɔwo le ho kpɔm ɖe edzi eye hiãtɔwo le ahe dam ɖe edzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN PHOTO 148048/ J. P. Laffont-SYGMA

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Wole internet zãm tsɔ le nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname kakam