Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Akpɔ Amesi Asɔ Mía Kplii Míanɔ Xɔ Me?

Aleke Mawɔ Akpɔ Amesi Asɔ Mía Kplii Míanɔ Xɔ Me?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Akpɔ Amesi Asɔ Mía Kplii Míanɔ Xɔ Me?

“Manya wɔ nam be manɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm aganɔ xɔfe kple elektrik kpakple tsi fewo xem ne nye ɖeɖee anɔ xɔ me o.”​—Lynn. *

NE SƆHƐWO ʋu le aƒe la, alesi agbenɔnɔ sesẽ ‘ŋutɔŋutɔ’ la wɔa nuku na wo zi geɖe. Le wo dometɔ geɖe gome la, xɔmenɔnɔ kple ame nɔewo ama fewo axe nye mɔnu si woato anɔ te ɖe agbenɔnɔ ƒe sesẽ nu.

Gake abe alesi nyati siawo ƒe akpa si míeta va yi ɖee fia ene la, xɔmenɔnɔ kple ame aɖe—vevietɔ amesi mènya kura o—ate ŋu anye kuxi ŋutɔŋutɔ. * Alea wòle le Kristotɔ sɔhɛ siwo le xɔ ɖeka me kple wo nɔewo be woate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa hã gome. Aleke kee nɔnɔmea le na wòe o, ne èle tame bum le amesi anɔ xɔ me kpli wò ŋu la, anyo be nàwɔ ‘nusi me nunya le’ le ame ma tiatia me. *Lododowo 3:21.

Afɔku si Le Hadede Vɔ̃ Me

Sɔhɛ geɖewo léa ŋku ɖe gbeƒãɖeʋuƒowo dzi, alo xlẽa boblododo vevi siwo dzena le nyadzɔdzɔgbalẽwo me kple Internet dzi be woadi amesiwo anɔ xɔ me kple wo. Gake nyatakakadiƒe mawo tɔgbe nyea afɔku na sɔhɛ Kristotɔwo. Woate ŋu ana nàde ha kple amesiwo mía kpli wo ƒe xɔseha, agbenɔnɔ, alo dzidzenuwo to vovo. Ðe wònye nazãbubu alo ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga be womadi be woanɔ xɔ me kple amesi le ha bubu me oa? Ao, enye nusi me nunya le wɔwɔ boŋ. Biblia ŋutɔ xlɔ̃ nu be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”—Korintotɔwo I, 15:33.

Bu ɖetugbi si ŋkɔe nye Lee ŋu kpɔ. Mekpɔ zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ esime wòva nɔ yunivɛsiti kpodzi o. Egblɔ be: “Afɔku gã aɖee afima nɔnɔ nye. Nyɔnuviawo dometɔ aɖewo va doa go ɖe enu be amesi le xɔ me kpli wo le dɔdɔm kple ame aɖe.” Eteƒe medidi o afima nɔnɔ kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe Lee ƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi. Egblɔ be: “Kristotɔwo ƒe kpekpe geɖe toa ŋunye.” Mewɔ nuku o be eƒe agbenɔnɔ va nɔ gbegblẽm vivivi. Eɖe nu me be, “Gbeɖeka la, menɔ nya madzetowo gblɔm, eye nyɔnuviawo dometɔ ɖeka bia be: ‘Ðe Yehowa da asi ɖe esia dzia?’” Vlododo ka gbegbe enye esi! Dzidzɔtɔe la, Lee va do le nɔnɔme gbegblẽ ma me eye wòte gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ. Gake eƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖe afɔku si ate ŋu anɔ xɔmenɔnɔ kple amesiwo medea bubu wò dzidzenuwo ŋu o fia.

Amesi Asɔ Mia Kplii Mianɔ Xɔ me Didi

Ke afikae nàte ŋu atrɔ ɖo? Dze egɔme tso Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me nèle dzi. Dzidzɔtɔe la, amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la doa go sɔhɛ siwo nye gbɔgbɔmemewo le sukuwo kple kpekpe siwo wowɔna na ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo koŋ me. * Dzilawo, hamemegãwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple ame bubuwo hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò; woate ŋu anya sɔhɛ siwo mia kpli wo mianɔ xɔ me woasɔ.

Egbɔgblɔ na ame bubu hã ate ŋu anye mɔnu vevi aɖe. Zi alesi nèna amewo nya wò didiwo la, zi nenemae wòate ŋu ava eme be nàkpɔ dzidzedzee. (Nyagblɔla 11:6) Ƒo wo katã ta la, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò le amesi mia kplii mianɔ xɔ me didi me, eye nàɖo ŋu ɖe eŋu be wòayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi.—Yohanes I, 5:14, 15.

Numekuku

Ne èva kpɔ amesi anɔ xɔ me kpli wò vɔ megbe la, àdi vevie be mianɔ anyi ɖekae kaba. Gake anyo be nàwɔ numekuku aɖewo gbã. Ðe ame ma nye ‘amesi ŋu woɖi ɖase nyui le’ le eƒe hamea mea? (Dɔwɔwɔwo 16:1, 2) Ðewohĩ mia kple dziwòlawo miate ŋu abia amea ta se le gbɔgbɔmeme bibi siwo nyae nyuie gbɔ. Àte ŋu abia be: ‘Ŋkɔ kae le amea ŋu? Ðe amesia dze akɔ anyi le seselelãme kple gbɔgbɔ me gomea? Ðe amesia kpɔa gome le gbeƒãɖeɖe na ame bubuwo me alo ɖoa nya ŋu le kpekpewo mea? Ðe wonya amesia be enɔa agbe nyuia?’

Ðo ŋku edzi be, “ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.” (Lododowo 13:20) David gblɔ be: “Amesi le xɔ me kplim nye amesi dea ŋugble le gbɔgbɔmenuwo ŋu. Esia lém ɖe te le gbɔgbɔ me.” Renee, amesi woa kple ame vovovo nɔ xɔ me hã gblɔ be: “Amesiwo mía kple wo míenɔ xɔ me dometɔ aɖewo donɛ ɖa be míaxlẽ Biblia ƒe ta ɖeka ɖekae zã ɖesiaɖe. Esi dzinyelawo menye Ðasefowo o ta la, míewɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kpɔ o. Eyata ‘ƒomenusɔsrɔ̃’ wɔwɔ kple amesiwo le xɔ me kplim dzea ŋunye ale gbegbe!” Nyateƒee, xɔmenɔnɔ kple amesiwo hã lɔ̃a gbɔgbɔmenuwo ate ŋu ahe dzidzɔ vɛ ŋutɔ.

Miɖo Dze Faa

Emegbe miado go kple mia nɔewo ahadzro nuwo me. Dzeɖoɖo mawo tɔgbe ate ŋu ana nànya ne miaƒe nɔnɔmewo sɔ. Dzidzɔtɔe la, numekuku aɖe si ŋu nya wogblɔ le magazine si nye Communication Research Reports me ɖee fia be amesiwo woa kple wo nɔewo le xɔ me siwo ƒe dzeɖoɖo ƒe nɔnɔmewo nye ɖeka “ye nyea amesiwo kpɔa dzidzɔ ɖe wo nɔewo ŋu helɔ̃a wo nɔewo wu.” Eyata ne amesi kɔa mo ɖe ame, fena kple ame, heɖoa dze kple amee nènye la, àte ŋu ava ge ɖe kuxi me ne mia kple amesi meƒoa nu o, alo amesi nɔa anyi kpoo, alo amesi melɔ̃a hamenɔnɔ ɣesiaɣi o ye va le xɔ me.

Togbɔ be màdi be yeƒe numedzrodzro nanɔ kplalaa abe kpovitɔwo ƒe gbebiamewo ene o hã la, anyo be nàdzro nusiwo amesi gbɔna xɔ me nɔ ge kpli wò adi be yeawɔ fifia kple ɖoɖo siwo le esi la me kplii. Ðe wònye amesi le didim be yeawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi alo ɖeko wòle didim be yeasi le nɔnɔme sesẽ aɖe nu le aƒemea? Lynn gagblɔ kuxi bubu si ate ŋu ado mo ɖa be: “Ahiãvi nɔ ame aɖe si mia kplii míenɔ xɔ me si eye eƒe ahiãvia nɔa egbɔ ʋuu vaseɖe zãtiƒe ke.” Lynn kpɔ be woƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia wo nɔewo mesɔ o eye wòkua dzi na ame. Gake woate ŋu aƒo asa na kuxi mawo ɣeaɖewoɣi nenye be miewɔ se vevi aɖewo na mia ɖokui do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, Renee gblɔ be: “Se nɔ mía si be ŋutsuviwo manɔ anyi agbɔ ɣeyiɣi aɖe ŋu o.” Anye nusi sɔ hã be xɔa me nɔlawo nalɔ̃ ɖe edzi be wòagadzɔ gbeɖe ɖe wo dometɔ aɖeke dzi be ŋutsu kple nyɔnu alo nyɔnu kple ŋutsu ɖeɖe nanɔ xɔ me o.

Azɔ hã nu bubu siwo me wòanyo be miadzroe nye modzakaɖedɔ, nusiwo doa dzidzɔ na ame wu, kple haƒoƒo siwo vivia ame nu wu. Mark gblɔ be: “Madi be manɔ xɔ me kple amesi lɔ̃a nusiwo melɔ̃na, amesi ƒe nɔnɔmewo sɔ kple tɔnye, si alɔ̃ be yeawɔ nusiwo mewɔna.” Nyateƒee, mefia be amesiwo lɔ̃a nu vovovo mate ŋu anɔ xɔ me ɖekae o. Nya lae nye be, Aleke mi ame eveawo miate ŋu atrɔ ɖe alesi nɔnɔme aɖe le ŋui? Ðe miele klalo be miaŋe aɖaba aƒu masɔmasɔwo dzi ahawɔ asitɔtrɔ be miaɖe mɔ na mia nɔewoa?

Lee do susu ɖa be: “Ele be nàbia nusi ame kemɛa hã adi be wòanɔ ɖoɖoa me. Ame aɖewo kpɔa mɔ be nànye yewo xɔlɔ̃ vevitɔ kple zɔhɛ kplikplikpli. Gake menye nu mae medina o.” David hã gblɔ be: “Madi be manɔ xɔ me kple amesi mia kplii míate ŋu awɔ nu ɖekae gake menye amesi adi be yeanɔ ŋunye ɣesiaɣi ne medi be mawɔ nu kple ame bubuwo o.” Nenema ke nàte ŋu akpɔe ɖa nenye be amea adi be yeanye wò kpeɖeŋutɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, alo ne nu bubu le susu me nɛ abe subɔsubɔ le dutagbe hame aɖe me ene.

Mlɔeba la, migaŋe aɖaba ƒu nya bubuwo siwo ku ɖe nuɖaɖa (ɖe mi ame eveawo dometɔ aɖe nya nuɖaɖa?), aƒemedɔwo mama awɔ, ame ŋutɔ ƒe xɔmenuwo zazã, awudzraɖoƒe, xɔmenuwo, nuwo dzraɖoƒe kple ameŋulɛ̃wo ŋu dzi o. Numedzodzro le nusiawo ŋu ɖekae ate ŋu ana miaƒo asa na masɔmasɔwo kple abidede mia nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu. Lododowo 20:18 gblɔ be: “Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu.”

“Alesi Dze ɖe Eteƒeteƒe”

Gɔmeɖose nyui bubu aɖe dze le Luka 14:28, afisi gblɔ be: ‘Bu eŋu kɔnta.’ Ẽ, midze agbagba miabu ho si dzi mianɔ agbe ɖo ŋu. Nenie xɔfetu axɔ? Nuɖuɖu ɖe? Elektrik kple tsi fewo ɖe? Ðe miawɔ telefon ɖeka ŋudɔa? Ne nenemae la, aleke miegbɔna eŋu fea ma gee? Lynn gblɔ be: “Makpɔ egbɔ be nyɔnuvi si anɔ xɔ me kplim la ate ŋu axe eƒe fewo hafi mana wòanɔ xɔ me kplim.” Magazine si nye The Next Step si ƒe nyatakaka woxɔna toa kɔmpiuta dzi la gblɔ wòsɔ be: “Amesi le xɔ me kpli wò si mexea xɔfe alo xea fe ɖe nuɖuɖu ta o . . . alo zãa elektrik kple tsi sɔ gbɔ henyia fe geɖe la ate ŋu ana nàxaxa yakatsyɔ.”

Renee gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, menye fe agbɔsɔsɔ si wòle be ame naxe ye nye nya o ke boŋ ɣeyiɣi si dzi woaxee ye.” Eɖe eme be: “Ele be miaxe xɔfe le ɣletia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe. Gake ɣeaɖewoɣi la, amesiwo le xɔ me kplim dometɔ ɖeka zɔa mɔ le kwasiɖa ƒe nuwuwu hafi wòva xea fea, eye ele nam be maɖe kuku na míaƒe xɔtɔ ɖe eta.” Eme kɔ be enye nusi sɔ be woawɔ nuwo katã “alesi dze ɖe eteƒeteƒe” eye mele be woagblẽ nu veviwo ɖe yame o. (Korintotɔwo I, 14:40) Zi geɖe la, anyo be miaŋlɔ nya siwo dzi mieda asi ɖo la da ɖi.

Ŋudzɔnɔnɔ kple nuwo wɔwɔ le nunya me ate ŋu ana nàkpɔ amesi anɔ xɔ me kpli wò si anye yayra na wò ke menye esi ado nuxaxa na wò o. Gake ne kuxiwo kple masɔmasɔwo do mo ɖa ya ɖe? Nyati si woava ta emegbe adzro nɔnɔme siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Nukatae Mía Kple Amesi le Xɔme ƒe Anyinɔnɔ Sesẽ Alea?,” si dze le May 8, 2002, ƒe tataa me.

^ mm. 5 Esi ame geɖewo nɔa xɔ me kple wo nɔewo egbea le agbegbegblẽnɔnɔ ta la, míadi be míate gbe ɖe edzi be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe xɔmenɔnɔ kple wo nɔewo be ganyawo kple nuwo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na wo ƒe nya me dzrom nyati sia le.

^ mm. 10 Mɔnukpɔkpɔ sua ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo si wodea Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku. Wowɔa kpekpe na ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo hã le ƒe sia ƒe ƒe nutome sue takpekpewo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Afɔkuwo le xɔmenɔnɔ kple amesiwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ nu o me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Hafi nàlɔ̃ anɔ xɔ me kple ame aɖe la, mikpe ne miadzro nya veviwo me