Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?

Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?

Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?

“Dzɔdzɔmeŋutinunya mawusubɔsubɔ manɔmee nye nuwɔame, mawusubɔsubɔ dzɔdzɔmeŋutinunya manɔmee nye ŋkuagbã.”​—Albert Einstein.

MÍAƑE ɣeyiɣia nye esi me nukunuwo le dzɔdzɔm le le agbɔsɔsɔ si womekpɔ kpɔ o me. Nu yeye siwo ŋu wole kekem ɖo le dziƒonutome le eƒom ɖe ɣletiviŋununyalawo nu be woagbugbɔ ŋku alé ɖe nukpɔsusu si le wo si ku ɖe alesi xexeame wɔ va dzɔ ŋu la ŋu. Alesi xexeame le la doa dzidzɔ na amewo eye wobiana biabia siwo li tso gbaɖegbe ke si míaƒe anyinɔnɔ na wobiana la be: Aleke xexeame kple agbe wɔ va dzɔ eye nukatae?

Ne míelé ŋku ɖe nu bubu—si nye ametia gɔ̃ hã ŋu—ɖoɖo si me wova nya be domenyiŋusẽfianua le nyitsɔ laa fɔ biabia sia ɖe te be: Aleke wowɔ agbe ƒomevi gbogboawoe? Eye ne ame aɖee wɔ wo la, amekae? Alesi míaƒe domenyiŋusẽfianu wɔa dɔe si gɔme menya sena bɔbɔe o la ʋã United States dukplɔla wògblɔ be “míele nɔnɔme si me Mawu wɔ nu gbagbewo ɖo la srɔ̃m.” Dzɔdzɔmeŋutinunyala gã si nye numekuku sia wɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Míeke ɖe mía ŋutɔwo ƒe domenyiŋusẽfianu ƒe nyatakaka vi aɖe si Mawu ɖeka koe nya tsã la ŋu.” Gake biabiawo gakpɔtɔ li—aleke nu gbagbewo wɔ va dzɔ, eye nukatae?

“Fesre Eveawo”

Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔna be woate ŋu aɖe mɔ siwo katã nu xexeame wɔa dɔ toe me to numekuku aɖaŋutɔe Mawu me nunya aɖeke manɔmee me. Gake ame geɖe siwo dome dzɔdzɔmeŋutinunyalawo hã le la meda asi ɖe nukpɔsusu ma dzi. Wodzena agbagba be yewoase alesi nuwo le tututu gɔme to ŋkuléle ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ ŋu. Wokpɔe be dzɔdzɔmeŋutinunya ɖea alesi nuwo le le agbeme kple xexeame godoo si ƒo xla mí me la fiana, ke mawusubɔsubɔ ɖea nusi koŋ ta wole nenema ɖo me.

Esime dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala Freeman Dyson nɔ nu me ɖem ku ɖe mɔnu evea siaa ŋu la, egblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ nye fesre eve siwo me amewo kpɔa nu tonɛ be woate ŋu ase xexe gã gbahoo la gɔme.”

Agbalẽŋlɔla William Rees-Mogg gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒoa nu tso nusiwo wote ŋu dzidzena ŋu, ke mawusubɔsubɔ ƒoa nu tso nusiwo womete ŋu dzidzena o ŋu. Egblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu aɖo kpe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi alo atsi tre ɖe eŋu o, abe alesi ko mate ŋu afia nusi nyo le agbenyuinɔnɔ ŋu alo nusiwo dze ani le aɖaŋudɔ aɖe me alo atsi tre ɖe wo ŋu o ene. Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe gɔmeɖose aɖeke meli si fia nusita woalɔ̃ amehavi alo ade bubu amegbetɔ ƒe agbe ŋu o . . . Vodada gãtɔ kekeakee wòanye ne woagblɔ be nusianu si womate ŋu ato dzɔdzɔmeŋutinunya dzi aɖo kpee o la meli o, elabena aɖe nusianu kloe si ŋu viɖe le na mí le agbe me la ɖa, menye le Mawu alo amegbetɔ ƒe nɔnɔme nyuiwo gome ko o, ke boŋ aɖe lɔlɔ̃ kple hakpanya kple haƒoƒo hã ɖa.”

Dzɔdzɔmeŋutinunya me “Dzixɔse”

Zi geɖe la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nufiafiawo dzena abe esiwo wotu ɖe nukpɔsusu aɖe dzi ene si bia xɔse aɖe koŋ. Le kpɔɖeŋu me, ne agbedzɔtsoƒe ŋue wòku ɖo la, nɔnɔmetɔtrɔfiala akpa gãtɔ léa nukpɔsusu aɖewo me ɖe asi, si biana be woanɔ te ɖe “gɔmeɖose” aɖe koŋ dzi. Wotsɔa nyateƒeawo tsakana kple nufiafiaawo. Eye ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo zã ŋusẽ si le wo si tsɔ zi nɔnɔmetɔtrɔ si dzɔ le vome ƒe dzixɔse ɖe amewo dzi la, wodi be yewoagblɔ koŋ be: ‘Womabu fɔ wò ɖe alesi nènɔa agbee la ta o elabena nugbagbeŋutinunya, atikedodokpɔ, kple dzɔdzɔmeŋusẽŋununya me tsonu aɖe ko nènye.’ Nugbagbeŋutinunyala Richard Dawkins gblɔ be le xexea me la ‘aɖaŋuwɔwɔ aɖeke meli o, tameɖoɖo aɖeke meli o, nuvɔ̃ kple nu nyui aɖeke meli o, naneke meli o ke boŋ ɖekematsɔleme si ŋu gɔmesese aɖeke mele o ye li.’

Esi dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo di be yewoaʋli dzixɔse sia ta la, woɖonɛ koŋ ŋea aɖaba ƒua numekuku deto siwo dzɔdzɔmeŋutinunyala bubuwo wɔ dzi, si tsia tre ɖe nusiwo dzi wonɔa te ɖo fiaa nu tso alesi agbe wɔ va dzɔ ŋu. Ne míena ƒe biliɔn geɖe va yi gɔ̃ hã la, mate ŋu ana nu ƒe akpa suetɔ kekeake si me nu gbogbo le nadzɔ le vome le eɖokui si wòazu lãmenugbagbevi si me agbe anɔ la akpɔ gbeɖe o. * Eyata ele be woabu agbedzɔtsoƒe ƒe nufiafia si wota ɖe numekugbalẽ geɖewo me la be enye nusi mele eteƒe o.

Esesẽ be woaxɔe ase be ɖe nuwo dzɔ le vome kpoyi wu be woaxɔe ase be ɖe wowɔ wo. Ɣletiviŋununyala David Block gblɔ be: “Nuwo dzixɔxɔse sesẽna na amesi mexɔe se be Wɔla li o wu amesi xɔ edzi se. Ne ame aɖe gblɔ be Mawu meli o la, egblɔ nya gbadza aɖe si ŋu kpeɖodzi mele o—nya si wotu ɖe dzixɔse aɖe si ŋu kpeɖodzi mele o la dzi.”

Dzɔdzɔmeŋutinunya aɖewo siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo kena ɖo nana wobɔbɔa wo ɖokui. Albert Einstein ʋu eme be: “Asesẽ ŋutɔ be nàkpɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo dea ŋugble le nu ŋu vevie siwo me mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme aɖeke mele o. . . . Woɖea mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme fiana ne wokpɔ ɖekawɔwɔ si le dzɔdzɔmese si kplɔa nuwo me wòwɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe, eye wòna wokpɔ nunya gã si gbegbe le wo me, ne wotsɔe sɔ kple alesi amegbetɔ bua tamee hewɔa nu ɖe ɖoɖo nui la, nu ƒe nɔnɔme dzi kpɔkpɔ awɔ aɖe koe wo tɔ nyena.” Ke hã esia meʋãa dzɔdzɔmeŋutinunyalawo be woaxɔ Wɔla aɖe, si nye Mawu dzi ase kokoko o.

Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe Seɖoƒe

Esɔ be woabu dzɔdzɔmeŋutinunya me sidzedze kple nusiwo wòna wote ŋu wɔ la nu vevii. Ke hã ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya kpena ɖe ame ŋu wonyaa nanewo hã la, menye eya koe nye sidzedzetsoƒe ɖeka kolia o. Tameɖoɖo si le dzɔdzɔmeŋutinunya ŋue nye be wòana woanya nane to nusi le edzi yim me le xexeame eye be wòakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ŋuɖoɖo na alesi nusiawo dzɔnae.

Dzɔdzɔmeŋutinunya nana míekpɔa gɔmesese deto na nusiwo le xexea me kple nusianu si míekpɔna la. Gake aleke kee woɖawɔ ŋgɔyiyi le dzɔdzɔmeŋutinunya me o, mate ŋu ana woakpɔ ŋuɖoɖoa—si nye tameɖoɖo si tae wowɔ xexea ɖo—gbeɖe o.

Agbalẽŋlɔla Tom Utley gblɔ be: “Biabia aɖewo li siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo akpɔ gbeɖe o. Ate ŋu anye be Wówo Gã la dzɔ ƒe biliɔn 12 enye esia. Gake nukatae wòdzɔ ɖo? . . . Aleke nu suesueawo wɔ va do gɔ̃ hã? Nukae nɔ anyi do ŋgɔ?” Utley ƒo nyaa ta be: “Eva le dzedzem . . . ƒã wu tsã be dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu ana amegbetɔwo nakpɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabia siwo ŋu wotsi dzi ɖo akpɔ gbeɖe o.”

Le esi eteƒe be dzɔdzɔmeŋutinunya si sua ame si to biabia siawo me nate fli ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ me la, eɖoa kpe edzi boŋ be xexe gã nyadri aɖe si me nuwo sɔ gbɔ ɖo fũ si gɔme sese mele bɔbɔe o, hewɔ nuku ale gbegbe mee míele. Amesiwo dea ŋugble le nu ŋu vevie dometɔ geɖe kpɔe be enyo be woaƒo nya ta be ɖe dzɔdzɔmesewo kple nuwo ƒe tɔtrɔ azu nu bubu kpakple domenyiŋusẽfianu kple agbe ƒomevi vovovoawo ɖoa kpe Wɔla ƒe anyinɔnɔ dzi. Naneke meli si ana woake ɖi esia o.

‘Xɔse Nye Nu Vavã’

Ne Wɔla aɖee wɔ xexeame la, ke mele be míakpɔ mɔ be míadze si eyama kple eƒe tameɖoɖowo to didiƒekpɔmɔ̃, nusuekpɔmɔ̃, alo to dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe mɔ̃ bubu aɖewo dzi o. De ŋugble le zemela kple ze si wome la ŋu kpɔ. Aleke kee wolé ŋku ɖe zea ŋu tsitotsitoe o mate ŋu ana woanya susu si ta wowɔe ɖo o. Ke ɖeko wòle be míabia zemelaa ŋutɔ.

Agbeŋusẽŋutinunyala Francis Collins ɖe alesi xɔse kple gbɔgbɔmemenyenye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia si dzɔdzɔmeŋutinunya mete ŋu ɖo o la me be: “Nyemekpɔe be mawusubɔsubɔ mee woato afia alesi domenyiŋusẽfianu ƒe wɔwɔme le o eye nenema ke nyemekpɔe be dzɔdzɔmeŋutinunya mee woato anya nusi de ŋgɔ wu dzɔdzɔmenuwo o. Ke ku ɖe biabia vevi dodzidzɔname siawo ŋu abe ‘Nukatae míedzɔ?’ alo ‘Nukatae amegbetɔ tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu?’ ene la, mekpɔe be dzɔdzɔmeŋutinunya masɔ le afisia o. Aʋatsodzixɔse geɖewo nɔ anyi kpɔ gake vivivi la wo nu va yi. Gake xɔse ya nu meyina o, si fia be nu vavãe wònye.”

Nusita Xexeame Va Dzɔ Me Ðeɖe

Tsɔ kpe ɖe ŋuɖoɖo si mawusubɔsubɔ vavãtɔ na míekpɔna ku ɖe nusita míele agbe kple tameɖoɖo si le agbe ŋu ŋuti la, enaa dzidzenu siwo ku ɖe gɔmeɖosewo, agbenyuinɔnɔ, kple agbenɔnɔ gɔmeɖosewo kpakple mɔfiamewo le agbe me la mí. Dzɔdzɔmeŋutinunyala Allan Sandage ɖe eme ale: “Nyemedzroa agbeŋutinunyagbalẽ me be manya alesi manɔ agbee o.”

Ame miliɔn geɖe le xexeame siwo se le wo ɖokui me be yewokpɔ afisi yewoatrɔ ɖo anya alesi yewoanɔ agbee. Wosee le wo ɖokui me hã be yewokpɔ ŋuɖoɖo si me dzidzeme vavã le na biabia siwo gbɔna: Nukatae míedzɔ? Eye mɔkpɔkpɔ kae li na mí le etsɔme? Ŋuɖoɖoawo li. Gake afikae wole? Wole agbalẽ xoxotɔ kekeake si woma wu ɖesiaɖe, si nye Biblia me.

Biblia la gblɔ na mí be amegbetɔ koŋ tae Mawu wɔ anyigba la ɖo. Yesaya 45:18 gblɔ ku ɖe anyigbaa ŋu be: “Menye ɖe [Mawu] wɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” Eye menye ɖeko wòdzra nusianu si amewo ahiã le anyigba dzi ɖo na wo ko o, ke boŋ be woakpɔ dzidzɔ le agbe me bliboe.

Wotsɔ anyigba dzi kpɔkpɔ de asi na amegbetɔ be “wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.” (Mose I, 2:15) Biblia gagblɔ be sidzedze kple nunya nye nunana tso Mawu gbɔ eye wòle na mí be míalɔ̃ mía nɔewo eye míawɔ nu dzɔdzɔe ɖe wo ŋu. (Hiob 28: 20, 25, 27; Daniel 2:20-23) Eyata ne amegbetɔwo va dze si tame si Mawu ɖo ɖe agbe ŋu helɔ̃ ɖe edzi ko hafi woate ŋu ase tame si wòɖo ɖe agbe ŋu gɔme. *

Aleke amesiwo dea ŋugble le nu ŋu egbea akpɔ ta na vovototo gã si le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo dome? Gɔmeɖose kawoe akpe ɖe ame ŋu be esia nanya wɔ?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Kpɔ Tanya si nye “Afikae Agbe Dzɔ Tso?” le agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? ƒe ta 3 lia, si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 26 Ne èdi nyati sia me ɖeɖe tsitotsito la, kpɔ agbalẽ si nye Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Nya si Dzɔdzɔmeŋutinunyala Aɖewo Gblɔna

Ame aɖewo tsɔe be dzɔdzɔmeŋutinunyala akpa gãtɔ medea nu nya siwo ku ɖe gbɔgbɔmemenyenye kple mawuŋununya ŋu me o kple susu be wometsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o alo be womedi be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ ƒe nyahehewo me o. Nenemae wòle le dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gome gake menye wo katãe le nenema o. De dzesi nya siwo gbɔna si dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔ.

“Gɔmedzedze le xexeame si gake ɖeko dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mete ŋu ɖea nusitae wòle nenema ɖo gɔme o. Ŋuɖoɖoa enye be Mawue wɔe.” “Mebua Biblia be enye nyateƒegbalẽ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me. Nunyala aɖe gbɔ kokokoe agbe si wɔnuku alea la tso.”—Ken Tanaka, ɣletinyigbaŋutinunyala si le United States ƒe Anyigba Ŋuti Numekuƒe.

“Amegbetɔwoe na vovototo va le sidzedze ƒomevi vovoawo (dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ) dome. . . . Kadodo kplikplikpli le Wɔla la ŋuti sidzedze kple nuwɔwɔ ŋuti sidzedze dome.”—Enrique Hernández, numekula kple nufialagã le Dzɔdzɔmeŋusẽŋununya Kple Atikewo Ŋuti Numekuƒe, si le Dukɔa ƒe Yunivɛsiti Nɔɖokuisi le Mexico.

“Esi míele nyatakaka siawo katã [siwo ku ɖe domenyiŋusẽfianu ŋu] nu ƒom ƒu la, nu gbogbo si wòlɔ ɖe eme kple alesi wode nu wo nɔewo me ava adze. Ava fia be aɖaŋuwɔla aɖee wɔe, si nye ame aɖe si na nuwo va dzɔ.”—Duane T. Gish, lãmetsiŋununyala.

“Vovototo aɖeke mele dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ dome o. Nyateƒe ɖeka ma ko fiam nu evea siaa le. Dzɔdzɔmeŋutinunya fiana be Mawu li.”—D.H.R. Barton, atikedodokpɔ ƒe nufialagã, le Texas.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

NASA/U.S. Geological Survey

Photo: www.comstock.com

NASA and The Hubble Heritage Team (STScI/AURA)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Ðe numekuku si wowɔna le dzɔdzɔmeŋutinunya me ate ŋu ana míanya nusita míedzɔ ɖoa?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy Arecibo Observatory/David Parker/Science Photo Library