Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dukɔwo Dome Kadodo si Aɖe Vi na Wò

Dukɔwo Dome Kadodo si Aɖe Vi na Wò

Dukɔwo Dome Kadodo si Aɖe Vi na Wò

“Ne dukɔwo dome kadodo ɖekae akpɔ dzidzedze la, ke ele be wòaɖe vi na hiãtɔ kple kesinɔtɔ siaa sɔsɔe. Ele be wòahe gomenɔamesiwo vɛ abe kesinɔnuwo ke ene. Ele be wòahe hadome dzɔdzɔenyenye kple tasɔsɔ vɛ ke menye kesinɔnuwo ƒe agbɔsɔsɔ kple kadodomɔnuwo ƒe nyonyo dzaa ko o.”​—KOFI ANNAN, DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE DƆDZIKPƆLAGÃ.

ABE alesi Kofi Annan gblɔe ene la, dukɔwo dome kadodo vavãtɔ ana emenɔla ɖesiaɖe ƒe anyinɔnɔ nanyo ɖe edzi. Gake nusi dzɔ le ƒe siwo va yi me nyitsɔ laa mete ŋu ɖo nu nyui siawo gbɔ o. Amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo kple tasɔsɔ meɖo afi aɖeke kura o ne wotsɔe sɔ kple ŋgɔyiyi siwo wowɔ le mɔ̃ɖaŋununya kple ŋutilãmenuwo kpɔkpɔ me.

Kuxi gãtɔ si le xexeame ƒe kadodo ɖekae ŋu enye ŋukeklẽ ɖe ga ŋu. Viɖedidi sia mena wobua hiãtɔwo kple amesiwo dzi nu mede o alo bua ɣletinyigba la ƒe dedienɔnɔ ŋu o. Ðk. David C. Korten ʋli nyaa ta be: “Xexeame ƒe ganya si de nu wo nɔewo me si ŋu womelé ŋku ɖo o siwo ƒe akpa gãtɔ le adzɔha siwo bua ga ƒe viɖe si woakpɔ le eme ko ŋu la mele dedie kura o . . . eye ɖeko wòna ameƒomea le to yim le nu geɖe me.”

Ðe xexeame dzi ɖulawo ate ŋu atrɔ asi le xexeame katã ƒe ganya ŋu ale be wòana woawɔ nu dzɔdzɔe le hadomea? Naneke mefia be ate ŋu ava eme o. Vaseɖe fifia la, dziɖuɖuwo mete ŋu le ta kpɔm na xexeame katã ƒe kuxi la o—eɖanye nuvlowɔwɔ si le edzi yim le xexeame godoo o, xexeame ƒe dzoxɔxɔ o, loo alo xexeame katã ƒe ahedadae o. Annan ɖe nu me be: “Ehiã na amesiame ƒe ɖetsɔleme hafi xexeame katã anɔ dedie, gake le egbe xexeame ƒe kadodo ɖekae sia me la, gɔmedzenuwo koe ɖoɖo siwo li woatsɔ akpɔ nusiawo gbɔe nye.”

Menye xexeame katã ƒe mɔ si dzi woato akpɔ xexeame godoo ƒe kuxi gbɔ le koe nye nusi hiã o. Xexeame Dziɖunyawo Gbɔkpɔha * di be woanya be xexeame hiã agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo hã. Woƒe nyatakakaa ɖee fia be: “Ne agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose mele xexeame katã si o la, dzrewɔwɔ kple tɔtɔ siwo le xexe sia si zu nuto ɖeka me la adzi ɖe edzi; eye ne mɔfiafia meli o la, habɔbɔ nyuitɔ kekeake gɔ̃ ha ado kpo nu.”

Agbenyuinɔnɔ kae wokafu na xexeame katã? Nyatakaka la gblɔ be: “Ele be amewo nawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe alesi woadi be woawɔ ɖe yewo ŋui ene.” Yesu Kristo, si nye kplɔla gãtɔ kekeake si ŋkɔ wose kpɔ le xexeame lae fia agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu sia anye ƒe akpe evee nye sia. (Mateo 7:12) Gake vevienyenye gale gɔmeɖose ma ŋu vaseɖe egbegbe. Ne woalé dzidzenu sia me ɖe asi le xexeame ƒe kadodo ɖekae sia me la, aɖe vi godoo na amesiame. Ðe esia ate ŋu ava eme gbaɖegbea?

Xexeame Katã ƒe Kuxi Gbɔ Kpɔnu aɖe si To Vovo

Biblia gblɔe ɖi be eteƒe madidi o, dziɖuɖu aɖe si aɖu xexeame dzi ato ɖokuitɔmadimadi mɔnu dzi ate ameƒomea aƒo ƒu ɖekae ke manye to ga kple mɔ̃ɖaŋununya dzi o. Akpɔ dzidzedze elabena ŋusẽ kple mɔ si nu woato akpɔ egbɔ na ameƒomea le esi. Yesu Kristo ŋutɔ he susu yi xexeame katã ƒe dziɖuɖu sia dzi esi wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia be ‘Mawu ƒe Fiaɖuƒe nava ne woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi.’—Mateo 6:10.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea, si nye dziƒo dziɖuɖu si le Yesu Kristo si me la, aɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na xexeame katã, si asɔ kple nusi tututu Yesu ŋutɔ fia esime wònɔ anyigba dzi. Lɔlɔ̃ na Mawu kple ame havi anye gɔmeɖose si akplɔ amewo. (Mateo 22:37-39) Nyagblɔɖi geɖe siwo le Biblia me gblɔ nusi dziɖuɖu yeye sia awɔ. Biblia do ŋugbe ku ɖe Edziɖula Yesu Kristo ŋu be: “Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.” (Yesaya 11:4) Kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo magate amesiwo dzi nuwo mede ɖe anyi o. Yesu “ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu . . . Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:13, 14.

Woakpɔ nutomekuxiwo gbɔ enumake. Le esi anyigba nanɔ dzogbewo zum ʋɛʋɛʋɛ teƒe la, “gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.” (Yesaya 35:1) Le dɔwuame teƒe la, “bli ado kpekpekpe le anyigba dzi.”—Psalmo 72:16.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒoa ameƒomevi vovovowo nu ƒu ɖekae. Mawu do ŋugbe be: “Maƒo wo nu ƒu ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene.” ‘Mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, eye wo katã atsɔ nusɔsɔ asubɔm.’ (Mixa 2:12; Zefanya 3:9) “Gbegbɔgblɔ dzadzɛ” sia si lɔ agbenyuinɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ƒe gɔmeɖose me léle ɖe asi ɖe eme la le amewo nu ƒom ƒu ɖekae fifia gɔ̃ hã.

Xexeame katã ƒe mɔzɔzɔ ƒe mɔnu vovovoawo na be Yehowa Ðasefowo te ŋu wɔa dukɔwo dome takpekpe gãwo edziedzi, si doa ŋusẽ kadodo si le ameƒomevi, dukɔ, kple dekɔnu vovovo tɔwo katã dome. Takpekpe siawo nye ɖekawɔwɔ ƒe kpeɖodzi vavã si nye dzi kple susu tɔ ke menye mɔ̃ɖaŋununya kple asitsatsa tɔ o. (Kpɔ aɖaka si kpe ɖe eŋu.) Spaintɔ mawunyaŋutinunyala aɖe si de takpekpe mawo dometɔ ɖeka ŋlɔ be: ‘Menye Ŋɔŋlɔawo me nuƒo siwo me nufiame le la ɖeɖekoe do ŋusẽm o, ke ɖekawɔwɔ si le amesiawo dome, woƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo, kple nɔnɔme nyui si le wo si hãe.’

Yehowa Ðasefowo gawɔa xexeame ƒe nu vevi siwo wozãna le kadodo me ŋudɔ tsɔ doa woƒe gbeƒãɖeɖe nyanyui si ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu hã ɖe ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, Nyɔ! si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ 80 kple edzivɔ me nye dɔ si gbegɔmeɖela geɖe siwo le xexeame katã zãa kɔmpiuta kple nyatakaka si woɖona ɖa to kɔmpiuta dzi wɔna. Dɔwɔnu siawo naa Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia fiafia ƒe ɖoɖowo nyea xexeame godoo ŋutɔŋutɔ tɔ. Eme va kɔ be woate ŋu awɔ xexeame ƒe nuwɔwɔ ɖekae ŋudɔ le mɔ nyui kple gbegblẽa siaa nu.

Nenema ke le esi xexeame katã ƒe dziɖuɖu si Mawu aɖo nahe kuxiwo vɛ, abe alesi amegbetɔwo ƒe kadodo ɖeka me nɔnɔ le ehem vɛ ene teƒe la, akpɔ kuxiwo gbɔ boŋ. Susu geɖe li si ta míaka ɖe dziƒodukplɔɖoɖo sia dzi. Mawu do ŋugbe be: “Mawɔ . . . anyigba yeye. Eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi o . . . miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti.” (Yesaya 65:17, 18) Mawu ƒe “anyigba yeye” sia aɖe vi na amesiame vavã.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Dziɖunyawo Gbɔkpɔha sia si me xexeame dziɖula xɔŋkɔ 28 le la trɔ asi le nyatakaka legbe aɖe ŋu le ƒe 1995 me si woɖo tanya na be “Míaƒe Xexeame Nuto Ðeka La,” si me wogblɔ woƒe susu ku ɖe nusiwo wòle be woawɔ atsɔ akpɔ nuwo gbɔe le xexeame be wòanya nɔ ŋu.

[Aɖaka si le axa 28]

WODO KA GAKE MAMA GALE WO ME

Togbɔ be mɔ̃ɖaŋununya te ŋu na xexeame dze teƒe sue aɖee hã la, mamawo xɔ aƒe ɖi. Television, asitelefon, kple Internet nye nu nyui si naa amewo doa ka, gake menye be woana ameawo nawɔ ɖeka o. Ðekawɔwɔ le ganyawo me kple dziɖuŋusẽ gãwo ƒe hoʋiʋli si megali o la ɖe aʋawɔwɔ dzi kpɔtɔ le Dukɔwo dome ya, gake dukɔmeviʋa vɔ̃ɖiwo gakpɔtɔ le amewo wum hele nuvevi wɔm ame akpe alafa nanewo gbesiagbe.

Nukatae? Elabena fuléle si le gbevovovodolawo, ameƒomevi vovovowo, kple subɔsubɔhawo dome—si nye nusi koŋ hea aʋawɔwɔ vɛ—la nu gbe tsotso. Eye xexeame katã ƒe asitsahawo kple nuvlowɔhawo kpɔa egbɔ be aʋawɔnu siwo mexɔ asi o la ƒe geɖe li na amesiwo kpe aʋa la be woate ŋu abla aʋakpa nyuie. Elektrikmɔ̃ɖaŋu mate ŋu ahe ɖekawɔwɔ vavãtɔ vɛ gbeɖe o. Eye dzidzedzekpɔkpɔ le ganyawo me hã mate ŋu ana woanɔ agbe dzɔdzɔe le hadome o.

Le go aɖewo me la, xexeame katã ƒe nuwɔwɔ ɖekae ate ŋu ahe mama vɛ vavã. Ne ganyawo yi to la, ame dahewoe va kpea fu le dunyahela siwo wɔa ganyawo ŋudɔ ɖe woƒe viɖekpɔkpɔ ta la si me. Nukae nye egbɔkpɔnu? Agbalẽ si nye Human Development Report 1999 gblɔ be: “Ele be woaɖo dukɔwo kple xexeame godoo ƒe dziɖuɖu yeye aɖe—si me amegbetɔ ƒe ɖekawɔwɔ na wote ŋu kpɔa ŋgɔyiyi eye tasɔsɔ nyea nu vevi na wo.” Nu ma tututue Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava awɔ.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe Biblia fiafiadɔa le kpekpem ɖe amesiwo tso du vovovowo me ŋu be wole ɖeka wɔm