Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ Ŋudɔwɔwɔ Ðekae

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ Ŋudɔwɔwɔ Ðekae

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ Ŋudɔwɔwɔ Ðekae

“Womegabua dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ be wonye nu vovovowo o.”​—The Daily Telegraph, London, May 26, 1999.

DZƆDZƆMEŊUTINUNYA kple mawusubɔsubɔ nyuitɔ kpɔkpɔ bia be woadi nyateƒea. Dzɔdzɔmeŋutinunya nana wokpɔa ɖoɖo wɔnuku si me xexeame le, si nye xexe gbahoo si me aɖaŋuwɔwɔ vovovowo le la. Subɔsubɔ vavãtɔ nana gɔmesese deto va nɔa nusiawo siwo ŋu woke ɖo la ŋu le esi wòfiaa nu be aɖaŋuwɔwɔ si dzena le dzɔdzɔme la nye Wɔla la ƒe nunya ɖeɖe fia ta.

Agbeŋusẽŋutinunyala, Francis Collins gblɔ be: “Mekpɔ be mawusubɔsubɔ dzi nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu ɖe edzi ŋutɔ.” Egagblɔ be: “Ne meke ɖe nane si ku ɖe domenyiŋusẽfianuwo ŋu la, nye nu kuna le agbe me le nusiwo ɣla ɖe mí ta, eye megblɔna na ɖokuinye be ‘Kpɔ ɖa, Mawu koe nya nusia tsã.’ Dzidzɔ manyagblɔ ŋutɔe ʋãam mekafua Mawu eye wònaa nye dzi dzea eme le dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ me.”

Nukae akpe ɖe ame ŋu be woawɔ dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ ŋudɔ ɖekae?

Wo Me Léle Ðe Asi

Lɔ̃ ɖe afisi woate ŋu asee ɖo dzi: Seɖoƒe meli na biabia siwo ku ɖe míaƒe xexea si seɖoƒe meli na o, dziƒonuto, kple ɣeyiɣi ŋu o. Nugbagbeŋutinunyala Lewis Thomas gblɔ be: “Nuwuwu manɔe na nusiawo akpɔ o, elabena míenye nuwɔwɔ siwo nu meɖia kɔ na o, míenɔa numekuku dzi, henɔa edidi dzi be míase wo gɔme. Míate ŋu akpɔ ta na wo avɔ akpɔ gbeɖe o. Nyemate ŋu asusu nuwuɣi aɖeke si me amesiame agbɔ ɖe eme agblɔ be, ‘Míese nusia gɔme bliboe azɔ o.’ Míate ŋu ase egɔme avɔ akpɔ o.”

Nenema ke wòle le mawusubɔsubɔ me sidzedze hã gome, seɖoƒe menɔa edidi me o. Biblia-ŋlɔlawo dometɔ ɖeka si nye Paulo gblɔ be: “Azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me . . . , medze si nu afã kple afã.”—Korintotɔwo I, 13:12.

Gake sidzedze afã kple afã si anɔ mía si ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ ŋu maxe mɔ ɖe nyametsotso nyui siwo míate ŋu atsɔ nyatakaka siwo su mía si awɔ la o. Míehiã na sidzedze ɖesiaɖe si ku ɖe ɣea ƒe dzɔtsoƒe ŋu hafi ate ŋu aka ɖe edzi bliboe be agu adze etsɔ o.

Bu kpeɖodziawo ŋu: Ele be míana gɔmeɖose dzɔdzɔewo nafia mɔ mí le ŋuɖoɖoa didi me. Ne míeku ɖe kpeɖodzi adodoea ŋu o la, míate ŋu atra mɔ bɔbɔe tso dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ me nyateƒea gbɔ. Ne míagblɔe tututu la, mía dometɔ aɖeke mate ŋu adzro dzɔdzɔmeŋutinunya me sidzedze kple nukpɔsusu siwo katã wodzra ɖo ɖe agbalẽdzraɖoƒe gãwo me tsitotsito gbeɖe o. Gake Biblia nye gbɔgbɔ me numekuƒe aɖe si ŋudɔ míate ŋu awɔ bɔbɔe hena míaƒe numekuku. Nu geɖewoe ɖo kpe Biblia me nyawo dzi. *

Gake le sidzedze gbadzaa gome la, ebia kutrikuku geɖe hafi woate ŋu anya vovototo si le nyateƒea kple nususukpɔ dome, nu vavãwo kple ameflunuwo dome—le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ siaa gome. Abe alesi Biblia-ŋlɔla Paulo xlɔ̃ nui ene la, ele be míagbe “aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia.” (Timoteo I, 6:20) Be dzɔdzɔmeŋutinunya kple Biblia ŋudɔ nanya wɔ ɖekae na mí la, ele be míadzro kpeɖodziawo me si ana míaƒo asa na nususukpɔ, eye míadzro alesi kpeɖodzi ɖesiaɖe de nɔvia dzi hewɔ ɖeka kplii me.

Le kpɔɖeŋu me, ne míeva se egɔme be Biblia la zãa “ŋkeke” tsɔ fia ɣeyiɣi ƒe didime vovovo la, míeva kpɔnɛ be mele be nuwɔwɔ ƒe ŋkeke adeawo ŋutinya si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me kple dzɔdzɔmeŋutinunya me nyataƒoƒo be anyigba xɔ ƒe si anɔ biliɔn ene kple afã la natɔtɔ mí o. Bibliaa ɖee fia be anyigba xɔ ƒe gbogbo aɖewo hafi nuwɔwɔ ŋkekeawo va dze egɔme. (Kpɔ aɖaka si nye “Nuwɔwɔ ƒe Ŋkekeawo—Gaƒoƒo 24 Ye Le Ðesiaɖe Mea?”) Ne wova wɔ ɖɔɖɔɖo le dzɔdzɔmeŋutinunya me eye woka ƒe bubu aɖe na míaƒe ɣletinyigbaa hã la, Biblia ƒe nyawo agakpɔtɔ anye nyateƒe kokoko. Le esi teƒe be dzɔdzɔmeŋutinunya natsi tre ɖe Biblia ŋu la, ena nyatakaka bubuwo mí kpee si ɖo kpe nya bubu geɖe siwo ku ɖe xexe si me míele ŋu dzi, le alesi wòle fifia kple alesi wònɔ tsã siaa ŋu.

Xɔsee, menye lɔlɔ̃ ɖe nusianu dzi ye o: Biblia ɖeɖekoe kpena ɖe mía ŋu míekpɔa Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze. Nukatae wòle be míaka ɖe edzi? Biblia ŋutɔ kpe mí be míado eƒe nyateƒenyenye akpɔ. De ŋugble le eƒe nyateƒetoto le ŋutinya me, nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo ŋu wòƒo nu le, eŋlɔlawo ƒe nyateƒetoto, kple alesi eƒe nyawo sɔ pɛpɛpɛ ŋu kpɔ. Ne woku nya siwo Biblia gblɔ siwo ƒe ɖewo me dzɔdzɔmeŋutinunya dze le, kple esiwo naa kakaɖedzi geɖe wu, si nye eƒe nyagblɔɖi alafa geɖe siwo va eme pɛpɛpɛ tso ƒe gbogbo siwo va yi va ɖo míaƒe egbeŋkekeawo me me la, wova xɔa edzi sena vevie be Mawu ƒe Nyae wònye. Biblia dzi si woaxɔ ase la menye lɔlɔ̃ ɖe nusianu dzi ye o ke boŋ enye kakaɖedzi si wokpɔna tsoa Ŋɔŋlɔawo me nya siwo le eteƒe pɛpɛpɛ me.

Bu dzɔdzɔmeŋutinunya nu vevi; kpɔ vevienyenye si le xɔse ŋu dze sii: Yehowa Ðasefowo kpea amesiwo lɔ̃na faa siwo nye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple subɔsubɔha bubu me tɔwo siaa be woava ku nyateƒe si le akpa evea siaa me tso dzi me. Le Ðasefowo ƒe hamewo me la wodea dzi ƒo na amewo be woale dzɔdzɔmeŋutinunya nyuitɔ kple esiwo ŋu kpeɖodziwo le la me ɖe asi tsɔ kpe ɖe Biblia dzixɔse deto ŋu elabena eya me koe woate ŋu akpɔ mawusubɔsubɔ me nyateƒe si ɖia ɖase le eɖokui ŋu pɛpɛpɛ kple kpeɖodzi geɖe le be Mawu ƒe Nyae. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã . . . ene.”—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

Nyateƒee, abe alesi wòle le dzɔdzɔmeŋutinunya me ene la, beble kple alakpanuwɔna vɔ̃ɖiwo tra ɖe mawusubɔsubɔ me. Eyata subɔsubɔ vavãtɔ kple alakpatɔ siaa li. Eyatae ame geɖe do le subɔsubɔha gã siwo wonya tsã me be woava zu Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hamea me tɔwo. Alesi subɔsubɔha siwo me wonɔ tsã la gbe asiɖeɖe le amegbetɔ ƒe kɔnuwo kple nyakpakpawo ŋu hegbe nyateƒe si ŋu woke ɖo kple esi woɖe fia la xɔxɔ na dzi ɖe le wo ƒo.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vevienyenye kple tameɖoɖo le agbe ŋu na Kristotɔ vavãwo elabena Wɔla la ŋuti sidzedze nyui si woɖe fia le Biblia me tsɔ kpe ɖe eƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ ku ɖe ameƒomea kple ɣletinyigba si dzi míele ŋu la su wo si. Biabiawo abe, Nukatae míedzɔ ɖo? kple Etsɔmemɔkpɔkpɔ kae le mía si? ene ƒe ŋuɖoɖo nyui si Yehowa Ðasefowo kpɔ tso Biblia me na woƒe dzi dze eme. Adzɔ dzi na wo ŋutɔ be woadzro nya vevi siawo me kpli wò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Àkpɔe le agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? si Yehowa Ðasefowo ta me.

[Aɖaka si le axa 10]

Nuwɔwɔ ƒe Ŋkekeawo—Gaƒoƒo 24 Ye Le Ðesiaɖe Mea?

Blemakɔnuléɖeasila aɖewo gblɔna be nuwɔwɔ ŋuti nufiafiae ɖea ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na amegbetɔ ƒe ŋutinya me, ke menye nɔnɔmetɔtrɔe o. Wogblɔna be wowɔ nu siwo katã míekpɔna le ŋkeke ade si me gaƒoƒo 24 le la ko me si anye ƒe 6,000 va ɖo ƒe 10,000 siwo va yi me lɔƒo. Gake esia nana wofiaa nusiwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔa dzi o, si na ame geɖe ɖua fewu le Biblia ŋu.

Ðe ŋkeke si woyɔna le Biblia me nyea gaƒoƒo 24 ƒe didime dzro ko ɣesiaɣia? Mose I, 2:4 (NW) ƒo nu tso “ŋkeke, si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo” ŋu. Ŋkeke sia lɔ nuwɔwɔ ƒe ŋkeke ade siwo katã le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 1 ɖe eme. Le alesi wozãnɛ le Biblia me nu la, ŋkeke nye ɣeyiɣi ƒe didime aɖe eye ate ŋu anye ƒe akpe ɖeka alo ƒe akpe nanewo. Biblia ƒe nuwɔwɔ ƒe ŋkekeawo na míete ŋu ƒoa nya ta be nuwɔɣi ɖesiaɖe lɔ ƒe akpe geɖe ɖe eme. Hekpe ɖe eŋu la, anyigba la li xoxo hafi nuwɔwɔ ƒe ŋkekeawo dze egɔme. (Mose I, 1:1) Esia na míekpɔe be Biblia ƒe ŋutinya wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya vavãtɔ.—Petro II, 3:8.

Esi agbeŋusẽŋutinunyala Francis Collins nɔ nu me ɖem ku ɖe nuwɔwɔ ƒe ŋkeke siwo wogblɔna be wonye gaƒoƒo 24 ƒe didime dzro ko ŋu la, egblɔ be: “Nuwɔwɔŋutinufiafia gblẽ nu geɖe le amewo ƒe xɔse ŋu tsɔ wu nusianu le egbegbe ƒe ŋutinya me.”

[Aɖaka si le axa 11]

Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Na Wonɔa Agbe Nyui Wua?

Eva dze ƒã be, ame geɖe siwo doa dzidzɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu gbe mawusubɔsubɔ le eƒe tsitretsitsi ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔyiyi ŋu, eƒe ŋkɔ gbegblẽ xɔxɔ, eƒe alakpanuwɔwɔ, kple eƒe ŋutasesẽnuwɔwɔ ta. Nugbagbeviŋutinunya fialagã, John Postgate ɖe nu me be: “Xexeame ƒe subɔsubɔhawo . . . he ametsɔtsrɔ̃, atitsogaʋa, wɔnamanɔŋutɔwo wuwu, kple ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔwo vɛ. Le egbegbe xexeame la, subɔsubɔhawo ƒe nɔnɔme gbegblẽa na ŋɔdzi va le eŋu. Elabena subɔsubɔhawo menye akpaɖekedzimadelawo abe alesi wòle le dzɔdzɔmeŋutinunya me ene o.”

Esi Postgate tsɔ nɔnɔme gbegblẽ ma sɔ kple tufafa, ameŋkumemakpɔmakpɔ, kple dzigbɔgbɔ blewu si wogblɔ be ele dzɔdzɔmeŋutinunyalawo si la, egblɔ be “dzɔdzɔmeŋutinunya na wonɔa agbe nyui wu.”

Ðe wònye nyateƒe be dzɔdzɔmeŋutinunya na wonɔa agbe nyui wua? Ŋuɖoɖoa enye ao. Postgate ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be “dziku, ŋukeklẽ, nazãbubu kple ŋuʋaʋã le dzɔdzɔmeŋutinunyalawo hã dome.” Egagblɔ kpee be, “dzɔdzɔmeŋutinunyala ʋɛ aɖewo wu ame ɖe numekuku ta, abe esi dzɔ le Germany Nazitɔwo kple Japantɔwo ƒe gaxɔwo me ene.” Esi National Geographic talawo dɔ nyadzɔdzɔŋlɔla si kua nu me be wòaku alesi wowɔ ŋlɔ ameblenya aɖe siwo ku ɖe nane si wobe enɔ anyi kpɔ ŋu ɖe woƒe nyadzɔdzɔgbalẽa me la, nyadzɔdzɔŋlɔla la va ka nya ta be “woƒe nyawo lɔ amefluflu kple makamakaɖeamedzi, dzrewɔwɔ ɖe nukpɔsusu vovovowo ta, ɖokuidodoɖedzi, ameɖokuifuflu, ɖevi susuwo, vodada, dzimesesẽ ayemenuwɔwɔ, amegɔmezɔzɔ, aʋatsokaka, [kple] nufitifitiwɔwɔ ɖe eme.”

Gakpe ɖe eŋu la, dzɔdzɔmeŋutinunya mee ameƒomea to kpɔ aʋawɔnu dziŋɔ siwo nye aʋawɔnu si kakaa dɔlékuiwo, aɖiya, tukpewo, aʋawɔtu siwo wotsɔa mɔ̃ fiaa mɔe wodana, kple nuklia-bɔmbwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

“Ant Nebula” ɣletivihatsotso (Menzel 3), si wotsɔ Hubble Yamenutomekpɔmɔ̃ kpɔe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

NASA, ESA and The Hubble Heritage Team (STScI/AURA)

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Dzɔdzɔmeŋutinunya na wokena ɖe xexe aɖe si me aɖaŋuwɔwɔ vovovo bɔ ɖo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yehowa Ðasefowo dea bubu dzɔdzɔmeŋutinunya vavãtɔ kple Biblia dzixɔse ŋu