Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ—Masɔmasɔ Si Le Wo Dome

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ—Masɔmasɔ Si Le Wo Dome

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ​—Masɔmasɔ Si Le Wo Dome

“Ðe wonya mawusubɔsubɔ be enye dɔléle si ɖea fu na susua?”

—Nugbagbeŋutinunyala Richard Dawkins.

WOBUA mawusubɔsubɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya ɣeaɖewoɣi be wonye futɔ vɔ̃ɖiwo. Le ame aɖewo ƒe nukpɔsusu nu la, edze abe woanɔ ʋiʋlia dzi vaseɖe esime wo dometɔ ɖeka nu ayi hafi evelia aɖu dzi ene.

Le ƒuƒoƒo si me dzɔdzɔmeŋutinunyalawo abe atikedokpɔla Peter Atkins le ene me la, wobui be “manya wɔ” be woawɔ mawusubɔsubɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋudɔ ɖekae o. Atkins gblɔ be edzixɔxɔse “be Mawu ko dzi woato akpɔ gɔmesese (na nane, alo ʋuu keke woaha yi nu ɖesiaɖe nye ge) nye bometsitsi.”

Le ƒuƒoƒo bubu si me subɔsubɔhawo le me la, wotsia tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu be ena be amewo ƒe xɔse nu tsi. Amesiawo xɔe se be alesi woɖea dzɔdzɔmeŋutinunya me egbea la nye amebeble; eƒe nya veviwo ate ŋu anɔ eme, gake wo gɔme maɖemaɖe nyuie ate ŋu agblẽ nu le dzianukwaretɔwo ƒe dzixɔse ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nugbagbeŋutinunyala William Provine gblɔ be Darwin ƒe nufiafia le fiafiam be “mele be gɔmeɖose vevi nanɔ agbenɔnɔ ŋu o; eye tameɖoɖo mele agbe ŋu o.”

Gake masɔmasɔ siawo ƒe ɖewo tso alakpanufiafia siwo ŋu kpeɖodzi mele o gbɔ le akpa eveawo siaa gome. Ƒe alafa nanewo enye esia la, subɔsubɔhakplɔlawo fia nyakpakpawo kple xɔsemeʋuʋu siwo mele eteƒe o eye womesɔ hã kple nusiwo ŋu egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya ke ɖo o eye womenɔ te ɖe Ŋɔŋlɔ si tso gbɔgbɔ me dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Roma Katoliko Ha la bu fɔ Galileo le esi wòƒo nyata nyuie be anyigba ƒoa xlã ɣea ta. Galileo ƒe nukpɔsusua metsi tre ɖe Biblia ŋu le mɔ aɖeke nu o, gake etsi tre ɖe nusi sɔlemeha la fia ɣemaɣi la ŋu. Le go bubu me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖi fɔ le woƒe nufiafia si dzi womate ŋu aɖo kpee o fiafia me esi wofiana be agbe dzɔ tso nusi me agbe mele o me Mawu manɔmee la ta. Woɖua fewu le mawusubɔsubɔ me dzixɔse ŋu be mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o.

Ekema ɖe woanya wɔ be woawɔ dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ ŋudɔ ɖekaea? Ẽ, anya wɔ. Le nyateƒe me la, dzɔdzɔmeŋutinunya si ŋu kpeɖodzi le kple subɔsubɔ vavãtɔ zɔna aduadu, le esi eteƒe be woatsi tre ɖe wo nɔewo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 2, 3]

Galileo fia dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒe, gake sɔlemeha ka mo nɛ ɖe eta