Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Wò To Ta!

Kpɔ Wò To Ta!

Kpɔ Wò To Ta!

“Amesiwo wu miliɔn 120 ye le totsitsidɔ lém le xexeame.”—Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ.

MÍAƑE nusese ŋutete nye nunana si ŋu wòle be míade asixɔxɔe. Gake ne míele tsitsim la, míaƒe nusese dzi ɖena kpɔtɔna vivivi. Edze abe egbegbe ƒe agbenɔnɔ, kple gbeɖiɖi kpakple toɣliɖenu gbogbo vovovo siwo lie nana wònyrana ɖe edzi ene. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe tatɔ si le Tokunɔwo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe, si le St. Louis, Missouri, U.S.A., gblɔ be: “Nusiwo na to tsina le Amerikatɔwo dome ƒe 75 le alafa me tsoa nusi nèwɔna na wò to le wò agbenɔɣi katã me gbɔ ke menye tsitsi gbɔ ɖeɖee wòtsona o.”

Gbeɖiɖi si nu sẽ ŋutɔ sese ɣeyiɣi kpui aɖe ate ŋu agblẽ nu le nu beli siwo wɔ wò to ememe tɔ ŋu. Gake abe alesi nuseseŋutinunyala Ðk. Margaret Cheesman gblɔe ene la, zi geɖe la, totsitsi tsoa “dɔwɔɖui, modzakaɖedɔ, kple fefe siwo me woɖea toɣli le me nɔnɔ enuenu me tsonu si va gblẽa nu le ame ŋu mlɔeba gbɔ.” Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ wò to ta? Hafi nàkpɔ ŋuɖoɖoa la, anyo be nànya nu tso alesi wò lãmenusese ƒe akpa si naa nèsea nu ɖe tome la wɔa dɔe.

Gbeɖiɖi Siwo Míesena

Edze abe ɣli va le agbɔ sɔm ɖe míaƒe nutoa me ene. Ame geɖewo nɔa gbeɖiɖi siwo ƒe sesẽ nɔa vovovo sem gbesiagbe, tso kaawo, bɔswo kple agbatsɔʋuwo siwo le ablɔwo dzi zɔm dzi ʋuu va ɖo dɔwɔnu siwo ƒe gbeɖiɖi sẽna le dɔwɔƒewo dzi.

Ɣeaɖewoɣi la, míegadzia kuxia ɖe edzi ne míeʋu haƒonuwo wole ɖiɖim sesĩe. Mɔ vevitɔ ɖeka si dzi wote ŋu ɖoa to haƒoƒo le enye to kotokumehaƒomɔ̃ si me wode kɔmpakt disk alo kasɛt si ŋu hasenu si wodea to me kpe ɖo la zazã dzi. Marshall Chasin, amesi hã kpe ɖe amesiwo ɖo Hadzilawo ƒe Dɔdaƒe si le Canada ŋu gblɔ be numekuku si wowɔ le Canada kple United States ɖee fia be sɔhɛ geɖe wu ƒe to le tsitsim le alesi wodea hasenu tome heʋua haƒomɔ̃ sesĩe ta.

Gake afikae wòaɖo hafi woagblɔ be gbeɖiɖia nu sẽ akpa? Wodea dzesi gbeɖiɖi le mɔ etɔ̃ nu—ɣeyiɣi didime si wòxɔ, eƒe tometɔtɔ kple eƒe ʋoʋlo. Kpuie ko la, didime fia ɣeyiɣi didi si wose gbeɖiɖi aɖe. Wotsɔa gbeɖiɖi xexlẽme sinu ɖina le sɛkɛnd ɖeka me, alo hertz dzidzea alesi gbeɖiɖi tɔa tomee. Gbeɖiɖi ƒe tometɔtɔ ƒe dzidzeme si sɔ na to le dzɔdzɔmenu enye tso dzeside 20 va ɖo dzeside 20,000 le sɛkɛnd ɖeka me.

Wotsɔa dzidzenu si nye decibel (dB) dzidzea gbeɖiɖi aɖe ƒe ʋoʋlo, alo ŋusẽ si le esi. Dzeɖoɖo dzro ƒe ʋoʋlo anɔ decibel 60. Nuseseŋutinyalawo gblɔ be ɣeyiɣi didi si ame aɖe tsɔ sea gbeɖiɖi si wu decibel 85 la, nenema nue eƒe to tsɔ nɔa tsitsim ɖo. Alesinu gbeɖiɖia sẽe la, nenema tie to tsina kaba hãe. Newsweek magazine ka nya ta be: “Wò to ate ŋu anɔ te ɖe doŋɔmɔ̃ si zãa elektrik ƒe gbeɖeɖe (100 dB) nu gaƒoƒo eve, gake mate ŋu anɔ te ɖe aƒa si wodona le sinimakpɔƒe si dea dzi (110 dB) nu woawu aɖabaƒoƒo 30 o. Decibel 10 ɖesiaɖe si agadze dzidzenua dzi fia be nusi gbeɖiɖi gblẽna le to ŋu gadzi ɖe edzi teƒe 10 kpee.” Numekuku ɖo kpe edzi be gbeɖiɖi va vea to ne eɖo decibel 120 lɔƒo. Nukutɔe la, aƒeme haƒomɔ̃ aɖewo ƒe ɖiɖi te ŋu ɖona decibel 140!—Kpɔ aɖaka si kpe ɖe ŋu.

Be wòakpe ɖe ŋuwò nàse nusita gbeɖiɖi sesẽ ate ŋu agblẽ nu le wò nusese ŋu gɔme la, na míadzro nusi dzɔna ne gbeɖiɖi ɖo tome na wò me.

Alesi Míaƒe Towo Wɔa Dɔe

Wowɔ tolã si le gota be wòalé gbeɖiɖi aɖo ɖe to ƒe doa me tẽ, eye gbeɖiɖi toa eme ɖoa totia gbɔ kaba. Le afisia la, gbeɖiɖia ƒoa totia, eye totia hã ƒona ƒuxlɔ̃e etɔ̃ siwo le toa titina le ememe la eye woʋuʋuna. Emegbe, gbeɖiɖia ɖoa toa ememetɔ gbɔ, si nye kotoku sue si me tsi le si le ƒugoe me. Gbeɖiɖia tona tsia me gena ɖe to ememetɔa ƒe akpa si ƒe nɔnɔme le abe abɔbɔ ene si me lãmenugbagbevi siwo le abe fuwo ene le. Tsi si le to ememetɔa ƒe akpa si ƒe nɔnɔme le abe abɔbɔ ene mee ʋãa fuawo le mɔ vovovo nu wònyea nyatakaka na ahɔhɔ̃mekawo. Emegbe nyatakaka siawo ɖoa ahɔhɔ̃a me, afisiae ahɔhɔ̃a xlẽa nyatakakawo le be wonye gbe siwo le ɖiɖim.

Ahɔhɔ̃ ƒe akpa siwo ɖoa to seselelãme kpena ɖe ahɔhɔ̃a ŋu be wòatia gbeɖiɖi si wòaɖo toe kple esi dzi wòaŋe aɖaba aƒui. Le kpɔɖeŋu me, vidada aɖe ƒe susu manɔ via si le fefem ƒe ɣli ŋu o, gake atso kpla ɖe avifafa si fia be eɖo ŋɔdzi me ŋu. Nusese kple to eve kpena ɖe mía ŋu be míesea gbeɖiɖi vovovowo wo me kɔna nyuie si kpena ɖe ame ŋu. Enana míenyana afisi gbeɖiɖia tso. Gake ne gbeɖiɖia nye nuƒoƒo la, ahɔhɔ̃a ate ŋu ase gbedasi ɖeka ko gɔme le ɣeyiɣi ɖeka me. Agbalẽ si nye The Senses gblɔ be: “Esia tae ne èle to ɖom ame aɖe si le nu ƒom le telefon dzi la, akpɔe be amea megate ŋu sea nusi gblɔm amesi le egbɔ la le o.”

Alesi Ɣli Gblẽa Nu le Míaƒe Nusese Ŋui

Be nàkpɔ alesi gbeɖiɖi sesẽwo ate ŋu agblẽ nui le míaƒe to ŋu le susu me la, tsɔ kpɔɖeŋu si gbɔna la sɔ kplii kpɔ. Dɔwɔƒe ƒe dedienɔnɔ ŋuti nyatakaka aɖe tsɔ lã falɛfalɛ siwo le abe fũ ene le to ememetɔa me sɔ kple lu si le agble dzi eye wòtsɔ gbeɖiɖi si gena ɖe toa me sɔ kple yaƒoƒo si lɔnɛ. Ya fafɛ si le abe gbeɖiɖi si nu mesẽ o ene la ƒona toa lua tame ɖɔɖɔɖɔ, gake lua meŋena o. Gake ya si nu le sesẽm ɖe edzi la ana nu nate lutia ŋu. Ya si ƒo sesĩe zi ɖeka alo ya bɔbɔe si ƒo tre ɖe enu ɣeyiɣi didi la aŋe atia keŋkeŋ si ana lua naku.

Nenema tututue ɣli kpɔa ŋusẽ ɖe lã falɛfalɛ si le abe fu ene si le to ememetɔ me hã dzii. Ɣli si ɖi sesĩe zi ɖeka ate ŋu avuvu to ememetɔa ƒe lãkusi ƒe akpa aɖe eye wòade abi eŋu si ana womagase nu koŋ o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɣli siwo gblẽa nu sese atraɖii ate ŋu agblẽ nu le lã falɛfalɛ si le abe fu ene ŋu tegbee. Ne wo dome gblẽ ko la, womegate ŋu ɖɔna ɖo o. Nusi katã woase anɔ ɖiɖim abe nane ƒom wole ɖe tome ene—abe dalĩdodo, ga ƒe ɖiɖi, alo lã ƒe gbeɖeɖe ene.

Kpɔ Wò To Ta be Wòase Nu Eteƒe Nadidi

Togbɔ be nɔnɔme si ƒe dome míenyi alo afɔku kpata aɖe si dzɔ ɖe mía dzi ate ŋu ana míagase nu o hã la, míate ŋu aɖe afɔ aɖewo siwo akpɔ míaƒe to xɔasi la ta eye wòana wòanɔ anyi adidi. Enyo be woasrɔ̃ nu ku ɖe nusiwo ate ŋu agblẽ nu le nusese ŋu do ŋgɔ. Totsitsiŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Be woalala kuxi aɖe nava hafi woaɖe afɔ la le abe lala ʋuu ŋutigbalẽa natrɔ hafi woasi atike si kpɔa ŋutilã ta tso ɣea ƒe keklẽ vɔ̃ɖi gbɔ ene.”

Zi geɖe la, etsoa alesi míesea nui gbɔ ke menye nusi míesena o. Le kpɔɖeŋu me, ne èle haƒomɔ̃ si ƒe ka wotsɔ kua to zãm la, àdi be yealé mɔ̃ na haƒomɔ̃a le alesi nàte ŋu ase eƒe ɖiɖi dzaa ko nu. Ne haƒomɔ̃ si le wò ʋu me alo aƒeme le ɖiɖim sesĩe ale gbegbe be wòate ŋu atɔtɔ dzeɖoɖo la, esia afia be eƒe ɖiɖia ate ŋu agblẽ nu le wò nusese ŋu. Gbeɖiɖi ŋuti nunyalawo xlɔ̃ nu be gbeɖiɖi si ƒe sesẽme nye decibel 90 sese gaƒoƒo eve alo etɔ̃ ate ŋu agblẽ nu le wò to ŋu. Wokafui be woawɔ tomexenuwo alo nu bubu siwo kpɔa nusese ta ŋudɔ ne wole nuto si me toɣliɖeɖe le.

Dzilawo naɖo ŋku edzi be ɖeviwo ƒe to te ŋu tsina bɔbɔe wu ame tsitsiwo tɔ. Afɔku siwo fefenu ƒe toɣliɖeɖe ate ŋu ahe vɛ nanɔ susu me na wò. Nya lae nye be fefenu aɖewo ƒe toɣliɖeɖe ate ŋu aɖo decibel 110!

Míaƒe to nye nusi woatsɔ beléle na, si le sue, eye woƒe dɔwɔnawo wɔ nuku. Wonana míete ŋu sea gbeɖiɖi vivi vovovo siwo katã ƒo xlã mí le xexeame. Ele be woakpɔ nusese ƒe nunana xɔasi sia ta godoo.

[Aɖaka si le axa 13]

Gbeɖiɖi Nyanyɛ Aɖewo ƒe Decibel si Wobu

• Ŋɔtimegbɔgbɔ—decibel 10

• Dalĩdodo—decibel 20

• Dzeɖoɖo—decibel 60

• Ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe mɔ dzi le dɔmedeɣiwo—decibel 80

• Nuɖuɖutumɔ̃ sue—decibel 90

• Keteke ƒe zɔzɔ—decibel 100

• Atitsomɔ̃—decibel 110

• Yameʋu ƒe zɔzɔ—decibel 120

• Tu ƒe ɖiɖi—decibel 140

[Aɖaka si le axa 14]

Wò To Anya nɔ Tsitsim ne

• Èʋua radio alo television sesĩe gake ame bubuwo kpɔnɛ be esesẽ akpa

• Èbiana tso amewo si be woagbugbɔ nya agblɔ ake yease

• Èɖoa mo vevie, bina yia ŋgɔ, alo trɔa kɔ be yease nya si gblɔm nuƒolaa le

• Esesẽna na wò be nàse nu nyuie le dutoƒokpekpewo alo le afisiwo toɣliɖeɖe le, abe le hadomekpekpe aɖe me alo fiase si me amewo sɔ gbɔ ɖo la me ene

• Zi geɖe èbiana tso amewo si be woagblɔ nusi wogblɔ va yi na ye

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Tolã

Ƒuxlɔ̃e etɔ̃ siwo le toa ƒe titina

Toti

Ahɔhɔ̃meka siwo ge ɖe ahɔhɔ̃a me

To ememetɔ ƒe akpa si ƒenɔnɔme le abe abɔbɔ ene