Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míele Kpewòm be Nàva “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe

Míele Kpewòm be Nàva “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe

Míele Kpewòm be Nàva “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe

LE UNITED STATES dzaa la, wowɔ ɖoɖo ɖe takpekpe 194 wɔwɔ ŋu. Woawɔ gbãtɔ tso May 17-19, eye woawɔ mamlɛa le September ƒe domedome. Ðewohĩ woawɔ ŋkeke etɔ̃ takpekpe siawo—tso Fiɖagbe vaseɖe Kwasiɖagbe—dometɔ aɖe le du si tsɔ ɖe gbɔwò me.

Le teƒe akpa gãtɔ la, woatsɔ haƒoƒo adze takpekpea gɔmee gbesiagbe le ŋdi ga 9:30 me. Woaƒo dzaadonamenuƒo si yome akpa bubu si me woabia gbe Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo akplɔe ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi. Emegbe le nuƒo siwo nye, “Yehowa ƒe Nu Nenyo Ŋuwò Vevie” kple “Minye Akpedalawo” sese vɔ megbe la, woatsɔ nuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Wode Veviedodonu ƒe Dzo Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Me” aƒo ŋdi kpekpea tae.

Nuƒo siwo woaƒo le Fiɖagbe ŋdɔ dometɔ aɖewo anye nuƒo kpuikpui etɔ̃ si anɔ te ɖe tanya si nye, “Mixa ƒe Nyagblɔɖia Doa Ŋusẽ Mí be Míazɔ le Yehowa ƒe Ŋkɔ Me,” dzi kple nuƒo bubu siwo nye “Yi Edzi Nànɔ Agbe Dzadzɛ to Wò Dzi Takpɔkpɔ Me” kple “Kpɔ Nyuie le Amebeble Ŋu.” Mlɔeba la, woaɖe kpekpeɖeŋunu nyui aɖe ɖe go si afia alesi woawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔae le ŋkekea ƒe nuƒo mamlɛ si nye, “Subɔ Mawu Vavãtɔ Ðeka Kolia La” la me.

Woaƒo nuƒo kpuikpui etɔ̃ le Memleɖagbe ŋdi kpa dzi si ƒe tanyae nye “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Siwo Dea Bubu Woƒe Subɔsubɔdɔ Ŋu.” Emegbe woaƒo nuƒo dedziƒoname siwo nye “Nusita Wòle Be ‘Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe’” kple “Dzeɖoɖo Siwo Ku Ðe Gbɔgbɔmenyawo Ŋu Tua Ame Ðo.” Woaƒo ŋdi me wɔna la ta kple nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo, emegbe mɔnukpɔkpɔ asu amesiwo dze si be woaxɔ nyɔnyrɔ.

Woaƒo nuƒo kpuikpui etɔ̃ le Memleɖagbe ŋdɔ si anɔ te ɖe tanya si nye, “Dodokpɔ Vovovowo Doa Míaƒe Xɔse ƒe Nyonyome Kpɔna” dzi. Nuƒoa ado ŋusẽ Kristotɔwo be woanɔ te ɖe akpaɖekedzimademade ƒe gbetɔamea nu. Woatsɔ nuƒo ʋãme si nye, “Te Ðe Yehowa Ŋu” kple takpekpea me nya veviwo me dzodzro awu Memleɖagbe ƒe wɔnaa nui.

Kwasiɖagbe ŋdi ƒe wɔna ayi na sɔhɛwo tẽ eye woatsɔ nuƒo si nye “Ðe Nèɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋua?” kple “Sɔhɛwo—Mitu Miaƒe Etsɔme ɖe Yehowa ƒe Habɔbɔa Dzi” adze egɔme. Eƒe akpa mamlɛa anye aɖabaƒoƒo 20 ƒe gbebiamewo. Esia yome drama si me wodo blemanuwo, si ku ɖe Yeremya, amesi woɖo nyagblɔɖilae eye wògblɔ be, “nyemetsi o” la ŋu akplɔe ɖo. (Yeremya 1:6) Emegbe nuƒo aɖe aɖe nufiame si le dramaa me la me. Woaƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Xexe Sia me ƒe Nɔnɔme Le Tɔtrɔm.”

Ðikekemanɔmee la, aɖe vi geɖe na wò le gbɔgbɔ me ne ède ŋkeke etɔ̃awo katã. Bia takpekpewɔƒe si tsɔ ɖe mia gbɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Woŋlɔ takpekpea wɔƒewo le Ghana, United States, Canada, Britain, kple Ireland ɖe February 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ me.